Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Mawu ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Se Ðo?

Afikae Mawu ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Se Ðo?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Afikae Mawu ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Se Ðo?

“MAWU, ESIME WÒLE DIDIM BE, YEAÐE EƑE DZIKU ÐE GO AFIA, EYE YEANA WOANYA EƑE ŊUSẼ LA, TSƆ DZIGBƆGBƆ BLEWU GEÐE LÉ DZIKU ƑE ZE, SIWO WODZRA ÐO ÐI HENA GBEGBLẼ LA, ÐE ASI.”—ROMATƆWO 9:22.

LE ŊUTINYA katã me la, Mawu do dzi le nu vɔ̃ɖi kple ŋutasẽnuwɔwɔ teƒe kpɔkpɔ me. Awu ƒe 3,000 enye si va yi la, Hiob fa konyi be: “Nukaŋuti ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe, wokua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi? Wo viwo lia ke le wo gbɔ kple woƒe dzidzimeviwo le woƒe ŋku me. Woƒe aƒewo nɔa ŋutifafa me, ŋɔ medzia wo o, eye Mawu ƒe atàm mevaa wo dzi o.” (Hiob 21:7-9) Dzɔdzɔenyenye lɔ̃la bubuwo abe nyagblɔɖila Yeremya ene hã tsi dzi le esi wòwɔ abe ɖe Mawu gbɔ dzi ɖi na ame vɔ̃ɖiwo akpa ene.—Yeremya 12:1, 2.

Nukae nye wò susu? Ðe nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu gɔmesese sesẽ na wòa? Ðe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be ele be Mawu ƒe asi natsɔ wòatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã enumakea? Bu nusi Biblia gblɔ tso Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋu kple susu si tae wòle nenema ɖo ŋu kpɔ.

Nukatae Mawu Gbɔa Dzi Blewu?

Gbã, míabia se be: Nukatae Mawu amesi si dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔtɔ kekeake le zia kpi kpɔa nugbegblẽwɔwɔ kura ya? (Mose V, 32:4; Xabakuk 1:13) Ðe esia fia be eŋe aɖaba ƒua nuvɔ̃ɖiwɔwɔ dzia? Gbeɖe! De ŋugble le kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be amekola aɖe mewɔna ɖe dzadzɛnyenye ƒe se veviwo dzi o eye wòdoa vevesese hã na dɔnɔwo. Ne kɔdzie wòle dɔ wɔm le la, ɖe womatso kpla anyãe ɖa oa? Gake nɔnɔme tɔxɛ aɖewo li si abia dzigbɔgbɔ blewu. Le kpɔɖeŋu me, ne nya kpata do mo ɖa, ɖewohĩ le aʋagbedzi la, ɖe mahiã be woaɖe mɔ be amekola nawɔ dɔ le nɔnɔme madeamedzi kple esime afɔku le me, ɖewohĩ kple dɔwɔnu siwo wokpɔ be womede ŋgɔ gɔ̃ hã oa?

Nenema ke egbea la, Mawu ɖe mɔ dzigbɔɖitɔe ɖe nu geɖe siwo medzea eŋu kura o ŋu. Togbɔ be elé fu vɔ̃ɖinyenye hã la, eɖe mɔ ɣeyiɣi kpui aɖe be woayi edzi gbɔ. Susu vevi aɖewo tae wòɖe mɔ sia ɖo. Ðeka enye be woana ɣeyiɣi akpɔ nya vevi si Satana ƒe aglãdzedze fɔ ɖe te le Eden-bɔa me gbɔ keŋkeŋ zi ɖeka. Wonye nya siwo ku ɖe mɔ si nu Mawu ɖua dzi le ƒe dzedze kple eƒe sɔsɔ ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, eƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ŋuti na ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ nuvɔ̃ɖiwɔla bene woatrɔ.

Mawu Nublanuikpɔla Kple Dzigbɔɖitɔ

Mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa dze Satana ƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu yome. Mawu kpɔ mɔ atsrɔ̃ wo enumake hafi. Ðe eteƒe la, eɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dzigbɔɖi fia esi wòɖe mɔ na wo faa be woadzi viwo. Gake vi siawo kple amegbetɔƒome bliboa katã si dzɔ tso wo me la, nye amesiwo wodzi ɖe nuvɔ̃ me.—Romatɔwo 5:12; 8:20-22.

