2 Kronika 8:1-18

  • Xɔ bubu siwo Salomo tu (1-11)

  • Ðoɖo si nu wosubɔna ɖo le gbedoxɔa me (12-16)

  • Salomo ƒe tɔdziʋuwo (17, 18)

8  Le ƒe blaeve siwo Salomo tsɔ tu Yehowa ƒe xɔ kple eya ŋutɔ ƒe xɔ*+ la ƒe nuwuwu la, 2  Salomo gbugbɔ du siwo Hiram+ tsɔ nɛ la tso, eye wòna Israel-viwo va nɔ afi ma. 3  Azɔ hã, Salomo ho yi ɖaxɔ Hamat-Zoba. 4  Eye wòkeke* Tadmor si le gbedzi kple nudzraɖoƒedu+ siwo katã wòtso ɖe Hamat+ tsã la ɖe enu. 5  Ekeke Dzigbe Bet-Horon+ kple Anyigbe Bet-Horon,+ siwo nye du sesẽ siwo ŋu gli, agbo kple gameti le, 6  kple Baalat+ kpakple Salomo ƒe nudzraɖoƒeduwo katã, tasiaɖamduwo+ katã kple sɔdolawo ƒe duwo hekpe ɖe nu siwo dzro Salomo wòdi be yeatu ɖe Yerusalem kple Lebanon kpakple anyigba blibo si dzi wòɖu la dzi la ɖe enu. 7  Ke ame siwo katã kpɔtɔ le Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo+ dome, siwo menye Israel-viwo+ o la, 8  ƒe dzidzimevi siwo kpɔtɔ ɖe anyigbaa dzi, siwo Israel-viwo metsrɔ̃ o+ la, Salomo na wowɔ kluvidɔ va se ɖe egbe sia.+ 9  Ke Salomo mewɔ Israel-vi aɖeke kluvii le eƒe dɔ la wɔwɔ me o,+ elabena woawoe nye aʋawɔlawo kple eƒe asrafomegãwo ƒe tatɔwo kpakple eƒe tasiaɖamdolawo kple eƒe sɔdolawo ƒe tatɔwo.+ 10  Dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃ ye le Fia Salomo si, eye woawoe le dɔa wɔlawo nu.+ 11  Salomo kplɔ Farao vinyɔnu+ la tso David Ƒe Du la me va xɔ si wòtu nɛ la me,+ elabena egblɔ be: “Togbɔ be srɔ̃nyee wònye hã la, mele be wòanɔ Israel-fia David ƒe aƒe la me o, elabena teƒe siwo Yehowa ƒe Aɖaka la va la, le kɔkɔe.”+ 12  Ɣemaɣie Salomo sa numevɔwo+ na Yehowa ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui+ si wòɖi ɖe akpata+ la ŋgɔ la dzi. 13  Esa vɔa le gbe sia gbe ƒe ɖoɖo si Mose ƒe se la bia ku ɖe Sabatwo,+ dzinu yeyewo+ kple ŋkekenyui ɖoɖi siwo woɖuna zi etɔ̃ le ƒea me+ ŋu la nu, le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui,+ Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui+ kple Agbadɔŋkekenyui+ la dzi. 14  Azɔ hã, eɖo nunɔlawo ƒe hatsotsowo+ woƒe dɔwo nu abe ale si fofoa David ɖoe ene, eɖo Lewi viwo woƒe dɔwo wɔƒe be woakafu+ Mawu eye woasubɔ le nunɔlawo ŋkume le gbe sia gbe ƒe ɖoɖo la nu, eye wòɖo agbonudzɔlawo ɖe agbo vovovoawo nu+ le woƒe hatsotsowo me, elabena alea Mawu vavã la ƒe ame David de see. 15  Wometrɔ ɖa le fia la ƒe se si wòde na nunɔlawo kple Lewi viwo le nya sia nya kple nudzraɖoƒeawo ŋu la ŋuti o. 16  Wowɔ ɖoɖo ɖe Salomo ƒe dɔ blibo la ŋu nyuie tso gbe si gbe woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi+ va se ɖe gbe si gbe wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe xɔ la nu keŋkeŋ.+ 17  Ɣemaɣie Salomo yi Ezion-Geber+ kple Elot+ le atsiaƒu la nu le Edom-nyigba dzi.+ 18  Eye Hiram+ tsɔ tɔdziʋuwo de eƒe subɔviwo si ɖo ɖee. Ame siawo kpe ɖe Salomo ƒe subɔviwo ŋu yi Ofir+ ɖatsɔ sika+ talento* alafa ene blaatɔ̃ vɛ na Fia Salomo.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “fiasã.”
Alo, “wògbugbɔ tso.”
Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.