Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kete—Fiawo Ƒe Avɔ

Kete—Fiawo Ƒe Avɔ

 Kete—Fiawo Ƒe Avɔ

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE GHANA GBƆ

AVƆLƆ̃LA ƒe asi le yiyim le gbɔgbɔm kabakaba to avɔa dzi. Eƒe ŋku le avɔ lebee si le amadede dzeani me si le eƒe akɔme ŋu tututu esime wòle eɖokui ʋãm ɖe kekeawo kple atiawo ƒe gbeɖiɖi lédzinamea ŋu. Ka aɖewo to eƒe afɔbidɛwo me; si wòtsɔ hea afɔtɛmekawo—si nye ka siwo wotsi ɖe nusi nɔa dzi kple anyime yim henɔa avɔka siwo mlo legbe si me he meta 6 tso agbatia gbɔ la me kem ganɔa mɔ fiamee. * Ezã eƒe asibidɛwo tsɔ lɔ̃ sedaka lee dzeani aɖe to eme kabakaba tsɔ tso ga avɔka siwo mlo legbe si me ke ɖe te la me wòzu kalɔlɔ̃ si wòate wòazu avɔ.

Avɔ lebee si wokpɔna le eme ƒe kekeme katã koe nye sentimeta ewo. Gake amadede dzeani kple atsyã lédziname klẽna le eme. Asinudɔwɔla la va koa alɔgbɔnu kple dzidzeme ne ele eƒe aɖaŋudɔa kpɔm ɖa—si nye kete akuakua.

Blemasinudɔ Aɖee

Ƒe akpe geɖe nye esia la, asinudɔwɔla bibiwo lɔ̃a avɔ abe alesi wolɔ̃nɛ tso blema ke ene. Wokpɔa ka siwo wotre tso flax, ɖeti kple seda me tsɔ lɔ̃a avɔe ɣesiaɣi. Woɖea amadede veviwo tsoa atiwo ƒe kewo kple aŋgbawo me si kpena ɖe avɔlɔ̃lawo ŋu wote ŋu dea atsyã bɔbɔe aɖewo woƒe dɔa me.

Avɔlɔ̃la siwo le Afrikatɔ tsatsalawo dome wɔ agbati sue siwo wote ŋu kɔna yia afisiafi. Esi woyɔnɛ be avɔ lebee lɔ̃ti ta la, avɔ lebee si wote ŋu lɔ̃na le  edzi ƒe kekeme katã koe nye sentimeta 7.5 va ɖo 11.5. Wotɔa avɔ lebee siawo tsiãna ɖekae wòzua avɔ gã si wodana ɖe abɔ. Woblaa agbati kpokploe siawo ɖe agbatsɔlãwo dzi wohena toa dzogbe, tɔsisiwo, kple to kɔkɔwo dzi. Esi wokɔa agbatiawo toa asimɔwo dzi le blema ta la, amesiwo zãnɛ bunɛ dɔwɔnu vevi aɖee.

Alesi Avɔa Zazã Dzroa Amewoe

Ƒe alafa geɖe va yi la, Ɣetoɖoƒe Afrika fiawo ɖu anyigba si dzi tomenu xɔasiwo bɔ ɖo, si Europatɔ anyigbayeyedilawo yɔ be Gold Coast, la dzi. * Afisiae wokua sika gbogbo aɖe le na Asanti-fiawo kple woƒe fiaƒomewo si na wozua hotɔwo. Wotsɔa sikanu xɔasiwo kple avɔ siwo wolɔ̃ etɔxɛe ɖoa atsyɔ̃e na fiagã siawo kple fia siwo le wo te tsɔ ɖea woƒe hokpɔkpɔ, ŋusẽ, kple amegãnyenye fiana le wo teviwo ŋkume. Wova tsɔ ŋkɔ na avɔ tɔxɛ si fiawo tana be kete, ate ŋu anye ŋkɔ si hea susu yia elɔlɔ̃ si de kusilɔlɔ̃ ɖi ge dzi. Gbe bubu dola siwo le Gold Coast hã lɔ̃a avɔ, gake le Asanti-fiawo gome la, kete va zu dzesi tɔxɛ si tsi tre ɖi na amegãnyenye kple fianyenye.

Avɔlɔ̃la siwo le Gold Coast zãa ɖeti si wotre le wo gbɔ tsɔ lɔ̃a avɔe. Katetre si wode ama blɔ ye wozãna koŋ. Wolɔ̃ ka blɔ siawo ɖe avɔ si mefu tututu o me wòɖea fli kple nɔnɔme aɖewo ƒe atsyã ɖe avɔa me si amesiame te ŋu zãna.

Womeɖe mɔ le fiawo ƒe kete ƒe atsyã nyui lɔlɔ̃ ŋu na amesiame o. Woɖo fiawo ƒe avɔlɔ̃la bibiwo ƒe ƒuƒoƒo ɖi be woalɔ̃ avɔ xɔasi siawo. Wodzɔ avɔlɔlɔ̃ mɔnu sia ŋu vevie eye wokpɔ eta nyuie be wòanɔ ɣaɣla. Wode se na avɔlɔ̃la bubuwo katã be womekpɔ mɔ alɔ̃ atsyã si wolɔ̃na na fia kple eƒe fiasã me tɔwo ɖeɖe la o. Fia la dzraa avɔ alafa geɖe ɖo, ɖesiaɖe kple alesi wolɔ̃e kple eƒe atsyã tɔxɛ. Le kɔnu nu la, fia metaa avɔ ɖeka tɔgbe le dutoƒo ɣesiaɣi o.

