Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Koklo—Ebɔ eye Amesiame Lɔ̃nɛ

Koklo—Ebɔ eye Amesiame Lɔ̃nɛ

Koklo—Ebɔ eye Amesiame Lɔ̃nɛ

Etso Nyɔ! Ŋlɔla Si Le Kenya Gbɔ

ANƆ eme be kokloe nye xe si bɔ wu le xexeame. Wobu akɔnta be koklo siwo wu biliɔn 13 ye li! Eye eƒe lã bɔ ale gbegbe be ƒe sia ƒe la, woɖua agbɔsɔsɔ si nye kilogram biliɔn 33. Gakpe ɖe eŋu la, koklonɔ siwo le xexeame katã ɖɔa azi siwo ade biliɔn 600 ƒe sia ƒe.

Le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, koklo bɔ eye mexɔ asi o. Ƒe aɖewo va yi la, wodo ŋugbe na akɔdalawo le United States be ne woda akɔ na dunyahela aɖe ko hafi koklolã anɔ amesiame ƒe ze me. Gake egbea koklo meganye agbeɖunu alo ame ʋɛ aɖewo ko ƒe lã o. Aleke wɔ xe ɖedzesi sia va bɔ eye ame geɖe va lɔ̃nɛ alea gbegbe? Ke le dukɔ madeŋgɔwo me hã ɖe? Ðe wòate ŋu ava bɔ ɖe teƒe siawo hãa?

Xea ƒe Ŋutinya

Koklo dzɔ tso Asia-gbekoklo ƒomevi dzẽ aɖe me. Amewo va kpɔe be woate ŋu anyi koklo le aƒeme bɔbɔe. Mewɔ nuku be ƒe 2,000 enye esia la, Yesu Kristo ƒo nu tso alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalã te ŋu o. (Mateo 23:37; 26:34) Kpɔɖeŋu sia zazã ɖee fia be amewo nya nu nyuie tso xe sia ŋu. Gake ƒe alafa 19 lia me hafi koklonyinyi le agbɔsɔsɔ gã kple egbɔkpɔkpɔ be wòaɖɔ azi gbogbo aɖe va zu asitsadɔ.

Vaseɖe fifia la, koklolãe nye xe si ƒe lã bɔ wu. Wonyia koklo le aƒe miliɔn nanewo me—le dugãwo me hã—hena ɖuɖu kple dzadzra. Le nyateƒe me, lã siwo wonyina dometɔ ʋɛ aɖewo koe gate ŋu dzina kabakaba le xexeame ƒe teƒe vovovowo de koklo nu. Dukɔ geɖe trɔ asi le koklo ƒomevi vovovo ŋu etɔxɛe be wòasɔ na woƒe nutoa me ƒe nɔnɔmewo kple hiahiãwo. Wo dometɔ aɖewoe nye: Australorp si tso Australia; Leghorn si dzɔ tso Mediterranea gbã gake wòva bɔ ŋutɔ ɖe United States; New Hampshire, Plymouth Rock, Rhode Island Red, kpakple Wyandotte, siwo tso United States; kple Cornish, Orpington, kple Sussex si tso England.

Ŋgɔyiyi siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ le lãnyinyi me va wɔe be koklonyinyi zu lã siwo nyinyi me wokpɔ dzidzedze le wu dometɔ ɖeka. Le United States la, enyilawo léa ŋku ɖe nuɖuɖu nana wo kple woƒe kpo me nɔnɔ ŋu nyuie eye wozãa dzɔdzɔmeŋutinunya me mɔxexe ɖe dɔléle nu ƒe mɔnu deŋgɔwo hã. Ame geɖe gblɔna be lãnyinyi le agbɔsɔsɔ gã me mɔnu siawo nye ŋutasesẽ. Gake esia mena lãnyilawo dzudzɔ lãnyinyimɔnu si naa xe siawo gale dzidzim ɖe edzi kabakaba wu la zazã o. Egbegbe lãnyinyimɔnuwo na wònɔa bɔbɔe be ame ɖeka nanyi koklo 25,000 va ɖo 50,000. Ɣleti etɔ̃ koe xe sia tsɔ tsinae nyuie hena dzadzra. *

Enye Lãɖuɖua Vevi Aɖe

Asesẽ be màkpɔ koklo sia ƒe lã ne èyi amedzrodzeƒe, nuɖuɖudzraƒe alo kɔƒe me ɖaƒledzrala dometɔ ɖesiaɖe kloe gbɔ o. Le nyateƒe me, nuɖuɖudzraƒe siwo le xexeame katã bi ɖe koklolã ɖaɖa me ale gbegbe. Teƒe aɖewo li siwo wogawɔa koklolã ŋudɔ le wɔna tɔxɛwo wɔɣi. Woto mɔ dodzidzɔname aɖe siwo dzi wotona ɖaa xe sia vɛ le dukɔ aɖewo me, abe le India ene. Nuɖuɖu siwo nye koklodetsi siwo woƒona kple atadi ɖiɖi si woyɔna be lal murgi; koklodetsi si me woflia lãa ɖo ʋayaʋaya si ŋkɔe nye kurgi murgi; kple koklolã blibo si wome nogoo si ŋu wosisia agumetaku ɖo si hã woyɔna be adrak murgi la vivina ale gbegbe!

Nukatae ame geɖe doa dzidzɔ ɖe koklolã ŋu nenema ɖo? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye alesi wote ŋu ɖunɛ kple nuɖuɖu ƒomeviwo eye vivi vovovo nɔa esi tae. Aleke nàdi be woaɖae? Tɔtɔea, memea, ɖaɖɛa, alo esi wotsɔ wɔ atadi ye dzɔa dzi na wòa? Ʋu nuɖaɖafiagbalẽ ɖesiaɖe eye àkpɔ koklolã ɖaɖa mɔnu vovovo siwo avivi nuwò.

