Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke mawɔ anye Mawu xɔlɔ̃?

Aleke mawɔ anye Mawu xɔlɔ̃?

TA 35

Aleke mawɔ anye Mawu xɔlɔ̃?

Nu si me Jeremy to esime wònye sɔhɛ la na wòkpɔe be ele vevie be ame nadze xɔlɔ̃ Mawu. Jeremy gblɔ be: “Esime mexɔ ƒe 12 la, tɔnye dzo le mía gbɔ. Gbe ɖeka fiẽ esi meyina anyi mlɔ ge la, medo gbe ɖa na Yehowa vevie eye meɖe kuku nɛ be wòana tɔnye natrɔ agbɔ.”

Esi Jeremy nɔ nu xam vevie la, eva te Biblia xexlẽ. Gbe ɖeka, exlẽ Psalmo 10:14 lia, eye emenyawo wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Mawunyakpukpui ma gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Ŋuwòe amemanɔsitɔ la trɔna ɖo; xɔnametɔ nènye na tsyɔ̃eviwo.” Jeremy gblɔ be: “Nya mawo na mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ nu ƒom nam, eye wònɔ gbɔgblɔm nam be yee nye Tɔnye, eye yeakpe ɖe ŋunye. Fofo nyui kae gali wu Yehowa!”

NE NU SI dzɔ ɖe Jeremy dzi la tɔgbi medzɔ ɖe dziwò kpɔ o hã, Biblia ɖee fia be Yehowa di be nànye ye xɔlɔ̃. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Bu nu si nya mawo fia ŋu kpɔ: Togbɔ be màte ŋu akpɔ Yehowa Mawu o, eye menye hawòti wònye le mɔ aɖeke nu o hã, ele kpewòm be nànye ye xɔlɔ̃!

Ke hã, xɔlɔ̃dzedze Mawu bia be wò hã nàwɔ nu vevi aɖewo. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne èdo seƒoƒo aɖe la, matsi le eɖokui si o. Ehiã be nànɔ tsi demee enuenu eye nànɔ be lém nɛ hafi wòate ŋu atsi nyuie. Ale si wòbia dɔ geɖe be seƒoƒo natsi nyuiea, nenema kee xɔlɔ̃dzedze Mawu hã le. Ke nu kawoe nàte ŋu awɔ be wò kple Mawu dome nava nɔ kplikplikpli?

Biblia Sɔsrɔ̃ Le Vevie

Hafi xɔlɔ̃wo dome navivi la, ehiã be woanɔ dze ɖom kple wo nɔewo, si fia be woanɔ nu ƒom na wo nɔewo eye woanɔ to ɖom wo nɔewo hã. Aleae wòle le xɔlɔ̃dzedze Mawu hã gome. Ne míexlẽa Biblia eye míesrɔ̃nɛ la, efia be míele nya siwo Mawu le gbɔgblɔm na mí la sem.—Psalmo 1:2, 3.

Ðewohĩ àgblɔ be ye ya, nusɔsrɔ̃ medzɔa dzi na ye o. Sɔhɛ geɖewo dina be yewoakpɔ television, afe fefe, alo ade ha kple yewo xɔlɔ̃wo. Gake ne èdi be yeadze xɔlɔ̃ Mawu la, màte ŋu aƒo asa na nudidi sia o: Eyae nye be nàɖo toe to eƒe Nya sɔsrɔ̃ me.

Ke hã, mehiã be esia nado vɔvɔ̃ na wò o. Biblia xexlẽ menye agba o. Ne nusɔsrɔ̃ medoa dzidzɔ na wò o hã, àte ŋu awɔ nanewo siwo awɔe be Biblia xexlẽ nava vivi nuwò. Nu gbãtɔ si wòhiã be nàwɔe nye be nàɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na Biblia sɔsrɔ̃. Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Lais gblɔ be: “Mewɔ ɖoɖo koŋ ɖe Biblia xexlẽ ŋu. Nu gbãtɔ si mewɔna ŋdi sia ŋdi ne mefɔ ye nye be mexlẽa Biblia ƒe ta ɖeka.” Ðoɖo si le Maria, si xɔ ƒe 15 si ya to vovo. Egblɔ be: “Fiẽ sia fiẽ la, mexlẽa Biblia ƒe akpa aɖe hafi mlɔa anyi.”

Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “ ale si nàsrɔ̃ Biblia” be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖoɖo ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Eyome, ŋlɔ ɣeyiɣi si nèkpɔ be yeate ŋu azã abe miniti 30 ene atsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa ɖe fli sia dzi.

․․․․․

Ke hã, gɔmedzedzea koe ɖoɖoa wɔwɔ nye. Ne èdze Biblia sɔsrɔ̃a gɔme la, àva kpɔe be mele bɔbɔe be woazɔ ɖe ɖoɖowɔɖi dzi axlẽ Biblia gbe sia gbe o. Ðewohĩ àva lɔ̃ ɖe nya si Jezreel, si xɔ ƒe 11 la gblɔ dzi; egblɔ be: “Biblia ƒe akpa aɖewo gɔme sese sesẽ, eye womevivia ame nu tututu o.” Ne èse le ɖokuiwò me alea la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ɣesiaɣi si nàxlẽ Biblia la, tsɔe ko be yele ɣeyiɣi ma zã ge atsɔ aɖo to ye xɔlɔ̃ vevitɔ si nye Yehowa Mawu. Le wo katã me la, wò ŋutɔe ana Biblia sɔsrɔ̃ navivi nuwò eye wòaɖe vi na wò!

Gbedodoɖa Le Vevie

Míetoa gbedodoɖa dzi ƒoa nu na Mawu. Gbedodoɖa nye nunana nyui aɖe tso Mawu gbɔ! Wò ya bu eŋu kpɔ: Àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi, eɖanye le ŋkeke me alo zã me o. Ele klalo ɣesiaɣi be yeaɖo to mí. Gawu la, edi be yease wò nyawo. Eya tae Biblia de dzi ƒo na wò be: ‘Le nu sia nu me la, to gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi nàna Mawu nanya wò dzimedidiwo.’—Filipitɔwo 4:6.

Abe ale si kpukpui ma ɖee fia ene la, nu geɖe li siwo ŋu nàte ŋu aƒo nu le na Yehowa le wò gbedodoɖa me. Nu siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye wò kuxiwo kple wò dzimaɖitsitsiwo. Ðewo hã ate ŋu anye nu siwo ta nàdi be yeada akpe na Yehowa ɖo. Ne xɔ̃wòwo wɔ nu nyui aɖe na wò la, ɖe medaa akpe na wo ɖe eta oa? Yehowa ya wɔ nu nyui geɖe na wò wu xɔ̃wòwo, eya ta, ele be nàda akpe nɛ ɖe nu nyui siwo gbegbe wòwɔ na wò ta.—Psalmo 106:1.

Ŋlɔ nu siwo ta nàdi be yeada akpe na Yehowa ɖo la dometɔ aɖewo ɖe fli sia dzi.

․․․․․

Ðikeke mele eme o be, ɣeaɖewoɣi la, nanewo wɔnɛ be nètsia dzimaɖi eye nèvɔ̃na. Ke hã, Psalmo 55:22 de dzi ƒo na wò be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te. Mana ame dzɔdzɔe nadze anyi akpɔ o.”

Ŋlɔ nu siwo nana nètsia dzimaɖi, siwo ŋu nàdi be yeado gbe ɖa tsoe, la ɖe fli sia dzi.

․․․․․

Bu Nu Siwo Yehowa Wɔ Na Wò Ŋu

Hafi nàte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ kplikplikpli la, nu vevi aɖe li si mele be nàŋlɔ be gbeɖe o. Hakpala David ŋlɔ bena: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔe be Yehowa nyo.” (Psalmo 34:8) Esi David kpa Psalmo 34 lia la, ɖeko wòto nɔnɔme ɖivɔvɔ̃ aɖe me do koe ma. Fia Saul di vevie be yeawui, eya ta enɔ sisim le enu; eye esia ɖeɖe dza anya na David nɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ. David si va be ɖe eƒe futɔwo dome le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. David kpɔe be wogbɔna ye wu ge, eya ta ewɔ eɖokui abe aɖaʋatɔ ene, eye esia wɔe be wòte ŋu si dzo.—1 Samuel 21:10-15.

