Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le Biblia ƒe kpukpui siwo woyɔ me, eye wota ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 16. Àte ŋu akpɔ wo ŋuti nyatakaka bubuwo le agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta la me.)

1. Amekae apostolo Yohanes kpɔ ‘le sikakaɖitiawo titina,’ wònɔ nya gblɔm nɛ be wòagblɔ na hame adreawo? (Nyaɖeɖefia 1:13)

2. Le esi míana ‘nu vɔ̃ɖi la naɖu mía dzi’ teƒe la, nukae Paulo ɖo aɖaŋu na mí be míawɔ? (Romatɔwo 12:21)

3. Nukae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Amesi ke azi dziwò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii”? (Mateo 5:41)

4. Le esi teƒe be Kristotɔ srɔ̃nyɔnuwo nato ɖaƒoƒo kple sikadodo me awɔ leke na wo ɖokui la, nukae Petro ɖo aɖaŋu na wo be woatsɔ awɔ leke na wo ɖokui? (Petro I, 3:3, 4)

5. Aleke Yesaya yɔ Abraham si ɖee fia be eyae nye Israel-dukɔa ƒe ŋutilã me fofo? (Yesaya 51:1)

6. Nukatae Dawid gbe tsi si asrafo etɔ̃awo va ku le Betlexem vɛ nɛ esi wònɔ Adulam-gado me la nono? (Samuel II, 23:15-17)

7. Nuka wɔm Bat-Seba nɔ zi gbãtɔ si Dawid kpɔe? (Samuel II, 11:2)

8. Nukae Paulo gblɔ be wotsɔ ŋlɔ nui ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto ƒe dziwo dzi ɖe nuŋlɔtsi teƒe? (Korintotɔwo II, 3:3)

9. Aleke Yehowa wɔ ɖe ʋetsuviwo, si nye fuwɔame enyilia ɖa ale be wo dometɔ aɖeke megasusɔ ɖe Egipte-nyigba la ƒe afi aɖeke o? (Mose II, 10:19)

10. Nukatae Yehowa na Saul ku? (Kronika I, 10:13)

11. Ʋudzeƒedu ka mee Paulo ɖɔ li tɔdziʋu le esime wònye gameme si wokplɔ yina Roma? (Dɔwɔwɔwo 27:5)

12. Aleke Yehowa ɖe eƒe ɖetsɔtsɔ le eme na ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo fiae le blema Israel? (Mose II, 22:21-23; Mose V, 24:17-21)

13. Ŋkɔ kae woyɔna na abɔ si nunɔlawo tsɔ ga si Yuda tsɔ ƒu gbe ɖe gbedoxɔa me ƒlee la? (Mateo 27:3-8; Dɔwɔwɔwo 1:19)

14. Nukatae Petro ka mo na Simon vevie esi wòdi be yeatsɔ ga ana axɔ ŋusẽ si ana wòada asi ɖe amewo dzi be woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la? (Dɔwɔwɔwo 8:20, 21)

15. Ƒe nenie Sara xɔ esime wòdzi Isak? (Mose I, 17:17)

16. Anyigba ka dzie Elimelex kple srɔ̃a Naomi ʋu yi le dɔtoto ta, si nye afisi wo vi Maxlon ɖe Rut le? (Rut 1:1-4)

[Crossword Solutions Page 16]

Biabiaawo ƒe Ŋuɖoɖowo

1. Yesu Kristo, si Yohanes gblɔ be ‘eɖi amegbetɔvi’

2. ‘Míayi edzi atsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ’

3. Alesi wòahiã be woalɔ̃ faa awɔ nusi woabia tso ame si le se nu ƒe kpɔɖeŋu wɔm wònɔ

4. ‘Gbɔgbɔ fatu si nɔa anyi kpoo ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ’

5. “Agakpe, si wotsɔ wɔ mi”

6. Elabena etsi tre ɖi na woƒe ʋu si wotsɔ sa vɔ hafi te ŋu ku tsia

7. Enɔ tsi lem

8. ‘Mawu gbagbe ƒe gbɔgbɔ’

9. Ena ɣetoɖoƒeya sesẽ aɖe lɔ wo ɖe nu ɖakɔ ɖe Ƒudzĩa me

10. Mewɔ nuteƒe na Yehowa o esi wògbe wɔwɔ ɖe eƒe sewo dzi kple le esi wòde ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia nuwo

11. Mira le Likia

12. Ewɔ ɖoɖo ɖe wo ta kpɔkpɔ kple woƒe nunyiame kpɔkpɔ ŋu

13. Akeldama, alo “Ʋubɔ”

14. Ebu susu vɔ̃ esi wòdze agbagba be yeatsɔ ga aƒle ‘Mawu ƒe amenuvevenunana’ siae kple le esi eƒe dzi “medzɔ le Mawu ƒe ŋku me o” ta

15. Exɔ ƒe 90

16. Moab