2 Fiawo 4:1-44
4 Ke nyagblɔɖilawo ƒe viwo+ dometɔ aɖe srɔ̃ va fa konyi na Elisa be: “Srɔ̃nye si nye wò dɔla ku, evɔ ènyae nyuie be, wò dɔla vɔ̃a Yehowa ɣesiaɣi.+ Ke fetɔ aɖe va be yeakplɔ vinye eveawo woazu yeƒe kluviwo.”
2 Eye Elisa biae be: “Nu kae mawɔ na wò? Gblɔe nam, nu kae le asiwò le aƒea me?” Eɖo eŋu be: “Naneke mele wò dɔlanyɔnu la si o, negbe amize* ɖeka ko.”+
3 Eye wògblɔ nɛ be: “Do go nàɖaɣe nugoe ƒuƒluwo le wò aƒelikawo katã si. Xɔ geɖe.
4 Eye nàyi aɖatu ʋɔ ɖe wò kple viwòŋutsuawo nu. Kɔ amia ɖe nugoe siawo katã me, eye nàte esiwo yɔ la ɖe axa dzi.”
5 Eye wòdzo le egbɔ.
Esi wòtu ʋɔa ɖe eɖokui kple viaŋutsuawo nu la, wonɔ nugoeawo tsɔm nɛ, eye wònɔ amia kɔm ɖe wo me.+
6 Esi nugoeawo yɔ la, egblɔ na viaŋutsuawo dometɔ ɖeka be: “Gatsɔ nugoe bubu ɖo ɖem.”+ Ke eɖo eŋu nɛ be: “Nugoe bubu aɖeke megali o.” Ale ami la nu tso.+
7 Eye nyɔnua yi ɖagblɔe na Mawu vavã la ƒe ame la, eye wògblɔ nɛ be: “Yi nàɖadzra ami la ne nàtsɔ axe wò fewo, eye wò kple viwòwo mianɔ agbe ɖe susɔea nu.”
8 Gbe ɖeka Elisa yi Sunem,+ afi si nyɔnu bubume aɖe le, eye wòƒoe ɖe enu be wòava ɖu nu le ye gbɔ.+ Eye ɣesiaɣi si wòva yina la, edzena toa afi ma ɖua nu.
9 Mlɔeba nyɔnua gblɔ na srɔ̃a be: “Meka ɖe edzi be ame si va toa mía gbɔ edziedzi la, Mawu ƒe ame kɔkɔe wònye.
10 Meɖe kuku, na míatu xɔ sue aɖe ɖe xɔa tame,+ eye míatsɔ abati, kplɔ̃, zikpui kple akaɖiti ada ɖe eme. Ne wòadze afi ma ɣesiaɣi si wòva mía gbɔ.”+
11 Gbe ɖeka Elisa va afi ma, eye wòyi xɔtaxɔ la me hemlɔ anyi.
12 Eye wògblɔ na eƒe subɔvi Gehazi+ be: “Yɔ Sunam+ nyɔnu la nam.” Eye wòyɔe wòva tɔ ɖe eŋkume.
13 Eye Elisa gblɔ na Gehazi be: “Meɖe kuku, gblɔ nɛ be, ‘Èdze agbagba geɖe ɖe mía ta.+ Nu kae woawɔ na wò?+ Nya aɖe li woagblɔ na fia+ alo aʋafia ɖe nuwòa?’” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Mía detɔwo domee mele.”
14 Eye wògabia Gehazi be: “Ekema nu kae woawɔ nɛ?” Eye wòɖo eŋu be: “Vi mele esi o,+ eye srɔ̃a hã ku amegã.”
15 Enumake Elisa gblɔ nɛ be: “Yɔe vɛ!” Eye wòyɔe wòva tɔ ɖe mɔa nu.
16 Eye wògblɔ nɛ be: “Le ƒe si gbɔna ƒe ɣealewoɣi la, viŋutsuvi anɔ akɔnu na wò.”+ Ke egblɔ be: “Kpao, nye aƒetɔ, Mawu vavã la ƒe ame! Mègable wò dɔlanyɔnu o.”
17 Ke nyɔnu la fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi le ƒe si kplɔe ɖo ƒe ɣeyiɣi ma tututu dzi, abe ale si ko Elisa gblɔe nɛ ene.
18 Ðevi la va tsi, eye gbe ɖeka edo go yi fofoa gbɔ le nuŋelawo gbɔ.
19 Eye wògblɔ na fofoa be: “Ao, nye ta, nye ta!” Eye fofoa gblɔ na subɔvi la be: “Kɔe yi na dadaa.”
20 Eya ta ekɔe yi na dadaa. Eye ɖevi la bɔbɔ nɔ eƒe ata dzi va se ɖe ɣeɖota, eye wòku.+
21 Eye wòtsɔe yi ɖamlɔ Mawu vavã ƒe ame+ la ƒe abati dzi, eye wòdo go hetu ʋɔa ɖe enu.
22 Eye wòyɔ srɔ̃a gblɔ be: “Meɖe kuku, ɖo subɔviawo dometɔ ɖeka kple tedzinɔawo dometɔ ɖeka ɖem, ne maƒu du ayi Mawu vavã ƒe ame la gbɔ mava.”
23 Ke srɔ̃a biae be: “Nu ka tae nèle egbɔ yim egbea? Egbe menye dzinu yeye+ alo sabat o ɖe.” Gake nyɔnua gblɔ be: “Mègatsi dzi o, menye nanekee o.”
