Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA EVELIA

‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’

‘Ezɔ Kple Mawu Vavã La’

1, 2. Dɔ ka wɔm Noa kple eƒe ƒomea nɔ, eye kuxi siwo wodo goe la dometɔ aɖewo ɖe?

NOA tso hedzɔ ali eye wòde ka me. Kpɔe ɖaa le susu me be ebɔbɔ nɔ anyi ɖe atikpo gã lɔbɔɔ aɖe dzi le ɖiɖim ɖe eme eye wòfɔ mo dzi le aɖakaʋu gã nyadri la kpɔm dũu. Aŋɔɖaɖa ƒe ʋeʋẽ xɔ ya me keŋ; atikpakpa kple atikaklã ŋkɔ le ɖiɖim le afi sia afi. Noa ate ŋu akpɔ ale si viaŋutsuawo le dɔ sesẽ vovovowo wɔm le atikpakpadɔ gã nyadri sia me la tso afi si wòbɔbɔ nɔ anyi ɖo ke. Viaŋutsuawo, wo srɔ̃wo kple eya ŋutɔ srɔ̃a lɔlɔ̃a siaa le asi kpem ɖe eŋu le dɔ gã sia me ƒe gbogbo aɖewoe nye esia. Wowɔ dɔ geɖe xoxo, ke hã dɔ geɖe gale wo ŋgɔ!

2 Nutoa me tɔwo ya bu wo katã be womele nu nyam o. Zi ale si wole aɖakaʋua kpakpa dzi eye eƒe nɔnɔme le dzedzem nyuie la, zi nenemae tsiɖɔɖɔ si gbɔna anyigba katã ɖe ge la ŋu nya ɖia kokoe na woe. Afɔku si ŋuti Noa yi edzi le nu xlɔ̃m wo le la dze na wo abe nane si me susu mele o, alo bometsinya ene! Esesẽ na wo be woase nu si tae ŋutsu aɖe agblẽ eƒe agbenɔƒewo kple eƒe ƒomea tɔ siaa dome ɖe dɔ aɖe si ŋu viɖe aɖeke mele o wɔwɔ ŋu. Ke hã Noa ƒe Mawu, Yehowa, ya mebui be mele nu nyam o.

3. Gɔmesese ka nue Noa zɔ kple Mawu le?

3 Mawu ƒe Nya la gblɔ be: ‘Noa zɔ kple Mawu vavã la.’ (Xlẽ 1 Mose 6:9.) Nu kae nya sia fia? Menye ɖe wòfia be Mawu ɖi va anyigba dzi o, eye mefia hã be Noa yi dziƒo o. Ke boŋ efia be Noa ɖo to Mawu le nu sia nu me eye wòlɔ̃ Mawu vevie ale gbegbe be ɖeko wònɔ abe ɖe woa kple Yehowa wonɔ zɔzɔm ɖekae abe xɔlɔ̃wo ene. Ƒe akpe geɖe megbe la, Biblia gblɔ tso Noa ŋu be: ‘Eto eƒe xɔse me, bu fɔ xexea.’ (Heb. 11:7) Aleke wòwɔe? Nu kae mí ame siwo li egbea míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe xɔse me?

Enye Ame Maɖifɔ Le Xexe Vɔ̃ɖi Aɖe Me

4, 5. Aleke nu vlo wɔwɔ va do gã ɖe edzi le Noa ƒe ŋkekea me?

4 Noa tsi le xexe aɖe si me nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba le la me. Xexea gblẽ le tɔgbuitɔgbuia, Henox, si hã nye ame dzɔdzɔe si zɔ kple Mawu, la ŋɔli ke. Henox gblɔ nya ɖi be ʋɔnudrɔ̃ŋkeke aɖe gbɔna ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexea dzi. Azɔ le Noa ƒe ŋkekea me la, mawumavɔmavɔ̃ nuwɔnawo va do agbogbo. Le nyateƒe me la, anyigba la gblẽ le Yehowa ŋkume, elabena nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. (1 Mose 5:22; 6:11; Yuda 14, 15) Nu kae na nuwo va vloe ɖe edzi alea gbegbe?

