Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Míaƒe Xɔxɔ Ƒe Mawu La Me

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Míaƒe Xɔxɔ Ƒe Mawu La Me

Dzidzɔkpɔkpɔ Le Míaƒe Xɔxɔ Ƒe Mawu La Me

“Matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.XABAKUK 3:18.

1. Nuka ƒe ŋutegae Daniel kpɔ do ŋgɔ na Babilon ƒe mumu le ƒe 539 D.M.Ŋ.?

ANƆ ƒe siwo wu ewo do ŋgɔ na Babilon ƒe mumu le ƒe 539 D.M.Ŋ. la, nyagblɔɖila Daniel si zu amegãɖeɖi la kpɔ ŋutega wɔnuku aɖe. Egblɔ nusiwo adzɔ le xexeame kakaka ava wu nu ɖe aʋa si adzɔ ɖe Yehowa ƒe futɔwo kple Yesu Kristo si nye Fia si wòɖo dome la ɖi. Aleke Daniel se le eɖokui me? Egblɔ be: ‘Nu te ŋunye, eye ŋutega la de ga nu nam.’—Daniel 8:27.

2. Aʋawɔwɔ kae Daniel kpɔ le ŋutega me, eye aleke nèse le ɖokuiwò me le alesi wògogoe ŋu?

2 Ke míawo ya ɖe? Míeɖo teƒe aɖe ʋĩ le nuwo dzɔɣi me! Aleke míewɔa nui esi míekpɔe be Mawu ƒe Harmagedon-ʋa—si Daniel kpɔ le ŋutega me—la gogo ŋutɔ? Aleke míewɔa nui esi míekpɔe be vɔ̃ɖinyenye si ŋu woklo nu le le Xabakuk ƒe nyagblɔɖia me la bɔ ale gbegbe be ɖeko wòle be woatsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo? Ðewohĩ míaƒe seselelãme anɔ abe Xabakuk tɔ si dze le eƒe nyagblɔɖigbalẽa ƒe ta etɔ̃lia me ene.

Xabakuk Do Gbe Ða Bia Mawu ƒe Nublanuikpɔkpɔ

3. Amekawo tae Xabakuk do gbe ɖa ɖo, eye aleke eƒe nyawo ate ŋu aka míi?

3 Xabakuk ta 3 lia nye gbedodoɖa. Wogayɔe le kpukpui 1 me be konyifaha alo nublanuiha. Nyagblɔɖila la ƒe gbedodoɖaa ɖi abe eya ŋutɔ ƒe nyae wònye ene. Gake ne míagblɔe la, Xabakuk nɔ gbea dom ɖa ɖe Mawu ƒe dukɔ tiatia la nu. Egbea la, gɔmesese vevi aɖe le eƒe gbedodoɖaa ŋu na Mawu ƒe ame siwo le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Ne esia le susu me na mí míetsɔ xlẽ Xabakuk ta 3 la, awɔ na mí be dzɔgbevɔ̃enya gã aɖe le ŋgɔ gbɔna gake agana dzi nadzɔ mí hã. Xabakuk ƒe gbedodoɖa, alo konyifaha, na nu vevi si ta míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, míaƒe xɔxɔ ƒe Mawu la me mí.

