Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilawo, Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu

Dzilawo, Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu

 Dzilawo, Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu

“Tsã la, televisionkpɔkpɔ atraɖii koe nye afɔku si ŋu míetsia dzi ɖo. Gake egbea la, videodzifefewo, kɔmpiutawo, kple asitelefonwo va bɔ. Nu siawo gblẽa nu geɖe le ɖeviwo ŋu, eye wonana wova nɔa nu wɔm abe numame gbegblẽwoe tsi wo si ene . . . Gbeɖiɖiwo sese kple nukpɔkpɔ va maa wo ale gbegbe—eye ne womekpɔ nu mawo o la, wodoa kpo vovo le wo ɖokuiwo me.”—Ðɔkta Mali Mann.

ŊGƆYIYI siwo wowɔ le Internet kple mɔɖaŋunu bubu siwo dzi míetona nɔa kadodo me kple amewo me egbea la wɔe be amewo va le Internet zãm le míaƒe xexea ƒe akpa geɖe wu egbea. Sɔhɛ geɖe mate ŋu ado le aƒe me woƒe asitelefon alo haƒomɔ siwo woléna ɖe asi la matsɔmatsɔ o. Eye esi wova le mɔɖaŋunu hamehame siwo de ŋgɔ wu, siwo ƒe asi bɔbɔ wu wɔm ta la, mɔɖaŋunu siwo bɔ egbea, siwo dzi míetona nɔa kadodo me kple amewo la ayi edzi ado agbogbo ɖe edzi, eye awɔe be wòagasesẽ wu na dzilawo be woalé ŋku ɖe wo viwo ŋu, ana hehe wo ahamla wo.

Dzilawo ate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ ne wowɔ nu vevi eve siwo gbɔna. Gbã: Mikpɔ ale si nya si dze le Lododowo 22:15 la nye nyateƒee ɖa: “Ðeviwo katã tsi bome, gake ne woɖɔ wo ɖo kple moveviɖoɖo la, woatrɔ.” (Contemporary English Version) Evelia: Minyae be mɔɖaŋunuwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui kple gbegblẽa siaa ɖe mia viwo dzi, eya ta midze agbagba be yewoana woakpɔ ŋusẽ nyui boŋ ɖe wo dzi.

Dze Egɔme Kaba!

Le aƒe geɖewo me la, television ye nye mɔɖaŋunu gbãtɔ si ɖeviwo kpɔna. Le nyateƒe me la, television va zu nu si gbɔ dzilawo gblẽa wo viwo ɖo. Ke hã, susuŋutinunyala aɖewo gblɔ be ne ɖeviwo dze televisionkpɔkpɔ gɔme kaba alo kpɔnɛ atraɖii la, enana womegava tsɔa ɖeke le kamedede me o, womegava nyaa nu si nye nu ŋutɔŋutɔ kple nu si nye ameflunu o, seselelãmekuxiwo ɖea fu na wo, eye ne wova le suku dem la, woƒe susu metea ŋu nɔa nu ŋu o. Ðɔkta Mali Mann gblɔ be, ate ŋu adzɔ be “woado ɖevi aɖewo kpɔ ahaƒo nya ta vodadatɔe be woƒe susu metea ŋu léa nu o alo be wowɔa nu gbodogbodo, alo aƒo nya ta vodadatɔe gɔ̃ hã be wowɔa nu tramatrama.” Eya ta dziɖuɖu aɖewo de se be woagaɖe mɔ ɖevi siwo mexɔ ƒe eve haɖe o la nanɔ television kpɔm o.

Amerika Ðeviwo Ƒe Lãmesẽ Ŋuti Nusrɔ̃ƒe ƒe nyanuɖela Ðɔkta Kenneth Ginsburg gblɔ be: “Nu vevitɔ si dzɔna le ɖeviwo ƒe ƒe eve gbãtɔawo mee nye be wova nɔa kadodo kplikplikpli me kple wo dzilawo.” Kadodo ma va ɖoa dzilawo kple wo vi suewo dome ne woƒoa nu kpli wo, fena kpli wo hexlẽa nu na wo. Eye abe ale si dzila geɖewo nyae ene la, ɖevi siwo wo dzilawo xlẽa nu na la va zua ame siwo lɔ̃a nuxexlẽ, si nye nɔnɔme nyui aɖe ŋutɔ.

