Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Si Dzilawo Ate Ŋu Awɔ

Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Si Dzilawo Ate Ŋu Awɔ

Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Si Dzilawo Ate Ŋu Awɔ

ABE dzila ene la, nuwɔna eve siwo gbɔna dometɔ kae ado ŋɔdzi na wò wu? Nyanya be viwòŋutsuvi alo viwònyɔnuvi tsɔ wò ʋu ƒe safuia, alo nyanya be viwòa zãa Internet ale si dze eŋu ko. Afɔku le evea siaa me. Ebia be ame nanya ale si wòawɔ nu le ŋuɖɔɖo me le go evea siaa me. Dzilawo mate ŋu axe mɔ na wo viwo be woagaku ʋu gbeɖegbeɖe o, gake woate ŋu akpɔ egbɔ be yewo viwo nya ʋukuku nyuie bene woagadze afɔku madzemadzee o. Afɔ sia tɔgbie dzila geɖewo ɖena le wo viwo ƒe Internet zazã gome. Biblia me gɔmeɖose siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò.

“Nugɔmesela wɔa nu ɖe nunya me.” (Lododowo 13:16) Ehiã be dzila siwo ƒe viwo zãa Internet la nanya nu vevi aɖewo tso Internet ŋu ahanya nu si wo viwo le wɔwɔm ne wole dze ɖom kple amewo le Internet dzi, ne wole Nyatakakadzraɖoƒewo dzi tsam, alo le nu bubuwo wɔm le Internet dzi. Marshay, si nye vidada aɖe si si vi eve le la ɖo aɖaŋu sia be: “Mègagblɔ be yemenya agbalẽ o, alo be yetsi akpa hena nusɔsrɔ̃ tso Internet ŋu o. Yi edzi nanɔ nu srɔ̃m tso mɔɖaŋunu yeyewo ŋu.”

“Tɔ kpɔ ɖe xɔ [si tame le gbadzaa] la ta, bena ame aɖeke magage le edzi [o].” (5 Mose 22:8) Internet dɔwɔƒewo kple kɔmpiuta dɔwɔɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woakpɔ nu siwo woate ŋu azã abe xɔtamekpɔtɔtɔ ene atsɔ axe mɔ ɖe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe kple nyatakaka siwo dzena le vome, siwo ate ŋu agblẽ nu le wo viwo ŋu la nu. Kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo aɖewo gɔ̃ hã ate ŋu axe mɔ na ɖeviwo be woagaʋu go nyatakaka siwo ku ɖe wo ɖokuiwo ŋu, abe woƒe ŋkɔ alo adrɛs ene, o. Gake ele be wòanɔ nyanya na dzilawo be mɔxenu siawo mexea mɔ na nu gbegblẽwo katã le Internet dzi o. Eye ɖevi tsitsi siwo nya kɔmpiuta ŋu nyuie la hã srɔ̃a ale si woade axa na mɔxenu mawo.

‘Ame si ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tsitre ɖe nunyanyawo katã ŋu.’ (Lododowo 18:1) Numekuku aɖe si wowɔ le United Kingdom la ɖee fia be ɖevi 1 le 5 me, siwo xɔ tso ƒe 9 va ɖo ƒe 19 la, zãa Internet le woawo ŋutɔwo ƒe kɔmpiuta dzi le woƒe xɔdɔme. Ne dzilawo da kɔmpiuta la ɖe ŋkukpɔƒe le aƒe me la, enana woléa ŋku ɖe nu siwo wɔm wo viwo le le Internet dzi la ŋu, eye ate ŋu akpe ɖe ɖeviawo ŋu woaƒo asa na nyatakakadzraɖoƒe siwo menyo o.

“Mikpɔ nyuie, be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miƒle ɣeyiɣi si sɔ la na mia ɖokui, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Ðo ɣeyiɣi si viwòwo ate ŋu azã Internet la, ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si woate ŋu azãe kple nyatakakadzraɖoƒe siwo woate ŋu azã kple esiwo womate ŋu azã o, na wo. Dzro wò ɖoɖoawo me kple viwòwo, eye nàka ɖe edzi be wose wo gɔme.

Enye nyateƒe be màte ŋu anya nu sia nu si viwòwo wɔna le gbɔdome o. Eya ta ele vevie be nàƒã agbe nyui nɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo ɖe viwòwo me ale be woate ŋu awɔ nyametsotso nunyatɔe ne mèle wo gbɔ o gɔ̃ hã. * (Filipitɔwo 2:12) Gblɔ tohehe si nàna ɖeviawo ne womewɔ ɖe se siwo nède na wo ku ɖe Internet zazã ŋu dzi o la na wo eme nakɔ na wo nyuie. Emegbe nàkpɔ egbɔ be wowɔ ɖe ɖoɖoawo dzi.