5 Vɔ̃ gã aɖe dzɔ le Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siwo nye mawudɔlawo la dome. Do ŋgɔ la, wo dometɔ ɖeka dze aglã ɖe Yehowa ŋu hezu Satana Abosam esi wògblẽ Mawu ŋu heble Adam kple Xawa de nu vɔ̃ me. Le Noa ƒe ŋkekea me la, mawudɔla bubuwo hã va dze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea ŋu. Wogblẽ ɖoƒe si Mawu na wo le dziƒo la ɖi va anyigba dzi hedo amegbetɔŋutilã, eye woɖe nyɔnu dzetugbewo. Mawudɔla dadala, ɖokuitɔdila kple aglãdzela mawo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe amegbetɔwo dzi.—1 Mose 6:1, 2; Yuda 6, 7.

6. Aleke Nefilimwo kpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi, eye nu kae Yehowa ɖo be yeawɔ?

6 Gakpe ɖe eŋu la, esi mawudɔla siwo va do amegbetɔwo ƒe ŋutilã la ɖe amegbetɔ nyɔnuwo, evɔ nu sia mele dzɔdzɔme nu o la, wodzi dzidehlɔ̃meviwo, ame kako siwo si ŋusẽ le ale gbegbe. Biblia yɔ wo be ame dzɔtsuwo, alo Nefilimwo, si gɔmee nye “Ameƒuanyilawo.” Nefilimwo nye ŋutasẽla vɔ̃ɖi siwo na ŋutasẽnuwɔwɔ kple mawumavɔmavɔ̃ ƒe gbɔgbɔ va xɔ aƒe ɖe xexea me. Esia ta mewɔ nuku o be Wɔla la gblɔ be “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi, eye woƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ko ɖaa.” Eya ta Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzidzimea ɖa keŋkeŋ le ƒe 120 megbe.—Xlẽ 1 Mose 6:3-5.

7. Nu ka tae wòasesẽ na Noa kple srɔ̃a be woakpɔ wo viŋutsuawo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me ɣemaɣi?

7 Bu ale si gbegbe wòasesẽ be woahe vi le xexe ma tɔgbi me ŋu kpɔ! Ke hã Noa te ŋu he viawo nyuie. Eɖe nyɔnu nyui aɖe. Noa xɔ ƒe 500 hafi srɔ̃a dzi ŋutsuvi etɔ̃ nɛ—woawoe nye Sem, Xam, kple Yafet. * Ele na dzila evea siaa be woakpɔ wo viŋutsuawo ta be nutoa me tɔwo nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi o. Zi geɖe la, ŋutsuvi suewo kpɔa dzidzɔ ɖe ‘ame kakowo’ kple ‘ŋkɔxɔlawo’ ŋu eye woƒe nu wɔa dɔ ɖe wo dzi—eye nenema tututue Nefilimwo nɔ. Asesẽ ŋutɔ be Noa kple srɔ̃a naxe mɔ na wo viawo be woagase ame kako mawo ƒe kalẽwɔwɔ ŋuti nya aɖeke o, gake wote ŋu fia Yehowa Mawu ŋuti nyateƒe lédzinamewo wo viawo be, Yehowa lé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe. Ele be woakpe ɖe wo viŋutsuawo ŋu woakpɔe adze sii be xexea me tɔwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ kple aglãdzedze la ɖua dzi na Yehowa.—1 Mose 6:6.

Ele na Noa kple srɔ̃a be woakpɔ wo viwo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me

8. Aleke dzila nyanuwo ŋu ate ŋu asrɔ̃ Noa kple srɔ̃a ƒe kpɔɖeŋu egbea?

8 Dzila siwo li egbea la ate ŋu ase nu siwo me Noa kple srɔ̃a to la gɔme. Ŋutasẽnuwɔwɔ kple aglãdzedze xɔ aƒe ɖe míaƒe xexea me abe ale si wònɔ le wo ŋɔli ene. Sɔhɛ dzeaglãwo ƒe gbevuhawo sɔa gbɔ ɖe dugãwo me zi geɖe. Ŋutasẽnuwɔwɔwo bɔ ɖe modzakaɖenu siwo wowɔna na ɖeviwo egbea la gɔ̃ hã me. Dzila nyanuwo wɔa woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be nu mawo nagakpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo viwo dzi o; wofiaa nu wo viwo tso Yehowa, ŋutifafa Mawu, si ava ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖa gbe ɖeka la ŋu. (Ps. 11:5; 37:10, 11) Dzilawo ate ŋu akpɔ dzidzedze le wo viwo hehe me! Noa kple srɔ̃a te ŋu he wo viwo nyuie. Wo viŋutsuawo tsi va zu ame ɖɔʋuwo, eye woɖe nyɔnu siwo hã lɔ̃ faa be yewoatsɔ Yehowa, Mawu vavã la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le yewoƒe agbe me.

