Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Aha Sesẽ Ŋu? Ðe Ahanono Nye Nu Vɔ̃a?

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Aha Sesẽ Ŋu? Ðe Ahanono Nye Nu Vɔ̃a?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Aha sesẽ nono menye nu gbegblẽ ne wonoe le ŋuɖɔɖo me o. Biblia gblɔ be wain nye nunana tso Mawu gbɔ eye be ate ŋu ado dzidzɔ na mí. (Psalmo 104:14, 15; Nyagblɔla 3:13; 9:7) Biblia gblɔ hã be woate ŋu azã aha le atikewɔwɔ me.​—1 Timoteo 5:23.

 Yesu no wain esime wònɔ anyigba dzi. (Mateo 26:29; Luka 7:34) Le Yesu ƒe nukunu xɔŋkɔ aɖe me la, etrɔ tsi wòzu wain na amewo le srɔ̃ɖeƒe aɖe dɔmenyotɔe.​—Yohanes 2:1-10.

Afɔku siwo le aha tsu nono me

 Togbɔ be Biblia ƒo nu tso vi siwo wain ɖena na ame ŋu hã la, etsri aha tsu nono kple ahamumu na mí. Eya ta ne Kristotɔ aɖe tiae be yeano aha sesẽ la, ele be wòanoe le ŋuɖɔɖo me. (1 Timoteo 3:8; Tito 2:2, 3) Biblia gblɔ susu geɖe siwo tae wòle be míatsri aha tsu nono ɖo la na mí.

  •   Enana be ame megabua tame alo tsoa nya me nyuie o. (Lododowo 23:29-35) Ame si mu aha mate ŋu awɔ ɖe se si Biblia de be ‘míatsɔ míaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, wòanye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me míazã míaƒe tamebubuŋutete le’ la dzi o.​—Romatɔwo 12:1.

  •   Aha tsu nono wɔnɛ be ŋu megakpea ame o, eye wònana “ame doa kpo nu nyui wɔwɔ.”​—Hosea 4:11; Efesotɔwo 5:18.

  •   Ate ŋu ana ame nada ahe, eye ate ŋu ahe lãmesẽkuxi sesẽwo hã vɛ.​—Lododowo 23:21, 31, 32.

  •   Aha tsu nono kple ahamumu medzea Mawu ŋu o.​—Lododowo 23:20; Galatiatɔwo 5:19-21.

Aha agbɔsɔsɔme ka nonoe gbɔ eme?

 Woagblɔ be ame aɖe no aha wògbɔ eme nenye be eƒe ahanono agblẽ nu le eya ŋutɔ loo ame bubuwo ŋu. Le Biblia ƒe nya nu la, menye ame ƒe ɖimeyiyie wotsɔ dea dzesii be emu aha o, ke boŋ nuwɔnawo abe, amea natɔtɔ le eɖokui me, anɔ yiyim sagasaga, anɔ dzre wɔm eye wòanɔ nya tramawo gblɔm ye. (Hiob 12:25; Psalmo 107:27; Lododowo 23:29, 30, 33) “Aha tsu nono” ate ŋu ate ame siwo dzea agbagba be ahaa nagamu yewo o gɔ̃ hã ƒe “dzi ɖe to” eye wòagblẽ nu le wo ŋu vevie.​—Luka 21:34, 35.

Ahatsitri kura

 Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe siwo me wòle be Kristotɔ naƒo asa na aha sesẽ nono kura la ŋu:

  •   Ne ahanono aɖia ame bubuwo nu.​—Romatɔwo 14:21.

  •   Ne aha sesẽ nono anye dukɔa ƒe se dzi dada.​—Romatɔwo 13:1.

  •   Ne ame metea ŋu ɖua eɖokui dzi le ahanono me o. Ele be ame siwo ahamumu alo aha tsu nono zu kuxi na naɖoe adzudzɔ aha sesẽ nono kura.​—Mateo 5:29, 30.