Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 FIA NU VIWÒWO

Mawu Ate Ŋu Ase Veve—Ale Si Míate Ŋu Ado Dzidzɔ Nɛ

Mawu Ate Ŋu Ase Veve—Ale Si Míate Ŋu Ado Dzidzɔ Nɛ

Ðe nu vevi wɔ wò si wɔe be nèfa avi kpɔa? * Esia dzɔ ɖe mí katã dzi kpɔ. Ɣeaɖewoɣi la, míefaa avi le esi míelé blanui ta. Ame aɖe ate ŋu agblɔ nya vɔ̃wo ɖe mía ŋu, evɔ womenye nyateƒe o. Esia ate ŋu ana míase veve, alo menye nenemae oa?— Mawu hã ate ŋu ase veve ne wogblɔ alakpanyawo tso eŋu. Na míaɖo dze tso esia ŋu eye míakpɔe ɖa be aleke míawɔ ado dzidzɔ na Mawu, ke menye be míana wòase veve o hã.

Biblia gblɔ be, le blema la, ame aɖewo siwo gblɔ be yewolɔ̃ Mawu la ‘do dziku’ nɛ. Ɛ̃, ‘wodo vevesese’ na Mawu! Gake le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu awɔ nu vevi Yehowa Mawu o. Eyae nye ŋusẽkatãtɔ la. Azɔ na míakpɔ nu si tae Yehowa sea veve ne míeɖo toe o la ɖa.

Ame eve gbãtɔ siwo Yehowa wɔ ɖe anyigba dzi la do vevesese nɛ ŋutɔ. Etsɔ ame eve siawo ɖo Paradiso si nɔ anyigba dzi, si woyɔ be Eden-bɔ la, me. Ame eve mawoe nye ame kawo?— Ɛ̃, Adam, kple Xawa, si wova wɔ kpe ɖe eŋu emegbe. Na míakpɔ nu si wowɔ si na Yehowa se veve la ɖa.

Esi Yehowa tsɔ wo ɖo abɔa me vɔ la, egblɔ na wo be woalé be nɛ. Egblɔ na wo hã be woadzi viwo eye wo katã woanɔ abɔa me tegbee. Gake hafi Adam kple Xawa nadzi vi la, nublanuinya aɖe dzɔ. Ènya nu si dzɔa?— Mawudɔla aɖe na Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye emegbe la, Adam hã dze aglã ɖe Yehowa ŋu. Na míakpɔ ale si wòdzɔe ɖa.

Mawudɔlaa na wòdze abe da aɖe ƒo nu ene. Nya si Xawa se la dzɔ dzi nɛ—da la gblɔ nɛ be anɔ “abe Mawu ene.” Eya ta ewɔ nu si da la gblɔ nɛ be wòawɔ la. Ènya nu si wòwɔa?

 Eɖu ati si ƒe tsetse Yehowa gblɔ na Adam be woagaɖu o la. Hafi Mawu nawɔ Xawa la, egblɔ na Adam be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, mègaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.”

Xawa nya sedede ma. Ke hã eyi edzi nɔ ŋku lém ɖe atia ŋu, eye ekpɔe be ati la ‘nyo na ɖuɖu, eye ebiã ŋu na ame. Eya ta egbe eƒe tsetse aɖe heɖu.’ Emegbe la, ena atia ƒe tsetse Adam, eye eya ‘hã ɖui.’ Èsusu be nu ka tae Adam ɖu atikutsetsea ɖo?— Esi Adam va lɔ̃ Xawa wu Yehowa tae. Adam tiae be yeadze Xawa ŋu tsɔ wu be yeadze Mawu ŋu. Gake toɖoɖo Yehowa le vevie wu toɖoɖo ame bubu ɖe sia ɖe!

Èɖo ŋku da si ƒo nu na Xawa la dzia? Abe ale si ko aɖaŋuwɔla aɖe ate ŋu ana wòadze abe fefenu aɖe ƒo nu ene la, nenema kee ame aɖee na wòdze abe da lae ƒo nu ene. Ame ka ƒe gbee ƒo nu to da la dzi?“Da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana” la ƒe gbee.

Ènya nu si nàwɔ be nàdo dzidzɔ na Yehowa?— Ne èdzea agbagba ɣesiaɣi be yeaɖo to eƒe gbe la, ekema àte ŋu ado dzidzɔ nɛ. Satana gblɔ be yeate ŋu ana ame sia ame nawɔ nu si yedi. Eya ta Yehowa de dzi ƒo na mí be: “Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame [si] le alɔme ɖem le ŋunye.” Satana ɖea alɔme alo ɖua fewu le Yehowa ŋu. Egblɔ be yeate ŋu ana ame sia ame nagbe Yehowa subɔsubɔ. Eya ta ɖo to Yehowa eye nàsubɔe be nàdo dzidzɔ nɛ! Àdze agbagba vevie be yeawɔ esia?

^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.