Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 2

Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò Le Mawu Ŋkume

Dzitsinya Nyui Nenɔ Asiwò Le Mawu Ŋkume

“Milé dzitsinya nyui me ɖe asi.”—1 PETRO 3:16.

1, 2. Nu ka tae míehiã na mɔfianu alo mɔfiala ne míele teƒe aɖe si míenya o? Nu kae Yehowa na mí be wòafia mɔ mí?

TSƆE be èle zɔzɔm le dzogbe gã aɖe dzi. Ya ʋuduʋudu le ƒoƒom le ke lɔm yi teƒeteƒewo ale be afɔtoƒewo megale dzedzem o. Àte ŋu abu bɔbɔe. Aleke nàwɔ anya afi si nàto? Ehiã be ame aɖe alo nane nafia mɔ wò. Ate ŋu anye taɖoƒefianu, ɣe alo ɣletiviwo, anyigbatata, mɔfianu si woyɔna be GPS alo ame aɖe gɔ̃ hã si nya dzogbea nyuie. Mɔfianu zazã le vevie, elabe ate ŋu akpɔ wò agbe ta.

2 Kuxiwo dzea ŋgɔ mí katã le agbe me eye ɣeaɖewoɣi la, ele bɔbɔe be míatɔtɔ. Gake be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu la, ena dzitsinya mía dometɔ ɖe sia ɖe. (Yakobo 1:17) Na míakpɔ nu si dzitsinya nye kple ale si wòwɔa dɔe ɖa. Eyome míasrɔ̃ ale si míate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinya, nu si ta wòhiã be míabu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu kple ale si ne dzitsinya dzadzɛ le mía si la wòate ŋu ana míaƒe agbe nanyo ɖe edzi la hã.

NU KAE NYE DZITSINYA, EYE ALEKE WÒWƆA DƆE?

3. Nu kae nye dzitsinya?

3 Dzitsinya nye nunana wɔnuku aɖe si Yehowa na mí. Enye ŋutete si le mía me be míade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzitsinya” le Biblia me la fia “ame ɖokui nyanya.” Ne míaƒe dzitsinya wɔa dɔ nyuie la, ekpena ɖe mía ŋu míenyana ame si tututu míenye. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míato nyateƒe na mía ɖokui ku ɖe míaƒe nuŋububu kple seselelãme ememetɔwo ŋu. Ate ŋu afia mɔ mí míate ɖa le nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu ahawɔ nu nyui. Ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ ne míewɔ nyametsotso nyuiwo, alo abu fɔ mí ne míewɔ gbegblẽawo hã.—Kpɔ Dzesidenya 5 lia.

4, 5. (a) Esi Adam kple Xawa meɖo to woƒe dzitsinya o la, nu kae do tso eme? (b) Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖe ale si dzitsinya wɔa dɔe la fia?

4 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu atiae nenye be yeaɖo to yeƒe dzitsinya loo alo yemaɖo toe o. Adam kple Xawa tiae be yewomaɖo to yewoƒe dzitsinya o, eye esia na wowɔ nu vɔ̃. Emegbe woƒe dzitsinya va bu fɔ wo, gake etsi megbe akpa. Wogbe toɖoɖo Mawu xoxo. (1 Mose 3:7, 8) Dzitsinya deblibo nɔ wo ame evea siaa si eye wonyae hã be menyo be yewoagbe toɖoɖo Mawu o. Gake wotiae be yewomaɖo to yewoƒe dzitsinya o.

5 To vovo na woawo la, amegbetɔ madeblibo geɖe ɖo to woƒe dzitsinya. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Hiob. Esi wòwɔ nyametsotso nyuiwo ta la, ete ŋu gblɔ be: “Zi ale si mele agbe la, nye dzi mabu fɔm o.” (Hiob 27:6) Esi Hiob gblɔ be yeƒe “dzi” la, eƒe dzitsinya, si nye ŋutete si le eme be wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Gake David ya meɖo to eƒe dzitsinya ɣeaɖewoɣi o, si wɔe be meɖo to Yehowa o. Ɣeaɖeɣi la, eƒe dzi bu fɔe ɖe nane si wòwɔ ta ale gbegbe be ɖeko eƒe dzi “lã kpo.” (1 Samuel 24:5) David ƒe dzitsinyae nye ema nɔ gbɔgblɔm nɛ be nu si wòwɔ la menyo o. Ne eɖo to eƒe dzitsinya la, akpe ɖe eŋu be wòaƒo asa na vodada ma wɔwɔ ake.

6. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be dzitsinya nye nunana tso Mawu gbɔ na amegbetɔwo?

6 Ame siwo menya Yehowa o gɔ̃ hã kpɔnɛ zi geɖe be nuwɔna aɖewo li siwo sɔ eye ɖewo hã li siwo mesɔ o. Biblia gblɔ be: “Woawo ŋutɔwo ƒe tamesusuwo bua fɔ wo alo tsoa afia na wo be wo tɔ dzɔ.” (Romatɔwo 2:14, 15) Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe nyae be amewuwu alo fififi menyo o. Togbɔ be ɖewohĩ womade dzesii o hã la, woƒe dzitsinya, si nye ŋutete si Yehowa de wo me be woade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ye nye ema le dɔ wɔm le wo me. Wole wɔwɔm ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo, siwo nye nyateƒenya vevi siwo Yehowa na mí be woakpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuiwo le agbe me, la hã dzi.

7. Nu ka tae míaƒe dzitsinya ate ŋu able mí ɣeaɖewoɣi?

7 Gake míaƒe dzitsinya ate ŋu able mí ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe nuŋububu kple seselelãme madeblibowo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe dzitsinya ŋu eye wòana míawɔ nu gbegblẽ. Dzitsinya nyui mevana le eɖokui si o. (1 Mose 39:1, 2, 7-12) Ele be míana hehee. Yehowa na gbɔgbɔ kɔkɔea kple Biblia me gɔmeɖosewo mí be woakpe ɖe mía ŋu. (Romatɔwo 9:1) Na míadzro ale si míate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinyae la me.

ALEKE MÍAWƆ ANA HEHE MÍAƑE DZITSINYA?

8. (a) Aleke míaƒe seselelãmewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzitsinya dzi? (b) Hafi míawɔ nyametsotso aɖe la, nya kae wòle be míabia mía ɖokui?

8 Ame aɖewo susuna be nu si wòfia be yewoaɖo to yewoƒe dzitsinya koe nye be yewoanɔ te ɖe yewoƒe seselelãme dzi atso nya me. Wosusuna be yewoate ŋu awɔ nu sia nu si yewodi zi ale si yewokpɔ be edze yewo ŋu. Gake míaƒe seselelãmewo mede blibo o eye woate ŋu akplɔ mí atrae. Míaƒe seselelãmewo nu ate ŋu asẽ ale gbegbe be woakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzitsinya dzi. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye enu menya léna o. Ame kae ate ŋu adze sii?” (Yeremiya 17:9) Eya ta míate ŋu ava nɔ susum be nuwɔna aɖe nyo, evɔ nu gbegblẽe wònye hafi. Le kpɔɖeŋu me, hafi Paulo nava zu Kristotɔ la, eti Mawu ƒe amewo yome kutɔkutɔe henɔ susum be nu nyui aɖe wɔm yenɔ. Esusui be dzitsinya nyui nɔ ye si. Gake emegbe la, egblɔ be: “Ame si dzroa menye kpɔ lae nye Yehowa.” (1 Korintotɔwo 4:4; Dɔwɔwɔwo 23:1; 2 Timoteo 1:3) Esi Paulo va de dzesi ale si Yehowa se le eɖokui me ɖe nu si wɔm wònɔ ŋu la, ekpɔe be ele be yeawɔ tɔtrɔ. Eya ta edze ƒãa be, hafi míawɔ nane la, ehiã be míabia mía ɖokui be, ‘Nu kae Yehowa di be mawɔ?’