Le nyateƒe me la, nunyanya tso kɔmpiuta kple mɔɖaŋunu bubuwo ŋu ate ŋu aɖe vi ŋutɔ, alo ahiã na ɖevi miliɔn geɖewo vevie gɔ̃ hã. Gake de dzesii be ne viwòwo ƒe susu katã nɔa kɔmpiuta, kɔmpiutadzifefe, Internet, kple mɔɖaŋunu bubuwo ŋu la, nunya anɔ eme be nàkpe ɖe wo ŋu woatrɔ susu ɖe nu bubuwo hã ŋu. Aleke nàwɔe? Àte ŋu ana woatrɔ susu ɖe aɖaŋudɔ aɖe si wɔwɔ ado dzidzɔ na wo alo ɖe haƒonu aɖewo ŋu—nu sia nu si to vovo na mɔɖaŋunu mawo, siwo ade wo dzi, eye woakpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi ahalé dzi na wo.

Ne wotia dɔwɔna siawo nyuie la, menye ɖeko wòakpe ɖe ɖeviawo ŋu woaɖe susu ɖa le mɔɖaŋunuwo ŋu, eye wòana woƒe dzi nadze eme o, ke ate ŋu akpe ɖe wo ŋu hã woatu dzigbɔɖi, veviedodonu, ɖokuidziɖuɖu, kple tamebubu awɔ nane ade goe ƒe ŋutete hã ɖo. Nɔnɔme siawo hiã vevie hafi woate ŋu akpɔ dzidzedze le agbe sia si me nyawo gbɔ kpɔkpɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o la me.

Ðeviwo Hiã “Nunya Vavã Kple Tamebubu” Ƒe Ŋutete

Wode dzi ƒo na ɖeviwo kple tsitsiawo siaa le Biblia me be woatu “tamebubu ŋutete” ɖo. (Romatɔwo 12:1; Lododowo 1:8, 9; 3:21) Eye esia kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu dea vovo nu si nyo kple nu si menyo o dome, kpakple nu si me nunya le kple nu si me nunya mele o la hã dome. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Gaƒoƒo geɖe  zazã ɖe kɔmpiutadzifefe kple televisionkpɔkpɔ ŋu menye nu gbegblẽ o, gake ɖe nunya le esia wɔwɔ mea? Mɔɖaŋunu alo kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo yeye siwo le tsia dzi ƒeƒle menye nu gbegblẽ o, gake ɖe nunya le esia wɔwɔ mea? Ekema aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be dzi nyanu nasu wo si le mɔɖaŋunuwo zazã me?

Na woanya afɔku siwo le wo zazã me. Ðeviwo tea ŋu ɖua tu na mɔɖaŋunuwo kple Internet zazã bɔbɔe, gake esi nunya kple nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si o ta la, wowɔa nu bometsitsitɔe hexɔa ame sia ame dzi sena. Eya ta na woanya afɔku siwo wòle be woaƒo asa na kple ale si woawɔ aƒo asa na woe. Le kpɔɖeŋu me, bu Internet dzi kadodo aɖewo ŋu kpɔ. Ele eme baa be kadomɔnu siawo nana amewo ƒoa nu tso wo ɖokuiwo ŋu hedzea si sɔhɛ bubuwo ya, gake kadomɔnu mawo kee nye ɖevigbɔdɔlawo kple ame gblẽku bubuwo ƒe “asiɖiƒe” hã. * (1 Korintotɔwo 15:33) Eya ta dzila siwo le ŋudzɔ la xlɔ̃a nu wo viwo vevie be woagaʋu go woawo ŋutɔwo ŋuti nyatakakawo na amewo le Internet dzi o. *

Enye nyateƒe be gome le ɖeviwo si be woawɔ nanewo le wo ɖokuiwo si evɔ mahiã be woagblɔe na wo dzilawo o le ƒe si woxɔ nu ya. Gake abe dzila ene la, Mawu na ŋusẽ wò, eye agba hã le dziwò, be nàna hehe viwòwo ahalé ŋku ɖe woƒe afɔɖeɖewo ŋu. (Lododowo 22:6; Efesotɔwo 6:4) Míeka ɖe edzi be viwòwo ava se egɔme be lɔlɔ̃ si me ɖokuitɔdidi mele o ye ʋãa wò nètsi dzi ɖe nu siwo yewowɔna ŋu, ke menye ŋkukeke ɖe ame bubuwo ƒe nuwo me dzodzro ye o.

