Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe Kristotɔwo si dzo le Yudea hafi Romatɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 lia Mía Ŋɔlia?

“Ne miekpɔ aʋakɔwo ƒu asaɖa anyi heɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo. Ekema ame siwo le Yudea nate sisi ayi towo dzi, eye ame siwo le dua me la nadzo.” (Luka 21:20, 21) Mɔfiame siawoe Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe ale si woava tsrɔ̃ Yerusalem ŋu. Ðe kpeɖodzi li be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzia?

Ƒe geɖe le Yesu ƒe ku megbe la, Roma-srafo siwo Cestius Gallus nɔ ŋgɔ na la va Palestina be yewoatsi aglãdzedze aɖe si nɔ edzi yim la nu. Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus, si nɔ anyi ɣemaɣi la ɖo kpe edzi be nu sia dzɔ. Roma-srafoawo ɖe to ɖe Yerusalem, eye wòdze kɔtɛ be woadze dugã la dzi hafi. Gake kasia, Gallus ɖe gbe na eƒe asrafowo, eye wotrɔ dzo. Sɔleme ŋutinyaŋlɔla Eusebius ka nya ta be Kristotɔ siwo nɔ Yudea la wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ si yi Pella, si nye dugã aɖe si le Dekapoli ƒe tonutowo me.

Le ƒe 70 Mía Ŋɔli, si nye ƒe aɖewo megbe la, Roma-srafoha bubu, si Aʋafia Titus nɔ ŋgɔ na la trɔ va heɖe to ɖe Yudatɔwo ƒe fiadua. Fifia ya, asrafoawo wu dɔ si Gallus mewɔ de goe o la nu, si nye be wotsrɔ̃ dugã la gbidii. Woxaxa Yerusalemtɔ akpe alafa geɖe ɖo le goawo katã me hewu wo.

Ame kawoe nye “nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo”?

Biblia ƒo nu tso ŋutsu siwo woyɔ be “nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo” ŋu le ŋutinya siwo ku ɖe Samuel, Eliya kple Elisa ŋu la me. Le kpɔɖeŋu me, esi Elisa na woɖo Yehu Israel fiae la, Elisa dɔ “nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo” dometɔ ɖeka be wòayi aɖasi ami nɛ.—2 Fiawo 9:1-4.

Agbalẽnyalawo xɔe se be nyagbe ma ku ɖe ame siwo nɔ hehe xɔm alo ƒuƒoƒo aɖe me tɔ siwo wɔa nu ɖekae la ŋu. Le agbalẽ aɖe (Journal of Biblical Literature) ƒe nya nu la, anɔ eme be ƒuƒoƒo sia me tɔwo “tsɔ wo ɖokuiwo ɖo anyi be yewoawɔ subɔsubɔdɔ na Yahweh [Yehowa] le nyagblɔɖila si nye . . . gbɔgbɔmefofo na wo la ƒe mɔfiafia te.” (2 Fiawo 2:12) Le nyateƒe me la, wogblɔ le nuŋlɔɖi si ku ɖe amisisi na Yehu ŋu me be Elisa ƒe ame dɔdɔ la nye “nyagblɔɖila ƒe subɔvi.”—2 Fiawo 9:4, NW.

Edze abe alɔme menɔ “nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo” si boo o ene. Le Elisa ŋɔli la, wogblɔ tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃vi aɖewo ŋu be wowɔ nɔƒe na wo ɖokuiwo, eye be woɣe fía ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu. (2 Fiawo 6:1-5) Ale si wogblɔ be ahosi aɖe “tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo” ƒe srɔ̃wo dome la ɖee fia be wo dometɔ aɖewo nye srɔ̃tɔwo. (2 Fiawo 4:1) Edze kɔtɛ be Israel vi nuteƒewɔlawo kpɔ ŋudzedze ɖe nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo ŋu, elabena nuŋlɔɖia gblɔ be ɣeaɖeɣi la, wotsɔ nuɖuɖu vae na wo.—2 Fiawo 4:38, 42.