Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afrika Dugã aɖe si me Ɣedzeƒe Kple Ɣetoɖoƒe Do Go Le

Afrika Dugã aɖe si me Ɣedzeƒe Kple Ɣetoɖoƒe Do Go Le

Afrika Dugã aɖe si me Ɣedzeƒe Kple Ɣetoɖoƒe Do Go Le

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

NUKPƆKPƆ dzeani kae wònye be woazɔ Durban blɔ dzi! Àkpɔ be ame geɖe doa awu abe Ɣetoɖoƒetɔwo ene, vevietɔ sɔhɛwo. Gake kpɔ Zulu nyɔnu tsitsiwo hã ƒe awudodo siwo nye awuʋlaya kple taku siwo woɖo atsyɔ̃ na kple amadede vovovo si woblana hã ɖa. India nyɔnuwo hã doa awu si nye sari alo Punjabitɔwo ƒe awu kpakple atalegbe. Esi nèle tetem ɖe ƒuta ŋu la, àkpɔ Zulu ŋutsu siwo le nudodo dzeani me le keke tem. Nyateƒee, Durban nye Afrika dugã ɖedzesi aɖe si me Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe tɔwo do go le vavã. Nukae nye dugã sia si ƒe nu doa dzidzɔ na ame ƒe ŋutinya?

Wotso South Africa dugã si nye Durban mede ƒe alafa eve haɖe o. Europa dukɔ siwo nye dutanyigbaxɔla siwo anɔ 40 va tsi dua me tso ƒe 1824 me. Le ɣemaɣi me la, Zulutɔwo ƒe aʋafia sẽŋu Shaka si nye woƒe aʋawɔlae nɔ woƒe fiaɖuƒe sẽŋu si nɔ Durban ƒe dzigbe gome la dzi ɖum. Ƒe blaeve megbe la, Britaintɔwo ƒo Durban kple nuto siwo ƒo xlãe nu ƒu ɖekae. Zulutɔwo kple woƒe dutanyigbaxɔla yeyeawo wɔ aʋa geɖe le ƒe alafa 19 lia me.

Ɣemaɣi la, Eŋlisi yevu siwo nɔ afima kpɔe be foŋfoŋ nyona le ƒuta nutowo me. Wowɔ ɖoɖo ɖakplɔ apadɔwɔlawo tso India si hã nye dutanyigba si dzi ɖum Britain nɔ la be woava wɔ dɔ le yewoƒe foŋfoŋgble gãwo me na yewo. Le ƒe 1860 kple 1911 dome la, Indiatɔ siwo wu 150,000 ye va Durban. Esia wɔe be egbea la, amesiwo le Durban dugã la ŋutɔŋutɔ me sɔ gbɔ wu miliɔn etɔ̃, siwo nye amesiwo tso xexeame ƒe akpa vovovo—Zulu vidzidzi akuakuawo, Asiatɔ siwo tso India, kple Britaintɔ kpakple ɣetoɖoƒe Europatɔwo.

Nu dodzidzɔname bubu aɖewo hã le dugã la me. Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetata si kpe ɖe eŋu mee ene la, teƒe si sɔ le dzɔdzɔme na melidzeƒe ɖoɖo ɖee, afisi anyigba legbe aɖe si India-ƒugã la ƒe ƒutsotsoewo ƒe tsi mevana o. Anyigba dzeani sia kɔkɔ wu kilometa 90 eye atiwo xɔ edzi keŋ. Tɔdziʋu gã geɖe va dzena ɖe melidzeƒe sia gbesiagbe. Agbalẽ si nye Discovery Guide to Southern Africa ɖe nu me be Durban ye nye “melidzeƒe gãtɔ si mevona o wu le Afrika, eye eyae nye asiekelia le xexeame godoo.” Durban ƒe ƒuta dzeaniwo dzɔa dzi na amesiwo le mɔkeke ɖum eye wolɔ̃a eƒe tsi xɔdzoawo lele. Teƒe kekewo li siwo dzi woanɔ aɖe modzaka, eye tsiƒulawo ate ŋu aɖe dzi ɖi le afisi wotsɔ agblolui ƒe ɖɔ tɔ kpɔ ɖo nyuie hekpɔa eta la me.

