Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Patmos—Apokalips Ƒukpo La

Patmos—Apokalips Ƒukpo La

Patmos—Apokalips Ƒukpo La

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE GREECE GBƆ

ƔEAÐEWOƔI la, Patmos-ƒukpodzinɔlawo kpɔa keklẽ aɖe wònɔa bibim ganɔa tsitsim le to si le Samos-ƒukpoa dzi ƒe abunu la tame, le Aegea-ƒua godo afisi medidi tso wo gbɔ o. Ame aɖewo gblɔna be elektrikŋusẽe keklẽ wɔnuku sia nye, gake mawusubɔla siwo le Patmos tea tɔ ɖe edzi be menye eyae o. Woƒua du va gblɔnɛ na wo tɔwo be yewogaxɔ dzesi bubu tso amesi wonya nyuie wu le amesiwo nɔ ƒukpoa dzi kpɔ dome la gbɔ. Amesiae nye amesi woɖe aboyoe yi Helatɔwo ƒe ƒukpo sue sia si le teƒe si medidi kura tso Asia Sue ƒe ƒuta o anɔ ƒe 1,900 kloe enye si va yi.

Anɔ eme be Roma-fiagã Domitian ye bu fɔ ame xɔŋkɔ ma hena woɖe aboyoe yi Patmos “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” Le afima la, ese Mawu ƒe gbe “abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene,” gblɔ bena: “Nyee nye Alfa kple Omega . . . Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me.”—Nyaɖeɖefia 1:8-11.

Agbalẽ mae nye agbalẽ si woƒlena wu tso gbaɖegbe ke ƒe akpa mamlɛa. Ame aɖewo gblɔ le agbalẽ sia ŋu be eyae nye agbalẽ siwo gɔme womete ŋu sena tututu o le agbalẽ siwo katã woŋlɔ kpɔ me la dometɔ ɖeka—eye eyae nye Biblia ƒe agbalẽ si woyɔna be Nyaɖeɖefia, alo Apokalips, si nye Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ. Eŋlɔlae nye Yesu ƒe apostolo Yohanes. Ŋutega siwo woɖe fia Yohanes ku ɖe tsɔtsrɔ̃ gã si nye mamlɛtɔ si ava xexe vɔ̃ɖi sia dzi ŋu la nyɔ nuxlẽla geɖe ƒe ɖetsɔleme ƒe alafa geɖee nye sia. *

Patmos Egbea

Amedzro geɖe alɔ̃ ɖe edzi be Patmos—si le Dodecanese-ƒukpoawo ƒe dziehe ʋĩ—ye nye teƒe si sɔ nyuie na agbalẽ sia ŋɔŋlɔ. Togbaka siwo nye dzoto kple aga globo siwo me do viviti tsiã ɖe togbɛ damawo kple bali ƒose siwo Aegea-nutoa me ƒe ŋdɔ sesẽ ɖuna la nu.

Be mate ŋu akpɔ alesi Patmos ƒe dzedzeme le egbea la, meɖo tɔdziʋu tso Greece ƒe ʋudzeƒe gã, Piraievs. Eƒo zã ga 12 to eŋu esi tɔdziʋua va ɖo Skála-ʋudzeƒe, afisi nye atsiaƒua ƒe seƒe—esi nye Patmos ƒe ʋudzeƒe kple du gãtɔ kekeake—alilikpoa megaxe yame le afisia o eye ɣleti si sɔ tegblẽ ƒe ɖiɖi na ƒukpoa nɔ dzedzem nyuie.

Ŋufɔke esi meno kɔfi veve si Greecetɔwo nona vɔ megbe la, medzra ɖo eye medze tsaɖiɖi le ƒukpoa dzi gɔme. Ŋdi kanya ma mekpɔ nyagãɖeɖi siwo do nu yibɔ wòtsyɔ woƒe ta vaseɖe afɔbidɛ eye wodi be yewoalé ɖevi siwo nɔ azɔlizɔzɔ srɔ̃m siwo nɔ sisim le wo gbɔ. Tɔƒodela aɖe si ɖo akpage hã nɔ anyi ɖe afima lɔƒo tsɔ lã si wòɖe—bosrã aɖe si wòtɔ akplɔe le tsia me teti koe nye ma—la nɔ xaxlãm ɖe simintikpe dzi be wòabɔbɔ.

