FIA NU VIWÒWO
Petro Kple Anania Da Alakpa—Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Eme?
Abe ale si nènyae ene la, alakpadada fia be nàgblɔ nya aɖe si nènya be menye nyateƒe o. Èda alakpa kpɔa?— * Ame tsitsi aɖewo siwo lɔ̃ Mawu la gɔ̃ hã da alakpa kpɔ. Ðewohĩ ènya nu tso ame aɖe ŋu le Biblia me si da alakpa kpɔ. Eƒe ŋkɔe nye Petro; enye Yesu ƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka. Na míadzro ŋutinya si ku ɖe nu si tae wòda alakpa ɖo la me kpɔ.
Esi amewo va lé Yesu la, wokplɔe yi nunɔlagã la ƒe aƒe me. Ɣemaɣi la, eƒo zã ga wuieve to eŋu xoxo. Petro ge ɖe nunɔlagãa ƒe aƒea ƒe xɔxɔnu, ke ame aɖeke mekpɔe dze sii o. Dzo si wodo ɖe aƒea me wòna teƒea kɔ la na nunɔlagãa ƒe dɔlanyɔnuvi si ɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme la kpɔe dze sii. Dɔlanyɔnuvia gblɔ nɛ be: ‘Wò hã ènɔ Yesu ŋu!’ Vɔvɔ̃ ɖo Petro wògblɔ be yemenɔ Yesu ŋu o.
Biblia la gblɔ be emegbe la, “nyɔnuvi bubu kpɔe” eye wògblɔ be: ‘Ŋutsu sia nɔ Yesu ŋu.’ Petro gagblɔ ake be menye nyateƒee o. Esia megbe kpuie la, ame bubuwo te ɖe Petro ŋu hegblɔ nɛ be: “Nyateƒee, wo dometɔ ɖekae wò hã nènye.”
Petro nɔ vɔvɔ̃m. Eya ta eda alakpa zi etɔ̃lia gblɔ be: “Nyemenya ŋutsu ma o!” Kasia koklo ku atɔ. Yesu trɔ kpɔ Petro, eye Petro ɖo ŋku edzi be Yesu gblɔ na ye gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ be: “Hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Petro fa avi vevie. Evee ŋutɔ!
Ðe nu sia tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe dziwòa?— Tsɔe be èle suku eye nèsee sukuviwo le nu ƒom tso Yehowa Ðasefowo ŋu. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Womedoa gbe na aflaga o.” Ame bubu gblɔ be: “Womewɔa aʋa ɖe woƒe dukɔa ta o.” Eye bubu hã gblɔ be: “Menye Kristotɔwoe wonye o, elabena womeɖua Kristmas o.” Kasia wo dometɔ ɖeka trɔ ɖe ŋuwò hebia wò be: “Wò hã menye Yehowa Ðasefoe nènye oa?” Nya kae nàgblɔ?—
Hafi nu sia tɔgbi nadzɔ ɖe dziwò la, ele be nàdzra ɖo nyuie be nàte ŋu aɖo nya ŋu nyuie. Petro menɔ dzadzraɖoɖi o. Esia ta esi wotsɔ nyaa tui la, eda alakpa! Ke hã ese veve le nu si wòwɔ la ta vevie, eye Mawu tsɔe kee.
Anania, si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ɖeka la hã da alakpa. Gake Mawu metsɔe kee o, eye metsɔe ke srɔ̃a Safira hã o. Woa kple srɔ̃aŋutsua woɖoe koŋ be yewoada alakpa. Na míakpɔ nu si tae Mawu metsɔe ke Anania kple Safira o ɖa.
Esi Yesu dzo le eƒe apostolowo gbɔ yi dziƒo le Mawu gbɔ ŋkeke ewo megbe la, ame 3,000 xɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔwo le Yerusalem. Ame geɖe tso didiƒewo va be yewoaɖu Pentekoste-ŋkekenyuia, eye esi wozu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo megbe la, wodi be yewoaganɔ dua me vie be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso yewoƒe xɔse yeyea ŋu. Eya ta Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo zã woawo ŋutɔwo ƒe ga tsɔ kpɔ wo dzi.
Anania kple srɔ̃a dzra woƒe nunɔamesi aɖe be yewoatsɔ gaa akpe ɖe Kristotɔ yeyeawo ŋu. Esi Anania tsɔ gaa vɛ na apostoloawo la, egblɔ be ga si yewokpɔ tso nua dzadzra me la katãe nye ema. Gake menye nyateƒee o! Eɖe gaa ƒe ɖe le eme na eɖokui! Mawu na Petro nya esia, eya ta Petro gblɔ na Anania be: “Menye amewoe nèda alakpa na o, ke boŋ Mawue.” Enumake, Anania dze anyi ku! Gaƒoƒo etɔ̃ megbe la, srɔ̃a hã va. Gake esi menya nu si dzɔ ɖe srɔ̃aŋutsua dzi o ta la, eya hã da alakpa eye wòdze anyi ku.
Nufiame vevi aɖe le ŋutinya sia me na mí. Ele vevie be míato nyateƒe! Ɛ̃, ele be mí katã míasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ sia me! Ke hã mí katã míedaa vo, vevietɔ ne míenye ɖeviwo. Ðe medzɔ dzi na wò be Yehowa lɔ̃ wò eye atsɔe ake wò abe ale si wòtsɔe ke Petro ene oa?— Gake ɖo ŋku edzi be, ele be míato nyateƒe. Ne míeda alakpa la, enye vodada gã, eya ta ele be míaɖe kuku na Mawu vevie be wòatsɔe ake mí. Anye nu mae Petro wɔ, eye wotsɔe kee. Ne míedze agbagba vevie be míagada alakpa azɔ o la, Mawu atsɔe ake míawo hã!
Xlẽe le wò Biblia me
^ mm. 3 Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.