Esi koklo bɔ ɖe dukɔ geɖe me ta la, eƒe lã hã mexɔ asi boo o. Nuɖuɖuŋutinunyalawo hã kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu vevie elabena nunyiame siwo nye protein, vitamin, kple mineral siwo hiã vevie na ame ƒe ŋutilã le eme. Gake nuɖuɖumeŋusẽ kple ami mesɔ gbɔ ɖe koklolã me fũ o.

Woɖunɛ le Dukɔ Madeŋgɔwo Me

Nyateƒee, menye dukɔ ɖesiaɖe mee koklolã bɔ ɖo o. Esia nye ŋkubiãnya le Agblededeŋutinunya Kple Mɔ̃ɖaŋununya ƒe Aɖaŋuɖoha ƒe nyatakaka me nyawo ta, esi gblɔ be: “Wosusui be va ɖo ƒe 2020 me la, xexeame nɔlawo ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi aɖo ame biliɔn 7.7 . . . Gake wobui be dzidziɖedzia ƒe akpa gãtɔ (95 le alafa me) anye le dukɔ madeŋgɔwo me.” Nya sia nye ŋkubiãnya ŋutɔ elabena ne èbu eŋu kpɔ la, amesiwo anɔ miliɔn 800 ye le nunyuimakpɔɖui ƒe fu kpem fifia!

Gake nuɖuɖuŋutinunyala geɖe susu be koklolã ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le dɔwuame nutsitsi na ame gbogbo siawo me eye wòaganye gakpɔmɔnu na lãnyila siwo ga hiã vevie la siaa. Kuxiae nye be xe siawo nyinyi le agbɔsɔsɔ gã me ate ŋu anye kuxi ŋutɔŋutɔ na lãnyila dahe siawo. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be zi geɖe le dukɔ dahewo me la, koklo ʋɛ aɖewo koe wonyina le agblekɔƒe suewo alo aƒeme koe wonyia wo le. Eye le dukɔ siawo me la, bebli hafi wonyia koklo le afisi ta wokpɔna nyuie. Woɖea asi le kokloawo ŋu woawo ŋutɔ ɖia tsa va dia nuɖuɖu, atrɔ agbɔ le zã me, eye ɣeaɖewoɣi be woatsi ati dzi adɔ alo kpo siwo wotsɔ ga wɔe me.

Mewɔ nuku o be xe siwo wonyina le mɔ sia nu kuna ʋɛʋɛʋɛ—koklodɔ wua ɖewo, bubuwo tsia fiafiwo kple lã lénuwo si me. Lãnyila akpa gãtɔ menya alesi woawɔ alé be na woƒe lãwo o eye ga hã mele wo si woatsɔ awɔ koklokpo nyui na wo alo akpɔ wo ta tso dɔléle si me o. Le susu sia ta wodze ɖoɖo aɖewo gɔme be woatsɔ afia nu enyilawo le dukɔ madeŋgɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, nyitsɔ laa la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuɖuɖu Kple Agbledehabɔbɔ dze ƒe atɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe gɔme be yeana “koklonyinyi dzidziɖedzi naɖe vi na kɔƒenuto me tɔwo le Afrika.”

Míenya nusi ava do tso ɖoɖo nyui siawo siwo gɔme wodze me o. Eyata enye nusi awɔ nuku na dukɔ deŋgɔ me tɔwo be avu kple kɔ hafi xexeametɔ akpa gãtɔ nakpɔ koklolã si bɔ ɖe wo gbɔ la ƒe kɔ ɖeka teti aɖu. Le amesiawo gome la, eŋu bubu be ‘koklolã nanɔ amesiame ƒe ze me’ la aɖi drɔ̃eƒenya si mava eme akpɔ gbeɖe o.

Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Togbɔ be wonyia koklo ɖe eƒe azi ta hã la, le United States la, lã tae wonyia koklo 90 le alafa me ɖo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 32]

Beléle na Koklolã Mumu

“Dɔlékui vɔ̃ɖiwo, abe esi woyɔna be salmonella ene, ƒe nugbagbeviwo ate ŋu anɔ koklolã mumu me, eyata ele vevie be woalé fɔ ɖe eɖaɖa ŋu. Klɔ asi, ʋuƒo si dzi nàflii le, hɛ kple lãnu bubuwo le adzalẽtsi dzodzoe me ɣesiaɣi do ŋgɔ na lãa ŋudɔwɔwɔ kple le eŋudɔwɔwɔ vɔ megbe siaa. Esɔ be woazã nufliʋuƒo si woate ŋu aklɔ kple tsi fiefie . . . eye ne anya wɔ la, woada nufliʋuƒoa ɖi koŋ hena koklolã mumu ŋudɔwɔwɔ ko. Na fafa nado le koklolã si wode fridzi me keŋkeŋ hafi nàɖae.”—The Cook’s Kitchen Bible.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Koklo ƒomevi siwo li enye “White Leghorn,” “Gray Jungle Fowl,” “Orpington,” “Polish,” kple “Speckled Sussex”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kokloawo katã negbe White Leghorn ko: © Barry Koffler/www.feathersite.com

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Wole kutri kum be woakpe ɖe dukɔ madeŋgɔwo me koklonyilawo ŋu be woadzi woƒe lãnyinyi ɖe edzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Wonyia koklo 90 le alafa me ɖe woƒe lã ta