4. Nukatae vɔvɔ̃ ɖo Xabakuk, eye Mawu ƒe ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ ka dzie míate ŋu aka ɖo?

4 Abe alesi míekpɔe le nyati eve siwo do ŋgɔ me ene la, nɔnɔmea gblẽ le Yuda le Xabakuk ƒe ɣeyiɣia me. Gake Mawu maɖe mɔ nɔnɔme sia nayi edzi o. Yehowa aɖe afɔ abe alesi wòwɔe le ɣeyiɣi siwo va yi me ene. Mewɔ nuku o be nyagblɔɖila la fa konyi be: “Yehowa, esi mese nya le ŋuwò la, vɔvɔ̃ ɖom!” Nukae wòwɔnɛ? ‘Yehowa ŋu nya’ la nye nu klitsu siwo Mawu wɔ ŋuti nya siwo woŋlɔ ɖi, siwo ƒe ɖee nye nusi dzɔ le Ƒudzĩa nu, le gbeadzi, kple le Yerixo. Xabakuk nya nu tso nudzɔdzɔ siawo ŋu nyuie, eye ena wòvɔ̃ elabena enya be Yehowa agazã eƒe ŋusẽ gã la ɖe eƒe futɔwo ŋu ake. Esi míawo hã míele ameƒomea ƒe vɔ̃ɖinyenye teƒe kpɔm egbea la, míenya be Yehowa awɔ nu abe alesi wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene. Ðe esia dea vɔvɔ̃ mía mea? Ẽ! Ke hã míedoa gbe ɖa abe alesi Xabakuk doe ɖa ene be: “Gbɔ agbe wò dɔwɔwɔ le ƒewo ƒe domedomee, ɖee fia le ƒewo ƒe domedomee; ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi le dɔmedzoedodo me!” (Xabakuk 3:2) Neva eme be Mawu nawɔ eƒe ŋusẽ wɔnuku la ŋudɔ ake le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi, “le ƒewo ƒe domedomee.” Eye le ɣemaɣi la, neva eme be wòaɖo ŋku edzi akpɔ nublanui na amesiwo lɔ̃ eyama!

Yehowa Le Zɔ Ðem!

5. Aleke ‘Mawu do tso Teman,’ eye nukae esia afia ku ɖe Harmagedon ŋu?

5 Nukae adzɔ ne Yehowa ɖo gbe si míedo ɖa be wòakpɔ nublanui na mí la ŋu? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le Xabakuk 3:3-5. Gbã la, nyagblɔɖila la gblɔ be: “Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi.” Le Mose ƒe ŋkekea me le blema la, Teman kple Paran nɔ mɔ si dzi Israel-viwo to le gbeadzi heyi Kanaan la dzi. Esi Israel dukɔ gã la nɔ mɔ dzi yina la, enɔ abe Yehowa ŋutɔe nɔ yiyim ene eye naneke mete ŋu xe mɔ nɛ o. Nya si Mose gblɔ esi wòsusɔ vie wòaku enye be: “Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. [Mawudɔla] kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu.” (Mose V, 33:2) Ne Yehowa ho ɖe eƒe futɔwo ŋu le Harmagedon la, aɖe eƒe ŋusẽ si nu womate ŋu atsi tre ɖo o la afia le mɔ ma tɔgbe nu.

6. Nukae Kristotɔ siwo léa ŋku ɖe nu ŋu kpɔna tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu?

6 Xabakuk gagblɔ hã be: “[Yehowa ƒe] ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ. Keklẽ do abe ɣe tɔ ene.” Nukpɔkpɔ dzeani kae nye si! Enye nyateƒe be amegbetɔwo mate ŋu akpɔ Yehowa Mawu kple ŋku aganɔ agbe o. (Mose II, 33:20) Ke hã keklẽ blaa nuteƒewɔlawo ƒe dzimeŋkuwo ne wobu eƒe ŋutikɔkɔe ŋu. (Efesotɔwo 1:18) Eye Kristotɔ siwo léa ŋku ɖe nu ŋu kpɔa nane tsɔ kpe ɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ŋu. Xabakuk 3:4 wu enu be: “Keklẽ le eƒe axa dzi, eya mee eƒe ŋusẽ be ɖo.” Ẽ, míekpɔe be Yehowa le klalo be yeazã yeƒe nuɖusi ƒe ŋutete kple ŋusẽ awɔ nu.

