Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ŋutasẽnuwɔwɔ Vɔ̃ɖi Aɖe”

“Ŋutasẽnuwɔwɔ Vɔ̃ɖi Aɖe”

 “Ŋutasẽnuwɔwɔ Vɔ̃ɖi Aɖe”

MARIA * zu ɖevi wɔgbolo esi woxɔ ƒe 14. Ete agbe vloe sia nɔnɔ esi dada ƒonɛ ɖe enu be edze tugbe, eye be ŋutsuwo alɔ̃e ŋutɔ ta. Egblɔna kpe ɖe eŋu hã be akpɔ ga geɖe tso eme. Le fiẽsiwo la dada kplɔnɛ yia amedzrodzeƒe aɖe afisi wodoa go ŋutsuwo le. Dadaa nɔa teƒe aɖe si tsɔ ɖe afima nɔa gaa xɔm. Zã ɖesiaɖe la, Maria dɔna kple ŋutsu etɔ̃ alo ene.

Tso le Maria ƒe aƒe gbɔ yi vie koe Carina ƒe 13 vi, si hã dzi wozi be wòawɔ gbolo la le. Abe alesi ƒome bubu siwo nye foŋfoŋgbledela siwo le woƒe nutoa me wɔna ene la, Carina ƒe ƒomea ɖonɛ ɖe gbolowɔƒe be woakpɔ ga bubu aɖe akpe ɖe ga sue si wokpɔna tso foŋfoŋgbledede me ŋu. Le nuto bubu me la, Estela nye amesi dzudzɔ sukudede esi wògakpɔtɔ nye ɖevi sue, eye menya nuŋɔŋlɔ kple nuxexlẽ gɔ̃ hã o va zu gbolo si nɔa ablɔ dzi. Eye ƒe ade lɔƒo koe Daisy xɔ esi efoawo dometɔ ɖeka dɔ egbɔ sesẽe—emae nye agbegbegblẽnɔnɔ gbãtɔ si ƒometɔ aɖe nɔ ɖe eŋu. Eva zu gbolo esime wòxɔ ƒe 14.

 Le xexeame ƒe akpa geɖewo la, ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ nye ŋɔdzinu si le edzi yim ŋutɔŋutɔ. Emetsonuwo wɔ nublanui ŋutɔ. Zi geɖe la, ɖevi wɔgbolowo, eɖanye esiwo wɔnɛ ɣeaɖewoɣi ko alo ɣeawokatãɣi o, va zua nuvlowɔlawo kple atikevɔ̃ɖizãlawo. Dzi ɖena le wo dometɔ geɖewo ƒo eye wosenɛ le wo ɖokui me be yewomeɖi naneke o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke meganɔa wo si be yewoava do le yewoƒe nɔnɔme wɔnublanuia me o.

Ameŋkuta aɖewo de dzesi nusiwo ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ gblẽna le ame ŋu. Brazil Dukplɔla tsãtɔ Fernando Henrique Cardoso gblɔe wòsɔ be: “Ðeviwo ƒe gbolowɔwɔ nye ŋutasẽnuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe.” Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia ku ɖe ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ ŋu be: “Dukɔ siwo me nuwɔna sia bɔ ɖo, eye woɖea mɔ ɖe eŋu hedaa asi ɖe edzi, eye wowɔnɛ le ga si wokpɔna le eme ta la kpɔa emetsonu gbegblẽwo teƒe gbesiagbe. Afɔku si dzɔna ɖe amea, ƒomea alo nuto si me wole dzi le nusia wɔwɔ ta la nana wogblẽa ga ɖesiaɖe si wokpɔna tsoa eme godoo.”

Togbɔ be wole agbagba dzem be woatɔ te ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ hã la, kuxia gale dzidzim ɖe edzi kokoko. Nukawoe hea nɔnɔme dziŋɔ sia vɛ? Nukatae ame geɖewo zia kpi ɖe ŋutasẽnuwɔna sia dzi alo doa alɔe gɔ̃ hã?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo le nyati siawo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

“Ðeviwo ƒe gbolowɔwɔ nye ŋutasẽnuwɔwɔ vɔ̃ɖi aɖe.”—BRAZIL DUKPLƆLA TSÃTƆ FERNANDO HENRIQUE CARDOSO

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Gbɔdɔdɔ ƒe ŋutasẽnuwɔna ɖesiaɖe doa vlo amegbetɔ, eɖanye ƒe ka kee amea xɔ o, ŋutsu alo nyɔnue o, ŋutigbalẽ ka ƒomevie le eŋu o, gbe ka dola wòɖanye o alo ameka ƒomevie wònye o la tsia tre ɖe amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi veviwo ŋu.”—UNESCO SOURCES