Ðewohĩ àbia be: “Esi nye ŋutɔ nyemenya naneke tso mɔɖaŋunu siwo vinyewo zãna ŋu o ɖe, aleke wòanya wɔ be makpe ɖe wo ŋu?” Ne ele alea la, anyo be nàsrɔ̃ nu ʋɛ aɖewo tso nu siawo ŋu. Melba, si le eƒe ƒe 90-awo me fifia la, xɔ ƒe 80 to eŋu hafi va ka asi kɔmpiuta ŋu zi gbãtɔ. Egblɔ be: “Zi gbãtɔ si medze agbagba be mazã nua la, ɖeko medi be matsɔe aƒu gbe to fesre nu. Gake le ɣleti eve aɖewo megbe la, meva nya nu tso kɔmpiuta ŋu vie, eye fifia metea ŋu ɖoa e-mail ɖe amewo alo xɔa wo, eye metea ŋu wɔa nu bubuwo hã le edzi.”

Ðo seɖoƒe si sɔ na viwòwo le mɔɖaŋunuwo zazã me. Ne viwò ɖea eɖokui ɖe aga gaƒoƒo geɖe hevuna ɖe television, Internet, alo kɔmpiutadzifefewo ŋu la, ɖe manyo be nàde se ɖe teƒe kple ɣeyiɣi siwo me wòazã mɔɖaŋunuwo le le aƒea me ŋu nɛ oa? Esia akpe ɖe viwòa ŋu be wòakpɔ vevienyenye si le Biblia me gɔmeɖose si gbɔna la ŋu adze sii: ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu.’ Esia fia be ɣeyiɣi li na anyinɔnɔ kple ƒomea me tɔwo ɖekae, ɣeyiɣi li na anyinɔnɔ kple xɔlɔ̃wo ɖekae, ɣeyiɣi li na sukudɔdeasiwo wɔwɔ, ɣeyiɣi li na nuɖuɖu, ɣeyiɣi li na kamedede, eye ɣeyiɣi li na nu bubuwo wɔwɔ. (Nyagblɔla 3:1) Ne wode se siwo sɔ na ƒomea me tɔwo, eye wokpɔa egbɔ be wowɔa wo dzi la, enana ɖoɖo nɔa ƒomea me, ekpena ɖe ɖeviwo ŋu wotua nɔnɔme nyuiwo ɖo, wobua ame ŋu, eye wonyaa ale si woanɔ ame domee.

Le nyati ene siawo ƒe mamlɛtɔ me la, míadzro gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe mí katã—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—ŋu be míazã mɔɖaŋunuwo ameŋububutɔe le mɔ si aɖe gazazã dzi akpɔtɔ nu la dometɔ aɖewo me.—g09-E 11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Nyati si nye “Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Siwo Wòle Be Dzilawo Nanya,” si dze le October 2008 ƒe Nyɔ! me la xexlẽ aɖe vi na dzilawo ŋutɔ. Miakpɔ nyati nyui aɖewo ku ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo, videodzifefewo, kple Internet ŋu le Nyɔ! siwo nye March kple December 2007, kpakple January 2008 ƒe tatawo me.

^ mm. 12 Ƒewuivi aɖewo hã ɖoa woawo ŋutɔwo ƒe foto siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ɖe ame me la ɖe wo xɔlɔ̃wo to woƒe asitelefon dzi. Menye ɖeko woƒe nuwɔna sia ɖi gbɔ o, ke boŋ enye bometsinu hã, elabena susu ka kee ɖale ame si ɖoe ɖa la si o, zi geɖe la, ame siwo xɔe la hã ɖonɛ ɖe ame bubuwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðeviwo hiã dɔwɔna siwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatrɔ susu ɖe nu bubuwo ŋu, woatu dzigbɔɖi kple veviedodonu ɖo