7. Nukae Mawu ƒe hoho be yeaɖu aʋa dzi afia na amesiwo dzea aglã ɖe eŋu?

7 Mawu ƒe hoho be yeaɖu aʋa dzi anye afɔku na amesiwo dze aglã ɖe eŋu. Xabakuk 3:5 gblɔ be: “Dɔvɔ̃ dze eŋgɔ, eye dzoxɔxɔ kplɔe ɖo.” Le ƒe 1473 D.M.Ŋ. le blema esi Israel-viwo gogo Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒowo la, ame geɖe dze aglã henɔ agbe gbegblẽ eye ɖewo subɔ trɔ̃wo. Ewɔe be dɔvɔ̃ si tso Mawu gbɔ wu ame 20,000 kple edzivɔ. (Mose IV, 25:1-9) Eteƒe madidi o ne Yehowa tso ɖe “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” ŋu la, amesiwo dze aglã ɖe eŋu akpe fu nenema ɖe woƒe nuvɔ̃ ta. Ðewohĩ dɔvɔ̃ ŋutɔŋutɔ awu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

8. Nukae Xabakuk 3:6 gblɔ be adzɔ ɖe Mawu ƒe futɔwo dzi?

8 Azɔ se alesi nyagblɔɖila la ɖɔ aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe nuwɔna eme kɔe ɖa. Míexlẽ le Xabakuk 3:6 be: ‘Yehowa Mawu tɔ ɖi, eye anyigba ʋuʋu; eɖo ŋku anyi kpɔ nu, eye dzidzi ƒo dukɔwo, blema towo fe kpla, gbaɖegbe togbɛwo ŋe dze eme, eye wòzɔ blema mɔwo dzi.’ Gbã Yehowa “tɔ ɖi,” abe aʋafia si le ŋku tsam le aʋagbedzi ene. Dzidzi ƒo eƒe futɔwo wole ƒoƒom kpakpakpa. Wokpɔ amesi woƒe futɔa nye dze sii eye woɖi vo hele dzodzom nyanyanya. Yesu gblɔe ɖi be “anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli.” (Mateo 24:30) Kaka woava nya be ame aɖeke mate ŋu atsi tre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ŋu o la, ke etsi megbe akpa. Amegbetɔhabɔbɔwo—esiwo dze abe ‘blema to’ siwo li ɖaa kple “gbaɖegbe togbɛwo” ene gɔ̃ hã—agbã. Anɔ abe Mawu ƒe “blema mɔwo” ene, abe alesi wòwɔ nui le blemaɣeyiɣiwo me ene.

9, 10. Nukawo dzie Xabakuk 3:7-11 na míeɖo ŋkui?

9 Yehowa ƒe “dɔmedzoe fla” ɖe eƒe futɔwo ŋu. Gake aʋawɔnu kawoe wòazã le eƒe aʋa gã la wɔwɔ me? Se alesi nyagblɔɖila la ɖɔ woe ɖa: “Wò dati ɖi ƒeƒle, eye aŋutrɔwo yɔ wò daku fũ. Èmã tɔsisiwo me wòzu anyigba ƒuƒui. Towo kpɔ wò, eye wodzo kpekpekpe, eye tɔwo gbagba ɖe anyi bababa; agumetsiwo na wose wo ŋkɔ, eye wodo alɔ ɖe dzi. Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wò aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eye wò akplɔ, siwo le dzo kem la, nanye keklẽ.”—Xabakuk 3:7-11.

10 Le Yosua ƒe ŋkekeawo me la, Yehowa na ɣe kple ɣleti tɔ ɖe teƒe ɖeka wòtsɔ ɖe eƒe ŋusẽ fia wòwɔ nuku. (Yosua 10:12-14) Xabakuk ƒe nyawo ɖo ŋku edzi na mí be Yehowa agazã eƒe ŋusẽ ma ke le Harmagedon. Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa ɖe alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe anyigba ƒe tɔ goglowo dzii fia esi wòzã Ƒudzĩa tsɔ tsrɔ̃ Farao ƒe aʋakɔwo. Ƒe 40 megbe la, Yordan-tɔsisi si ɖɔ gbagba la mete ŋu xe mɔ na Israel-viwo ƒe mɔzɔzɔ aʋadziɖuɖutɔe yi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (Yosua 3:15-17) Le nyɔnunyagblɔɖila Debora ƒe ŋkekeawo me la, tsidzadza gãwo kplɔ Israel-viwo ƒe futɔ Sisera ƒe tasiaɖamwo dzoe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:21) Nu sẽŋu siawo siwo nye tsiɖɔɖɔ, tsidzadza gãwo, kple tɔ goglowo gali Yehowa nazã le Harmagedon. Dziɖegbe kple dzikedzo hã le eƒe asime abe akplɔ alo daku si me datiwo yɔ fũ ene.