Le esi teƒe be maɖo tɔdziʋu la, melia to si le Skála godo be makpɔ ƒukpo bliboa katã. Teƒea nya kpɔ ŋutɔ. Ƒukpoa keke ɖe enu abe anyigba ƒe nɔnɔmetata gã aɖe si me togbɛwo kple baliwo dze le ye le atsiaƒua ŋgɔ ene. Patmos ƒe dzedzeme le abe ƒukpo etɔ̃ ƒokpli ene—enye ƒukpo suesue etɔ̃ siwo tsiã kple bali lɛlɛwo. Anyigba lɛlɛ siawo dometɔ ɖeka le Skála. Evelia hã le teƒe si woyɔ wòsɔ be Diakofti, si gɔmee nye “Sa Ðe Aga,” si gogo ƒukpoa ƒe anyiehe gome, afisi amewo mede ha le o. Patmos ƒe didime ade kilometa 13, eye eƒe akpa aɖewo ƒe kekeme katã anɔ abe afisi woada kpe wòadze ko ene.

Eto Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Wobua Patmos be enye teƒe si le kɔkɔe tso keke vavala gbãtɔ siwo tso Asia Sue va tsi nutoa me anɔ ƒe 4,000 enye sia. Patmostɔ gbãtɔ siawo tia kpo evelia si kɔkɔ wu le ƒukpoa dzi tu adedadamawunɔ Artemis ƒe gbedoxɔ ɖe afima.

Le ƒe 96 M.Ŋ. me lɔƒo si wobu be enye ɣeyiɣi si me woɖe aboyo apostolo Yohanes yi Patmos la, Roma-fiaɖuƒea tee Patmos nɔ. Le ƒe alafa enelia me la, ƒukpoa nye Bizantium-fiaɖuƒe ƒe dukɔ siwo ‘wotrɔ dzime na va Kristo-ha la me’ ƒe akpa aɖe. Emegbe le ƒe alafa adrelia kple ewolia dome la, Islam va xɔ aƒe ɖe nutoa me.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame va vɔ le Patmos eye wɔna aɖeke meganɔ edzi yim o. Emegbe le ƒe alafa 11 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, Hela Orthodɔks saɖagaxɔmenɔlawo dze Yohanes “Kɔkɔe” ƒe saɖagaxɔ si ŋu wotu mɔ ɖo la tutu gɔme ɖe teƒe si wotu trɔ̃subɔlawo ƒe mawunɔ Artemis ƒe gbedoxɔ ɖo tsã. Vivivi la, amewo trɔ va va tso aƒe ɣi vovovo siwo le dzogoe ene me ɖe Hora, si nye du si ƒe xɔwo gakpɔtɔ mimi ɖe saɖagakpɔa ƒe gliwo ŋu.

Ƒukpoa ƒe ŋkɔ nyɔ ɣeyiɣi kpui aɖe le ƒe 1800 ƒeawo ƒe nuwuwu, esime asitsatɔdziʋuha siwo kpɔa ga wu le Mediterranea ɣemaɣi dometɔ ɖeka nɔ ƒukpoa dzi nɔla aɖewo si. Le mɔ aɖe nu la, asitsatɔdziʋu ma hã wɔ akpa aɖe le ame yeyewo ƒe ʋuʋu va teƒea me. Le ƒe 1970 ƒeawo me la, xexeame ƒe kesinɔtɔ geɖewo va kpɔ be ƒukpo sia si woŋlɔ be tsã nye nɔƒe dzeani si nye afisi anyigba ɖi le ŋutɔ. Wogbugbɔ trɔ asi le ƒudzisitsalawo ƒe aƒe xoxoawo dometɔ geɖe ŋu, eye esia kple alesi wova trɔ asi le ʋudzeƒea ŋu yeyee wɔe be Patmos va zu afisi modzakaɖetsaɖilawo zɔa mɔ yina.