Nu bubu hã li si ta du sia ƒe nu nyoa amesiwo kpɔa dzidzɔ ɖe Biblia ŋu la ŋu. Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi ɖo woƒe alɔdzedɔwɔƒe ɖe afisia le ƒe 1910 me. Eye le April 1914 me la, wowɔ Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe gbãtɔ si wowɔ le Afrika le Durban. Amesiwo anɔ 50 ye de, wo dometɔ aɖewo tso teƒe siwo didi ŋutɔ le South Africa. Subɔla yeye 16 ye xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ɖedzesi ma me. Amesiwo de dometɔ geɖe nye Kristotɔ amesiamina siwo wɔ nuteƒe vaseɖe woƒe ku me. Amesiawo dometɔ aɖe enye William W. Johnston, si nye ame gbãtɔ si kpɔ alɔdzedɔwɔƒe dzi le Afrika.

Yehowa Ðasefowo wɔ takpekpe bubu geɖe le Durban tso ƒe 1914 me. Le December 2000 me la, ame 14,848 de “Mawu ƒe Nya Dzi Wɔlawo” ƒe takpekpe eve siwo wowɔ le dugã ma me, eye ame yeye 278 xɔ nyɔnyrɔ. Bu ƒome gbogbo siwo tso India dometɔ ɖeka ŋu kpɔ. Ƒe ewo siwo va yi la, wo fofo Alan se Biblia ƒe nyateƒea to vianyɔnuvi Somashini dzi. Alan dzudzɔ ahatsunono koe enye ma eye wònɔ tameɖoɖo si le agbe ŋu dim. Somashini si xɔ ƒe etɔ̃ ɣemaɣi tsɔ agbalẽ si wòfɔ le aƒelika aɖe ƒeme vɛ na fofoa. Agbalẽ sia ƒe ŋkɔ, True Peace and Security—How Can You Find It? (Ŋutifafa Kple Dedienɔnɔ Vavãtɔ—Aleke Nàwɔ Akpɔe?) lé dzi na Alan enumake. Ekpɔ dzidzɔ ɖe nusi wòxlẽ ŋu eye wòte hadede kple Yehowa Ðasefowo. Nusi Alan srɔ̃ tso Biblia me na wòde woƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ. Eteƒe medidi o, srɔ̃a Rani hã va kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu eye wòdze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede gɔme. Le ɣemaɣi me la, srɔ̃tɔ siawo nɔ Rani dzila siwo nye Kristodukɔa ƒe sɔlemeha aɖe me tɔwo gbɔ. Dzila siawo tsi tre ɖe srɔ̃tɔ siawo ƒe dzixɔse yeyea ŋu eye woda nyametsotso aɖe ɖe wo gbɔ be: “Miadzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo loo alo miaʋu le míaƒe aƒea me!”

Alan kple Rani ɖoe be yewoaʋu togbɔ be xɔ kpɔkpɔ menɔ bɔbɔe o hã. Xɔlɔ̃ siwo nye Yehowa Ðasefowo kpe ɖe wo ŋu wokpɔ teƒe nyui aɖe nɔ. Le ƒe 1992 me la, Alan kple Rani xɔ nyɔnyrɔ eye wozu Yehowa Ðasefowo. Woyi edzi wɔ ŋgɔyiyi, eye Alan va zu hamemegã le Kristo-hamea me egbea.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 50 ye le Durban dugã la ŋutɔ me. Wo me tɔ akpa gãtɔ nye Zuluawo. Gake hame aɖewo siwo te ɖe dua titina ŋu koŋ nye Zulu, India, kple Europa tɔwo. Ne èyi kpekpe siawo dometɔ aɖe la, menye Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe tɔwo ƒe ɖekawɔwɔ koe nàkpɔ o. Ðewohĩ Afrika Ðasefo si do awu ɖe nɔnɔme dzeame me ye anɔ zi me alo India Ðasefo alo Europatɔ aɖee anɔ kpekpea dzi kpɔm. Gake kakaɖedzi le nu ɖeka sia ya ŋu: Àkpɔ ŋusẽ si le Biblia si be wòte ŋu ƒoa dukɔ vovovo me tɔwo nu ƒu eye wonɔa xɔlɔ̃wɔwɔ vivi si nɔa anyi ɖaa me la le vavalawo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Hamea ƒe kpekpewo naa ameƒomevi vovovowo wɔa ɖeka

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Alan, Rani, kple viawo

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Durban dugã la ƒe takpexɔ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

Photos: Courtesy Gonsul Pillay