11. Nukae adzɔ ne Yehowa wɔ eƒe ŋusẽ gã la ŋudɔ?

11 Nyateƒee, ŋɔdzi alé amewo ne Yehowa wɔ eƒe ŋusẽ gã la ŋudɔ. Xabakuk ƒe nyawo fia be zã atrɔ azu ŋkeke eye ŋkeke me akɔ wu ɣe ƒe keklẽ ɖesiaɖe. Eɖanye nu ŋutɔŋutɔe Harmagedon ŋuti nyagblɔɖinya sia si tso gbɔgbɔ me la nye loo alo kpɔɖeŋu ko wònye o, míeka ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi—eyae nye be Yehowa aɖu aʋa dzi eye maɖe mɔ futɔ aɖeke nasi o.

Kakaɖedzi Li be Woaxɔ Mawu ƒe Amewo Ðe Agbe!

12. Nukae Mawu awɔ na eƒe futɔwo, gake amekawoe akpɔ ɖeɖe?

12 Nyagblɔɖila la yi edzi ƒo nu tso alesi Yehowa atsrɔ̃ Eƒe futɔwoe ŋu. Míexlẽ le Xabakuk 3:12 be: “Èto anyigba dzi le dziku me, eye nèfanya dukɔwo le dɔmedzoe me.” Gake Yehowa matsrɔ̃ amesiame ko o. Woaxɔ amegbetɔ aɖewo ɖe agbe. Xabakuk 3:13 gblɔ be: “Èho, be naxɔ na wò dukɔ, naxɔ na wò amesiamina la.” Ẽ, Yehowa axɔ na esubɔla nuteƒewɔla amesiaminawo. Woatsrɔ̃ Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la gbidii ɣemaɣi. Gake egbea dukɔwo le agbagba dzem be yewoabu mo na tadedeagu dzadzɛ. Eteƒe madidi o Gog si tso Magog ƒe aʋakɔwo adze Yehowa subɔlawo dzi. (Xezekiel 38:1–39:13; Nyaɖeɖefia 17:1-5, 16-18) Ðe Satana ƒe amedzidzedze ma akpɔ dzidzedzea? Ao! Yehowa atsɔ dziku afanya eƒe futɔwo eye wòato wo le afɔ gɔme abe nuku le lugbɔƒe ene. Gake axɔ na amesiwo dea ta agu nɛ le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.—Yohanes 4:24.

13. Aleke Xabakuk 3:13 ava emee?

13 Wogblɔ alesi woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖikaae ɖi ale: “[Wò Yehowa] ègbã ta le ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe nu, eye wòɖi ƒeƒle tso afɔ gɔme vaseɖe kɔ gbɔ.” (Xabakuk 3:13) “Aƒe” siae nye nuɖoanyi vɔ̃ɖi si le Satana Abosam ƒe ŋusẽ te. Woagbãe. Woagbã “ta” la, alo kplɔla siwo tsi tre ɖe Mawu ŋu la. Woagbã aƒe bliboa katã vaseɖe eƒe gɔmeɖoanyia gbɔ ke. Maganɔ anyi o. Gbɔdzɔe ka gbegbee nye si wòanye!

14-16. Nukae Xabakuk 3:14, 15 gblɔ be adzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo kple woƒe futɔwo dzi?

