Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Va Míyi Afrika Si Me

Va Míyi Afrika Si Me

Va Míyi Afrika Si Me

MƆ NYUITƆ siwo dzi nàte ŋu ato anya nu tso dukɔ aɖe ƒe dekɔnu, agbenɔnɔ, kple nuɖuɖuwo ŋu dometɔ ɖekae nye be nàɖi tsa ayi woƒe asi aɖe me. Ne èyi asia me la, àdo go dua me tɔwo, aɖɔ woƒe nuɖuɖuwo kpɔ ahaƒle nu siwo wodzrana. Àkpɔ nudzrala hamehame siwo adi vevie be yewoaƒo nu kpli wò, eɖanye gbe ka kee nèdona o.

Asesẽ be nàkpɔ asi bubu siwo ɖina abe Afrika tɔwo ene. Amewo sɔa gbɔ ɖe asi mawo me kpaŋkpaŋ, eye wodzraa nu hamehamewo. Àte ŋu akpɔ ale si Afrikatɔwo wɔa nu le afi ma. Na míaɖi tsa ayi asi siawo dometɔ ɖeka me le Douala si le Cameroon.

Ale Si Afrikatɔwo Wɔna Yia Asi Me

Le Afrika dugã geɖewo me la, mɔnu si mexɔ asi o, si dzi amewo tona ɖoa asi me kaba wue nye be woaɖo dzokeke. Dzokekedolawo le ablɔ ɖe sia ɖe kloe ƒe dzogoe dzi hele ame dim be yewoakɔ. Eye ne dzi le ƒowò la, àte ŋu ana wo dometɔ ɖeka nakɔ wò. Le Cameroon la, mɔnu siae amewo lɔ̃na wu, elabena mexɔ asi o, eye wòtsɔna wu.

Le ame siwo ƒo dzi menɔna o gome la, taksiwo hã bɔ woate ŋu akpɔ aɖo. Ame geɖewo mimia wo ɖokui ɖe ʋu ɖeka me hemaa ga la xena.

Nudzrakplɔ̃ Alafa Geɖewo

Ne èyi asia me zi gbãtɔ la, ɖewohĩ ale si amewo kple nudzrakplɔ̃wo sɔ gbɔ ɖe mɔwo to taŋtaŋ la awɔ nuku na wò ŋutɔ. Àkpɔ ame gbogbo aɖewo, siwo dometɔ aɖewo nye ɖeviwo la, dro nudzadzrawo ɖe ta le tsa ɖim. Ne èlé ŋku ɖe woƒe nudzadzraawo ŋu nyuie la, àkpɔe be wo dometɔ aɖewo nye koklo gbagbewo, aŋuti kpakpawo, atike hamehamewo, kple nu bubu geɖewo.

Wotsɔ nuɖanu siwo dometɔ aɖewoe nye cabbage (choux), karɔt, aŋanyi, agbitsa, squash (courge), ayi, anagote, timati, te, kple salad-gbe vovovowo ɖo asi ɖe nudzrakplɔ̃ alafa geɖewo dzi gleglegle. Tsaɖila siwo tso yevuwo de la makpɔ nu siawo dometɔ aɖewo adze sii o, elabena Afrika koe wo dometɔ aɖewo le. Ðewohĩ kplɔ̃ siwo ɖea dzesi wue nye esiwo dzi atadi dzĩ kple aŋutiɖiɖi, siwo nɔa dzo dam ne ɣe klẽ ɖe wo dzi le ŋdi me, le esi wogbe wo eteƒe medidi o ta la le. Àte ŋu akpɔ peya, akɔɖu, gbo, adzamatre, atɔtɔ, aŋuti, kple dɔŋuti hã le kplɔ̃wo dzi. Nu siawo dzroa ame ŋutɔ, eye ale si womexɔ asi o hã ana nàdi be yeaƒle wo! Te, agbeli, kple mɔli, siwo koŋ amewo lɔ̃a ɖuɖu le teƒe ma, hã le asia me kpaŋkpaŋ tsɔ kpe ɖe sabala kple ayo siwo wodɔna tso duta la ŋu.

Le Douala ƒe asi aɖe me la, nudzralawo dometɔ geɖe nye Hausawo kple Fulaniwo. Nudzrala siawo ɖe dzesi le woƒe awu tɔxɛ legbe siwo nɔa blɔ, ɣi, alo aŋutiɖiɖi, siwo woyɔna be gandoura alo boubou, kple ale si wodoa gbe na ame xɔlɔ̃wɔwɔtɔe le wo degbe Fulfulde me la ta. Amewo ɖea dzi ɖi le asia me. Esi míeɖi tsa yi asia me la, nudzralawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Ibrahim, tia sabala lolo etɔ̃ hetsɔ nam be maxɔe femaxee. Egblɔ be: “Gblɔ na srɔ̃wò be wòatsɔ mɔli kple nuɖuɖuvivinuwo atsakae ahaɖa.”