“[Vidada nyui léa] ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu le eƒe me.” (Lododowo 31:27) Nɔ ŋku lém ɖe ale si viwòwo zãa Internet ŋu, eye na woanya be yeanɔ ŋku lém ɖe wo ŋu. Esia menye ŋkukeke ɖe nu siwo nye ɖeviawo ŋutɔ ɖeɖe ƒe nya me fũu akpa o. Ðo ŋkui be ame hahoowoe zãa Internet. Dukɔ Ƒe Hlɔ̃nyamekuƒe si le United States de dzi ƒo na dzilawo be wo viwo ƒe Internet ƒe adrɛs nanɔ nyanya na wo bene woate ŋu anɔ e-mail siwo woxɔna kple esiwo woɖona ɖa kpakple Nyatakakadzraɖoƒe siwo dzi wotsana le la me tsam enuenu.

‘Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi, le ame siwo gblɔa godzenya la ŋu.’ (Lododowo 2:11, 12) Afi aɖe koe nàte ŋu alé ŋku ɖe viwòwo ƒe Internet zazã ŋu ase ɖo. Agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo nàfia viwòwo—kple kpɔɖeŋu si wò ŋutɔ nèɖona—akpɔ wo ta geɖe wu. Eya ta anyo be nàgbɔ dzi ɖi aɖe afɔkunu siwo ŋu woate ŋu ake ɖo le Internet dzi la me na wo. Nana be dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nanɔ mia kple viwòwo dome anye ametakpɔnu nyuitɔ kekeake tso nu siwo ate ŋu anye afɔku na wo le Internet zazã me ŋu. Tom si nye vifofo Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Míeƒo nu tso ame ‘gblẽku’ siwo woate ŋu ado goe le Internet dzi ŋuti na mía viŋutsuvi eveawo. Azɔ hã, míeɖe nu si amamaɖeɖenuwɔnawo nye, nu si ta wòle be woaƒo asa na wo, kple nu si ta mele be woaɖo dze kple ame tutɔwo le Internet dzi gbeɖe o la me na wo.”

Àte Ŋu Akpɔ Viwòwo Ta

Viwòwo ta kpɔkpɔ tso afɔku siwo le Internet dzi me bia agbagbadzedze geɖe, eye mɔɖaŋunuwɔlawo yi edzi le elektrɔnikmɔ̃ siwo amewo zãna tsɔ xɔa nyatakakawo ɖem ɖe go kabakaba ŋutɔ. Mɔɖaŋunu yeyewo zazã ate ŋu aɖe vi geɖe, ke hã, woate ŋu azu afɔku gã aɖe na ɖeviwo. Aleke dzilawo awɔ adzra wo viwo ɖo be woate ŋu akpe akɔ kple afɔku siwo woate ŋu ado goe la dzidzedzetɔe? Biblia gblɔ be: “Nunya kpɔa ame ta, eye ga hã kpɔa ame ta.”—Nyagblɔla 7:12, NW.

Kpe ɖe viwòwo ŋu woadze nunya. Kpe ɖe wo ŋu hã be woanya ale si woazã Internet la wòaɖe vi na wo eye woanya ale si woaƒo asa na afɔku siwo le ezazã me. Esia awɔe be Internet anye dɔwɔnu nyui aɖe si made viwòwo ƒe dedienɔnɔ afɔku me o.—g08 10-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Ele be dzilawo nanya be ɖevi geɖe ate ŋu azã Internet to asitelefon, asimemɔ̃viwo, kple mɔ̃ vi siwo wotsɔ ƒoa videofefewo kura gɔ̃ hã dzi.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]

Le United Kingdom la, ɖevi siwo xɔ tso ƒe 9 va ɖo ƒe 19, siwo zãa Internet kwasiɖa sia kwasiɖa la dometɔ 57 le alafa me ke ɖe amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu kpɔ; gake dzila 16 le alafa me koe xɔe se be yewo vi kpɔ amamaɖeɖenuwɔna le Internet dzi kpɔ

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Internetŋutinunyalawo gblɔ be ame gblẽku siwo blea ɖeviwo nu, siwo ade 750,000 la zãa Internet gbe sia gbe henɔa tsatsam le chat room kpakple Nyatakakadzraɖoƒe siwo ku ɖe gbeɖoɖoɖi ŋu la dzi

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Ðevi siwo xɔ tso ƒe 12 va ɖo ƒe 17 la dometɔ 93 le alafa me zãa Internet le United States

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ðe nàte ŋu afia viwòwo ale si woazã Internet le ŋuɖɔɖo mea?