Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Siria—Eƒe Ŋutinya me Blemanu Dodzidzɔnamewo

Siria—Eƒe Ŋutinya me Blemanu Dodzidzɔnamewo

Siria​—Eƒe Ŋutinya me Blemanu Dodzidzɔnamewo

WOTSOE ɖe blemaxexea ƒe mɔdogoƒewo dometɔ ɖeka—afisi asihawo ƒe mɔ si tso Mediterranea yi China kple esi tso Egipte yi Anatolia do go le tsã. Akkad, Babilon, Egipte, Persia, Hela, kple Roma srafowo zɔ to anyigbaa dzi kpɔ. Ƒe alafa aɖewo megbe la, Turktɔwo kple Atitsogaʋawɔlawo zɔ to eme. Le egbeŋkekeawo me la, France kple Britain srafowo ʋlii.

Egbea la wogayɔa ŋkɔ si wonya na dukɔ sia ƒe akpe nanewo va yi la na eƒe nutoa ƒe akpa aɖe—Siria. Togbɔ be tɔtrɔ geɖewo yi edzi le teƒea hã la, míagate ŋu akpɔ nusiwo ɖoa ŋku eƒe ŋutinyawo dzi na ame. Siria nye dukɔ si me Biblia-nusrɔ̃viwo tsɔa ɖe le vevie, elabena ewɔ akpa vevi aɖe le Biblia ƒe ŋutinya me.

Damasko​—Blemadu Aɖe

Na míatsɔ Damasko (Damascus) si nye Siria ƒe fiadu awɔ kpɔɖeŋui. Woƒo nu tso eŋu be enye du xoxoawo dometɔ ɖeka le xexeame si me amewo le tso ɣeyiɣi si me wotsoe vaseɖe fifia. Esi Damasko le Siria kple Libanon togbɛwo te tututu, afisi Barada-tɔsisia to ta la, enye gbe mumu teƒe si yome amewo tina ƒe alafa geɖe le Siria-dzogbe gã la dzi. Anɔ eme be blemafofo Abraham to du sia me esime wòto anyiehe mɔ yi Kanaan. Eye wòkplɔ “Damaskotɔ” Eliezer yi eƒe aƒeme be wòanye subɔvi nɛ.—Mose I, 15:2.

Ƒe akpe ɖeka kloe megbe la, Siria-fia siwo tso Zoba wɔ aʋa kple Israel-fia gbãtɔ, Saul. (Samuel I, 14:47) Israel-fia evelia, Dawid hã wɔ aʋa kple Aram-fiawo (si nye Siria ŋkɔ le Hebrigbe me), heɖu wo dzi eye “Dawid ɖe amewo ɖo Aram ƒe Damasko.” (Samuel II, 8:3-8) Esia na adikã ɖo Israel kple Siria dome ɣeyiɣi didi aɖe.—Fiawo I, 11:23-25.

Kaka ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ naɖo la, edze abe fuléle si nɔ Siriatɔwo kple Yudatɔwo dome nu tso ene. Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe geɖe gɔ̃ hã nɔ Damasko ɣemaɣi. Àɖo ŋku edzi be Saul (amesi va zu Paulo) si tso Taso zɔ tso Yerusalem yina ɖe Damasko esi wotrɔe wòzu Kristotɔ.—Dɔwɔwɔwo 9:1-8.

Abraham ƒe Damasko toto alo Dawid ƒe Damasko dzi ɖuɖu ƒe dzesi aɖeke medze le egbegbe ƒe Damasko o. Gake Roma-du

xoxoa ƒe gli gbagbãwo kpakple mɔ gã si to du xoxoa me, si nye Roma mɔ xoxo si to Recta (Ablɔ Dzɔdzɔe) la gali. Aƒe aɖe si le mɔ sia dzi mee Anania do go Saul le le eƒe Kristotɔ zuzu esime wòtrɔ dzime nukutɔe megbe le Damasko godo. (Dɔwɔwɔwo 9:10-19) Togbɔ be mɔa to vovo kura egbea tso alesi wònɔ le Romatɔwo ƒe ɣeyiɣia me hã la, afisiae apostolo Paulo dze eƒe dɔ tɔxɛa gɔme le. Ablɔ Dzɔdzɔea wu enu ɖe Roma Bab-Sharqi gbo la nu. Dua ƒe gli, siwo dzi wotu xɔwo ɖo la na míese alesi Paulo te ŋu si to ʋɔtru vi nu to glia dzi esi woɖiɖii ɖe anyi le kusi me la gɔme.—Dɔwɔwɔwo 9:23-25; Korintotɔwo II, 11:32, 33.