David megblɔ be yeƒe aɖaŋudzedze tae yete ŋu si le yeƒe futɔwo nu o. Ke boŋ, ede dzesii be Yehowa ye ɖe ye tso futɔwo si me. Edo ŋgɔ gblɔ le Psalmo ma ke me be: “Medi Yehowa yome mɔ, etɔ nam. Eɖem tso nu siwo katã vɔ̃m mele la me.” (Psalmo 34:4) Eya ta, nu siwo Yehowa wɔ na David va yi ye na wòte ŋu de dzi ƒo na ame bubuwo be ‘woaɖɔe kpɔ, eye woakpɔe be Yehowa nyo.’ *

Èɖo ŋku nɔnɔme aɖe si me nèto, si na nèkpɔe be Yehowa kpe ɖe ye ŋu ŋutɔ, la dzia? Ne èɖo ŋku ɖe dzi la, ŋlɔe ɖe fli si le ete la dzi. Mehiã be wòanye nu gã aɖe kokoko o. Dze agbagba nàde ŋugble le nu suesue siwo Yehowa wɔna na wò gbe sia gbe la ŋu.

․․․․

Ðewohĩ, dziwòlawo fia nu wò tso Biblia ŋu. Ne nenemae la, ke yayra gã aɖee esia nye na wò. Ke hã, ehiã be wò ŋutɔ nàdze xɔlɔ̃ Mawu. Ne mèkpɔ nye Mawu xɔlɔ̃ haɖe o la, ke wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le ta sia me dzi ne woakpe ɖe ŋuwò nàɖe afɔ vevi sia. Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi. Biblia gblɔ be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe.”—Mateo 7:7.

XLẼ NU GEÐE TSO NYATI SIA ŊU LE AGBALẼ SIA ƑE BABLA 1, TA 38 KPLE 39 ME

LE TA SI KPLƆE ÐO ME

Ðe wòsesẽna na wò be nàƒo nu tso Mawu ŋu na ame bubuwoa? Srɔ̃ ale si nàte ŋu aƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 24 Eŋlisigbe me Biblia aɖe ɖe nyagbɔgblɔ si nye ‘ɖɔe kpɔ, eye àkpɔe be’ gɔme be ‘nu siwo me Mawu kpe ɖe ŋuwò le ana nàva kpɔe be.’—The Bible in Basic English.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI

Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.​—Mateo 5:3.

AÐAŊUÐOÐO

Ne èxlẽa Biblia ƒe axa ene pɛ ko gbe sia gbe la, àwu Biblia bliboa xexlẽ nu le ƒe ɖeka me

ÈNYAA . . .

Agbalẽ sia si xlẽm nèle hele wɔwɔm ɖe Biblia me ɖaŋuɖoɖo siwo le eme dzi la ɖeɖe dzaa gɔ̃ hã ɖo kpe edzi be Yehowa lɔ̃ eye wòdi be nànye ye xɔlɔ̃.—Yohanes 6:44.

NU SIWO MAWƆ!

Be mana nye ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ naɖe vi nam geɖe wua, madi be ․․․․․

Be maganɔ gbe dom ɖa edziedzi wu tsã, madi be ․․․․․

Nya si madi be mabia dzinyelawo tso nyati sia ŋue nye ․․․․․

NU KAE NÈSUSU?

● Nu kawoe nàte ŋu awɔ be wò ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ nagavivi nuwò geɖe wu?

● Nu ka tae Yehowa dina be yease amegbetɔ madeblibowo ƒe gbedodoɖawo?

● Nu kawoe nàte ŋu awɔ be wò gbedodoɖawo naganyo wu?

