Hiob 27:1-23

  • Hiob ɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi (1-23)

    • ‘Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu o’ (5)

    • Mɔkpɔkpɔ meli na ame mavɔ̃mawu o (8)

    • “Nu ka tae miaƒe nyawo nye nya gbɔlowo sɔŋ?” (12)

    • Naneke mesua ame vɔ̃ɖi si o (13-23)

27  Hiob gayi eƒe nyawo* dzi be:   “Zi ale si Mawu, ame si gbe afiatsotso nam la le agbe,+Eye Ŋusẽkatãtɔ, ame si do vevesese nam* la le agbe,+   Zi ale si gbɔgbɔ kpɔtɔ le menyeEye Mawu ƒe gbɔgbɔ le ŋɔti me nam la,+   Nye nuyiwo magblɔ nya vlo aɖeke o;Eye nye aɖe magblɔ alakpanya aɖeke o!   Nyemabu mi ame dzɔdzɔewoe gbeɖe o! Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu va se ɖe esime maku o!+   Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi, eye nyemaɖe asi le eŋu akpɔ o;+Zi ale si mele agbe la, nye dzi mabu fɔm o.*   Nye futɔwo nenɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene,Ame siwo tso ɖe ŋunye la nenɔ abe nu gbegblẽ wɔlawo ene.   Elabena mɔkpɔkpɔ kae li na mawumavɔ̃la* ne wohoe ɖa,+Alo ne Mawu ɖe eƒe agbe* ɖa?   Ðe Mawu ase eƒe ɣlidodoNe eɖo xaxa mea?+ 10  Alo ɖe wòakpɔ dzidzɔ ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋua? Ðe wòanɔ Mawu yɔyɔ dzi ɣesiaɣia? 11  Mafia nu mi tso Mawu ƒe ŋusẽ* ŋu;Nyemaɣla Ŋusẽkatãtɔ la ƒe naneke ɖe mi o. 12  Kpɔ ɖa! Ne ŋutegae mi katã miekpɔ la,Ekema nu ka tae miaƒe nyawo nye nya gbɔlowo sɔŋ? 13  Esiae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe gome tso Mawu gbɔ;+Domenyinu si ŋutasẽlawo axɔ tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ. 14  Ne viawo dzi ɖe edzi hã la, woatsi yi nu,+Eye eƒe dzidzimeviwo makpɔ nu aɖu wòasu wo o. 15  Dɔvɔ̃ akplɔ ame siwo susɔ nɛ la ayi yɔ me,Eye woƒe ahosiwo mafa wo o. 16  Ne eli kɔ klosalo ɖi abe ke eneEye wòƒo nudodowo nu ƒu abe tsu ene hã la, 17  Aƒo wo nu ƒu baa,Gake ame dzɔdzɔewoe ado wo,+Eye ame maɖifɔwoe ama eƒe klosalo. 18  Xɔ si wòtu la, anɔ abe agbagblaʋui ƒe azitsro ko ene,Abe agbadɔ+ si dzɔla tu la ene. 19  Kesinɔtɔe wòanye hafi amlɔ anyi, ke hã maƒo naneke nu ƒu o;Ne eʋu ŋku la, eƒe nu sia nu nu ayi. 20  Ŋɔdzi alée le vo me abe tɔɖɔɖɔ ene;Ahom alɔe ɖe nu le zã me.+ 21  Ɣedzeƒeya akɔe adzoe;Eye wòakplɔe adzoe le enɔƒe.+ 22  Esime wòle agbagba dzem be yeasi le eƒe ŋusẽ nu la,+Ava ƒo ɖe edzi sesĩe, eye makpɔ nublanui nɛ o.+ 23  Asi akpe ɖe eta,Eye wòanɔ enɔƒe alia aku+ ɖe eŋu.*

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “lododoa.”
Alo, “na nye luʋɔ.”
Alo, “nye dzi maɖe alɔme le ŋunye o.”
Alo, “xɔsegbela.”
Alo, “luʋɔ.”
Agate ŋu afia, “Mawu ƒe asi.”
Agate ŋu afia, “Woasi akpe ɖe eta, eye woanɔ wo nɔƒe alia aku ɖe eŋu.”