Yosua 10:1-43

  • Israel xɔ na Gibeon (1-7)

  • Yehowa wɔ aʋa na Israel (8-15)

    • Tsikpewo dza ɖe futɔ siwo nɔ sisim la dzi (11)

    • Ɣe la tɔ ɖe teƒe ɖeka (12-14)

  • Wowu fia atɔ̃ siwo ho aʋa la (16-28)

  • Wotsrɔ̃ du siwo le anyiehekpa dzi (29-43)

10  Esi Yerusalem-fia Adoni-Zedek nya se be Yosua xɔ Ai eye wòtsrɔ̃e gbidii, ewɔ Ai kple eƒe fia+ abe ale si tututu wòwɔ Yeriko kple eƒe fia ene,+ eye Gibeontɔwo wɔ ŋutifafa kple Israel,+ eye wole wo dome ko la,  dzidzi ƒoe ŋutɔ,+ elabena Gibeon du la lolo abe fiaduawo dometɔ ɖeka ene. Elolo wu Ai,+ eye eme ŋutsuwo katã nye aʋakalẽtɔwo.  Eya ta Yerusalem-fia Adoni-Zedek ɖo du sia ɖe Hebron-fia Hoham+ kple Yarmut-fia Piram kple Lakis-fia Yafia kpakple Eglon-fia Debir+ be:  “Miva kpe ɖe ŋunye ne míaho aʋa ɖe Gibeon ŋu, elabena ewɔ ŋutifafa kple Yosua kpakple Israel-viwo.”+  Ale Amoritɔwo+ ƒe fia atɔ̃ siwo nye Yerusalem-fia, Hebron-fia, Yarmut-fia, Lakis-fia, Eglon-fia kple woƒe aʋakɔwo katã ƒo ƒu, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Gibeon ŋu be yewoakpe aʋa kplii.  Eye Gibeon ŋutsuwo dɔ ame ɖo ɖe Yosua le asaɖa la me le Gilgal+ be: “Mègagblẽ wò kluviwo+ ɖi o. Va kaba ne nàxɔ na mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu! Amoritɔwo ƒe fia siwo katã le tonutoa me la ƒo takpli ɖe mía ŋu.”  Eya ta Yosua kple aʋawɔlawo kpakple kalẽtɔwo+ katã ho tso Gilgal yi.  Eye Yehowa gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ wo o,+ elabena metsɔ wo de asi na wò.+ Wo dometɔ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o.”+  Eye Yosua zɔ zã blibo la katã tso Gilgal va dze wo dzi le vo me. 10  Eye Yehowa na wotɔtɔ le Israel ŋkume,+ eye wowu wo eteƒe mekɔ o le Gibeon, eye wokplɔ wo ɖo to todzimɔ si yi Bet-Horon, eye wonɔ wo wum va se ɖe keke Azeka kple Makeda ke. 11  Esime wonɔ sisim le Israel nu, eye wonɔ Bet-Horon ƒe abu ɖim la, Yehowa na tsikpe gãwo dza tso dziƒo ɖe wo dzi, va se ɖe keke Azeka ke eye woku. Le nyateƒe me la, ame siwo tsikpeawo wu sɔ gbɔ wu ame siwo Israel-viwo wu kple yi. 12  Ɣemaɣi, le gbe si gbe Yehowa si Amoritɔwo vevie le Israel-viwo ŋgɔ lae Yosua gblɔ na Yehowa le Israel-viwo ŋkume be: “Ɣe, tɔ+ ɖe Gibeon tame,+Eye ɣleti, tɔ ɖe Aiyalon Bali la tame!” 13  Ale ɣe la tɔ ɖi, eye ɣleti hã meɖe zɔ o va se ɖe esime dukɔ la bia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Ðe womeŋlɔe ɖe Yasar* ƒe agbalẽ+ me oa? Eye ɣe tɔ ɖe dziƒo titina, eye meɖe abla yi ɖaɖo to o abe ŋkeke ɖeka blibo ene. 14  Ŋkeke aɖeke menɔ abe esia ene kpɔ o, eɖanye do ŋgɔ nɛ alo le emegbe, si me Yehowa ɖo to amegbetɔ ƒe gbe o,+ elabena Yehowa nɔ aʋa wɔm na Israel.+ 15  Le ema megbe la, Yosua kple Israel-viwo katã gbugbɔ va asaɖa la me le Gilgal.+ 16  Ke fia atɔ̃awo si yi ɖabe ɖe agado me le Makeda.+ 17  Eye wova gblɔ na Yosua be: “Wokpɔ fia atɔ̃awo wobe ɖe agado me le Makeda.”+ 18  Eya ta Yosua gblɔ be: “Mimli kpe gãwo ɖo agado la nu, eye miɖe ŋutsuwo woadzɔ wo ŋu. 19  Ke mi ame susɔeawo, migatɔ o. Minya miaƒe futɔwo ɖe nu, eye minɔ wo wum tso wo megbe.+ Migaɖe mɔ na wo woage ɖe woƒe duawo me o, elabena Yehowa mia Mawu tsɔ wo de asi na mi.” 20  Yosua kple Israel-viwo wu wo dometɔ gbogbo aɖewo hetsrɔ̃ wo katã kloe, negbe agbetsila ʋɛ aɖewo koe susɔ siwo si yi ɖabe ɖe woƒe du sesẽwo me; 21  ke aʋakɔ blibo la katã trɔ yi asaɖa la me le Yosua gbɔ le Makeda dedie. Ame aɖeke megake atse gblɔ nya aɖeke* ɖe Israel-viwo ŋu o. 22  Azɔ Yosua gblɔ be: “Miʋu nu le agado la nu, ne miakplɔ fia atɔ̃awo do goe tso agado la me vɛ nam.” 23  Eye wokplɔ fia atɔ̃awo tso agado la me vɛ nɛ: Yerusalem-fia, Hebron-fia, Yarmut-fia, Lakis-fia kple Eglon-fia.