Gake vaseɖe fifia la, modzakaɖetsaɖilawo melɔna hoo yia Patmos o, tsaɖiɖi hoo sia gblẽ nu le Greece-ƒukpo bubuawo ŋu kloe. Nusiwo koŋ gbɔ wòtso be womeyina hoo o ye nye be yameʋudzeƒe mele afima o eye saɖaganunɔlawo tea tɔ ɖe edzi be kɔkɔeƒee ƒukpoa kpɔtɔ nye.

Ŋutinya Kple Kɔnyinyi Tsakatsaka

Be mate ŋu aɖi tsa le ƒukpoa dzi le ɖoɖo nu la, amesi subɔm le nuɖukplɔ̃ ŋuti fia mɔ aɖe si wotsɔ kpekui doe si xɔ ƒe 400 sɔŋ eye wòle du si nye Skála godo, si to pine-ti si ʋẽna lilili ƒe ave aɖe me ɖo ta agado aɖe si me wobu be Yohanes nɔ lam, eye mɔ sia yi afisi Yohanes “Kɔkɔe” ƒe saɖagaxɔ le. Meto nuŋɔŋlɔ dziŋɔ aɖe si le glikpɔ aɖe dzi le dua ƒe gbɔto ŋu si wotsɔ amadede dzẽ ŋlɔ yeyee be: “Ohi sto 666” (Nɔ ŋudzɔ ɖe 666 ŋu), si nye dzesi siwo gɔme womese o le Nyaɖeɖefia gbalẽa me dometɔ ɖeka.

Wotu Apokalips la ƒe Saɖagaxɔ, si me Anne “Kɔkɔe” ƒe gbedoxɔ sue hã le, le ƒe 1090 me be woatsɔ atɔ kpɔ ɖe agado si wobu tso blema ke be eya mee Yohanes nɔ xɔ eƒe ŋutegawo ŋui. Mekpɔ nyɔnu aɖe eya ɖeka dze klo tsɔ tama (nunana) aɖe nɔ lelém ɖe Yohanes “Kɔkɔe” ƒe nɔnɔmewɔwɔ ŋuti. Orthodɔkstɔ siwo bui be nɔnɔmetata la ate ŋu awɔ nukunuwo, tsɔ tamata—si nye gakpo sue siwo wowɔ ɖe amewo, ametia ƒe ŋutinuwo, aƒewo, kple ʋuwo kpakple tɔdziʋuwo gɔ̃ hã ƒe nɔnɔme me—nanɛ. Meɖo ŋku edzi be mekpɔ nunana mawo tɔgbe si wotsɔ anyi wɔe le blema Helatɔwo ƒe dɔdadamawu Asclepius ƒe gbedoxɔ me le Korinto. Nudogoɖenunu koe wònyea?

Kɔnyinyi Ŋkuɖodzinuwo Kple Asinuŋɔŋlɔgbalẽwo

Esi mege ɖe Yohanes “Kɔkɔe” ƒe saɖagaxɔa ƒe xɔxɔnu la, ame aɖe si do vivi ɖe ŋunye do tso xɔa me mɔ gbogboawo dometɔ ɖeka me. Enye dada na amesia si woyɔna be “Papa Nikos” (Fofo Nick) be yeafia saɖagaxɔa ƒe kesinɔnuwo mía kple modzakaɖetsaɖila bubu geɖewo. Saɖagaƒe sia si tɔe Patmos-ƒukpoa ƒe akpa gã aɖe nye la nye saɖagaƒe siwo kpɔ ga wu eye wòwɔa dɔ ɖe ame dzi wu dometɔ ɖeka le Greece.

