1 Samuel 14:1-52

  • Yonatan yi ɖawɔ aʋa le Mikmas (1-14)

  • Mawu ɖu Israel ƒe futɔwo dzi (15-23)

  • Saul tsi dzi ka atam (24-46)

    • Ameawo ɖu lã kple ʋu (32-34)

  • Saul ƒe aʋawɔwɔwo; eƒe ƒomea (47-52)

14  Gbe ɖeka Saul viŋutsu Yonatan+ gblɔ na eƒe adekplɔvi la be: “Va míayi Filistitɔwo ƒe dzɔla siwo le go kemɛ dzi la gbɔ.” Ke megblɔe na fofoa o. 2  Eye Saul nɔ yevuboɖati si le Migron la te le Gibea+ gbɔto, eye ŋutsu siwo le eŋu la anɔ alafa ade.+ 3  (Eye Ahiya, si nye Ahitub+ vi, Ikabod+ nɔvi, Finehas+ vi, Eli+ vi, ame si nye Yehowa ƒe nunɔla le Silo,+ sie kɔmewu+ la le.) Gake ameawo menya be Yonatan dzo o. 4  Ke agakpe si le abe aɖu ene la le mɔ si Yonatan di be yeato aɖo Filistitɔwo ƒe dzɔlawo gbɔ la ƒe akpa evea; ɖeka ŋkɔe nye Bozez, eye evelia ŋkɔe nye Sene. 5  Agakpeawo dometɔ ɖeka le abe sɔti ene le dziehekpa dzi dze ŋgɔ Mikmas, eye evelia le anyiehekpa dzi dze ŋgɔ Geba.+ 6  Eye Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi la be: “Va míayi go kemɛ dzi le dzɔla aʋamatsomatsotɔ siawo gbɔ.+ Ðewohĩ Yehowa axɔ na mí, elabena naneke mexea mɔ na Yehowa, be wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋɛ axɔ na ame o.”+ 7  Eye eƒe adekplɔvi la gblɔ nɛ be: “Wɔ nu sia nu si le wò dzi me. Trɔ ɖe afi si nèlɔ̃ eye manɔ yowòme ayi afi sia afi si nèdi.” 8  Eye Yonatan gblɔ be: “ Míayi ɖe ameawo gbɔ le go kemɛ dzi, eye míana woakpɔ mí. 9  Ne wogblɔ na mí be: ‘Mitɔ, va se ɖe esime míava mia gbɔ!’ la, ekema míatɔ ɖe afi si míele, eye míayi wo gbɔ o. 10  Ke ne wogblɔ na mí be: ‘Miva kpe kpli mí!’ la, ekema míayi, elabena Yehowa atsɔ wo ade asi na mí. Esiae anye dzesi na mí.”+ 11  Azɔ wo ame evea na Filistitɔwo ƒe dzɔlawo kpɔ wo. Eye Filistitɔwo gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Hebritɔwoe nye esi do tso do siwo me wobe ɖo la me.”+ 12  Ke ŋutsu siwo woɖo dzɔlawoe la gblɔ na Yonatan kple eƒe adekplɔvi la be: “Miva kpe kpli mí, ne míafia nane mi!”+ Enumake Yonatan gblɔ na eƒe adekplɔvi la be: “Dze yonyeme, elabena Yehowa atsɔ wo ade asi na Israel.”+ 13  Eye Yonatan ta asi kple afɔ, eye eƒe adekplɔvi la le eyome; Yonatan le wo ƒom ƒu anyi, eye eƒe adekplɔvi la le wo wum le eyome. 14  Ame siwo Yonatan kple eƒe adekplɔvi wu gbã la anɔ ame blaeve, eye teƒea anɔ abe agbleka afã ƒe didime ene.* 15  Eye ŋɔdzi lé Filistitɔ siwo le asaɖa la me le gbea dzi kple dzɔlawo katã, dzidzi ƒo nuhalawo+ gɔ̃ hã. Anyigba nɔ ʋuʋum eye ŋɔdzi tso Mawu gbɔ lé wo. 16  Eye Saul ƒe gbetakpɔla siwo le Gibea+ si nye Benyamin viwo ƒe dua me la kpɔ be zi tɔ le afi sia afi!+ 17  Saul gblɔ na ame siwo le eŋu la be: “Mixlẽ ameawo, ne míakpɔ ame si dzo le mía dome.” Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔ be Yonatan kple eƒe adekplɔvi la meli o. 18  Eye Saul gblɔ na Ahiya+ be: “Tsɔ Mawu vavã la ƒe Aɖaka la vɛ!” (Elabena Mawu vavã la ƒe Aɖaka la le Israel-viwo gbɔ ɣemaɣi.*) 19  Eye esi Saul le nu ƒom na nunɔlaa la, zitɔtɔ la ganɔ sesẽm ɖe edzi le Filistitɔwo ƒe asaɖaa me. Eya ta Saul gblɔ na nunɔla la be: “Nenɔ anyi ko.”* 20  Eye Saul kple ame siwo katã le eŋu la ƒo ƒu eye woyi aʋa la nu, eye wokpɔ be Filistitɔawo dome ame sia ame trɔ yi ɖe ehavi ŋu; eye Filistitɔawo tɔtɔ ale gbegbe. 21  Eye Hebritɔ siwo nɔ Filistitɔwo ƒe akpa dzi tsã, siwo ho kpli wo ɖaƒu asaɖa anyi la gɔ̃ hã va de Israel-vi siwo le Saul kple Yonatan ŋu la dzi. 22  Israel ŋutsu siwo katã be+ ɖe Efrayim tonutoa me hã se be Filistitɔwo si, eye woawo hã do go va ti wo yome le aʋa la nu. 23  Ale Yehowa ɖe Israel gbe ma gbe,+ eye aʋa la de Bet-Aven+ ke. 24  Ke ɖeɖi te Israel ŋutsuwo ŋu gbe ma gbe, elabena Saul ka atam gblɔ na ameawo be: “Ne ame aɖe aɖu nu hafi fiẽ naɖo, esime nyemebia hlɔ̃ nye futɔwo vɔ haɖe o la, aɖi amea ŋu kpékpekpe!” Eya ta ameawo dometɔ aɖeke mede naneke nu me o.+ 25  Eye ameawo* katã va ɖo ave me, eye wokpɔ anyitsi le afi ma. 26  Esi wova ɖo avea me la, kpɔ ɖa, anyitsie nye ema le tsyɔtsyɔm, ke ame aɖeke mede ɖeke nu me o, elabena wovɔ̃ atamkaka la. 27  Ke Yonatan ya mesee be ye fofo ka atam na ameawo o,+ eya ta edo atikplɔ si le esi la ɖa tɔ anyiɖaɖa la me. Esi wòdee nu me la, eƒe mo kɔ. 28  Eye ameawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Fofowò ka atam gblɔ na ameawo be: ‘Aɖi ame si aɖu nu egbea ŋu!’+ Esia tae ɖeɖi te ameawo ŋu vevie ɖo.” 29  Ke Yonatan gblɔ be: “Fofonye he vɔ̃ gã aɖe va anyigba la dzi. Mikpɔ ale si nye mo kɔ esi mede anyitsi vi sia nu mee ɖa. 30  Ne ɖe ameawo ɖu+ woƒe futɔwo ƒe aboyonu siwo wokpɔ la ƒe ɖe egbea la, anye ne míesi wo wu alea hafi! Elabena Filistitɔ siwo míewu la mesɔ gbɔ o.” 31  Gbe ma gbe la, wosi Filistitɔwo tso Mikmas va se ɖe Aiyalon,+ eye ɖeɖi te dukɔ la ŋu belibeli. 32  Eye aʋakɔ la dze aboyonuawo dzi ŋukeklẽtɔe, wolé alẽwo, nyiwo kple nyiviwo hewu wo kɔ ɖe anyigba, eye woɖu lãa kple ʋua siaa.+ 33  Eye wova gblɔe na Saul be: “Kpɔ ɖa! Dukɔ la le nu vɔ̃ wɔm ɖe Yehowa ŋu, elabena wole lã kple ʋu ɖum.”+ Eye wògblɔ be: “Miewɔ nuteƒe o. Mimli kpe gã aɖe vɛ nam gbã gbɔ.” 34  Eye Saul gblɔ be: “Mikaka ɖe ameawo dome miagblɔ na wo be: ‘Mia dometɔ ɖe sia ɖe nekplɔ eƒe nyi alo alẽ va gbɔnye, ne miawu wo le teƒe sia ahaɖu. Migawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu aɖu lã kple ʋu o.’”+ Ale ameawo dometɔ ɖe sia ɖe kplɔ eƒe nyitsu vɛ zã ma me, eye wowui le afi ma. 35  Eye Saul ɖi vɔsamlekpui na Yehowa.+ Esiae nye vɔsamlekpui gbãtɔ si wòɖi na Yehowa. 