+ 24  Esi wokplɔ fia siawo vɛ na Yosua la, eyɔ Israel ŋutsuwo katã, eye wògblɔ na aʋakplɔla siwo yi kplii la be: “Mite va ŋgɔ. Mitsɔ miaƒe afɔwo ɖo fia siawo ƒe ʋume.” Eya ta wote va ŋgɔ, eye wotsɔ woƒe afɔwo ɖo woƒe ʋume.+ 25  Eye Yosua gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi mi o.+ Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, elabena aleae Yehowa awɔ miaƒe futɔ siwo katã ŋu mieho aʋa ɖo lae.”+ 26  Emegbe Yosua wu wo, eye wòhe wo ɖe ati atɔ̃ ŋu, eye wonɔ atiawo ŋu va se ɖe fiẽ. 27  Le ɣetrɔ la, Yosua ɖe gbe be woayi aɖaɖe wo le atiawo ŋu,+ eye wokɔ wo ƒu gbe ɖe agado si me wobe ɖo la me. Eye wotsɔ kpe gãwo ɖo agado la nu, eye wogale afi ma va se ɖe egbe. 28  Gbe ma gbe Yosua xɔ Makeda,+ eye wòsii kple yi. Etsrɔ̃ eƒe fia kple ame* siwo katã le eme la gbidigbidi.+ Mena ame aɖeke tsi agbe o. Ewɔ Makeda-fia+ abe ale si wòwɔ Yeriko-fia ene. 29  Eye Yosua kple Israel ƒe aʋakɔ blibo la ho tso Makeda yi Libna, eye wowɔ aʋa kple Libna.+ 30  Eye Yehowa tsɔ Libna hã kple eƒe fia+ de asi na Israel, eye wotsrɔ̃ emenɔlawo* katã kple yi, womena ame aɖeke tsi agbe le eme o. Ale wowɔ eƒe fia la abe ale si wowɔ Yeriko-fia ene.+ 31  Eyome Yosua kple Israel ƒe aʋakɔ blibo la ho tso Libna yi Lakis,+ eye woyi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe afi ma eye wowɔ aʋa kplii. 32  Yehowa tsɔ Lakis de asi na Israel, eye woxɔe le ŋkeke evea gbe. Wotsrɔ̃ dua kple emenɔlawo* katã kple yi,+ abe ale si ko wowɔ Libna ene. 33  Eye Gezer-fia Horam+ yi ɖakpe ɖe Lakis ŋu, gake Yosua si eya kple eƒe dukɔ la va se ɖe esime ame aɖeke metsi agbe o. 34  Yosua kple Israel ƒe aʋakɔ blibo la ho tso Lakis yi Eglon,+ eye woyi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe eŋu hewɔ aʋa kplii. 35  Woxɔe gbe ma gbe, eye wosii kple yi. Wotsrɔ̃ emenɔlawo* katã gbe ma gbe, abe ale si ko wowɔ Lakis ene.+ 36  Eye Yosua kple Israel ƒe aʋakɔ blibo la ho tso Eglon yi Hebron,+ eye wowɔ aʋa kplii. 37  Woxɔe hetsrɔ̃e kple eƒe fia, eƒe duwo kple emenɔlawo* katã kple yi. Mena ame aɖeke tsi agbe o, abe ale si ko wòwɔ Eglon ene, etsrɔ̃ eya kple emenɔlawo* katã gbidii. 38  Eyome Yosua kple Israel ƒe aʋakɔ blibo la trɔ ɖo ta Debir,+ eye wowɔ aʋa kplii. 39  Exɔe kple eŋu duwo katã, elé eƒe fia la, eye wotsrɔ̃ duawo kple wo me nɔlawo* katã kple yi,+ mena ame aɖeke tsi agbe o.+ Ewɔ Debir kple eƒe fia abe ale si tututu wòwɔ Hebron kpakple Libna kple eƒe fia ene. 40  Yosua ɖu anyigba siwo katã le tonutoa me, Negeb, Sefela+ kple toŋuduwo kpakple woƒe fiawo katã dzi, mena ame aɖeke tsi agbe o; etsrɔ̃ ame sia ame gbidigbidi,+ abe ale si tututu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de see ene.+ 41  Yosua ɖu wo dzi tso Kades-Barnea+ va se ɖe Gaza,+ tso Gosen-nyigba+ blibo la dzi va se ɖe Gibeon.+ 42  Eye Yosua ɖu fia siawo kple woƒe anyigbawo katã dzi le aʋahoho ɖeka me, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu, lae nɔ aʋa wɔm na Israel.+ 43  Emegbe Yosua kple Israel ƒe aʋakɔ blibo la katã trɔ gbɔ va asaɖa la me le Gilgal.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Ame Dzɔdzɔe La.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nyre eƒe aɖe.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔwo.”