Ne eyi ŋgɔgbe vie la, àkpɔ lã siwo dometɔ akpa gãtɔ nye nyilã kple gbɔ̃lã la le nudzrakplɔ̃wo dzi. Ŋutsu sesẽwo kɔa lã siwo wowu la ɖe abɔta heva dana ɖe kplɔ̃awo dzi. Lãdzrala siwo lé woƒe hɛ legbewo ɖe asi, eye woƒe alɔnu dzɔna ŋutɔ la, nɔ nuƒlelawo yɔm be woava tia lã siwo wofli da ɖi la dometɔ siwo dze wo ŋu. Eye gbɔ̃, koklo, kple ha gbagbewo hã le afi ma, ale be ame siwo dina be yewo ŋutɔwo yewoawu lã le aƒe me la ate ŋu akpɔ aƒle.

Va Míyi Nuɖuƒe

Àkpɔ nuɖuƒewo le Afrika siwo me godoo. Le Cameroon la, woyɔa nuɖuƒe siwo nɔa asiwo me be chophouse. Wonɔa ha ƒom lélélé le nuɖuƒe siawo dometɔ aɖewo bene woatsɔ ahe amewo ƒe susu, gake àte ŋu akpɔ nuɖuƒe bubu siwo tomefafa le, eye àte ŋu aƒle nuɖuɖu le afi ma ahado go dua me tɔwo hã. Ðewohĩ àkpɔ be woŋlɔ nuɖuɖuawo ƒe ŋkɔ ɖe ʋuƒo yibɔ aɖe dzi, eye ame sia ame si menya nu tso afi ma tɔwo ƒe nuɖuɖuwo ŋu o la ate ŋu abia woaɖe eme nɛ.

Nuɖuɖu vevi siwo nàkpɔ le afi ma la dometɔ evee nye mɔli kple fufu; wotea ŋu tsɔa agbeli, abladzo, alo te toa fufu siawoe. Àkpɔ tɔmelã, nyilã, kple koklolã yiyi siwo wotsɔ ƒoa fetridetsi, azidetsi, kple agbamedetsii. Amewo metsia dzi le nuɖuƒe siawo kura o, eye mɔnukpɔkpɔ geɖe asu asiwò nàɖo dze kpli wo.

Kplɔ̃ŋusubɔla eve zɔ va be yewoakpɔ mía gbɔ. Wo dometɔ ɖeka tsɔ nuɖugba gbadzɛ siwo me mɔli, ayi, kple fufu siwo le dzudzɔ tum lilili le la, ɖe agba gbadzɛ dzi vae. Fetridetsi kple tsitsinga siwo wotsɔ ʋulã alo tɔmelã mè hã le eme. Wotsɔa agba sue aɖe si me tadi dzĩ nɔna kpena ɖe eŋu na ame siwo lɔ̃a tadiɖuɖu. Kplɔ̃ŋusubɔla evelia tsɔ papahũ sue aɖe kple asiklɔgba si me tsi le ɖe asi vae bene míaklɔ asi. Esia le vevie, elabena asi koŋue wotsɔna ɖua nu le Afrika. Ebɔ be nàkpɔ nuƒlela aɖe wòanɔ gbe dom ɖa ɖe eƒe nuɖuɖu ta, eye ne edo gbe ɖa vɔ heɖe “Amen” la, ame siwo le kplɔ̃ bubu siwo le afi ma ŋu la hã xɔa edzi gblɔna be “Amen.”

Nya Nyuia Gbɔgblɔ Le Asi Me

Tso keke gbe aɖe gbe ke la, asi ɖea vi na amewo le dukɔ geɖe me. Wonye teƒe siwo sɔ nyuie na nuƒeƒle, nudzadzra, nya nyui gbɔgblɔ, gododo xɔlɔ̃wo, kple dɔdidi gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be Yesu yi asiwo me, eye wòfia nu tso Mawu ŋu heda dɔ na amewo le afi ma. Apostolo Paulo hã ‘dzroa nu me kple ame siwo wòkpɔna le asi me la gbe sia gbe.’ (Dɔwɔwɔwo 17:16, 17; Marko 6:56) Nenema kee egbea la, Yehowa Ðasefo siwo le Cameroon kpɔe be asiwo me nye teƒe siwo sɔ nyuie na gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.—Ame aɖee ŋlɔe míeta.g10-E 01.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Atadi siwo le amadede vovovowo me