[Nya si ɖe dzesi]

Esime menye ɖevi la, nu ɖeka mawo ke ŋu koe meƒoa nu tsoe le nye gbedodoɖawo me. Gake fifia ne mele gbe dom ɖaa, medzea agbagba be maƒo nu tso nu siwo do dzidzɔ nam kple nu siwo medo dzidzɔ nam o le ŋkekea me ŋu. Eye esi wònye nu siwo adzɔ le ŋkeke aɖe dzi la masɔ kple esiwo adzɔ le ŋkeke bubu dzi o taa, esia wɔnɛ be nyemegagblɔa nya ɖeka mawo ke le nye gbedodoɖawo me ɣesiaɣi o.’’​—Eve

[Aɖaka/Nɔnɔmetata

 ale si nàsrɔ̃ Biblia

1. Tia Biblia me ŋutinya si nàdi be yeaxlẽ. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàse egɔme.

2. Xlẽ ŋutinyaa tsitotsito. Gbɔ dzi ɖe exexlẽ ŋu. Ne èle exlẽm la, dze agbagba nàkpɔ nudzɔdzɔa le susu me. Wɔ abe ɖe nèle afi ma ene: Kpɔ nu siwo le edzi yim, se gbeɖiɖiawo, ʋẽ nuawo se, ɖɔ nuawo kpɔ, kple bubuawo. Dze agbagba nàkpɔ nudzɔdzɔ bliboa le susu me abe ɖe nèle teƒea ene!

3. De ŋugble le nu si nèxlẽ la ŋu. Bia nyawo abe esiwo gbɔna ene la ɖokuiwò:

● Nu ka tae Yehowa na woŋlɔ ŋutinya sia ɖe Biblia me?

● Ameawo dometɔ ka ƒe kpɔɖeŋue wòle be masrɔ̃, eye wo dometɔ ka ƒe nuwɔnae wòle be maƒo asa na?

● Nu vevi kawoe mate ŋu asrɔ̃ le ŋutinya sia me?

● Nu kawoe ŋutinya sia fiam tso Yehowa Mawu kple ale si wòwɔa nui ŋu?

4. Do gbe ɖa na Yehowa kpuie. Gblɔ nu siwo nèsrɔ̃ tso wò Biblia xexlẽa me kple ale si nèdi be yeawɔ wo ŋu dɔ le yeƒe agbenɔnɔ me la nɛ. Da akpe nɛ ɣesiaɣi ɖe nu nyui si wòna wò, si nye Eƒe Nya, Biblia, la ta!

[Nɔnɔmetata]

“Wò nya nye akaɖi na nye afɔ, kple kekeli na nye toƒe.”—Psalmo 119:105.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata

Wɔ Nu Vevitɔwo Gbã

Ðe nèkpɔa ɣeyiɣi doa gbe ɖa hesrɔ̃a Biblia? Ne mèkpɔa vovo ɖe nu siawo ŋu o la, ate ŋu anye be nu siwo nètsɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ gbɔe wòtsona.

Te nu sia kpɔ: Tsɔ tɔkpo, alo nugo aɖe, eye nàfɔ kpe gã aɖewo ade eme. Azɔ kɔ ke ɖe kpeawo dzi va se ɖe esime tɔkpoa yɔ. Àkpɔe be kpeawo kple kea siaa te ŋu kpɔ teƒe le tɔkpoa me.

Azɔ, fɔ kpeawo do goe le tɔkpoa me ne wòasusɔ kea ko ɖe eme. Ne èfɔ wo do go vɔ la, gafɔ wo kɔ ɖe kea dzi le tɔkpoa me. Ðe kpeawo katã te ŋu yi tɔkpoa mea? Ao. Nu ka tae? Nu si tae nye be, le akpa evelia me la, kea yi tɔkpoa me gbã, hafi nèfɔ kpeawo kɔ ɖe edzi.

Nu kae nu sia fia mí? Biblia gblɔ be: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’ (Filipitɔwo 1:10) Ne ètsɔ nu suesue siwo mele vevie tututu o, abe modzakaɖeɖe ene, ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me la, màkpɔ vovo ɖe nu gãgã siwo le vevie wu, abe nu siwo ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ene, la ŋu gbeɖe o. Gake ne èwɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi la, àkpɔ ɣeyiɣi na evea siaa, si fia be, àkpɔ vovo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu, eye àkpɔ ɣeyiɣi si sɔ ɖe modzakaɖeɖe hã ŋu. Eya ta ɖo ŋku kpɔɖeŋua dzi, eye nàwɔ nu siwo le vevie gbã!

[Nɔnɔmetata]

Ale si ko wodea tsi seƒoƒo heléa be nɛ be wòatsi nyuie la, nenema kee wòle le xɔlɔ̃dzedze Mawu hã gome