Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Aɖu Tetekpɔwo Dzi?

Aleke Mawɔ Aɖu Tetekpɔwo Dzi?

 Sɔhɛwo Biana Be

Aleke Mawɔ Aɖu Tetekpɔwo Dzi?

▪ Esime Karen va ɖo kplɔ̃ɖoƒea la, mede miniti ewo teti hafi wòkpɔ ɖekakpui eve aɖewo va ɖo kple nugo gã geɖewo o. Nu siwo le nugoawo me la menɔ ɣaɣla ɖee o. Do ŋgɔ la, esee ɖekakpui mawo ke gblɔ be “nunono geɖe” ayi adzi le kplɔ̃ɖoƒea.

Gake Karen megblɔe na edzilawo o. Ewɔ nɛ be fefem koe ɖekakpuiawo nɔ. Eye be, kura gɔ̃ hã, ame tsitsi aɖewo anɔ aƒea me godoo. Kasia, Karen se gbe nyanyɛ aɖe le emegbe be: “Nu ka ƒe tsitree nètsi ɖe afi ma? Ðe nèdi be yeagblẽ azãa me na mía?” Esi Karen trɔ la, ekpɔ xɔlɔ̃a Jessica wòlé biyatukpa eve siwo woʋu tetie nye ema la ɖe asi. Jessica do ɖeka ɖe Karen gbɔ hegblɔ be, “Mègagblɔ nam be yemetsi aɖu agbe vi aɖe o lo!”

Karen di be yeagbe. Gake exɔxɔ ƒe nyaƒoɖeanua nu sẽ wu ale si wòsusui. Menye aha lae dzroe o. Nya la koe nye be xɔlɔ̃a ye Jessica nye, eye Karen medi be yeanye azãmegblẽla abe ale si Jessica gblɔe ene o. Hekpe ɖe eŋu la, Karen bua Jessica abe nyɔnuvi nyuiwo dometɔ ɖeka ene. Eye ne eya kura le aha nom la, ke nu kae gblẽ le enono ŋu? Karen gblɔ na eɖokui be, ‘Biya koe ɖe. Mele abe atike muamewo zazã alo gbɔdɔdɔ ene o.’

NE SƆHƐE nènye la, àte ŋu anɔ go dom tetekpɔ vovovowo. Zi geɖe la, esia tsoa ame siwo ƒe vidzinu to vovo gbɔ. Ramon, * si xɔ ƒe 17 la gblɔ be: “Nyɔnuviwo ɖea fu nam le suku ŋutɔ. Wodina be yewoanɔ asi kam ame ŋu ne yewoakpɔ be afi kae wòaɖe mɔ ɖe yewoƒe nuwɔnaa ŋu ase ɖo hã. Ne ègblɔ be womegawɔe o la, meɖoa to me na wo o!” Deanna, si hã xɔ ƒe 17 la hã to fuɖename ma tɔgbi me. Egblɔ be: “Ŋutsuvi aɖe te ɖe ŋunye hekpla asi kɔ nam. Meƒo eƒe abɔ ɖa enumake hegblɔ nɛ be, ‘Nu kae nye ema wɔm nèle nam? Nyemenya wò gɔ̃ hã o!’”

Ðewohĩ wò hã èle tetekpɔwo me tom, eye nèse le ɖokuiwò me be ɖeko nyaƒoɖeamenua nu le sesẽm ɖe edzi. Abe ale si Kristotɔ aɖe  gblɔe ene la, “tetekpɔwo ɖea fu na ame abe ale si ame aɖe anɔ ʋɔ ƒom na wò atraɖii togbɔ be èŋlɔ nu kla ɖi be Mègaƒo Ʋɔa O hã ene.” Ðe nèdoa go tetekpɔwo enuenu wu ale si nèsusuia? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nu siwo gbɔna la dometɔ aɖe zua tetekpɔ na wòa?

□ Atamanono

□ Aha muame nono

□ Atike muamewo zazã

□ Amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ

□ Gbɔdɔdɔ manɔsenu

□ Bubuwo ․․․․․

Ne èkpɔe be nu siawo dometɔ aɖe zua tetekpɔ na ye la, mègaƒo nya ta enumake be yemedze anye Kristotɔ o. Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàɖu dzodzro vɔ̃wo dzi ahakpe akɔ kple tetekpɔwo dzidzedzetɔe. Alekee nàte ŋu awɔ esiae? Nu siwo gbɔ tetekpɔwo tsona nyanya akpe ɖe ŋuwò. Bu wo dometɔ etɔ̃ ŋu kpɔ.

