Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Luʋɔ La

Luʋɔ La

Subɔsubɔhawo fia nu vovovo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu tso luʋɔ kple nu si dzɔna ne ame ku ŋu. Ke hã, Biblia fia nu si me kɔ tso luʋɔ la ŋu.

Ðe luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ku megbea?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe xɔe se be luʋɔ la mekuna o. Ame aɖewo xɔe se be ne ame ku la, luʋɔ la gatrɔna dzɔna le ŋutilã yeye me, eye esia nɔa edzi yim nenema ɖaa. Ame bubuwo hã xɔe se be luʋɔ la yia dziƒo loo alo dzomavɔ me mlɔeba.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia megblɔ be luʋɔ la yia edzi nɔa agbe le ku megbe o. Le nyateƒe me la, egblɔ tso luʋɔ la ŋu zi geɖe be ekuna. Nyagblɔɖila Ezekiel si Mawu zã wòŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖe gblɔ be, woate ŋu atsɔ ku ahe to na luʋɔ la. Biblia gblɔ le teƒe bubu be ame kuku nye “luʋɔ kuku.” (3 Mose 21:11, etenuŋɔŋlɔ) Eme kɔ ƒãa be, Biblia mefia nu be luʋɔ la mekuna o.

“Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.”Ezekiel 18:20.

Ðe luʋɔ la to vovo na ametia?

NYA SI AMEWO GBLƆNA

Luʋɔ lae na amea le agbe gake ne amea ku la, edona le eme.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia gblɔ be nyɔnu aɖe dzi ‘luʋɔwo,’ si fia ame gbagbewo. (1 Mose 46:18, etenuŋɔŋlɔ) Le nyateƒe me la, woagate ŋu aɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “luʋɔ” la gɔme be “ame si le gbɔgbɔm.” Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nya luʋɔ na lãwo hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ tso luʋɔ la ŋu be eɖua nu. (5 Mose 12:20, etenuŋɔŋlɔ) Ne ɖe luʋɔ la to vovo na ametia la, ɖe Biblia agblɔ le eŋu be egbɔa ya alo ɖua nua? Nu si Biblia gblɔ zi geɖe be enye “luʋɔ” la fia ame gbagbe, eye esia lɔ ametia, seselelãmewo kple amenyenye ɖe eme.

“Ame siawoe wòdzi . . . wole ame [alo, “luʋɔ,” etenuŋɔŋlɔ] wuiade.”—1 Mose 46:18.

Nu kae dzɔna ɖe luʋɔ la dzi ne ame ku?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ne ame ku la, meyia ‘dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ dzi o, eye sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe’ o. (Nyagblɔla 9:10) Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí kã be ne ame ku la, egatrɔna “zua anyi; gbe ma gbe ke eƒe tamesusuwo katã nu yina.” (Psalmo 146:4) Luʋɔ kuku mate ŋu awɔ naneke o, eya tae zi geɖe la Ŋɔŋlɔawo tsɔa ku sɔna kple ‘alɔ̃dɔdɔ.’—Mateo 9:24.

NU KA TAE WÒLE VEVIE?

Ne wò ame vevi aɖe ku la, àdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiasewo abe: Afi kae kukuawo le? Nɔnɔme ka mee wole? Ðe wole fu kpema? Esi Biblia ka ɖe edzi na mí be kukuawo menya naneke o ta la, efaa akɔ na mí be míanyae be míaƒe ame veviwo mele fu kpem o. Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo be yeafɔ luʋɔ kuku siwo meganya naneke o ɖe tsitre le etsɔme la hã faa akɔ na mí.—Yesaya 26:19.

“Kukuawo meganya naneke kura o.”Nyagblɔla 9:5