36  Emegbe Saul gblɔ be: “Mina míayi Filistitɔwo gbɔ le zã me, eye míaha wo va se ɖe esime ŋu ke. Míasusɔ wo dometɔ ɖeka pɛ hã ɖi o.” Woɖo eŋu be: “Nu sia nu si nyo ŋuwò la, wɔe.” Eye nunɔla la gblɔ be: “Mina míate ɖe Mawu vavã la ŋu le afi sia.”+ 37  Eye Saul bia gbe Mawu be: “Maho adze Filistitɔwo yomea?+ Àtsɔ wo ade asi na Israel mahã?” Ke Mawu meɖo eŋu nɛ gbe ma gbe o. 38  Eya ta Saul gblɔ be: “Mi dukɔ la ƒe tatɔwo katã, mite va afii, eye miku eme miakpɔ be nu vɔ̃ kae ame aɖe wɔ egbea hã. 39  Elabena zi ale si Yehowa, Israel Ðela, le agbe la, ne vinye Yonatan ye hã la, ku kee wòaku.” Ke ame aɖeke meɖo eŋu nɛ o. 40  Eye wògblɔ na Israel blibo la be: “Mianɔ akpa ɖeka, eye nye kple vinye Yonatan hã míanɔ akpa ɖeka.” Eye ameawo gblɔ na Saul be: “Nu si nyo ŋuwò la, wɔe.” 41  Eye Saul gblɔ na Yehowa be: “Oo, Israel ƒe Mawu, na nyateƒea nadze to Tumim+ dzi!” Eye wòlé Yonatan kple Saul, ke dukɔ la do le eme. 42  Eye Saul gblɔ be: “Midzidze nu,+ ne miatso nya me le nye kple vinye Yonatan dome.” Eye nudzidze la dze Yonatan dzi. 43  Eye Saul bia Yonatan be: “Gblɔe nam, nu kae nèwɔ?” Eya ta Yonatan ɖo eŋu nɛ be: “Metsɔ atikplɔ si le asinye la tɔ anyitsi me de nu me.+ Nyee nye esi! Maku faa!” 44  Eye Saul gblɔ be: “Yonatan, Mawu nefiam, ne wòagafiam ɖe edzi, ne mèku o fĩ!”+ 45  Ke ameawo bia Saul be: “Yonatan, ame si he dziɖuɖu gã*+ sia vɛ na Israel la nakua? Gbeɖe! Zi ale si Yehowa le agbe la, eƒe taɖa ɖeka hɔ̃ hã mage ɖe anyigba o, elabena Mawue kpe ɖe eŋu wòwɔ dɔ sia egbea.”+ Ale dukɔ la xɔ Yonatan ɖe agbe, be meku o. 46  Eya ta Saul gbugbɔ le Filistitɔwo yome, eye Filistitɔwo yi wo nɔƒe. 47  Eye Saul ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi li ke, eye wòwɔ aʋa kple eƒe futɔ siwo nye Moabtɔwo,+ Amonitɔwo,+ Edomtɔwo,+ Zoba-fiawo+ kple Filistitɔwo+ godoo va kpe; eye afi sia afi si wòtrɔ ɖo la, eɖua wo dzi. 48  Ewɔ kalẽ, eye wòsi Amalektɔwo+ heɖe Israel tso ame siwo da adzo wo la si me. 49  Saul viŋutsuwoe nye Yonatan, Yiswi kple Malki-Sua.+ Eye vinyɔnuvi eve nɔ esi; tsitsitɔ ŋkɔe nye Merab,+ eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Mikal.+ 50  Saul srɔ̃ ŋkɔe nye Ahinoam, Ahimaaz vinyɔnu. Eƒe aʋafia ŋkɔe nye Abner,+ Ner vi, ame si nye Saul fofo nɔvi. 51  Saul fofoe nye Kis,+ eye Abner fofo Ner+ nye Abiel vi. 52  Saul wɔ aʋa kple Filistitɔwo vevie le eƒe agbenɔɣi katã.+ Ne Saul kpɔ ŋutsu sesẽ alo kalẽtɔ aɖe ko la, ekplɔnɛ dea eƒe aʋawɔlawo dome.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, agble ƒe kekeme si nyi eve aŋlɔ le ŋkeke ɖeka me.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “gbe ma gbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ðe asi ko.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “anyigba la.”
Alo, “ame si he xɔxɔ gã.”