9. Nu kae wòfia be míavɔ̃ Mawu?

9 Ne èlɔ̃ ame aɖe la, màdi be yeawɔ naneke wòate ɖe edzi o. Esi míelɔ̃ Yehowa ta la, mímedi be míawɔ naneke wòate ɖe edzi o. Ele be míaƒe Yehowa vɔvɔ̃ nu nasẽ ale gbegbe be míadi be míawɔ nu wòavee o. Nehemiya ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí. Medi be yeazã nutodziɖula ƒe ɖoƒe si yenɔ la atsɔ akpɔ kesinɔnuwo o. Nu ka tae? Egblɔ be: “Le esi mevɔ̃a Mawu ta.” (Nehemiya 5:15) Nehemiya medi gbeɖe be yeawɔ nu si madze Yehowa ŋu o. Abe Nehemiya ene la, míawo hã míevɔ̃na be míawɔ nu gbegblẽ aɖe si awɔe be míaƒe nu madze Yehowa ŋu o. Míate ŋu asrɔ̃ nu siwo dzea Yehowa ŋu ne míexlẽa Biblia.—Kpɔ Dzesidenya 6 lia.

10, 11. Biblia me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie le aha sesẽ nono ŋu?

10 Le kpɔɖeŋu me, ahiã be Kristotɔ natso nya me nenye be yeano aha sesẽ loo alo yemanoe o. Gɔmeɖose kawoe akpe ɖe eŋu wòatso nya me nyuie? Ðewoe nye esi: Biblia metsi tre ɖe ahanono ŋu o. Le nyateƒe me la, egblɔ na mí be wain nye nunana tso Mawu gbɔ. (Psalmo 104:14, 15) Ke hã, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be womegaƒo wo ɖokuiwo ɖe “aha tsu nono” me o. (Luka 21:34) Eye Paulo gblɔ na Kristotɔwo be woaƒo asa na “kplɔ̃ɖoɖo siwo gbɔ eme kple ahamumuwo.” (Romatɔwo 13:13) Egblɔ be ahamulawo ‘manyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.’—1 Korintotɔwo 6:9, 10.

11 Kristotɔ ate ŋu abia eɖokui be: ‘Aleke gbegbe aha le vevie namee? Ðe wòhiãna be manoe be nye susu nadze akɔ anyia? Ðe menoa aha be wòana dzi naɖo ƒonyea? Ðe mate ŋu aɖu ɖokuinye dzi le aha agbɔsɔsɔme si menona kple zi gbɔ zi ale si menonɛ mea? * Ðe mate ŋu akpɔ dzidzɔ kple xɔ̃nyewo nenye be míeno aha sesẽ o gɔ̃ hã?’ Míate ŋu abia Yehowa ne wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia siwo me nunya le. (Xlẽ Psalmo 139:23, 24.) Ne míewɔe alea la, ke míele hehe nam míaƒe dzitsinya be wòaɖo to Biblia me gɔmeɖosewo. Gake ebia nu geɖe wu esia ko, abe ale si míava kpɔe ene.

NU SI TA MÍEBUA AME BUBUWO ƑE DZITSINYA ŊU

12, 13. Nu ka tae míaƒe dzitsinya ate ŋu ato vovo na ame bubuwo tɔ? Aleke míate ŋu akpɔ vovototo siawo gbɔe?

12 Ame sia ame kple eƒe dzitsinyae. Wò dzitsinya ate ŋu aɖe mɔ na wò be nàwɔ nane si ame aɖe ya tɔ maɖe mɔ nɛ be wòawɔ o. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu atiae be yeano aha, gake ame bubu ya agblɔ be yemanoe o. Nu ka tae ame eve ƒe susu ato vovo le nya sia ŋu?

Ne èna hehe wò dzitsinya la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtso nya me nenye be àno aha sesẽ alo mànoe o

13 Zi geɖe la, ale si ame aɖe sena le eɖokui me ɖe nane ŋu la nɔa te ɖe afi si wònɔ tsi, ale si eƒe ƒomea bua nuae, nu siwo me eya ŋutɔ to le agbe me kple nu bubuwo dzi. Le ahanono gome la, ɖewohĩ ame aɖe si wɔ avu kple aha tsu nono va yi la tiae be yemagano aha kura o. (1 Fiawo 8:38, 39) Eya ta ne èna aha muame ame aɖe, eye wògbe la, aleke nàwɔ nui? Ðe wòate ɖe dziwòa? Ðe nànɔ edzi zim be wòaxɔea? Ðe nàbia be wòaɖe nu si ta wògbe la me na wòa? Ao, elabe èdea bubu eƒe dzitsinya ŋu.

