Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bosoawo Va Ðo!

Bosoawo Va Ðo!

Ƒe sia ƒe le July ƒe gɔmedzedze la, bosonɔwo (si woyɔna le Eŋlisigbe me be rightwhale) va dzia vi ɖe Brazil ƒe nuto si woyɔna be Santa Catarina ƒe anyieheƒuta. Wozɔa mɔ agbadroƒe akpe geɖe tsoa keke India, Atlantik kple Pasifik ƒua ƒe anyiehe va dzia vi ɖe Catarina ƒe anyieheƒua ƒe akpa si megoglo o la me henyia wo viawo le afi ma. Nutoa me tɔwo kple tsaɖilawo nɔa ƒua ta alo agakpeawo dzi nɔa bosoawo kple wo vi siwo nɔa fefem le tsia me la kpɔm kple dzidzɔ! *

Ƒumelã Klitsu Siwo Ðea Atsyã

Bosonɔawo ƒe didime tea ŋu ɖoa meta 16, eye didime sia anɔ abe agbatsɔʋu si nye artikulator (titan) ene, eƒe kpekpeme ade tɔn 80! Zi geɖe la, boso sia nɔna yibɔɔ, eye ɣeaɖewoɣi la, ɣiƒe aɖewo nɔa eƒe ƒodo dzi. Eƒe ta lolo ale gbegbe, anɔ abe eƒe didime mama ɖe ene ƒe ɖeka ene. Eƒe nu le lɔbɔɔ hexa gobaa. Dzimeƒui mele eƒe dzime abe ale si wòle le boso bubu aɖewo gome ene o. Be wòate ŋu aƒu tsi la, mewɔnɛ abe tɔmelã bubuwo ene o, ke boŋ ekea eƒe asike gã la me nɔa ekɔm dzi henɔa enyrɔm ɖe tsia me be wòate ŋu ayi ŋgɔ. Ne edi be yeatrɔ la, ezãna akɔnuƒui eve siwo le eƒe axawo dzi. Esia sɔ kple ale si wokua yameʋui.

Togbɔ be boso siawo lolo ale gbegbe hã la, wotea ŋu trɔna kabakaba heɖea atsyã wònya kpɔna. Àte ŋu akpɔe le tsia me wòanɔ tsia ƒum eye wòanɔ eƒe asike kɔm dzi anɔ enyrɔm ɖe tsia me hena ɣeyiɣi didi; etea ŋu kɔa eƒe asike dzi tsɔ nɔa tsia dzi ƒom sesĩe; etea ŋu tia kpo le tsia me yia dzi gadzena eme doo eye amewo ate ŋu akpɔe le adzɔge ɖaa.

Nane Siwo Ðe Dzesi Le Eŋu

Le eƒe ta dzi kple eƒe ta ŋu la, nu ɣi alo aŋutiɖiɖi ƒomevi aɖewo le eŋu keŋ, wole  ƒlatsaa, eye ƒumegalã suesuesue aɖewo nɔa wo me keŋ. Karina Groch si nye dɔwɔƒe si kpɔa bosowo ƒe dedienɔnɔ ƒe nya gbɔ ƒe amegã gblɔ be, “nu ɣi ƒlatsa mawo siwo le eƒe ta ŋu la dometɔ ɖe sia ɖe le etɔxɛ abe ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe asibidenudzesi le etɔxɛ heto vovoe ene, esia nana wònɔa bɔbɔe be míetea ŋu dea dzesi boso ɖe sia ɖe bɔbɔe. Míeɖea foto nu ɣi siawo ne bosoawo va ƒua ta, eye míedzraa fotoawo wo ɖo.”

Nugbagbeŋutinunyalawo gblɔ be ne boso sia ku la, esesẽna be woanya ƒe si wòxɔ elabena nu gbagbe siawo meto aɖu o. Wobu akɔnta be bosowo tea ŋu nɔa agbe wodea ƒe 65 le mama dedie nu. *

Woƒe Nuɖuɖu Le Etɔxɛ

Boso siawo ɖua ƒumegalã suesuesue aɖewo. Fu legbelegbe aɖewo siwo le abe brɔs ene nɔa boso siawo ƒe nu me le dzi siwo wotsɔna tsyɔ̃a tsi siwo gena ɖe woƒe nu me. Ne wole tsia me le yiyim la, woƒe nu si woke ɖe te la wɔnɛ be fu legbelegbe siawo tsyɔ̃a tsia me ale be ƒumelã suesuesuewo tsia fu legbelegbeawo me woɖuna. To esia dzi la, wo dometɔ ɖe sia ɖe tea ŋu ɖua ƒumegalã suesuesue siwo ade tɔn eve gbe sia gbe.

Boso siawo vaa anyieheƒuta le dzomeŋɔliwo (January/February) be yewoaɖu nu ada ami. Ami si le lãme na wo azɔ la wɔnɛ be wotea ŋu va nɔa agbe le tsi siwo fa miamiamia la me eye amia doa ŋusẽ wo ne wotrɔ yina afi si wotso.

Boso Siwo Léle Le Bɔbɔe

Tso ƒe alafa 18 lia me heyina la, bosolélawo léa boso siawo edziedzi le Anyiehe Ƒuwo me. Boso siawo koŋ ye amewo léna. Nu ka tae? Esi womeƒua tsi kabakaba o ta la, wotea ŋu léa wo bɔbɔe, eye bosoléla siwo le tɔdziʋu suewo me siwo lé akplɔwo ɖe asi gɔ̃ hã tea ŋu léa wo. To vovo na boso bubuwo la, boso siawo siwo léle le bɔbɔe la hona ɖe tsia dzi ne wowu wo le ami gbogbo si nɔa lãme na wo ta. Esia nana be bosolélawo tea ŋu hea wo vaa godzi bɔbɔe.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woƒe ami la kple fu legbelegbe siwo le woƒe nu me la nye nu vevi siwo xɔa asi ɣemaɣi. Wozãa woƒe amia tsɔ wɔa ami si wodea mɔdodowo dzi kaɖiwo me kple ami si wosisina ɖe gakpowo ŋu. Wozãa fu legbelegbe siwo le woƒe nu me tsɔ wɔa awuŋukawo, sɔƒokawo kple xeximekawo. Le nyateƒe me la, fu legbelegbe siwo wokpɔna le boso ɖeka ƒe nu me ƒe ga tea ŋu kpɔa ame siwo lée la ƒe nugblẽfewo katã gbɔ!

Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, boso siawo léle atraɖii wɔe be wo dzi ɖe kpɔtɔ eye mlɔeba la boso siawo ƒe asitsatsa va yi to. Le Brazil la, wotu boso siawo ƒe asitsadɔwɔƒe mamlɛtɔ le ƒe 1973 me. Togbɔ be boso siawo dometɔ aɖewo gale dzidzim vivivi hã la, wo dometɔ aɖewo ƒe agbe gale afɔku me kokoko.

Boso siawo nye ale si agbe nye nukunu kple nu gbagbe hamehame siwo le anyigba dzi la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Eɖo kpe ewɔla, si nye Aɖaŋuwɔla Gãtɔ, Yehowa Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ wɔnuku la dzi.—Psalmo 148:7.

^ mm. 2 Teƒe bubu siwo wogadzia vi le ye nye Argentina, Australia, South Afrika, Uruguay, kple Auckland Ƒukpowo ƒe ƒuwo me.

^ mm. 8 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be boso siawo ƒomevi etɔ̃ ye li. (Eubalaena australis, Eubalaena glacialis, Eubalaena japonica)

Robert Harding/African Wings