Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔɖaŋunuwo Le Dzidzim Ðe Edzi Kabakaba

Mɔɖaŋunuwo Le Dzidzim Ðe Edzi Kabakaba

 Mɔɖaŋunuwo Le Dzidzim Ðe Edzi Kabakaba

ENYE nu si bɔ le Albania be nàkpɔ ame tsitsi aɖe wòanɔ tedzi dom aganɔ nu ƒom le eƒe asitelefon dzi. Le India la, àte ŋu akpɔ nubiala aɖe wòadzudzɔ nubiabia ɣeyiɣi kpui aɖe be yeaƒo nu kple ame aɖe le asitelefon dzi. Ɛ̃, mɔɖaŋunuwo—eɖanye asitelefon, television, alo kɔmpiuta o—kaka ɖe xexea ƒe akpa sia akpa. Wole gatɔwo kple ame dahewo siaa si, eye wova zu nu si ame geɖewo zãna gbe sia gbe.

Ale si gbegbe asitelefon vovovowo va bɔe la nye kpeɖodzi be mɔɖaŋununya le ŋgɔ yim nyateƒe. Menye kaƒomɔ koe asitelefon siawo dometɔ akpa gãtɔ ganye o. Amewo tea ŋu toa asitelefon deŋgɔwo dzi zãa Internet, ɖoa e-mail ɖe amewo alo xɔa wo, kpɔa television, sea ha, ɖea foto, alo xɔa nyatakaka tso nyatakakaxɔmɔ si woyɔna be Global Positioning System (GPS) dzi eye, ahã! wotsɔnɛ yɔa ame hã.

Le nyatakaka aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Washington Post me nu la, asitelefon siwo wozãna tsɔna wɔa nu geɖe la “sesẽ wu mɔ siwo Dziehe Amerikatɔwo Ƒe Yamenuto Me Dedienɔnɔ Gbɔkpɔdɔwɔƒea zã le ƒe 1965 me.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ hã be: “Fifia la, telefon agbɔsɔsɔme si le anyigba dzi la ade edzinɔlawo ƒe xexlẽme ƒe afã,” eye le dukɔ 30 ya teti me la, telefonwo sɔ gbɔ wu amewo. Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ hã be “mɔɖaŋunuwo mekaka kabakaba le xexea me alea gbegbe kpɔ abe ale si wòle egbea ene o.”

Le xexea me godoo la, dukɔ madeŋgɔwo mee asitelefonzãlawo dometɔ 60 le alafa me le, si wɔe be asitelefon va zu mɔɖaŋunu siwo woto vae la ƒe gbãtɔ si zãlawo sɔ gbɔ wu le dukɔ madeŋgɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, le Afghanistan la, ame yeye 140,000 sɔŋ ye ƒle asitelefon ɣleti sia ɣleti le ƒe 2008 me, eye le ƒe siwo va yi me la, ame siwo si asitelefon le le Afrika ƒe xexlẽme dzina ɖe edzi 50 kloe le alafa me ƒe sia ƒe.

Gake kadodomɔnuwo ƒe bɔbɔ alea gblẽa nu hã. Asitelefon, nyatakakaxɔmɔ sue si woyɔna be pager, kple kɔmpiuta si wotsɔna ɖe asi, si woyɔna be laptop, wɔe be woate ŋu ake ɖe amewo ŋu ɣesiaɣi kloe le afi sia afi, eye esia na be mɔɖaŋunu siawo zãlawo dometɔ aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be mɔɖaŋunuwo le ŋusẽ kpɔm ɖe yewo dzi akpa. Gake ame aɖewo hã na mɔɖaŋunuwo zazã zu numame na wo ale be wosena le wo ɖokuiwo me be ele kokoko be yewoazã nu siawo ne yewoanya nu siwo le edzi yim le xexea me.

Ðewohĩ kuxi siwo mɔɖaŋunuwo zazã na kadodo kple nyatakakaxɔxɔ hena vanɛ la dometɔ siwo amewo dea dzesi wue nye ale si wozua numame na ame, ale si wohea ame ƒe susu, kple ale si wogblẽa nu si wɔm ame le la me. * Gake woate ŋu azã mɔɖaŋunu mawo ke wòaɖe vi le mɔ geɖe nu hã. Ekema aleke nàte ŋu ada asɔ le wo zazã me ahawɔe le nunya kple ameŋububu me? Nyati siwo kplɔe ɖo aɖo nyabiase sia ŋu.—g09-E 11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Woƒo nu tso asitelefon, kɔmpiuta, television, kple Internet ŋu le nyati sia kple etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Nu siawoe míezã nya “mɔɖaŋunu” na le nyati siawo me negbe ɖee woyɔ mɔɖaŋunu bubu aɖe ko.