Mawu ɖoe be yeaɖe amegbetɔwo tso woƒe nɔnɔme wɔnublanuia me. (Mose I, 3:15) Esi wònya alesi blibomademade gblẽ nu le mía ŋui ta la, eɖea dzigbɔgbɔ blewu kple nublanuikpɔkpɔ geɖe fia mí fifia gbɔ. (Psalmo 51:7; 103:13) ‘Amenuveve bɔ ɖe esi’ eye wòle klalo hele didim be ‘yeatsɔ nuvɔ̃ ake geɖe.’—Psalmo 86:5, 15; Yesaya 55:6, 7.

Seɖoƒe si le Mawu ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Ŋu

Gake anye tamesesẽ kple numadzɔmadzɔwɔwɔ be Mawu nazi kpi ɖe nugbegblẽwɔwɔ dzi tegbee. Vifofo lɔ̃ame aɖeke mazi kpi be viawo dometɔ ɖeka si ɖonɛ koŋ wɔa nuvevi ƒomea me tɔ mamlɛawo la ƒe nugbegblẽwɔwɔa nayi edzi tegbee o. Eyata Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖe nuvɔ̃ ŋu ada asɔ kple eƒe nɔnɔme bubu siwo nye lɔlɔ̃, nunya, kple dzɔdzɔenyenye ɣesiaɣi. (Mose II, 34:6, 7) Ne tameɖoɖo si ta wògbɔ dzi ɖi blewu kpɔ emevava ko la, eƒe mɔɖeɖe ɖe nuvɔ̃ ŋu nu ayi.—Romatɔwo 9:22.

Apostolo Paulo he susu yi esia dzi eme kɔ ƒã. Egblɔ ɣeaɖeɣi be: ‘Le dzidzime siwo va yi me la, Mawu ɖe mɔ dukɔwo katã zɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔwo dzi.’ (Dɔwɔwɔwo 14:16) Ɣebubuɣi Paulo gblɔ le amesiwo mewɔ Eƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi o ŋu be, le “ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la [Mawu de] se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me.” Nukata? “Elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye me.”—Dɔwɔwɔwo 17:30, 31.

Na Mawu ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Naɖe Vi na Wò

Ekema mele be ame aɖeke nasusui be yeate ŋu agbe Mawu ƒe se dzi wɔwɔ eye yeabia ɖewoɖewoe emegbe be Mawu natsɔe ake ye kple susu be yeasi le yeƒe nuwɔnawo me tsonuwo nu o. (Yosua 24:19) Ame geɖe siwo nɔ anyi le blema Israel susui be yewoate ŋu awɔe nenema. Wogbe tɔtrɔ. Womekpɔ nusi ta Mawu gbɔ dzi ɖi blewu la dze sii o. Mawu mezi kpi ɖe woƒe nuvɔ̃wɔwɔa dzi tegbee o.—Yesaya 1:16-20.

Biblia fia be negbe ame aɖe ‘trɔ dzime’ hafi Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mava edzi o—si fia be wòatsɔ vevesese alɔ̃ ɖe ame ƒe blibomademade kple nuvɔ̃menyenye le Mawu gbɔ dzi eye wòatrɔ tso nugbegblẽwɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 3:19-21) Ekema Yehowa Mawu anɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsa dzi atsɔe akee. (Dɔwɔwɔwo 2:38; Efesotɔwo 1:6, 7) Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, aɖe nu dziŋɔ siwo katã Adam ƒe nuvɔ̃ he vɛ la ɖa. “Dziƒo yeye kple anyigba yeye” aɖe ava si me Mawu magazi kpi akpɔ “nusiwo le fafam be woatsrɔ̃ yewo la o.” (Nyaɖeɖefia 21:1-5; Romatɔwo 9:22, Phillips) Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu si ŋu seɖoƒe le me tsonu wɔnuku kae nye si!

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mawu ɖe mɔ be Adam kple Xawa te ŋu dzi viwo