1. Blidomademade. Nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe dzodzro le amegbetɔ madeblibowo katã me. Apostolo Paulo, si nye Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me, kura gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi boŋ nɔa menye.” (Romatɔwo 7:21) Eme kɔ ƒãa be, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be ame dzɔdzɔetɔ kekeake gɔ̃ hã ate ŋu ava kpɔe be “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro” le ŋusẽ kpɔm ɖe ye dzi. (1 Yohanes 2:16) Gake nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe nudzodzroa ŋu bubu fũu agblẽ nyaa ɖe edzi, elabena Biblia gblɔ be: “Ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.”—Yakobo 1:15.

2. Nu siwo yia edzi ƒo xlã mí ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo. Tetekpɔwo le afi sia afi si nàtrɔ ɖo. Trudy gblɔ be: “Amewo ƒoa nu tso gbɔdɔdɔ ŋu ɣesiaɣi le suku kple le dɔwɔƒe. Wonana wòdzena abe nu dodzidzɔname ŋutɔ aɖe ene le television kple sinimawo me. Asesẽ ŋutɔ hafi nàkpɔ emetsonu gbegblẽawo adze sii!” Nu siwo me Trudy ŋutɔ to na wònya ŋusẽ si gbegbe nu siwo yia edzi ƒo xlã mí ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nu sẽe. Egblɔ be: “Ame aɖe ƒe nu lé dzi nam esime mexɔ ƒe 16 eye mesusu be lɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔe. Danye yɔm da ɖi hegblɔ nam be, ne nyemetso kadodo ma o la, fu koe mava fɔ mlɔeba. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be danye ate ŋu asusu nu ma gbegbe ɖe ŋunye! Gake ɣleti eve pɛ ko megbe la, mefɔ fu nyateƒe.”

3. “Sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo.” (2 Timoteo 2:22) Esia lɔ nu ɖe sia ɖe si dzroa sɔhɛwo, abe didi be amewo nalɔ̃ yeƒe nya, alo didi vevie be yeana amewo nanya be yeto vovo na ame bubuwo ene, ɖe eme. Dzodzro mawo menye nu gbegblẽ le wo ɖokui si o, gake ne mèda sɔ o la, woate ŋu ana akɔkpekpe kple tetekpɔwo asesẽ na wò wu ale si dze. Le kpɔɖeŋu me, didi be amewo nanya be yeto vovo na ame bubuwo ate ŋu awɔe be nàva nɔ tsitre tsim ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo wofia wò le aƒe me la ŋu. Nu siae dzɔ ɖe Steve dzi esime wòxɔ ƒe 17. Egblɔ be: “Meva dze aglã ɖe dzinyelawo ŋu eye mewɔ nu ɖe sia ɖe si wogblɔ nam be magawɔ o—eye nu siawo katã dzɔ le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe teti.”

Le nyateƒe me la, ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo me míedzro la nu sẽna ŋutɔ. Ke hã, àte ŋu aɖu tetekpɔwo dzi. Alekee?

▪ Gbãa, de dzesi tetekpɔ si kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò wu. (Ðewohĩ nède dzesi esia xoxo le etame.)

▪ Azɔ, bia ɖokuiwò be, ‘Zi geɖe la, ɣekaɣie tetekpɔ sia dina be yeado mo ɖa?’ Wɔ dzesi ɖe nya siwo le ete la dometɔ ɖeka xa:

□ Le suku

□ Le dɔme

□ Ne nye ɖeɖe meli

□ Ɣebubuɣiwo

 Ɣeyiɣi si tututu tetekpɔa ate ŋu ado mo ɖa nyanya akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa nɛ kura. Le kpɔɖeŋu me, gbugbɔ de ŋugble tso kpɔɖeŋu si míetsɔ dze nyati sia gɔmee ŋu kpɔ. Nu kawoe nye nuxlɔ̃amedzesi siwo ana Karen nanya be afɔku anɔ kplɔ̃ɖoƒe si wòde la? Alekee wòate ŋu aƒo asa na tetekpɔa kura hafi?

