Aleke Nèkpɔa Masɔmasɔwo Gbɔe?
Aleke Nèkpɔa Masɔmasɔwo Gbɔe?
MÍEDOA go ame siwo ƒe nɔnɔme le vovovo gbesiagbe. Esia naa nukpɔsusu yeyewo mí eye dzi dzɔa mí zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ehea masɔmasɔwo hã vɛ, eye wo dometɔ aɖewo nyea ŋkubiãnyawo eye bubuwo nyea dzivenya suesue aɖewo ko siwo míedoa goe le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Masɔmasɔ ka ƒomevie ɖaɖo mía dome o, alesi míekpɔa wo gbɔe kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu, seselelãme, kple gbɔgbɔmemenyenye dzi.
Ne míewɔ nusianu si míate ŋui be míatsɔ akpɔ masɔmasɔwo gbɔ bene gɔmesese nava la, awɔe be míase vivi na agbe eye ƒomedodo si me ŋutifafa le anɔ mía kple amewo dome. Blema lododo aɖe gblɔ be: “Dzi nyodɔme enye agbe le lã me.”—Lododowo 14:30.
Nyateƒenya si to vovo kura na esia enye be: “Amesi mate ŋu aɖu eƒe gbɔgbɔ dzi o la, le abe du, si wogbã gli le eŋu, wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28) Mía dometɔ kae adi be yeaɖe asi le ye ɖokui ŋu ne tamesusu gbegblẽ siwo ate ŋu ana míawɔ nu le mɔ siwo mesɔ o nu—mɔ siwo ate ŋu agblẽ nu le mía kple ame bubuwo ŋu—naɖu ye dzi? Nyaŋuɖoɖo le dziku si dzi womeɖu o me ate ŋu awɔ nu ma tututu. Yesu ɖo aɖaŋu le Todzimawunya la me be míalé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔme ŋu, elabena eyae akpɔ ŋusẽ ɖe alesi míekpɔa masɔmasɔ siwo ate ŋu aɖo mía kple ame bubuwo dome gbɔe dzi. (Mateo 7:3-5) Le esi teƒe be míanɔ vodada dim le ame bubuwo ŋu la, ele be míabu tame le alesi míadze xɔlɔ̃ ameƒomevi vovovowo kple woƒe nukpɔsusu vovovoawo ahakpɔtɔ anye xɔlɔ̃wo ɖaa boŋ ŋu.
Míaƒe Nɔnɔme
Afɔɖeɖe gbãtɔ le masɔmasɔ ŋutɔŋutɔ alo esi míebu be enye masɔmasɔ gbɔ kpɔkpɔ me enye be míadze sii be tamesusu kple nɔnɔme gbegblẽwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. Ŋɔŋlɔawo ɖo ŋku edzi na mí be mí katã míewɔa nuvɔ̃ “eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã [mí].” (Romatɔwo 3:23) Gakpe ɖe eŋu hã, nugɔmesese ate ŋu aɖee fia be menye ame kemɛa gbɔe kuxia tso o. Le susu sia ta la, mina míade ŋugble le Yona ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu.
Yona zɔ ɖe mɔfiame si Yehowa nɛ dzi heyi du si nye Niniwe me be yeaɖe gbeƒã ʋɔnu si Mawu gbɔna emenɔlawo drɔ̃ ge. Nu dodzidzɔname si do tso emee nye be Niniwe du bliboa me nɔlawo trɔ dzime hexɔ Mawu vavã la dzi se. (Yona 3:5-10) Yehowa se le eɖokui me be dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔme si woɖe fia la dze na tsɔtsɔke, eyata etsɔ ke wo. “Ke esia medze Yona ŋu o, eye dzi kui vevie.” (Yona 4:1) Alesi Yona wɔ nu ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔa ŋu wɔ nuku ŋutɔ. Nukatae wòle be Yona nado dziku ɖe Yehowa ŋu? Edze ƒã be Yona ŋutɔ ƒe seselelãmee nɔ vevie nɛ wu, le susua nu be ameawo magade bubu ye ŋu o. Mese Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔa gɔme o. Dɔmenyotɔe la, Yehowa fia nu Yona to kpɔɖeŋu aɖe dzi, si kpe ɖe eŋu be wòtrɔ eƒe nɔnɔme eye wòkpɔ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ƒe asixɔxɔ si ƒo ɖesiaɖe ta la dze sii. (Yona 4:7-11) Edze ƒã be Yona ƒe nɔnɔmee hiã be woatrɔ, ke menye Yehowa tɔ o.
