Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fuléle Bɔ

Fuléle Bɔ

 Fuléle Bɔ

“Amewo mesea nu gɔme na amesiwo wolé fui gbeɖe o.”—JAMES RUSSELL LOWELL, HAKPANYAŊLƆLA KPLE DUKƆTEƑENƆLA.

EDZE abe fuléle ƒo xlã mí le afisiafi egbea ene. Ŋkɔwo abe East Timor, Kosovo, Liberia, Littleton, kple Sarajevo—kpakple Nazi yeye, gbevu takokolikoe, yevu dzidelawo—va tsi míaƒe susu me hekpe ɖe du bidzowo, ame gbogbowo ɖiƒe siwo ŋu woke ɖo, kple ame kukuwo kpɔkpɔ ŋu.

Mɔkpɔkpɔ si nɔ amewo si na etsɔme si fuléle, aʋawɔwɔ, kple ŋutasesẽ manɔ o la dome gblẽ. Danielle Mitterand, si nye France dukplɔla si megali o srɔ̃, ɖo ŋku eƒe sɔhɛmenɔɣi dzi gblɔ be: “Amewo kpɔ mɔ be yewoava nɔ nɔvisiléla siwo dzi yewoate ŋu aka ɖo dome faa; amesiwo dome yewoaɖe dzi ɖi le ahanɔ ŋutifafa me kple ame bubuwo; wokpɔ mɔ be yewoanɔ lãmesẽ kple ŋutifafa me eye bubu anɔ yewoƒe agbe ŋu le amesiwo wɔ ɖeka henyoa dɔme eye woléa be na ame dome.” Nukae dzɔ ɖe mɔkpɔkpɔ mawo dzi? Efa konyi be: “Le ƒe blaatɔ̃ megbe la, magblɔ ko be wotu afɔkpo míaƒe mɔkpɔkpɔa.”

Míate ŋu aŋe aɖaba aƒu alesi gbegbe fuléle gado mo ɖa akee dzi kura o. Ebɔ ɖe afisiafi, eye ele dzedzem gaglãa le mɔ vovovo geɖe ŋutɔ nu. Fulélenuwɔna susumanɔmee geɖe siwo wowɔna wòdzena abe ɖe ɖesiaɖe dzi ŋɔ wu esi do ŋgɔ nɛ ene la wɔe be womegabua amewo ƒe dedienɔnɔ si ame miliɔn geɖe bua nu tsɛe ŋu boo o. Ne womeléa fu mí le míaƒe aƒe me alo le mía dedukɔ me o hã la, ele mía lalam le teƒe bubu. Ðewohĩ míekpɔa eƒe dzesiwo gbesiagbe le television dzi nyadzɔdzɔwo kple nyadzɔdzɔ yeyewo ta kaka me. Eƒe ɖewo ge ɖe Internet dzi gɔ̃ hã. Se kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Dukɔmevinyahehe dzi ɖe edzi le ƒe ewo siwo va yi me wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si do ŋgɔ. Joseph S. Nye, Jr. si nye Harvard ƒe Dukɔwo Dome Nyawo Dɔwɔƒe ƒe dɔnunɔla gblɔ be: “Dukɔmevinyahehe le ŋu sẽm ɖe edzi, mele to yim o. Le esi teƒe be xexeame nazu nɔƒe ɖeka la, mama xɔ teƒeteƒewo le xexeame eye wonyae nyuie wu tsã be yewoto vovo na yewo nɔewo. Ema hãe na wòle bɔbɔe geɖe wu be woawɔ aʋa.”

Fuléle bubu ƒomeviwo ya gblẽa nu vivivi, wonɔa ɣaɣla le dukɔ me alo le nuto ɖeka me gɔ̃ hã. Esi gbevuvi takokolikoe atɔ̃ wu Sikhtɔ tsitsi aɖe le Canada la, nudzɔdzɔ sia “na wòdze gaglã be enye nusi ame aɖewo kpɔ be enye fuléle me hlɔ̃dodo ƒe tɔtrɔgbɔ le dukɔ si wokafuna zi geɖe ɖe alesi woɖea mɔ na ameƒomevi vovovowo ta me.” Le zazɛ̃nyahelawo ƒe dutatɔwo wuwu si dzi ɖe kpɔtɔ vivivi le Germany le ƒe siwo do ŋgɔ me megbe la, egava dzi ɖe edzi alafa memama 27 le ƒe 1997 me. Dukɔmenyagbɔkpɔla Manfred Kanther gblɔ be: “Enye nudzɔdzɔ ɖedzileameƒo.”

Le Albania ƒe dziehe gome la, nyatakaka aɖe ɖee fia be le alesi ɖevi 6,000 kple edzivɔ le vɔvɔ̃m be yewoƒe ƒometɔwo ƒe futɔwo ava wu yewo ta la, esusɔ míagblɔ ko be wozu gamenɔlawo le woawo ŋutɔwo ƒe aƒewo me. Ðevi siawo nye esiwo ŋu towo dome dzrewɔwɔ si li ɣeyiɣi didi gblẽ nu le, “eye nusia tɔtɔ ƒome akpe geɖe ƒe agbenɔnɔ.” Le Dukɔ ƒe Hlɔ̃nyamekuƒe (FBI) ƒe nya nu la,  le United States la, “hlɔ̃nya 7,755 siwo dzɔ le ƒe 1998 me le fuléle ta siwo ŋu nya wova gblɔ na FBI la ƒe afã kple edzivɔ tso nazãbubu ɖe ameƒomevi bubuwo ŋu gbɔ.” Nusi gbɔ fuléle me hlɔ̃donya mamlɛawo tso la lɔ nazãbubu ɖe subɔsubɔhawo, gbe bubu dolawo alo dukɔ bubu me tɔwo, kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu ɖe eme.

Gakpe ɖe eŋu la, nyadzɔdzɔgbalẽwo me nya veviwo gblɔna gbesiagbe be fuléle du bubu me tɔwo va bɔ ale gbegbe, eye sitsoƒedila siwo va sɔ gbɔ fifia wu miliɔn 21 koŋ ye woléa fui. Nublanuitɔe la, amesiwo ɖea fulélea ɖe dutatɔwo ŋu ƒe akpa gãtɔ nye sɔhɛwo, eye dunyahela mabunuwo kple amesiwo dia ame be yewoatu nu kplii woe ƒlɔa dzo ɖe wo te. Nɔnɔme sia ƒomevi bubu siwo medzena nyuie wokpɔna o dometɔ aɖewoe nye makamakaɖeamedzi, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, kple susu vɔ̃ bubu ɖe amesiwo to vovo ŋu.

Susu siwo ta fuléle bɔ alea gbegbe dometɔ aɖewoe nye kawo? Eye nukae woate ŋu awɔ be woaɖe fuléle ɖa? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

 [Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

Akpaa dzi, etame: UN PHOTO 186705/J. Isaac

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Daud/Sipa Press