14 Le Harmagedon la, woatɔtɔ amesiwo le agbagba dzem be yewoatsrɔ̃ Yehowa ƒe “amesiamina” la. Le Xabakuk 3:14, 15 ƒe nya nu la, nyagblɔɖila la ƒo nu kple Mawu hegblɔ be: “Ètsɔ eƒe akplɔ ƒo ɖe ta na eƒe amegãwo; wonyẽ zi va, be woakam ahlẽ; wole aseye tsom abe ɖe wobe, yewoaɖu ame dahe le bebeme ene. Ètsɔ wò sɔwo to atsiaƒu kple tɔ gã nyanyrãwo dzi.”

15 Esi Xabakuk gblɔ be ‘amegãwo nyẽ zi va be woaka ye ahlẽ’ la, Yehowa subɔla amesiaminawo nue wònɔ nu ƒom ɖo. Dukɔwo ade xa ɖi abe adzodalawo ene ado ɖe Yehowa subɔlawo dzi bibibi be yewoatsrɔ̃ wo. Mawu kple eƒe amewo ƒe futɔ siawo ‘atso aseye’ le esi woka ɖe edzi be yewoaɖu aʋa dzi ta. Kristotɔ nuteƒewɔlawo adze ame beliwoe, abe “ame dahe” ene. Gake ne Mawu ƒe futɔwo ƒe amedzidzedzea dze egɔme la, Yehowa ana woatrɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe wo nɔewo ŋu. Woazã woƒe aʋawɔnuwo, alo “akplɔ,” ɖe woa ŋutɔwo ƒe amegãwo ŋu.

16 Gake nu geɖe gale ŋgɔ. Yehowa azã gbɔgbɔmeŋusẽ si gbɔ amegbetɔ tɔ ŋu awu eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ nui. Atsɔ eƒe dziƒoʋakɔ si le Yesu Kristo te la ƒe “sɔwo” aho aʋadziɖuɖutɔe ato “atsiaƒu” kple ‘tɔ gã nyanyrã’ siwo nye futɔ siwo le dzidzim ɖe edzi le ameƒomea me la dzi. (Nyaɖeɖefia 19:11-21) Ɣemaɣie woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖeɖefia sẽŋu ka gbegbee nye si wòanye!

Yehowa ƒe Ŋkeke la Gbɔna!

17. (a) Nukatae míate ŋu aka ɖe Xabakuk ƒe nyawo ƒe emevava dzi? (b) Aleke míate ŋu awɔ nu abe Xabakuk ene esi míele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam?

17 Míate ŋu aka ɖe edzi be Xabakuk ƒe nyawo ava eme kpuie. Mahe ɖe megbe o. Dɔ kae nusia nyanya do ŋgɔ wɔ ɖe dziwò? Ðo ŋku edzi be gbɔgbɔe ʋã Xabakuk wòŋlɔ nya siawo. Yehowa aɖe afɔ eye ne eɖee la, anye tsɔtsrɔ̃ le anyigba dzi. Mewɔ nuku o be nyagblɔɖila la ŋlɔe be: “Mesee, eye nye dɔme ʋuʋu, nye nuyiwo le ƒoƒom kokóko, eye ŋudui ɖo ƒuwo me nam; ne metsi tre ɖi la, menɔa dzodzom nyanyanya, elabena mele anyi nɔ ge kpoo akpɔ hiãɣi, si le dukɔ, si xaxa mí ɖo la dzi va ge.” (Xabakuk 3:16) Xabakuk tɔtɔ ale gbegbe—eye etɔ dzɔ hã. Gake ɖe eƒe xɔse ʋuʋua? Kura o! Elɔ̃ faa be yeanɔ anyi kpoo alala Yehowa ƒe ŋkeke gã la. (Petro II, 3:11, 12) Ðe menye nenemae míawo hã míedi be míawɔ oa? Ẽ, nenemae! Xɔse blibo le mía si be Xabakuk ƒe nyagblɔɖia ava eme. Gake hafi wòava eme la, míalala dzigbɔɖitɔe.

18. Togbɔ be Xabakuk nɔ mɔ kpɔm na nɔnɔme sesẽwo hã la, aleke wòwɔ nui?

18 Aʋawɔwɔ hea nɔnɔme sesẽwo vɛ, eye nuwo sesẽna na amesiwo ava ɖu dzi mlɔeba gɔ̃ hã. Nuɖuɖu te ŋu vɔna. Nunɔamesiwo te ŋu buna. Agbenɔnɔ sesẽna na amewo. Ne edzɔ ɖe mía dzi nenema la, aleke míawɔ nui? Xabakuk ɖe nɔnɔme si nye kpɔɖeŋu fia, elabena egblɔ be: “Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana nuɖuɖu o; woatsrɔ̃ alẽwo le lãkpɔwo me, eye nyiwo maganɔ lãxɔwo me o. Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.” (Xabakuk 3:17, 18) Xabakuk kpɔ mɔ na nɔnɔme sesẽ siwo ate ŋu adzɔ. Ke hã esia mewɔe be wògbe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa, amesi gbɔ eƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso la ŋu o.

19. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Kristotɔ geɖe tona, gake kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si ne míetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me?

19 Egbea ame geɖe toa xaxa sesẽwo me, do ŋgɔ na aʋa si Yehowa awɔ kple ame vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã. Yesu gblɔe ɖi be nusiwo ade ‘dzesi yeƒe anyinɔnɔ’ le fiaɖuŋusẽ me la dometɔ aɖewo nye aʋawɔwɔ, dɔwuame, anyigbaʋuʋuwo, kple dɔlélewo. (Mateo 24:3-14; Luka 21:10, 11) Mía nɔvi geɖe le dukɔ siwo Yesu ƒe nyawo me vava gblẽ nu le vevie me, eye esia na wole fu kpem ale gbegbe. Ðewohĩ ava gblẽ nu le Kristotɔ bubuwo hã ŋu emegbe. Le mía dometɔ geɖe gome la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be “gboti magaƒo se” hafi nuwuwua nava o. Gake míenya nusita nusiawo le dzɔdzɔm ɖo, eye ema doa ŋusẽ mí. Azɔ hã kpeɖeŋutɔ li na mí. Yesu do ŋugbe be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.” (Mateo 6:33) Ema mefia be míakpɔ dzidzeme le agbe me o, gake ena kakaɖedzi mí be ne míetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ la, akpɔ mía ta.—Psalmo 37:25.

20. Togbɔ be míato xaxa aɖewo me ɣeyiɣi kpui aɖe hã la, nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

20 Eɖanye xaxa ka ke mee míato ɣeyiɣi kpui aɖe o, míalé blanui alo agbe Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ dzixɔxɔse o. Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Afrika, Ɣedzeƒe Europa, kple teƒe bubuwo dometɔ geɖe to nɔnɔme sesẽ ŋutɔ me, gake woyi edzi ‘le aseye tsom ɖe Yehowa ŋu.’ Migana míadzudzɔ esia wɔwɔ o abe alesi wole ewɔmee ene. Ðo ŋku edzi be Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowae nye míaƒe “ŋusẽ” Tsoƒe. (Xabakuk 3:19) Mable mí gbeɖe o. Harmagedon ava kokoko, eye Mawu ƒe xexeme yeyea si ŋugbe wòdo akplɔe ɖo godoo. (Petro II, 3:13) Ekema, “sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.” (Xabakuk 2:14) Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míasrɔ̃ kpɔɖeŋu nyui si Xabakuk ɖo. Mina ‘míatso aseye le Yehowa me eye míakpɔ dzidzɔ ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Mawu la ŋu’ ɣeawokatãɣi.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Xabakuk ƒe gbedodoɖa ate ŋu aka míi?

• Nukatae Yehowa aɖe zɔ?

• Nukae Xabakuk ƒe nyagblɔɖia gblɔ le xɔxɔ ŋu?

• Nɔnɔme kae wòle be míatsɔ anɔ Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalamee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðe nènya aʋakɔ si Mawu azã ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu le Harmagedon mea?