Amadedewo Didi

Le ƒe alafa 16 lia me la, avɔ ƒomevi bubu te dodo le Gold Coast. Womelɔ̃ avɔ yeye siawo le Afrikatɔwo ƒe agbati dzi o ke boŋ anyigba didi aɖe dzie wowɔe le eye Europatɔ ƒudzimɔzɔla siwo nɔ nyiɖu, sika, kple kluviwo dim lae tsɔ wo vɛ. Ka siwo le amadede dzeani vovovo mee wotsɔ lɔ̃ dutavɔ siawoe. Eteƒe medidi o, dutavɔ siwo wolɔ̃ kple ka dzẽ, aŋutiɖiɖi, kple gbemu, va zu adzɔnu vevi aɖe le asitsatsa me. Ame ʋɛ aɖewo ko sie ga le be woate ŋu aƒle avɔ xɔasi siawo tso Europatɔ asitsalawo gbɔ. Asantitɔ kesinɔtɔ siwo kpɔa sika, nyiɖu, kple kluvi siwo wotsɔ dea tɔdziʋu  siwo dze ɖe ƒuta dzi la si koe nu le be woate ŋu aƒlee. Gake menye avɔae nye nusi dim Asanti-fiawo kple fia siwo le wo te la le o.

Ne avɔa nya ka avɔlɔ̃lawo si ko la, wotsɔa dzigbɔɖi tua ka dzeaniawo si biãa ŋu la le wo me eye wogblẽa avɔa ƒe akpa si kpɔtɔ la ɖi. Emegbe wogbugbɔ lɔ̃a ka xɔasi siawo le fiavɔlɔ̃lawo ƒe agbatiwo dzi. Esi woƒe amadede vovovoawo nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, nenema kee atsyã si asinudɔwɔlawo to vɛ hã nɔ ŋgɔ yimee, si ʋã wo woɖea woƒe avɔlɔlɔ̃ ƒe ŋutete kple aɖaŋudɔwɔwɔ fiana wu tsã. Asanti-fiawo xɔ avɔlɔ̃la bibi bubuwo tso gbe bubu dolawo dome de dɔa wɔwɔ me si na be wova lɔ̃ kete tɔxɛ si tɔgbe aɖeke menɔ anyi o.

Nɔnɔme siwo ɖi tɔmelã, xevi, atikutsetse, aŋgba, ɣeɖoto, anyieʋɔ, kple dzɔdzɔmenu siwo nya kpɔna la va nye nusiwo wotana ɖe avɔawo me pɛpɛpɛ, siwo katã ŋu gɔmesese aɖe le. Avɔ siwo me wolɔ̃ ka si le abe sika ene ɖo la tsi tre ɖi na hokpɔkpɔ, gbemu tɔ hea susu yia nu yeye dzi, amadede yibɔ tɔ tsi tre ɖi na blanuiléle, dzẽ tɔ fia dziku, eye klosalo tɔ tsi tre ɖi na dzadzɛnyenye kple dzidzɔ.

Avɔlɔ̃lawo tsɔa dzigbɔɖi nɔa avɔ ɖeka lɔ̃m ɣleti geɖe dzitsitsi manɔmee, elabena wonya be dɔ nyui si yewoawɔ lae woatsɔ adzidze yewoƒe ŋutete kple aɖaŋudɔwɔwɔ tɔxɛ si le yewo si lae. Avɔ nyui sia ƒomevi ƒlelawo mebɔ o, elabena ame ʋɛ aɖewo koe ate ŋu aƒle kete nyui xɔasi siawo.

Kete si Li Egbea

Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, fia sesẽwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi va nɔ to yim. Megava hiã be woade vovototo avɔ si fiawo zãna kple esi dumevi dzrowo zãna dome o. Avɔ dzeani sia ƒlelawo va dzi ɖe edzi esime wova te ezazã le wɔna siwo meku ɖe fianuwo ŋu o me. Esi wova lɔ̃a kete kabakaba be woakpɔ avɔ geɖe wu na amewo ta la, eƒe anidzedze, nyonyo, kple asixɔxɔ dzi va ɖe kpɔtɔ.

Egbea wolɔ̃a kete akpa gãtɔ kple ka siwo menye akuakuawo o eye wotsɔe tɔna akplowo, kɔmeblanu, alidziblanuwo, kukuwo kple nudodo bubuwo le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Avɔlɔ̃la ʋɛ aɖewo koe gawɔa kete lɔlɔ̃ mɔnu si wozãna le blema si bia kutrikuku kple ɣeyiɣi geɖe la ŋudɔ. Wobua kete akuaku xoxoa kesinɔnui fifia eye wònye domenyinu na dzidzimeviwo le ƒomea me. Nyateƒee, kete nyuitɔ si ɖeke mesɔ kpli o si wolɔ̃ le agbati dzi siwo wobuna fiawo ƒe avɔe tsã la megale nenema egbea o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Avɔka—katetre siwo me wohe va de agbatia me. Emelɔ̃ka—katetre siwo va tso ga avɔka siwo me wohe legbee la me.

^ mm. 9 Egbegbe Ghana.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Agbati siwo dzi wolɔ̃a avɔ le la le kpokploe

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Avɔlɔ̃la zãa eƒe afɔwo tsɔ hea afɔtɛmeka alo kuɖɔwoe