“Kpa Aɖakaʋu Na Ðokuiwò”

9, 10. (a) Dɔ kae Yehowa de asi na Noa si he tɔtrɔ gã aɖe va eƒe agbe me? (b) Nya kae Yehowa gblɔ na Noa ku ɖe ale si wòakpa aɖakaʋua kple nu si tae wòakpae ɖo ŋu?

9 Gbe ɖeka la, nane dzɔ si he tɔtrɔ gã aɖe va Noa ƒe agbe me. Yehowa gblɔ tame si wòɖo be yeatsrɔ̃ xexe ma ɖa la na esubɔla malɔ̃nugbɔa. Mawu gblɔ na Noa be: “Tsɔ dzatiwo kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò.”—1 Mose 6:14.

10 Menye meli ye aɖakaʋu sia nye abe ale si ame aɖewo susui ene o. Ŋgɔgbe kple megbe meli nɛ abe meli tɔ ene o, nenema kee kuɖɔɖoti hã menɔ eŋu o—eƒe akpa aɖeke mexa gobaa o. Aɖakago gã nyadri aɖee wònye. Yehowa gblɔ ale si tututu wòle be aɖakaʋua ƒe dzidzeme nanɔ na Noa, egblɔ nɔnɔme si me wòawɔe ɖo la nɛ, eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ aŋɔ atre eme kple ekɔgo siaa. Eye egblɔ nu si tae la na Noa be: “Nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena . . . anyigba dzi nuwo katã naku.” Ke Yehowa bla nu kple Noa gblɔ bena: “[Àyi] ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple srɔ̃wò hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋu.” Azɔ hã, ele be Noa nakplɔ lã ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖewo ayi aɖakaʋua me. Ame siwo anɔ aɖakaʋua me la ɖeɖe koe atsi agbe ne Tsiɖɔɖɔa va!—1 Mose 6:17-20.

Noa kple eƒe ƒomea wɔ dɔ aduadu hewɔ Mawu ƒe sewo dzi

11, 12. Dɔ gã nyadri kae dze ŋgɔ Noa, eye aleke wòwɔe?

11 Dɔ gã nyadri aɖe dze ŋgɔ Noa. Ele be aɖakaʋu sia nalolo ŋutɔ—eƒe didime anye abɔklugui 300 (meta 133), eƒe kekeme anye abɔklugui 50 (meta 22), eye eƒe kɔkɔme anye abɔklugui 30 (meta 13). Elolo sãsãsã wu tɔdziʋu gãtɔ si wokpa kpɔ tso blema ke va de asi na egbea gɔ̃ hã. Ðe Noa he ɖe megbe le dɔdeasi sia ŋua, ɖe wòto nyatoƒoe le eŋuti kuxiwo ŋua, alo ɖe wòwɔ mɔfiameawo dzi ɖewoɖewoe be wòanɔ bɔbɔe na yea? Biblia gblɔ be: “Noa wɔe; ale si Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.”—1 Mose 6:22.

12 Aɖakaʋua kpakpa xɔ ƒe geɖe, ɖewohĩ exɔ ƒe 40 alo 50. Ele be Noa namu ati gãgãwo, ahe atikpo gãwo, eye ele be wòatso ati legbeewo, akpa wo ɖe nɔnɔme vovovowo me, eye wòakpe wo ɖe wo nɔewo nu nyuie. Ele be aɖakaʋua nanye dzisasrã etɔ̃, woama wo me ɖe xɔnu vovovowo me, eye woaɖe ʋɔtru ɖe eƒe axa ɖeka dzi. Edze ƒãa be woɖe fesrewo ɖe eƒe dzigbe gome godoo va kpe, eye anɔ eme be wogbae ale gbegbe be ekɔ vie le titina be tsi nate ŋu atsra tso etame bɔbɔe.—1 Mose 6:14-16.

