Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Woakpɔe Be Mèlɔ̃a Nu Le Yewo Gbɔ O

Na Woakpɔe Be Mèlɔ̃a Nu Le Yewo Gbɔ O

Na Woakpɔe Be Mèlɔ̃a Nu Le Yewo Gbɔ O

ÐEVIWO ƒe tagbɔdɔléle ŋuti nufialagã aɖe gblɔ na nyɔnu aɖe si dzi venɔvi teti koe nye ema, eye wònye zi gbãtɔe nye ema wòdzi vi, la be: “Nɔ wo kɔm ɖe asi me ɣesiaɣi, mègadzudzɔ o.” Nyɔnua bia tso esi be wòaɖo aɖaŋu na ye le mɔ nyuitɔ si nu yeanyi ye viawo le la ŋu. Nufialagãa gblɔ kpee be: “Woate ŋu aɖe lɔlɔ̃ kple numalɔ̃leamegbɔ afia le mɔ geɖewo nu, ate ŋu anye asikplakɔname, nugbugbɔname, nugɔmesename, dzidzɔkpɔkpɔ, dɔmenyonyo, kple tsɔtsɔke, eye ne ehiã la, tohehe si sɔ. Mele be míaƒo nya ta be mía viwo nya be míelɔ̃ yewo eya ta megahiã be míaɖee afia wo be míelɔ̃ wo o.”

Edze abe Asikameŋu Ŋuti Numekuha (Tiffany Field) si le Miami si le Florida, le Amerika la ƒe tatɔ da asi ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi ene. Egblɔ be: “Asikaka ɖeviwo ŋu hiã vevie be woatsi anɔ lãmesẽ me, abe ale si ko nuɖuɖu kple kamedede hiã vevie ene.”

Ðe wòhiã be woaka asi ame tsitsiwo hã ŋu bene woakpɔe be womelɔ̃a nu le yewo gbɔ oa? Ɛ̃. Susuŋutinunyala Claude Steiner nɔ te ɖe numekuku aɖe si wòwɔ dzi ƒo nya ta be dzidede ƒo na ame to nyagbɔgblɔ kple asikaka ame ŋu dzi le vevie hafi míase le mía ɖokui me be wolɔ̃ mí, míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o. Dɔnɔdzikpɔla Laura si kpɔa ame tsitsi gbogbo aɖewo dzi la gblɔ be: “Mekpɔe be nana be ame tsitsiwo nase le wo ɖokuiwo me be míelɔ̃a nu le yewo gbɔ o ɖea vi ŋutɔ. Ne èwɔa nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe hekaa asi wo ŋu la, woaka ɖe dziwò ahalɔ̃ faa awɔ ɖe wò mɔfiamewo dzi. Gawu la, nuwɔwɔ ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe alea ɖenɛ fiana be èdea bubu wo ŋu.”

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eɖeɖe fia amewo be míelɔ̃a nu le wo gbɔ o ɖea vi na míawo ŋutɔwo kple woawo siaa. Esia wɔ ɖeka kple nya aɖe si Yesu Kristo gblɔ kpɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Eɖea vi ŋutɔ vevietɔ ne míeɖe lɔlɔ̃ sia fia ame siwo tsi dzi, ame siwo dzi nu te ɖo, alo ame siwo se le wo ɖokuiwo me be yewomele dedie o. Míate ŋu akpɔ nudzɔdzɔ geɖewo le Biblia me siwo ku ɖe ale si woɖe lɔlɔ̃ sia tɔgbi fia ame aɖewo la ŋu.

Kpɔ ale si gbegbe wòanya fa akɔ na “ŋutsu aɖe si kpodɔ xɔ ŋuti katã na,” si woɖe ɖe agae, be Yesu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Vi, nase veve ɖe enu ahaka asi eŋui ɖa!—Luka 5:12, 13; Mateo 8:1-3.

Bu ale si gbegbe ŋusẽ anya ɖo nyagblɔɖila tsitsi Daniel ŋu esi mawudɔla aɖe va gblɔ dzideƒonamenya aɖewo nɛ lɔlɔ̃tɔe tsɔ do ŋusẽe heka asi eŋu zi etɔ̃ sɔŋ la ŋu kpɔ. Asikaka Daniel ŋu lɔlɔ̃tɔe alea kple dzideƒonamenya mawo tututu gbɔgblɔ nɛ na wòkpɔ gbɔdzɔe tso ale si ɖeɖi te eŋu le ŋutilã kple susu me siaa la me.—Daniel 10:9-11, 15, 16, 18, 19.

Ɣeaɖeɣi la, apostolo Paulo xɔlɔ̃ vevi aɖewo zɔ mɔ abe kilometa 50 ene tso Efeso va do goe le Mileto. Paulo gblɔ na wo le afi ma be ɖewohĩ womagakpɔ ye azɔ o. Ðe dzi maɖo apostoloa ƒo ŋutɔ esi exɔlɔ̃ wɔnuteƒe mawo ‘dze eƒe kɔ dzi hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe’ oa?—Dɔwɔwɔwo 20:36, 37.

Eya ta Biblia kple numekuku siwo wowɔ le míaƒe ŋkekeawo me la siaa de dzi ƒo na mí be míaɖee afia mía haviwo be míelɔ̃a nu le wo gbɔ o. Hiahiã sia gbɔ kpɔkpɔ ɖea vi le ŋutilã kple seselelãme gome siaa. Edze ƒãa be menye ɖeviwo koe wòhiã be woaɖe lɔlɔ̃ sia tɔgbi afia o.—g09-E 12.