Palmyra​—Gbe Mumu Teƒe Ðedzesi aɖe le Dzogbe

Ne míenɔ ʋu me tso Damasko heɖo ta dzieheɣedzeƒe gaƒoƒo etɔ̃ lɔƒo megbe la, míaɖo dudo aɖe me: Palmyra, si woyɔ be Tadmor le Biblia me. (Kronika II, 8:4) Gbe mumu teƒe sia si le Mediterranea-ƒua kple Frat-tɔsisia dome la kpɔa tsi tsoa tsi aɖe si tsa tso dziehe towo tame. Blemasitsahawo ƒe mɔ si le Mesopotamia kple anyigba siwo le ɣetoɖoƒe dome la to Anyigba Gobaa Wɔnua me va do ɖe Palmyra ƒe dziehe ke ɖaa. Ke hã dunyahehe siwo nɔ edzi yim le dziehe le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me na be mɔ kpui si le anyiehe lɔƒo toto dzɔa dzi na amewo. Esia wɔe be Palmyra kpɔ dzidzedze geɖe le ɣeyiɣi siawo me.

Esi Palmyra nye avuléƒe na Roma-fiaɖuƒea le eƒe ɣedzeƒe liƒo dzi ta la, wotsɔe kpe ɖe Siria-nuto si nɔ Roma te ŋu, gake wova na wòzu du nɔɖokuisi emegbe. Wotu gbedoxɔ gãwo, mè kpe gobaa gãwo, wɔ tsileƒewo, hetu fefewɔƒewo ɖe fli me ɖe mɔ si to wotu sɔti gãwo ɖo la dzi va yi. Wode aŋɔ afɔtoƒe siwo tame wogba le mɔa ƒe axawo dzi be woanya to na afɔzɔlawo, gake womede aŋɔ mɔ gãa ŋutɔ dzi o be edzi nanya to na mɔzɔha siwo kplɔa kposɔwo toa wo dzii. Asiha siwo zɔa mɔ siwo le China kple India le Ɣedzeƒe gome kpakple Hela kple Roma le Ɣetoɖoƒe gome la tɔna ɖe Palmyra. Afimae wozia wo dzi le be woaxe adzɔ ɖe seda, nuɖuɖuvivinuwo kple adzɔnu bubu siwo wotsɔna va yinae la ta.

Amesiwo anɔ 200,000 lɔƒo ye nɔ Palmyra esime nuwo nɔ edzi dzem le du ma me le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me. Ɣeyiɣi sia mee eƒe Fianyɔnu Zenobia si nɔ ŋkɔxɔxɔ dim la wɔ aʋa kple Roma eye woɖu edzi le ƒe 272 M.Ŋ. me. Aleae Zenobia na nyagblɔɖila Daniel ƒe nyagblɔɖinya si wòŋlɔ ƒe 800 do ŋgɔ la ƒe akpa aɖe va eme le eƒe manyamanya me. * (Daniel, ta 11) Esi woɖu Zenobia dzi megbe la, Palmyra gakpɔtɔ nɔ anyi ɣeyiɣi aɖe henye asrafowo nɔƒe na Roma-fiaɖuƒea, gake ŋusẽ kple gãnyenye si nɔ eŋu tsã la megasu esi o.

Míɖo Ta Frat-tɔsisia Gbɔ

Ne míeku ʋu to dzieheɣedzeƒe heto dzogbe dzi gaƒoƒo etɔ̃ megbe la, míaɖo du si nye Dayr az Zawr, si nye afisi woate ŋu akpɔ Frat-tɔsisi gã la le. Blematɔsisi sia dzɔ tso ɣedzeƒe Anatolia towo dzi (Turkey le Asia), heto Siria le Karkemis (Carchemish) ƒe dziehe gome, eye wòtsa to anyieheɣedzeƒe gome to Siria ge ɖe Iraq. Tso le Iraq ƒe liƒo dzi yi vie la míakpɔ Siria ƒe blemadu eve ƒe glikpowo le afima.

Ne míezɔ kilometa 100 yi anyieheɣedzeƒe gome le afisi Frat-tɔsisi xa le la, míakpɔ blemadu sesẽ Dura-Europos. Ne míegazɔ kilometa 25 yi anyieheɣedzeƒe la, míakpɔ afisi Mari nɔ. Enye du kpɔdzidzedze aɖe tsã, si Babilon-fia Hammurabi va tsrɔ̃ le ƒe alafa 18 D.M.Ŋ. me. Wokpɔ anyikpe 15,000 ya teti si dzi woŋlɔ nu ɖo le eƒe fiasã me nudzraɖoƒe—siwo nye nuŋlɔɖi siwo na wova nya nu tso eƒe ŋutinya geɖewo ŋu.