Míezɔ to gbedoxɔ aɖe si me fa nyuie eye bosomikaɖidzudzɔwo na xɔa me nyɔ yibɔ me, afisi woda amesi tu saɖagaxɔa ƒe kukua ɖo, emegbe míeto Ðetugbi Nɔaƒe ƒe Gbedoxɔ, si ƒe akpa aɖewo wotsɔ Artemis ƒe gbedoxɔ ƒe kpewo tui la me. Nusiwo míekpɔ le blemanudzraɖoƒea ƒe ɖewoe nye sika kple lekewɔnu gbogbo aɖe si nye fiawo ƒe nudzɔdzɔ; saɖaganunɔlawo ƒe ƒe alafa 11 lia me ƒukpoa ƒlegbalẽ, si te Bizantium-fiagã Alexius I Comnenus de asii; kple Marko ƒe Nyanyuia ƒe agbalẽ kakɛ dzeani aɖe si woŋlɔ le ƒe alafa 6 lia me ɖe lãgbalẽ zɔzrɔ̃e si le aɖabɛ ƒe amadede me dzi eye wotsɔ klosalotsi ŋlɔ nui ɖe edzi ke menye nuŋlɔtsi o. Biblia ƒe agbalẽ kple mawunyagbalẽ siwo woŋlɔ kple asi gbogbo aɖewo hã nɔ saɖagaxɔa me tsɔ kpe ɖe agbalẽ kakɛ sia ŋu.

Teƒe Dzeani Siwo Nàkpɔ le Ƒukpoa Dzi

Ƒukpoa ŋutɔ hã nya kpɔ le eɖokui si. Kilometa ʋɛ aɖewo le Skála ƒe anyiehe gome la, àkpɔ ƒuta dzeani aɖe si mlo ɖe adɔ̃ aɖe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo ŋu. Ƒuta sia nye teƒe sɔsɔe eye nu bubu aɖeke mele edzi o negbe Kalikatsou, si gɔmee nye “Tsimese,” si nye agakpe aɖe koe le ƒua ta ƒe titina, si ƒe kɔkɔme anɔ abe dziƒoxɔ tuɖedzi atɔ̃ alo ade ene eye agadowo le eŋu wòdzena abe nyinotsibabla gã aɖe ene.

Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto ase vivi le Patmos-ƒukpoa dzie nye be nàtsa le edzi katã. Ðewohĩ àdi be yeaƒu ŋdɔ sesẽ la le blemadudo si ŋu wotu mɔ ɖo si me blematomenukulawo meku o me le Kastelli eye nàse ga siwo woƒona na alẽwo kple kpẽvi siwo alẽkplɔlawo kuna ƒe ɖiɖi. Alo àdi be yeakpɔe ŋdɔ me aɖe esi Aegea-ƒua ƒe afu si le abe avɔ beli ene xe yame, eye ɖewohĩ àdi be yeanɔ anyi akpɔ ƒuta siwo ne tɔdziʋuwo le bubum ɖe afudodoa me la wodzena abe alilikpoa me yim wole ene.

Nye ŋkeke mamlɛtɔ si menɔ afima la, ɣe ƒe amigogbagba si nɔ amadede dzĩ me na du si nɔ ete dze abe ɖe wògalolo ɖe edzi ene. Le adɔ̃a ƒe gowo dzi la, tɔƒodela siwo tsɔ akaɖiwo nɔ tɔdziʋu siwo ŋu mɔ̃ mele o, si woyɔna be gri-gri, si gɔmee nye kpakpaviwo la dzram ɖo, elabena ɖe woɖoa wo ɖe fli me ɖe tɔdziʋugã aɖe megbe wòhea wo.

Edze abe ɖe ƒukpoa katã le dzo dam ene. Ya fafɛ nɔ ƒoƒom eye ƒutsotsoe nɔ gri-gri-awo dam yi dzi ŋɔdzitɔe. Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, megakpɔ tɔdziʋuawo ake esi menɔ tɔdziʋu gã si trɔ yina Piraievs ƒe gbadzaƒe esi ʋua nɔ wo ŋu tom le woƒe lãɖeƒewo le teƒe si didi tso ƒuta anɔ kilometa ʋɛ aɖewo ko. Tɔƒodela siawo si akaɖi siwo ƒe keklẽ nu sẽ si wozãna tsɔ yɔa tɔmelãwoe. Le zã ma me la, Yohanes si woɖe aboyoe wònɔ eƒe ŋutegawo ŋlɔm le Patmos ƒe nɔnɔmetata tsi susu me nam vaseɖe esime tɔƒodelaawo kple ƒukpo si nɔ wo megbe meganɔ dzedzem o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Ne èdi emeɖeɖe tsitotsito la, ke kpɔ gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Yohanes “Kɔkɔe” ƒe saɖagaxɔ

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

© Miranda 2000