Ðe wòahiã be míawo hã míatrɔ míaƒe nɔnɔme ɖe nya aɖe ŋu nenema ke ɣeaɖewoɣia? Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mitre mia nɔewo bubu!” (Romatɔwo 12:10) Nuka fiamee wòle? Le go aɖe me la, ele dzi dem ƒo na mí be míase nu gɔme na amewo eye be míawɔ nu ɖe Kristotɔ bubuwo ŋu le bubu deto me ahade asixɔxɔ wo ŋu. Esia bia be míanya be mɔnukpɔkpɔ le amesiame si be wòatia nusi wòlɔ̃. Paulo ɖo ŋku edzi hã na mí be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Eyata hafi ne masɔmasɔ nahe mama vɛ la, aleke gbegbe wòanyo enye si be míabu eŋu akpɔ ne ahiã be míawɔ asitɔtrɔ aɖe le mía ŋutɔwo ƒe nɔnɔme ŋu hã! Ele be míadze agbagba ɖesiaɖe be míaɖe Yehowa ƒe tamesusu afia ahana ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ mía kple amesiwo lɔ̃ Mawu le nyateƒe me la dome.—Yesaya 55:8, 9.
Alesi Míakpɔ Egbɔe
Tsɔe be ɖevi sue eve le fefenu aɖe ʋlim, wo dometɔ ɖesiaɖe le ehem sesĩe kple susu be wòasu ye si. Ðewohĩ woanɔ dzikunyawo gblɔm ɖe wo nɔewo ŋu esime wole nua ʋlim vaseɖe esime ɖeka naɖe asi le eŋu alo ame aɖe nava lé avu wo mlɔeba.
Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nuŋlɔɖi gblɔ na mí be Abraham se be nyaʋiʋli aɖe ɖo eƒe lãnyilawo kple tɔgãyɔvia Lot tɔwo dome. Abraham ɖe afɔ gbã te ɖe Lot ŋu hegblɔ be: “Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye.” Abraham ɖoe kplikpaa be naneke nagagblẽ yewo dome o. Nukae wòtsɔ sa vɔ ɖe eta? Elɔ̃ faa be yeatsɔ mɔnukpɔkpɔ si le esi be eya natia gbã esi wònye tsitsia ta la asa vɔe; enɔ klalo be yeaɖe asi le nane ŋu. Abraham ɖe mɔ na Lot be wòatia afisi wòdi be yeƒe aƒemetɔwo kple lãhawo nanɔ. Ewɔe be Lot tia Sodom kple Gomora nuto siwo dama nyuie la na eɖokui. Abraham kple Lot klã le ŋutifafa me.—Mose I, 13:5-12.
Be ŋutifafa nakpɔtɔ anɔ mía kple ame bubuwo dome la, ɖe míele klalo be míawɔ nu le gɔmesese si Abraham tsɔ wɔ nui mea? Biblia me nudzɔdzɔ sia ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí be míasrɔ̃ ne míele masɔmasɔ aɖe gbɔ kpɔm. Abraham ɖe kuku be: ‘Megana dzre nanɔ anyi o.’ Nusi dim Abraham nɔ vevie enye be yewoakpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me. Ðikeke mele eme o be amekpekpe alea be woana ŋutifafa nanɔ anyi la akpe ɖe ame ŋu be wòaɖe asi le nugɔmemasemase ƒomevi ɖesiaɖe ŋu. Abraham wu eƒe nyaa nu gblɔ be “elabena nɔviwo míenye.” Nukatae wòle be woatsɔ ƒomedodo xɔasi sia aƒu gbe le ɖokuitɔdidi alo dada ta? Abraham ƒe susu nɔ nusi nɔ vevie wu dzi nyuie. Ewɔ nusi de bubu eɖokui ŋu, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ede asixɔxɔ tɔgãyɔvia ŋu.
Togbɔ be nɔnɔme aɖewo doa mo ɖa wòbiana be ame bubu nage ɖe eme akpɔ masɔmasɔa gbɔ hã la, aleke wòanyo wu enye si ne wote ŋu kpɔ nyaa gbɔ le ame nɔewo ɖeɖeko dome! Yesu de dzi ƒo na mí be míawɔ afɔɖeɖea gbã awɔ ŋutifafa kple mía nɔvia, eye míaɖe kuku ne ehiã. * (Mateo 5:23, 24) Abia ɖokuibɔbɔɖeanyi, gake Petro ŋlɔ bena: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitsɔ ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Petro I, 5:5) Alesi míewɔa nu ɖe hati tadeagulawo ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe ƒomedodo kple Mawu dzi tẽ.—Yohanes I, 4:20.