Esi Hammurabi ƒe asrafohawo tsrɔ̃ dua la, wogbã gli kɔkɔawo hã, eye gli gbagbãwo kple ke tsyɔ xɔ siwo le ete la dzi. Esia kpɔ eƒe gliŋunutatawo, nukpakpɛwo, zewo, kple asinudɔwɔwɔ gbogbo aɖewo ta ʋuu vaseɖe esime Franse tomenukula aɖewo va ke ɖe teƒea ŋu le ƒe 1933 me. Woate ŋu akpɔ nusiawo le Damasko kple Aleppo blemanudzraɖoƒewo kpakple esi le Louvre le Paris hã.

Blemadu Siwo Le Siria Dzieheɣetoɖoƒe

Ne míezɔ Frat-tɔsisia ŋu ɖo ta eƒe dzieheɣetoɖoƒe la míava ɖo Aleppo (Haleb). Abe Damasko ene la, Aleppo hã nye du siwo me amewo gale le xexeame vaseɖe egbea dometɔ ɖeka. Aleppo ƒe asiɖiƒewo nye teƒe dzeaniwo dometɔ ɖeka le Titina Ɣedzeƒe.

Le Aleppo ƒe anyiehe tututu la àkpɔ Tell Mardikh, afisi blemadukɔ Ebla nɔ. Ebla nye asitsadu sesẽ aɖe si xɔ Siria ƒe dziehe katã le ƒe 2600 va ɖo 2240 D.M.Ŋ. me lɔƒo. Tomenukuku le afima na woke ɖe gbedoxɔ si wotu na Babilontɔwo ƒe mawunɔ Ishtar ŋu. Nusi hã ŋu woagake ɖo enye fiasã aɖe si ƒe blemanuwo dzraɖoƒe wokpɔ anyikpe 17,000 kple edzivɔ le. Woate ŋu akpɔ asinudɔwɔwɔ si wofɔ le Ebla le Idlib ƒe blemanudzraɖoƒe, si nye du sue aɖe si didi kilometa 25 tso egbɔ.

Le Damasko-mɔa ƒe anyiehe gome la àkpɔ Hama, si nye Xamat le Biblia me. (Mose IV, 13:21) Orontes-tɔsisia xa to Hama, eye wòwɔe wònye Siria-du dzeaniawo dometɔ ɖeka. Emegbe àkpɔ Ras Shamra, si nye afisi blemadu Ugarit nɔ. Le ƒe akpe etɔ̃ kple ƒe akpe eve D.M.Ŋ. me la, Ugarit nye melidzeƒe si asitsatsa yia edzi le ŋutɔ eye eme nɔlawo ƒo wo ɖokui ɖe Baal kple Dagon subɔsubɔ me vevie. Tso ƒe 1929 me la, Franse tomenukulawo ke ɖe anyikpe kple gadzẽ geɖe si dzi woŋlɔ nu ɖo siwo ɖe Baal subɔsubɔ ƒe nɔnɔme ɖigbɔwo fia. Esia kpe ɖe mía ŋu míese susu siwo ta Mawu gblɔ be woatsrɔ̃ Kanaantɔ Baal subɔlawo ɖa la gɔme nyuie.—Mose V, 7:1-4.

Ẽ, le egbegbe Siria la woagate ŋu akpɔ nusiwo lɔ eƒe ŋutinya dodzidzɔnamewo ɖe eme.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Kpɔ nyati si nye “Siria Dzogbe ƒe Aƒenɔ Ðayibɔtɔ La,” January 15, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ, Yehowa Ðasefowoe tae.

[Anyigbatata si le axa 28, 29]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

MEDITERRANEA ƑU

‐‐ Liƒo siwo ŋu woʋli nya le

EGIPTE

ISRAEL

YORDAN

LIBANON

SIRIA

DAMASKO

Barada

Orontes

Hama (Xamat)

Ugarit (Ras Shamra)

Ebla (Tell Mardikh)

Aleppo (Haleb)

Karkemis (Jerablus)

Frat-tɔsisi

Zenobia

Dayr az Zawr

Dura-Europos

Mari

Palmyra (Tadmor)

IRAQ

TURKEY

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Damasko (le ete) kple Ablɔ Dzɔdzɔe (le etame)

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Xɔ nogowo

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ugarit

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Hama

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mari

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Aleppo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Jean-Leo Dugast/Panos Pictures

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Fiasã, Ebla

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Alẽkplɔlawo le Zenobia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Palmyra

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Frat-tɔsisi le Dura-Europos

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

Children: © Jean-Leo Dugast/Panos Pictures; beehive homes: © Nik Wheeler