24 Ale wòbla akpa na tedzinɔ la hegblɔ na eƒe subɔvi la be: “Netsɔ! Mègaxa ɖe tanye adoe ɖɔɖɔɖɔ o, negbe ɖe megblɔe na wò hafi.”
25 Eya ta eyi Mawu vavã ƒe ame la gbɔ le Karmel To la dzi. Esi Mawu vavã ƒe ame la kpɔe le adzɔge ɖaa la, egblɔ na eƒe subɔvi Gehazi be: “Kpɔ ɖa! Sunam nyɔnu lae nye ema ɖaa!
26 Meɖe kuku, ƒu du yi ɖakpee, eye nàbiae be, ‘Èli nyuiea? Srɔ̃wò li nyuiea? Viwòa li nyuiea?’” Eye nyɔnua ɖo eŋu be: “Míeli nyuie.”
27 Esi nyɔnua va Mawu vavã ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, enumake elé eƒe afɔwo.+ Eye Gehazi va be yeatutui ɖa, ke Mawu vavã ƒe ame la gblɔ be: “Ðe asi le eŋu, elabena ele nu xam vevie;* gake Yehowa ɣlae ɖem, eye megblɔe nam o.”
28 Eye nyɔnua biae be: “Ðe mebia viŋutsu nye aƒetɔa? Nyemegblɔ be, ‘Mègaflum oa’?”+
29 Enumake egblɔ na Gehazi be: “Bla ali dzi,+ eye nàtsɔ nye atikplɔ ɖe asi nàyi. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o; eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ gbe nɛ o. Eye nàtsɔ nye atikplɔ la ada ɖe ŋutsuvi la ƒe mo.”
30 Eye ŋutsuvi la dada gblɔ be: “Zi ale si Yehowa le agbe, eye wò* hã nèle agbe la, nyemadzo le gbɔwò o.”+ Eya ta Elisa tso yi kplii.
31 Ke Gehazi dze wo ŋgɔ va tsɔ atikplɔ la da ɖe ŋutsuvi la ƒe mo, ke gbe aɖeke meɖi o, mekpɔ agbe ƒe dzesi aɖeke le ɖevia ŋu o.+ Ale wòtrɔ yi ɖatu Elisa hegblɔ nɛ be: “Ŋutsuvi la mefɔ o.”
32 Esi Elisa va ɖo aƒea me la, ekpɔ ŋutsuvi kuku si wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi la.+
33 Eye wòge ɖe xɔa me hetu ʋɔa ɖe eya kple ɖevia nu, eye wòde asi gbedodoɖa me na Yehowa.+
34 Eye wòtso hetsyɔ akɔ ɖe ɖevi la dzi le aba la dzi, etsɔ eƒe nu ɖo eƒe nu kple eƒe ŋkuwo ɖo eƒe ŋkuwo dzi, eye wòtsɔ eƒe asiƒomewo ɖo eƒe asiƒomewo hedra ɖe edzi, ale dzo ɖo lãme na ɖevi la.+
35 Eye wòzɔ yi, zɔ gbɔ le xɔa me; eye wògayi ɖatsyɔ akɔ ɖe edzi. Ŋutsuvi la nyè zi adre, eye wòʋu ŋku.+
36 Ale Elisa yɔ Gehazi gblɔ be: “Yɔ Sunam nyɔnu la nam.” Eye wòyɔe wòva egbɔ. Eye wògblɔ nɛ be: “Kɔ viwòa.”+
37 Eye wòva bɔbɔ tsyɔ mo anyi ɖe eƒe afɔnu; emegbe wòkɔ ɖevi la hedo go.
38 Esi Elisa trɔ yi Gilgal la, dɔ to le anyigba la dzi.+ Nyagblɔɖilawo ƒe viwo+ bɔbɔ nɔ eŋkume, eye wògblɔ na eƒe subɔvi+ be: “Tsɔ nuɖaze gã la ɖo dzo dzi, ne nàwɔ atadi na nyagblɔɖilawo ƒe viwo.”
39 Eya ta wo dometɔ ɖeka do go yi gbe me be yeada ama, ekpɔ gbemeka aɖe, eye wògbe eƒe tsetsewo lɔ ɖe avɔ me wòyɔ. Eye wòva fli wo de zea me, evɔ menya nu si wònye o.
40 Eye wotrɔe tsɔ ɖo ameawo kɔme be woaɖu. Esi wonya ɖu atadi la ƒe ɖe ko la, wodo ɣli be: “Oo, Mawu vavã la ƒe ame, ku le zea me.” Eye womete ŋu ɖui o.
41 Eya ta egblɔ be: “Miku wɔ vɛ.” Esi wòkɔe ɖe zea me la, egblɔ be: “Mitsɔe ɖo ameawo kɔme woaɖu.” Eye aɖi aɖeke megale zea me o.+
42 Eye ŋutsu aɖe tso Baal-Salisa+ tsɔ ƒobolo blaeve, siwo nye kutsetse gbãtɔwo ƒe abolo+ kple nuku yeye kotoku ɖeka vɛ na Mawu vavã ƒe ame la.+ Eye Elisa gblɔ be: “Tsɔe na ameawo woaɖu.”
43 Ke eƒe subɔvi biae be: “Aleke matsɔ nu sia aɖo ame alafa ɖeka kɔme?”+ Eɖo eŋu be: “Tsɔe na ameawo woaɖu, elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woaɖui wòakpɔtɔ.’”+
44 Ale wòtsɔe ɖo wo kɔme, eye woɖui wòkpɔtɔ+ le Yehowa ƒe nya la nu.