2 Korintotɔwo 3:1-18
3 Ðe míegade asi mía ɖokuiwo kafukafu me akea? Alo ɖe wòhiã be míatsɔ kafukafugbalẽwo avɛ na mi, alo axɔ wo tso mia gbɔ, abe ale si ame aɖewo wɔnɛ enea?
2 Miawoe nye míaƒe agbalẽ+ si woŋlɔ ɖe míaƒe dziwo me, si amewo katã nya, eye wole exlẽm.
3 Elabena mieɖee fia be miawoe nye Kristo ƒe agbalẽ si mí subɔlawo míeŋlɔ,+ menye kple agbalẽŋlɔtsi o, ke boŋ kple Mawu gbagbe la ƒe gbɔgbɔ, menye ɖe kpe ŋutɔŋutɔwo dzi o,+ ke boŋ ɖe esiwo nye ŋutilã dzi, ɖe dziwo dzi.+
4 Kakaɖedzi sia le mía si le Mawu me to Kristo dzi.
5 Menye be míawo ŋutɔwo míedze nyuie asusu be míawo gbɔe nane tso o, ke boŋ míaƒe dzedze nyuie la tsoa Mawu gbɔ,+
6 ame si na míedze nyuie be míanye nubabla yeye+ aɖe ƒe subɔlawo, menye se siwo woŋlɔ ɖi la tɔwo o,+ ke boŋ gbɔgbɔ la tɔwo; elabena se siwo woŋlɔ ɖi la tsoa kufia na ame,+ ke gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.+
7 Azɔ ne Se si hea kufiatsotso vanɛ, si wotsɔ ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ ɖe kpewo dzi+ la, va le ŋutikɔkɔe ma gbegbe me be Israel-viwo mete ŋu kpɔ Mose ƒe mo o le ŋutikɔkɔe si dze le eƒe mo+ ta, evɔ wònye ŋutikɔkɔe si woava ɖe ɖa la,
8 ekema ɖe gbɔgbɔ la ƒe subɔsubɔdɔ+ manɔ ŋutikɔkɔe geɖe wu me oa?+
9 Elabena ne ŋutikɔkɔe+ nɔ Se si hea fɔbubu vanɛ+ ŋu la, ekema ŋutikɔkɔe ka gbegbee nye esi anɔ subɔsubɔdɔ si hea dzɔdzɔenyenye vanɛ+ la ŋu!
10 Le nyateƒe me la, woɖe ŋutikɔkɔe ɖa le nu si wodo ŋutikɔkɔe na tsã la gɔ̃ hã ŋu, le ŋutikɔkɔe si ƒo eta sãa la ta.+
11 Elabena ne nu si woava ɖe ɖa la va le ŋutikɔkɔe me+ la, ekema aleke gbegbe nu si anɔ anyi ya ƒe ŋutikɔkɔe alolo wue nye esi!+
12 Esi mɔkpɔkpɔ+ sia le mía si ta la, míevo aƒo nu faa,
13 eye míawo ya míewɔa nu si Mose wɔ esi wòtsɔa motsyɔnu tsyɔa mo+ be Israel-viwo nagakpɔ nu si woava ɖe ɖa la ƒe nuwuwu o.
14 Ke woƒe susu wɔ dɔ̃ɔ.+ Elabena va se ɖe egbegbe la, ne wole nubabla xoxoa xlẽm+ la, motsyɔnu ma gali kokoko, elabena Kristo dzi ko wotona ɖenɛ ɖa.+
15 Le nyateƒe me la, va se ɖe egbegbe la, ɣesiaɣi si woxlẽ Mose ƒe nuŋlɔɖiwo+ la, motsyɔnu tsyɔa woƒe dziwo dzi.+
16 Ke ne wotrɔ ɖe Yehowa* ŋu la, ekema woɖea motsyɔnu la ɖa.+
17 Azɔ la, Yehowa* nye Gbɔgbɔ;+ eye afi si Yehowa* ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.+
18 Eye esi mí katã míetsɔa mo siwo wometsyɔ nui o ɖea Yehowa* ƒe ŋutikɔkɔe fiana abe ahuhɔ̃ewo ene ta la, wotrɔa míaƒe nɔnɔme ɖe nɔnɔme ma ke me tso ŋutikɔkɔe me yi ŋutikɔkɔe si de ŋgɔ wu me, abe ale si tututu Yehowa,* Gbɔgbɔ la,* wɔe ene.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Kpɔ Megbenyawo A5.
^ Kpɔ Megbenyawo A5.
^ Kpɔ Megbenyawo A5.
^ Kpɔ Megbenyawo A5.
^ Kpɔ Megbenyawo A5.
^ Alo, “Yehowa ƒe gbɔgbɔ.”