Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI: NU KA TAE FUKPEKPE LI ALEA GBEGBE? ƔEKAƔIE ENU AYI?

Ame Geɖe Bu Woƒe Agbe Dzodzro!

Ame Geɖe Bu Woƒe Agbe Dzodzro!

Noelle nye nyɔnuvi dzaa si lɔ̃a ame ƒe nya eye nutata doa dzidzɔ nɛ. Le dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe me esime wònɔ tsatsam le woƒe aƒea megbe la, eɖiɖi ge dze ƒomea ƒe ta si me woƒua tsi le la me heno tsi ku. Esi wòsusɔ kwasiɖa eve pɛ ko wòaxɔ ƒe ene ye nu sia dzɔ.

Le December 14, 2012 dzi la, woda tu ame 26 woku le suku aɖe me le Connecticut, United States; ɖevi 20 siwo xɔ ƒe ade alo adre la nɔ wo dome. Wo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwoe nye Charlotte, Daniel, Olivia kple Josephine. Dukplɔla Obama yɔ ɖeviawo ƒe ŋkɔwo le kuteƒea eye wògblɔ na nyasela siwo nɔ nu xam la be: “Ele be ŋutasẽnuwɔna siawo nu natso.”

Bano, si nye ɖetugbui si xɔ ƒe wuienyi la kple eƒe ƒomea woʋu le Iraq le ƒe 1996 me yi Norway. Exɔlɔ̃wo yɔnɛ vividoɖeameŋutɔe be Ɣe Ƒe Keklẽ. Gake ewɔ nublanui ŋutɔ be, le July 22, 2011 dzi la, Bano hã nɔ ame 77 siwo ŋutsu aɖe si lé fu ame ƒomevi aɖewo kaɖikaɖi la da tu woku la dome; ŋutsua do dzi gblɔ emegbe be: “Ete ɖe dzinye ŋutɔ be . . . ame ʋɛ mawo koe mete ŋu wu.”

Woɖea gbeƒã nudzɔdzɔ gbãdziname siawo tɔgbi enuenu le xexea me godoo. Bu nuxaxa kple vevesese si gbegbe afɔkuwo, hlɔ̃dodo, aʋawɔwɔ, nu vlo wɔlawo ƒe ŋɔdzidoname, dzɔdzɔmefɔkuwo kple bubuawo dona na amewo ŋu kpɔ. Ame maɖifɔwo bua woƒe agbe eye ame geɖewo kpea fu dzodzro zi geɖe!

Ame aɖewo bua fɔ Mawu hesusuna be mía Wɔla la metsɔ ɖeke le eme na amegbetɔƒomea o. Ame bubuwo ƒoa nya ta be Mawu kpɔa fu siwo kpem míele gake ɖeko wògbe be yemawɔ naneke tso wo ŋu o. Ame bubuwo hã gblɔna be afɔku mawo nye nu siwo Mawu ɖo ɖi xoxoxo be woava dzɔ. Nukpɔsusu vovovowoe le amewo si le nya sia ŋu. Gake afi kae míakpɔ numeɖeɖe siwo dzi míate ŋu aka ɖo, siwo afa akɔ na mí la le? Le nyati eve siwo kplɔe ɖo me la, míadzro ale si Mawu ƒe Nya, Biblia la, ɖe nu si gbɔ fukpekpe tso kple ale si enu gbɔna yiyi gee la me.