14, 15. Nɔnɔme kae do mo ɖa le Paulo ƒe ŋkekea me? Aɖaŋu nyui kae Paulo ɖo?

14 Le apostolo Paulo ƒe ŋkekea me la, nɔnɔme aɖe do mo ɖa si ɖe ale si amewo ƒe dzitsinya to vovoe la fia. Ʋulã siwo wodzrana le asiwo me la dometɔ aɖewo nye esiwo wozã le alakpasubɔsubɔ me eye wotsɔ wo sa vɔe na trɔ̃wo. (1 Korintotɔwo 10:25) Paulo ya mekpɔe be egblẽ be yeaƒle lã mawo aɖu o. Ekpɔe be nu sia nu tso Yehowa gbɔ. Gake nɔvi aɖewo siwo subɔ trɔ̃wo kpɔ va yi la se le wo ɖokuiwo me bubui. Wokpɔe be mesɔ be woaɖu lã mawo o. Ðe Paulo gblɔ be: ‘Meɖe fu na nye dzitsinya o. Mate ŋu aɖu nu sia nu si media’?

15 Paulo mebu nuwo ŋu nenema o. Nɔviawo ƒe seselelãme nɔ vevie nɛ ale gbegbe be wòlɔ̃ faa be yeaɖe asi le ye ŋutɔ yeƒe didi aɖewo ŋu. Paulo gblɔ be “míaganɔ mía ɖokui ŋu dzem o.” Egblɔ kpee be: “Elabena Kristo la gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o.” (Romatɔwo 15:1, 3) Abe Yesu ene la, Paulo tsɔ ɖe le eme na ame bubuwo wu eya ŋutɔ ɖokui.—Xlẽ 1 Korintotɔwo 8:13; 10:23, 24, 31-33.

16. Nu ka tae mele be míadrɔ̃ ʋɔnu nɔvi aɖe le esi eƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ be wòawɔ nane ta o?

16 Ke ne ame aɖe ƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ wòwɔ nane si míawo ya míesusu be menyo o ya ɖe? Ele be míakpɔ nyuie be míaganɔ ʋɔnu drɔ̃m amea ahanɔ tɔ tem ɖe edzi be mía tɔ dzɔ eye be etɔ medzɔ o. (Xlẽ Romatɔwo 14:10.) Ðe Yehowa na dzitsinya mí be míatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mía ɖokui, ke menye ame bubuwo o. (Mateo 7:1) Míadi gbeɖe be míana mía ŋutɔwo míaƒe didiwo nana míade mama hamea me o. Ke boŋ míedia mɔ siwo dzi míato ado lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ.—Romatɔwo 14:19.

NE DZITSINYA NYUI LE MÍA SI LA, ATE ŊU AÐE VI NA MÍ

17. Nu kae dzɔ ɖe ame aɖewo ƒe dzitsinya dzi?

17 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Milé dzitsinya nyui me ɖe asi.” (1 Petro 3:16) Nublanuitɔe la, ne amewo yi edzi le aɖaba ŋem ƒu Yehowa ƒe gɔmeɖosewo dzi la, woƒe dzitsinya megaxlɔ̃a nu wo o. Paulo gblɔ be dzitsinya ma tɔgbi “ku atri.” (1 Timoteo 4:2) Ðe dzo fiã wò vevie kpɔa? Ne edzɔ alea la, afi si dzoa fiã la kuna yikpaa ale gbegbe be màgase naneke le teƒea o. Ne ame aɖe yia edzi wɔa nu gbegblẽ la, eƒe dzitsinya va kua atri eye mlɔeba edzudzɔa dɔwɔwɔ.

Dzitsinya nyui ate ŋu afia mɔ mí le agbe me eye wòana míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme

18, 19. (a) Ne míaƒe dzi bu fɔ mí alo ŋu kpe mí la, nu kae wòate ŋu afia? (b) Ne míaƒe dzi le fɔ bum mí le nu vɔ̃ aɖe si míewɔ va yi ta evɔ míetrɔ dzi me xoxo la, nu kae míate ŋu awɔ?

