Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kukuawo—Ðe Woagava Nɔ Agbe Akea?

Kukuawo—Ðe Woagava Nɔ Agbe Akea?

Kukuawo—Ðe Woagava Nɔ Agbe Akea?

LE February 1987 me la, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 85 la tiae be yeadzudzɔ ayikumekɔklɔ si wowɔna nɛ le kɔdzi edziedzi bene wòate ŋu ayi edzi anɔ agbe la. Le kwasiɖa eve megbe la, eku kpoo le ye ŋutɔ ƒe aƒe me esime via ŋutsu si nye eƒe tenuvi la nɔ exa.

Wo ame evea ƒe anyinɔnɔ ɖekae le ɣeyiɣi mamlɛ mawo me na mɔnukpɔkpɔ wo be wogbugbɔ dzro nya aɖe si ŋu wode ŋugble le kpɔ la me, si nye: Ðe ame kukuwo agava nɔ agbe akea? Vifofoa, si nye ame si de suku yi ŋgɔ ŋutɔ la, meka ɖe edzi o. Exɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se, eye subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ doa dziku nɛ. Eya ŋutɔ gblɔna be Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikelae yenye—exɔe se be womate ŋu anya ne Mawu li o.

Via, si di be yeana akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ nasu ye fofoa si la, ɖe nu siwo ta wòate ŋu aka ɖe edzi be ame kukuwo agate ŋu ava nɔ agbe ake la me nɛ. Esime vifofoa ƒe kuɣi nɔ aƒe tum la, eva lɔ̃ ɖe edzi be agbenɔnɔ ake, agbenɔnɔ le lãmesẽ kple ŋusẽ yeye me anyo ŋutɔ.

Akɔfafakpɔkpɔ Le Kudo Nu

Ame sia ame kloe adi be ne anya wɔ la, yeagava nɔ agbe ake le xexe aɖe si me ŋutifafa axɔ aƒe ɖo me, esime yeanɔ lãmesẽ nyuie me eye ŋusẽ yeye anɔ ye ŋu. Amegbetɔwo mele abe lãwo, siwo ŋu woƒo nu tso le Biblia me be ‘womenyaa nu o,’ alo seselelãme nu koe wowɔa nu ɖo la ene o. (2 Petro 2:12) Míeɖia míaƒe ame kukuwo. Míebua etsɔme ŋu. Míedina be míatsi aku amegã ahaku o. Gake nu siawoe dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi.

Ne míaƒe ame vevi aɖe alo míawo ŋutɔwo ƒe kuɣi le aƒe tum la, enana míebua tame vevie eye wòtena ɖe mía dzi. Gake Biblia de dzi ƒo na mí, esime wògblɔ be: “Kuteƒeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi.” Egblɔ kpee be: “[Esia dea dzi gbɔ] na agbagbeawo.” (Nyagblɔla 7:2) Nu ka tae wòle be míade ŋugble tso ku ƒe nya sia ŋu vevie ahana wòade dzi gbɔ na mí?

Susu ɖekae nye be, enye míaƒe dzɔdzɔmedidi be míanɔ agbe le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me. Ku, alo agbemanɔmanɔ kura, dzia ŋɔ na mí le dzɔdzɔme nu. Esesẽna na mí, alo kura gɔ̃ hã, míedina be míaxɔe ase be míava dzudzɔ agbenɔnɔ gbe ɖeka o. Biblia ɖe nu si tae me be: “Mawu de mavɔmavɔnyenye tame na amegbetɔ” alo dee “dzi me na wo.” (Nyagblɔla 3:11, Agbenya La) Míedina be míanɔ agbe—menye be míaku o. Bu eŋu kpɔ: Ðe didi ma nu asẽ le mía me nenema gbegbe ne ɖe menye mía Wɔla ƒe tameɖoɖo be míanɔ agbe tegbee oa? Ðe wòanya wɔ be míagate ŋu ava nɔ agbe ake le lãmesẽ kple dzidzɔ me tegbeea?

Susu Si Ta Wòle Be Nàxɔe Ase

Le ƒe si va yi me la, Amerikatɔ Siwo Xɔ Dzudzɔ Le Dɔme Ƒe Habɔbɔ ta nyati si nye, “Agbenɔnɔ Le Ku Megbe” ɖe woƒe magazine aɖe me. Esi wobia gbe ame gbogbo aɖewo siwo xɔ ƒe 50 kple edzivɔ la, wokpɔe be “wo dometɔ etɔ̃ le ene me kloe (si nye 73 le alafa me) lɔ̃ ɖe nyagbɔgblɔ sia dzi be: ‘Mexɔ edzi se be agbe le ku megbe.’” Gake magazinea gblɔ be ame siwo wobia gbee la dometɔ ɖeka le ene me lɔƒo ya lɔ̃ ɖe nya sia dzi be: “Mexɔe se be ne meku ko la, evɔ enye ema.” Gake nenemae amewo dina be wòadzɔ ɖe yewo dzi ŋutɔŋutɔa?

Nyati ma ke ka nya ta be Tom, si nye Katolikotɔ, si tso New York la gblɔ be: “Nunɔlawo fiaa nu be agbe gale ku megbe? Nye ya ɖeko wòwɔna nam be amewo fiaa nu vovovowo tso nya ma ŋu. Gake ɖeko wòle be wò ŋutɔ nàtia nu si dzi nàxɔ ase. Medea sɔleme. Menɔa agbe kple susu be agbe gale ku megbe, gake nyemexɔ edzi se o. Ne nyateƒee wònye la, ke enyo ŋutɔ.”

Abe Tom ene la, ame geɖewo mexɔa nya sia dzi se o—abe vifofo si ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea ene, si lɔ̃a gbɔgblɔ na via ŋutsua be, “Ame siwo mete ŋu nɔa te ɖe nyateƒe si wònye be woava ku nu o lae sɔlemedede NYO na.” Ke hã, abe ale si ŋutsu sia kple ɖikela bubuwo va lɔ̃ ɖe edzi ene la, Wɔla ŋusẽkatãtɔ aɖe dzi xɔxɔ se koe ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be woaxɔ nukunu siwo gɔmesese sesẽ la dzi ase.

Le kpɔŋuɖe me, kwasiɖa etɔ̃ pɛ le fufɔfɔ megbe la, ahɔhɔ̃ me nugbagbeviwo tea wɔwɔ le fugboea me. Nugbagbevi siawo dzina ɖe edzi le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, ɣeaɖewoɣi la, wodzina dea akpe 250 le miniti ɖeka me! Ɣleti asieke megbe la, wodzia vidzĩe si si ahɔhɔ̃ si ŋu nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete wɔnuku aɖe le. James Watson si nye agbeŋusẽŋutinunyala yɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ be “nu si gɔmesese goglo wu ɖe sia ɖe si ŋu míeke ɖo le míaƒe xexe gbahoo sia katã me va se ɖe fifia.”

Ne èle ŋugble dem tso nu wɔnuku siawo tɔgbi ŋu la, ɖe wòwɔa nuku na wò abe ale si wònɔna le ame akpa gãtɔ gome enea? Ðe esia ŋu bubu kpe ɖe ŋuwò nèkpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia si ŋutsu aɖe fɔ ɖe te ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” Ŋutsu ma gblɔ na Mawu kakaɖedzitɔe be: “Àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.”—Hiob 14:14, 15.

Kakaɖedzitɔe la, anyo be míade ŋugble tso kpeɖodzi siwo ɖee fia be susu le eme be míaxɔe ase be ame kukuwo agava nɔ agbe ake la ŋu.—g08 09-E.