▪ Fifia si nèɖe afɔ siawo be (1) nède dzesi tetekpɔa kple (2) nènya ɣeyiɣi si wòate ŋu ado mo ɖa la, èsu te azɔ hena nuwɔwɔ. Nu vevi gbãtɔ si nàwɔe nye be nàlé tetekpɔa nu alo nàƒo asa nɛ kura. Ŋlɔ nu si nàte ŋu awɔ la ɖe ete.

․․․․․

․․․․․

(Kpɔɖeŋuwo: Ne edzɔna be le kpakpa tso suku vɔ megbe nèdoa go sukuhatiwo woƒoa nya ɖe nuwò be nàva kpɔ gome le atamanono me kpli yewo la, ɖewohĩ anyo be nànɔ mɔ bubu tom be nàƒo asa na gododo woamawo. Ne woɖoa amamaɖeɖenuwɔnawo ɖe wò edziedzi le Internet dzi la, ke àkpɔe be anyo be yealé kɔmpiuta ƒe dɔwɔɖoɖo siwo axe mɔ na nu mawo la ɖe wò kɔmpiuta dzi. Azɔ hã, àte ŋu agaɖɔ ŋu ɖo geɖe wu le nya siwo ƒomevi nèŋlɔna ɖe Internet dzi nyadiƒewo me ŋu.)

Le nyateƒe me la, màte ŋu aƒo asa na tetekpɔwo keŋkeŋ o. Ava dzɔ godoo be nàva dze ŋgɔ tetekpɔ aɖe si nu ate ŋu asẽ ŋutɔ, ɖewohĩ le ɣeyiɣi si mèle mɔ kpɔm nɛ kura o me. Nu kae nàte ŋu awɔ?

Nɔ dzadzraɖoɖi. Esime “Satana nɔ [Yesu tem] kpɔ” la, Yesu gbe nu le egbɔ enumake. (Marko 1:13) Nu ka tae? Elabena Yesu nya nyametsotso si wòle be yeawɔ ku ɖe nu si wòtsɔ nɔ ye tem kpɔ la ŋu xoxo. Bu eŋu kpɔ. Menye robot alo mɔ̃ si wɔa dɔ le mɔ ɖeka nue Yesu nye o. Ate ŋu ana ta le tetekpɔ me. Gake eɖoe kplikpaa do ŋgɔ be yeaɖo to ye Fofo ɣeawokatãɣi. (Yohanes 8:28, 29) Nyateƒee Yesu to esime wògblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va, menye be mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.”—Yohanes 6:38.

Ŋlɔ susu eve siwo ta wòle be nàɖu tetekpɔ si nèdoa go edzidzi wu la dzi kple mɔ siwo dzi nèɖoe be yeato awɔ esia la ɖe fli siwo le ete la dzi.

1. ․․․․․

2. ․․․․․

Ðo ŋku edzi be ne èna ta le tetekpɔ me la, ekema èzu kluvi na wò nudzodzrowo. (Tito 3:3) Nu ka tae nàɖe mɔ wò nudzodzrowo naɖu aƒetɔ ɖe dziwò? Ðee fia be yetsi, to wò seselelãmewo dzi ɖuɖu me, tsɔ wu be nàɖe mɔ woakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò.—Kolosetɔwo 3:5.—g08 08-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Ðe woate ŋu ate nuwɔwɔ deblibowo kpɔa?—1 Mose 6:1-3; Yohanes 8:44.

▪ Ne èɖu tetekpɔ dzi la, alekee wò nuteƒewɔwɔ awɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzi?—Lododowo 27:11; 1 Timoteo 4:12.

[Aɖaka si le axa 15]

MƆFIAME

Dzra ɖo ɖe nya si nàgblɔ na ame aɖe si atee kpɔ be yeable wò ade nu gbegblẽ wɔwɔ me la ŋu do ŋgɔ. Megatsi dzi fũu o. Mehiã be nàgblɔ nya aɖeke si afia be èbua ɖokuiwò ame dzɔdzɔe o. Zi geɖe la, nyaa gbegbe ɖeɖe dzaa koe nye nu si hiã. Le kpɔɖeŋu me, ne sukuhati aɖe tsɔ atamanono ɖo ŋkuwòme la, àte ŋu agblɔ nɛ be: “Mègagblẽ edome na ɖokuiwò o. Nyemenoa atama o!”

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ne èna ta le tetekpɔ me la, ekema èzu kluvi na wò nudzodzrowo