13. Dɔ si wode asi na Noa la ƒe akpa kae anya sesẽ wu aɖakaʋua kpakpa, eye aleke amewo wɔ nui?

13 Esi ƒeawo va nɔ yiyim eye aɖakaʋua ƒe nɔnɔme va nɔ dzedzem nyuie la, dzi anya dzɔ Noa ŋutɔ be yeƒe ƒomea kpe ɖe ye ŋu le dɔa wɔwɔ me! Dɔ si wode esi la ƒe akpa aɖe anya sesẽ wu aɖakaʋua kpakpa gɔ̃ hã. Biblia gblɔ na mí be Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.” (Xlẽ 2 Petro 2:5.) Eya ta dzi nɔ eƒo wòxɔ ŋgɔ le nuxɔxlɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo nɔ xexe mavɔ̃mawu ma me tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna wo dzi va ge ŋu la me. Aleke wowɔ nui? Emegbe Yesu Kristo gblɔ nu si dzɔ ɣemaɣi be, xexe ma me tɔwo ‘metsɔ ɖeke le eme o.’ Egblɔ be woƒo wo ɖokui ɖe gbe sia gbe nuwɔna siwo nye nuɖuɖu, nunono kple srɔ̃ɖeɖe me ale gbegbe be wodo toku Noa ƒe nyawo. (Mat. 24:37-39) Ðikeke mele eme o be, ame geɖe ɖu fewu le Noa kple eƒe ƒomea ŋu; ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo do ŋɔdzi nɛ be yewoawɔ nu vevii gɔ̃ hã. Woanya tee kpɔ gɔ̃ hã be yewoagblẽ aɖakaʋukpakpadɔa me.

Togbɔ be edze ƒãa be Mawu nɔ Noa yram hã la, amewo kpɔtɔ nɔ fewuɖuɖu dzi hedo toku eƒe gbedeasia

14. Nu kae Kristotɔwo ƒe ƒome siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso Noa kple eƒe ƒomea gbɔ?

14 Ke hã Noa kple eƒe ƒomea mena ta o. Togbɔ be xexe si me wonɔ la me tɔwo dze agbagba vevie be yewoana woƒe agbemedɔ vevitɔ, si nye aɖakaʋua kpakpa, nadze nu maɖinu, nu ɖigbɔ, alo bometsinu hã la, woyi dɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Eya ta Kristotɔwo ƒe ƒome siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso xɔse si nɔ Noa kple eƒe ƒomea si la me. Nya lae nye be, míele agbe le ɣeyiɣi si Biblia yɔ be nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” la me. (2 Tim. 3:1) Yesu gblɔ be míaƒe ŋkekea anɔ abe ŋkeke siwo me Noa kpa aɖakaʋua ene. Ne amewo gbe toɖoɖo Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya si Kristotɔwo ɖea gbeƒãe, ne woɖu fewu le wo ŋu, alo ti wo yome gɔ̃ hã la, anyo be woaɖo ŋku Noa dzi. Menye woawoe nye ame gbãtɔ siwo do go kuxi siawo tɔgbi o.

“Yi Ðe Aɖakaʋu La Me”

15. Ame kawoe ku na Noa esi wòsusɔ vie wòaxɔ ƒe 600?

15 Ƒe geɖewo va yi, eye vivivi la, wowu aɖakaʋua kpakpa nu. Esi wòsusɔ vie Noa naxɔ ƒe 600 la, eƒe ame vevi aɖewo ku. Fofoa, si ŋkɔe nye Lamex ku. * Ƒe atɔ̃ megbe la, Lamex fofo, si nye Noa tɔgbui, Metusala, ku esi wòxɔ ƒe 969—eyae nye amegbetɔ si ŋuti Biblia ka nya ta le be enɔ agbe didi wu ame ɖe sia ɖe. (1 Mose 5:27) Metusala kple Lamex siaa tso ame gbãtɔ Adam ɖo.

16, 17. (a) Nya bubu kae Mawu gblɔ na Noa esi wòxɔ ƒe 600? (b) Ƒo nu tso nu si teƒe Noa kple eƒe ƒomea kpɔ, si womaŋlɔ be gbeɖe o, la ŋu.

16 Esi Noa xɔ ƒe 600 la, gbe bubu aɖe tso Yehowa Mawu gbɔ nɛ be: “Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã.” Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu gblɔ na Noa be wòakplɔ lã ƒomevi vovovoawo katã ayi ɖe aɖakaʋua me—akplɔ lã siwo ŋuti kɔ, siwo sɔ be woatsɔ asa vɔe, la adreadre, eye susɔewo eveveve.—1 Mose 7:1-3.

17 Nu ma teƒe kpɔkpɔ anye nu si womaŋlɔ be gbeɖe o. Lãhaawo tso adzɔge ɖaa gbɔna—ɖewo le zɔzɔm, ɖewo le dzodzom, ɖewo le tatam; ɖewo le zɔzɔm fitsɛfitsɛ, eye ɖewo hã le tatam blewublewu; wole hamehame: lolotɔwo kple suetɔwo siaa, eye woƒe nɔnɔme le vovovo. Mahiã be Noa ŋutɔ nanɔ agbagba dzem be yeable gbemelã mawo katã nu be woayi ɖe aɖakaʋua me o. Nuŋlɔɖia gblɔ be ‘woyi ɖe Noa gbɔ le aɖakaʋu la me.’—1 Mose 7:9.

18, 19. (a) Nu kawoe kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be nya siwo ɖikelawo fɔ ɖe te ku ɖe Noa ƒe ŋutinyaa me nudzɔdzɔwo ŋu la mele eteƒe o? (b) Aleke Yehowa ƒe nunya ɖe dzesi le mɔ si dzi wòto kpɔ lã siwo wòwɔ ta la me?

18 Ðikela aɖewo abia be: ‘Aleke nu sia ate ŋu adzɔe? Eye aleke lã mawo katã ate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ le ŋutifafa me le teƒe ɖeka?’ Wò ya bu eŋu kpɔ: Ðe wòasesẽ na xexea me katã Wɔla la be wòafia mɔ lã siwo eya ŋutɔ wɔ, eye kura gɔ̃ hã wòana woanɔ anyi kpoo ne ehiã? Ðo ŋku edzi be Yehowae nye Mawu si wɔ lãwo. Ƒe geɖe megbe la, eyae ma Ƒudzĩa me, eye eya kee na ɣe tɔ ɖe teƒe ɖeka. Ðe mate ŋu awɔ nu siwo katã ŋu woƒo nu tsoe le Noa ƒe ŋutinyaa me la oa? Vavãe ate ŋui, eye ewɔe hã!

19 Le nyateƒe me la, Mawu ate ŋu atiae be yeakpɔ lã siwo yewɔ la ta to mɔ bubu aɖe dzi hafi. Ke hã le eƒe nunya deŋgɔ me la, eto mɔ si na míeɖo ŋku dɔ si wòde amegbetɔwo si tso gɔmedzedzea me be woalé be na anyigba dzi lãwo katã la dzi kpɔ wo ta. (1 Mose 1:28) Esia tae egbea, dzila geɖewo zãa Noa ƒe ŋutinyaa tsɔ fiaa nu wo viwo be lãwo kple amegbetɔ siwo Yehowa wɔ la xɔ asi nɛ ŋutɔ.

20. Dɔ kawoe Noa kple eƒe ƒomea anya nɔ wɔwɔm le kwasiɖa mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la me?

20 Yehowa gblɔ na Noa be esusɔ kwasiɖa ɖeka ne Tsiɖɔɖɔa nava. Anya nye ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ na eƒe ƒomea. Wò ya kpɔ dɔ si gbegbe wòanye be woaɖo nu sia nu ɖe ɖoɖo nu le aɖakaʋua me—lãawo katã kple woƒe nuɖuɖuwo kpakple ƒomea tɔwo—kple ale si gbegbe wòate ɖeɖi ame ŋui be woalɔ ƒomea ƒe nuzazãwo ayi ɖe aɖakaʋua mee ŋu kpɔ. Ðewohĩ Noa srɔ̃ kpakple Sem, Xam kple Yafet srɔ̃wo adze agbagba vevie be yewoakpɔ egbɔ be nu sia nu si yewoahiã le aɖakaʋua me la de.

21, 22. (a) Nu ka tae mele be Noa ŋɔlimetɔwo ƒe ɖekematsɔlemea nawɔ nuku na mí o? (b) Ɣekaɣie ame siwo dome Noa nɔ la dzudzɔ fewuɖuɖu le Noa kple eƒe ƒomea ŋu?

21 Ke nu kae ame siwo dome wonɔ la wɔ? Togbɔ be kpeɖodziawo katã ɖee fia be Yehowa nɔ Noa kple eƒe agbagbadzedzewo yram hã la, “wometsɔ ɖeke le eme o.” Woawo ŋutɔwo de dzesi ale si lãha gbogbowo tɔ ka yi ɖe aɖakaʋua me. Gake mele be woƒe ɖekematsɔlemea nawɔ nuku na mí o. Nenema kee ame siwo li egbea hã metsɔ ɖeke le kpeɖodzi gbogbo siwo ɖee fia be míele xexe sia ƒe nuɖoanyiawo ƒe ŋkeke mamlɛawo me la me o. Abe ale si apostolo Petro gblɔe ɖi ene la, fewuɖula geɖewo va kple woƒe fewuɖuɖu, eye woɖea alɔme le ame siwo wɔna ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi la ŋu. (Xlẽ 2 Petro 3:3-6.) Kakaɖedzitɔe la, nenema tututue amewo ɖu fewu le Noa kple eƒe ƒomea ŋui.

22 Ɣekaɣie wodzudzɔ fewuɖuɖua? Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be esi Noa kplɔ eƒe ƒomea kple lãwo yi aɖakaʋua me vɔ la, “Yehowa do ʋɔ ɖe enu.” Ne fewuɖula aɖewo nɔ afi ma la, afɔ ma si Mawu ɖe la ana woƒe nu natsi te godoo. Ne ema metsɔ fu lãme na wo o la, ke tsidzadzaa amia nu na wo, elabena ekɔ ɖe anyi yoo! Eye wòyi edzi nɔ kɔkɔm ɖi bababa va se ɖe esime wòɖe anyigba blibo la, abe ale si tututu Yehowa gblɔe ene.—1 Mose 7:16-21.

23. (a) Aleke míewɔ nya be ame vɔ̃ɖiwo ƒe ku le Noa ƒe ŋkekea me medo dzidzɔ na Yehowa o? (b) Nu ka tae nunya le eme be míasrɔ̃ Noa ƒe xɔse egbea?

23 Ðe ame vɔ̃ɖi mawo ƒe ku do dzidzɔ na Yehowa? Ao! (Eze. 33:11) Ke boŋ, ena mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe wo be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ eye woawɔ nyui. Ðe wòanya wɔ be woawɔ tɔtrɔ hafia? Noa ƒe agbenɔnɔ ɖee fia be woate ŋui. Esi Noa zɔ kple Yehowa heɖo to eƒe Mawu la le nu sia nu me ta la, eɖee fia be woawo hã woate ŋu atsi agbe hafi. Aleae Noa to eƒe xɔse dzi bu fɔ xexe ma; eto eƒe agbenɔnɔ dzi na wòdze ƒãa be dzidzime ma nye dzidzime vɔ̃ɖi vavã. Eƒe xɔse xɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ɖe agbe. Nenema kee ne wò hã èsrɔ̃ Noa ƒe xɔse la, aɖe vi gã aɖe na wò ŋutɔ kple wò ame veviwo siaa. Abe Noa ene la, wò hã àte ŋu azɔ kple Yehowa Mawu abe Xɔ̃wò ene. Eye mia kplii ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ate ŋu anɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me!

^ mm. 7 Le ɣeyiɣi mawo me la, amegbetɔwo nɔa agbe wòdidina sãsãsã wu ale si wòle egbea. Edze ƒãa be esi wonye Adam kple Xawa, siwo ŋu ŋusẽ nɔ eye wode blibo tsã la ƒe dzidzimevi ŋgɔgbetɔwo tae.

^ mm. 15 Lamex tsɔ ŋkɔ na viaŋutsua be Noa—si gɔme ate ŋu anye “Gbɔdzɔe” alo “Akɔfafa”—eye wògblɔ nya ɖi be Noa ana ameƒomea nakpɔ gbɔdzɔe tso fi si woƒo de anyigba la me, eye wòana gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu la nava eme. (1 Mose 5:28, 29) Lamex menɔ agbe kpɔ eƒe nyagblɔɖia me vava teƒe o. Anɔ eme be Noa dada kple nɔviaŋutsuwo kpakple nɔvianyɔnuwo ku le Tsiɖɔɖɔa me.