Le Kristo-hamea me la, ate ŋu abia tso mía si be míaɖe asi le gomenɔamesi aɖe ŋu be ŋutifafa
nanɔ anyi. Ame gbogbo aɖewo siwo le ha dem kple Yehowa Ðasefowo fifia va nye Mawu ƒe ƒome si me tadeagula vavãwo le ƒe akpa aɖe le ƒe atɔ̃ siwo va yi me. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònyena na mí! Le nyateƒe me la, alesi míeléa mía ɖokui kpɔa ŋusẽ ɖe amesiawo kple ame bubuwo dzi le hamea me. Susu nyui aɖee nye sia si ta wòle be míabu modzakaɖeɖe, hadomedɔwɔna, alo dɔwɔɖui siwo me míekpɔa gome le ŋu, ne míebu alesi amewo kpɔa míi ŋu. Ðe amewo ate ŋu ase míaƒe nuwɔnawo alo nyagbɔgblɔwo gɔme bubui eye wòazu nukikli na woa?Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o. Ame aɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu tɔ la boŋ.” (Korintotɔwo I, 10:23, 24) Esi míenye Kristotɔwo ta la, nusi ŋu míetsi dzi ɖo le nyateƒe mee nye be míatu lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le Kristotɔwo ƒe nɔvihabɔbɔa me ɖo.—Psalmo 133:1; Yohanes 13:34, 35.
Dɔyɔnyawo
Nyagbɔgblɔwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame dzi. “Nya dzeto la anyitsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.” (Lododowo 16:24) Ŋutinya si fia alesi Gideon ƒo asa na aʋa si anye ne woawɔ kple Efrayimtɔwo la nye kpɔɖeŋu na lododo sia ƒe nyateƒenyenye.
Esi Gideon ho aʋa ɖe Mideantɔwo ŋu vevie la, ebia tso Efrayim-toa si be woakpe ɖe yewo ŋu. Gake esi aʋaa ke la, Efrayimtɔwo trɔ ɖe Gideon ŋu eye wohe nya ɖe eŋu vevie be nukatae meyɔ yewo tso aʋaa ƒe gɔmedzedze ke o mahã. Nuŋlɔɖia gblɔ be “wohe dzre kplii vevie.” Gideon ɖo eŋu be: “Ðe miawo miewɔ wum oa? Ðe Efrayim ƒe wienxaxa mlɔetɔ menyo wu Abieser ƒe weinxaxa blibo la oa? Mawu tsɔ Midian-amegãwo, Oreb kple Zeeb, de asi na mi, eye nuka mewɔ tsɔ wu mi?” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1-3) Gideon to nya fadziname siwo ŋu wòbu nyuie hafi gblɔ dzi ƒo asa na nusi anye ne atrɔ zu towo dome ʋa gblẽnu aɖe hafi. Ðokuiŋudzedze kple dadae anya nye kuxi si nɔ Efrayim-toa me tɔwo ŋu. Gake ema mexe mɔ na Gideon be wòdo kpo agbagbadzedze be yeana ŋutifafa nava o. Ðe míate ŋu awɔ nu nenema kea?
Dzi ate ŋu aku amewo eye woawɔ adãnu ɖe mía ŋu. Xɔ woƒe seselelãmea na wo eye nàdze agbagba be yease woƒe nukpɔsusuwo gɔme. Ðe wòanye be míawoe wɔ nu le mɔ aɖe nu si na wole sesem le wo ɖokui me nenema? Ne nenemae la, nukatae míalɔ̃ ɖe nusi míewɔ si he masɔmasɔa vɛ dzi ahaɖee afia be eve mí be míena kuxia dzi ɖe edzi o? Nya ʋɛ siwo ŋu míabu nyuie agblɔ la ate ŋu aɖɔ ƒomedodo si me gblẽ ɖo. (Yakobo 3:4) Ðewohĩ dzi si míana wòagaɖo amesiwo do dziku ƒo koe hiã wo. Biblia gblɔ be “ne nake vɔ la, dzo tsina.” (Lododowo 26:20) Ẽ, nya siwo ŋu wobu nyuie hafi gblɔ kple gbe si sɔ ate ŋu ‘atsi dziku nu’ eye wòayɔ dɔ ame.—Lododowo 15:1.
Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” (Romatɔwo 12:18) Enye nyateƒe be míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo ƒe seselelãmewo dzi o, gake míate ŋu awɔ míatɔ sinua be ŋutifafa nava. Le esi teƒe be míana mía ŋutɔwo ƒe seselelãme madeblibowo alo ame bubuwo tɔ naɖu mía dzi la, míate ŋu awɔ nu fifia be míatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖose likewo awɔ dɔe. Masɔmasɔwo gbɔ kpɔkpɔ le mɔ si Yehowa fiaa mí nu ana míakpɔ ŋutifafa kple dzidzɔ si nu mayi gbeɖe o.—Yesaya 48:17.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 13 Kpɔ nyati siwo nye “Mitsɔ Ke Mia Nɔewo tso Miaƒe Dzi Me” kple “Ðewohĩ Àɖe Nɔviwò,” le October 15, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Ðe míetea tɔ ɖe edzi be woawɔ nu abe alesi míedii enea?
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Abraham ɖo alesi woaɖe asi le nya ŋu bene woaɖɔ masɔmasɔ ɖo ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi