Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vidada aɖe ƒe Aɖaŋuɖoɖo si Me Nunya Le

Vidada aɖe ƒe Aɖaŋuɖoɖo si Me Nunya Le

Vidada aɖe ƒe Aɖaŋuɖoɖo si Me Nunya Le

“Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.”—Lododowo 1:8.

MÍA dzilawo—mía fofo kple mía dada—ate ŋu anye dzideƒonamelawo, kpekpeɖeŋunalawo, kple aɖaŋuɖola nyuiwo na mí. Woƒo nu tso fia ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Lemuel, amesi xɔ ‘ɖɔɖɔɖonya kpekpe’ aɖewo tso dadaa gbɔ ŋu le Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo me. Woŋlɔ nya siawo ɖe Lododowo ta 31 lia me, eye vidada sia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la ate ŋu aɖe vi na míawo hã.—Lododowo 31:1.

Aɖaŋuɖoɖo si Sɔ na Fia

Lemuel dada dze egɔme kple biabia geɖe siwo nyɔ míaƒe ɖetsɔleme ɖe edzi be: “Oo vinye, oo nye dɔmevi, oo nye adzɔgbeɖeɖe ƒe vi!” Eƒe kukuɖeɖe zi gbɔ zi etɔ̃ ɖe alesi gbegbe wòtsi dzi vevie be ye viŋutsua nalé to ɖe yeƒe nyawo ŋu la fia. (Lododowo 31:2) Alesi gbegbe wòtsi dzi ɖe via ƒe gbɔgbɔmenyonyo ŋui nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na dzila Kristotɔwo egbea.

Nuka ŋue vidada atsi dzi ɖo le via ƒe nyonyo me tsɔ wu le aglotutuwo kple wein nono amu blibaa, nyɔnuwo, kple hadzidzi ŋu? Lemuel dada yi nyaa gbɔ tẽ be: “Megatsɔ wò ŋusẽ na nyɔnuwo o.” Egblɔ be tsatsa le nyɔnuwo dzi nye nuwɔna si ‘gblẽa fiawo dome.’—Lododowo 31:3.

Mele be wòaɖe ŋu ɖi le ahatsunono tsitsri hã ŋu o. Dadaa xlɔ̃ nui be: “Lemuel, menye fiawo ƒe dɔ o, wein nono menye fiawo ƒe dɔ o.” Ne ahamumu dzi koe fia anɔ la, aleke eƒe susu me akɔ wòadrɔ̃ ʋɔnu si me susu le ale be “[maŋlɔ] se la be, eye wòatrɔ gbo nya na hiãtɔwo katã o”?—Lododowo 31:4-7.

Gake ne fia tsri nɔnɔme gbegblẽ siawo la, ate ŋu “[atso] afia ɖe eteƒe, eye [wòadrɔ̃] ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo!”—Lododowo 31:8, 9.

Togbɔ be Kristotɔ sɔhɛwo manye “fiawo” egbea o hã la, Lemuel dada ƒe aɖaŋuɖoɖoa sɔ ɖe ɣeyiɣia nu na woawo hã, ne menye ɖe wòsɔ na wo wu boŋ o. Ahatsunono, atamanono, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖe sɔhɛwo dome egbea, eye ele vevie be Kristotɔ sɔhɛwo nalé to ɖe wo dzilawo ƒe nyawo ŋu ne wole ‘nya kpekpewo’ gblɔm na wo.

Nyɔnu Zazɛ̃

Vidadawo tɔ dzɔ be wotsia dzi ɖe alesi wo viŋutsu siwo le tsitsim la ƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ava nɔ ŋu. Lemuel dada trɔ susu ɖe nyɔnu nyui ƒe nɔnɔmewo ŋu azɔ. Ðikeke mele eme o be aɖe vi geɖe na ɖekakpuiwo ne woabu nyɔnu ƒe nukpɔsusu le nya vevi sia ŋu la ŋuti.

Le kpukpui 10 lia me la, wotsɔ “nyɔnu zazɛ̃” sɔ kple adzagba xɔasi si mebɔ o, eye ɖe wodzea agbagba blibo hafi kpɔnɛ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. Nenema ke nyɔnu zazɛ̃ kpɔkpɔ bia agbagbadzedzee. Le esi teƒe be ɖekakpui natsi klokloklo age ɖe srɔ̃ɖeɖe me la, anyo nɛ wu be wòagbɔ dzi ɖi atia wo me. Ekema anya wɔ nɛ be wòade asixɔxɔ gã nyɔnu nyui si ŋu wòake ɖo la ŋu.

Wogblɔ le nyɔnu zazɛ̃ ŋu na Lemuel be: “Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu.” (Kpukpui 11) Ne míagblɔe bubui la, mele be srɔ̃aŋutsua nadi kokoko be ye srɔ̃ nabia gbe ye hafi awɔ nusianu si wòdi be yeawɔ o. Gake ele be srɔ̃tɔwo nalé nyawo akpɔ kple wo nɔewo hafi awɔ nyametsotso gãwo, si ƒe ɖewo ate ŋu aku ɖe nu xɔasiwo ƒeƒle alo ɖeviwo nyinyi ŋu. Dzeɖoɖo tso nya siawo ŋu ana woƒe ɖekawɔwɔ me nasẽ.

Gake dɔ geɖe li nyɔnu zazɛ̃ nawɔ. Woɖo aɖaŋuwo hegblɔ gɔmeɖosewo le kpukpui 13 vaseɖe 27 lia me siwo srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu azã le dzidzime ɖesiaɖe me wòaɖe vi na woƒe ƒomewo. Le kpɔɖeŋu me, esi nudodowo kple xɔmenuwo ƒe asi le dzi yim bobobo la, nyɔnu zazɛ̃ ate ŋu asrɔ̃ alesi wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ ahanya gadzikpɔkpɔ ale be eƒe ƒomea me tɔwo nakpɔ awu ado eye woƒe dzedzeme nanya kpɔ. (Kpukpui 13, 19, 21, 22) Be ƒomea ƒe gazazã ɖe nuɖuɖu ŋu dzi naɖe akpɔtɔ la, eƒãa nukuwo eye meƒlea nu ko yakatsyɔ o.—Kpukpui 14, 16.

Edze ƒã be nyɔnu sia meɖua “kuviabolo” o. Ewɔa dɔ kple kutrikuku eye ekpɔa eƒe aƒemedɔwo dzi nyuie. (Kpukpui 27) Etsɔa “ŋusẽ blaa ali dzii,” si fia be enɔa klalo be yeawɔ dɔ sesẽ. (Kpukpui 17) Efɔna hafi agu dzena hedzea eƒe ŋkekea me dɔwo gɔme, eye ewɔa dɔ kutrikukutɔe vaseɖe zã me. Ðeko wòle abe ɖe akaɖi si wòsina tsɔ kpɔa nui ne ele dɔ wɔm la metsina o ene.—Kpukpui 15, 18.

Gawu la, nyɔnu zazɛ̃ la nye gbɔgbɔmeme. Evɔ̃a Mawu eye etsɔa bubu deto kple mawusosroɖa ƒe vɔvɔ̃ subɔnɛ. (Kpukpui 30) Ekpena ɖe srɔ̃aŋutsua ŋu hã be yewoahe yewo viwo be woawo hã navɔ̃e nenema ke. Kpukpui 26 lia gblɔ be: Etsɔa “nunya” fiaa nu viawoe, eye “nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi.”

Ŋutsu Zazɛ̃

Ne Lemuel ƒe nu alé dzi na nyɔnu zazɛ̃ la, ke ele nɛ be wòate ŋu atsɔ ŋutsu zazɛ̃ ƒe agbanɔamedziwo. Lemuel dada he eƒe susu yi agbanɔamedziawo dometɔ geɖe dzi.

Ŋutsu zazɛ̃ axɔ kafukafu tso “anyigba dzi ame tsitsiwo” gbɔ. (Lododowo 31:23) Efia be anye ŋutsu zazɛ̃, anukwareɖila, amesi dzi woate ŋu aka ɖo, kple mawuvɔ̃la. (Mose II, 18:21; Mose V, 16:18-20) Ana be ‘woadze sii le ʋɔnudrɔ̃ƒe,’ afisi dumemetsitsiwo kpea ta ɖo kpɔa dua ƒe nyawo gbɔ. Be ‘woadze sii’ be enye mawuvɔ̃la la, ahiã be wòanye nugɔmesela si wɔa dɔ aduadu kple “anyigba dzi” me tsitsiwo, si anye le nutoa me.

Ðikeke mele eme o be nusiwo teƒe Lemuel dada ŋutɔ kpɔ dzie wònɔ te ɖo hafi ɖo ŋku alesi wòle vevie be viaŋutsua nakpɔ ŋudzedze ɖe srɔ̃anyɔnua ŋu la dzi nɛ. Mele be anyigbadzinɔla bubu aɖeke ƒe nu nalé dzi nɛ wui o. Eyata bu seselelãme si gbegbe adze le eƒe gbe me ŋu kpɔ le susu me, esi wògblɔ le amewo katã ŋkume be: “Nyɔnu zazɛ̃ geɖewo li; ke wòa èƒo wo katã ta!”—Lododowo 31:29.

Edze ƒã be Lemuel kpɔ ŋudzedze ɖe dadaa ƒe aɖaŋuɖoɖoawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míede dzesii le kpukpui 1 me be eyɔ dadaa ƒe nyawo be wonye yeƒe nyawo. Eyata ena dadaa ƒe ‘ameɖɔɖonyawo’ ɖo eƒe dzi gbɔ eye woɖe vi nɛ. Mina míatsɔ gɔmeɖose siwo le ‘nya kpekpe’ siawo me awɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me be wòaɖe vi na míawo hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nyɔnu zazɛ̃ meɖua “kuviabolo” o