18 Ne míaƒe dzi le fɔ bum mí la, anye be míaƒe dzitsinyae le gbɔgblɔm na mí be míewɔ nu gbegblẽ. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade dzesi nu si míewɔ la ahadzudzɔ ewɔwɔ. Míedi be míasrɔ̃ nu tso míaƒe vodadawo me ale be míaganɔ vodada mawo ke wɔm o. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Fia David wɔ nu vɔ̃ hã la, eƒe dzitsinya ʋãe wòtrɔ dzi me. Elé fu nu si wòwɔ la, eye wòɖoe kplikpaa be yeaɖo to Yehowa tso ema dzi. Nu si me David to la na wòte ŋu gblɔ be: “Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.”—Psalmo 51:1-19; 86:5; kpɔ Dzesidenya 7 lia.

19 Gake ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ eye wòtrɔ dzi me xoxo gɔ̃ hã la, eƒe dzi agate ŋu anɔ fɔ bumee ɖe nu si wòwɔ la ta. Ne ame aɖe ƒe dzi le fɔ bumee la, ate ŋu ana amea nase veve eye wòase le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o. Ne èsena le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣi la, ɖo ŋku edzi be màte ŋu atrɔ nu si dzɔ va yi la o. Èɖase nu si nye nyui kple vɔ̃ gɔme nyuie ɣemaɣi alo mèse egɔme tututu o, Yehowa ya tsɔ wò nu vɔ̃awo ke wò keŋkeŋ, eye etutu wo ɖa. Yehowa bua wò be ŋuwò kɔ, eye ɖo ŋku edzi be èle nu si le dzɔdzɔe wɔm fifia. Wò dzi agate ŋu anɔ fɔ bum wò kokoko, gake Biblia gblɔ be: “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo.” (Xlẽ 1 Yohanes 3:19, 20.) Esia fia be eƒe lɔlɔ̃ kple tsɔtsɔke ƒo fɔbuame kple ŋukpe ƒe seselelãme ɖe sia ɖe si anɔ mía me la ta sãsãsã. Ka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke wò. Ne ame aɖe lɔ̃ ɖe edzi be Yehowa tsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ke ye la, esia awɔe be eƒe dzitsinya magabu fɔe azɔ o, eye ate ŋu ayi edzi asubɔ Mawu kple dzidzɔ.—1 Korintotɔwo 6:11; Hebritɔwo 10:22.

20, 21. (a) Nu kae wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ? (b) Ablɔɖe kae Yehowa na mí? Aleke wòle be míazãe?

20 Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò nàna hehe wò dzitsinya, ale be wòate ŋu axlɔ̃ nu wò ahakpɔ tawò le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me. Akpe ɖe ŋuwò hã be nàwɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le nɔnɔme vovovowo me le wò agbe me. Agbalẽ sia mana se gbogbo aɖewo mí ku ɖe nu si míawɔ le nɔnɔme ɖe sia ɖe me ŋu o. “Kristo la ƒe se la,” si wotu ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi, nue míenɔa agbe ɖo. (Galatiatɔwo 6:2) Ne se aɖeke meli tẽe ku ɖe nuwɔna aɖe ŋu o hã la, míetsɔa ema doa taflatsɛ ale be míawɔ nu gbegblẽ o. (2 Korintotɔwo 4:1, 2; Hebritɔwo 4:13; 1 Petro 2:16) Ke boŋ míezãa ablɔɖe si le mía si la tsɔ ɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la fiana.

21 Ne míedea ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu eye míenɔa agbe ɖe wo nu la, míesrɔ̃a ale si míazã míaƒe “nugɔmeseseŋutetewo,” eye míebua nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. (Hebritɔwo 5:14) Esia ana dzitsinya si wona hehee, si afia mɔ mí le agbe me eye wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa, la nanɔ mía si.

^ mm. 11 Ðɔkta geɖewo gblɔ be esesẽna na ame siwo ahanono zu numame na la be woaɖu wo ɖokuiwo dzi le aha agbɔsɔsɔme si wonona ŋu. Ðɔktawo ɖo aɖaŋu be ame siawo nagano aha sesẽ kura o.