Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe ‘Nèse Wo Gɔmea’?

Ðe ‘Nèse Wo Gɔmea’?

“Eʋu woƒe susu nyuie, bene woase Ŋɔŋlɔawo gɔme.”LUKA 24:45.

1, 2. Aleke Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo le gbe si gbe wofɔe ɖe tsitre?

YESU ƒe nusrɔ̃la eve nɔ mɔ zɔm yina kɔƒe aɖe si didi tso Yerusalem gbɔ abe kilometa 11 ene. Wonɔ nu xam elabena Yesu ku, gake womenya be wofɔe ɖe tsitre o. Kasia, Yesu va tu wo hezɔ kpli wo. Azɔ “esi wòdze egɔme tso Mose kple Nyagblɔɖilawo katã dzi la, eɖe nu siwo katã ku ɖe eya ŋutɔ ŋu le Ŋɔŋlɔawo katã me la me na wo.” (Luka 24:13-15, 27) Yesu ƒe nyawo fa akɔ na wo eye woƒe dziwo lé dzo le wo me, elabena enɔ Ŋɔŋlɔawo ‘me ɖem na wo tsitotsito.’Luka 24:32.

2 Nusrɔ̃la eve siawo trɔ yi Yerusalem fiẽsi ma ke. Esi wokpɔ apostoloawo la, wogblɔ nu si dzɔ la na wo. Esi wole nuƒoƒo dzi la, Yesu va ɖe eɖokui fia wo katã. Apostoloawo vɔ̃ ŋutɔ eye wonɔ ɖi kem nenye be Yesu ye nye ema vavã. Nu kae Yesu wɔ tsɔ de dzi ƒo na wo? Biblia gblɔ be: “Eʋu woƒe susu nyuie, bene woase Ŋɔŋlɔawo gɔme.”Luka 24:45.

3. Aleke wòate ŋu adzɔe be dzi naɖe le mía ƒo le Yehowa subɔsubɔ me, gake nu kae ate ŋu ana míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm?

3 Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míalé blanui vevie, abe  ale si wònɔ le nusrɔ̃lawo gome ene. Togbɔ be míele geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me hã la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ne míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa mele ku tsem o. (1 Korintotɔwo 15:58) Alo ɖewohĩ awɔ na mí be ame siwo míele Biblia srɔ̃m kplii la mele ŋgɔ yim o. Ate ŋu adzɔ be wo dometɔ aɖewo natrɔ megbe ade Yehowa gɔ̃ hã. Nu kae ana míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le míaƒe subɔsubɔdɔa me? Nu siwo akpe ɖe mía ŋu dometɔ ɖekae nye be míase Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo gɔme nyuie. Azɔ míadzro wo dometɔ etɔ̃ me eye míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me.

NUKUWULA SI DƆA ALƆ̃

4. Nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe nukuwula si dɔa alɔ̃ ŋu la fia?

4 Mixlẽ Marko 4:26-29. Nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe nukuwula si dɔa alɔ̃ ŋu la fia? Nukuwulaa le tsitre ɖi na Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo, eye nukua le tsitre ɖi na gbedeasi si míetsɔ yina na ame siwo si dzi nyui le. Nukuwulaa dɔa “alɔ̃ le zã me, eye wòfɔna le ŋkeke me,” abe ale si ko ame sia ame wɔnɛ ene. Tso esime woƒã nukua va de asi na nuŋeɣia xɔa ɣeyiɣi. Le ɣeyiɣi ma me la, “nuku la miena hetsina.” Nuku la “ŋutɔ” miena le eɖokui si vivivi. Mɔ ma ke nue ame tsina le gbɔgbɔ me le, alo tena ɖe Yehowa ŋu vivivi. Ne eyi ŋgɔ va ɖo afi si wòtso nya me le be yeasubɔ Mawu la, ‘etsea ku,’ si fia be etsɔa eƒe agbe ɖea adzɔgbe na Yehowa hexɔa nyɔnyrɔ.

Yehowa ye nana nyateƒea tsina le ame siwo si “dzi ƒe nɔnɔme nyui” le la ƒe dziwo me

5. Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu si ku ɖe nukuwula si dɔa alɔ̃ la ŋu?

5 Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia? Yesu di be míakpɔe be Yehowa ye nana nyateƒea tsina le ame siwo si “dzi ƒe nɔnɔme nyui” le la ƒe dziwo me. (Dɔwɔwɔwo 13:48; 1 Korintotɔwo 3:7) Míeƒãa nu hedea tsii, gake míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe tsitsi dzi alo ado tsɔtsɔe o. Abe ale si wòle le kpɔɖeŋua me ene la, míenya ale si nukua wɔna tsinae o. Esime míele míaƒe gbe sia gbe dɔwo wɔm la, ɖewohĩ míade dzesi ale si Fiaɖuƒe ƒe kua le tsitsimee gɔ̃ hã o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ate ŋu ava tse ku, eye nusrɔ̃la yeyea ava wɔ ɖeka kpli mí le nuŋeŋedɔa me.Yohanes 4:36-38.

6. Nu kae wòle be wòanɔ nyanya na mí ku ɖe Biblia nusrɔ̃vi ƒe ŋgɔyiyi ŋu?

 6 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu sia me? Gbã la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ɣeyiɣi si wòaxɔ hafi Biblia nusrɔ̃vi aɖe nayi ŋgɔ le nyateƒea me la dzi o. Togbɔ be míawɔ míaƒe ŋutete katã be míakpe ɖe eŋu ahatui ɖo hã la, míaƒoe ɖe enu gbeɖe be wòaxɔ nyɔnyrɔ o. Ke boŋ, ele be míalɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be eya ŋutɔ koe ate ŋu atso nya me be yeatsɔ yeƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu. Ne míelɔ̃ Yehowa vavã ko hafi míaƒe adzɔgbeɖeɖea adze eŋu.—Psalmo 51:14; 54:8; 110:3.

7, 8. (a) Nu bubu kawoe míasrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe nukuwula si dɔa alɔ̃ ŋu la me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kae esia fia mí tso Yehowa kple Yesu ŋu?

7 Evelia, ne míese nu si fiam kpɔɖeŋua le gɔme la, akpe ɖe mía ŋu be dzi nagaɖe le mía ƒo ne edze abe míaƒe nufiafiadɔa mele ku tsem ene o. Ele be míagbɔ dzi ɖi. (Yakobo 5:7, 8) Ne míewɔ míaƒe ŋutete katã be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu, gake nyateƒea mele tsitsim le eƒe dzi me o la, ema mefia be míenye nufiala nyuiwo o. Ame si abɔbɔ eɖokui ahalɔ̃ awɔ tɔtrɔwo la ƒe dzi me koe Yehowa nana nyateƒea ƒe kua tsina le. (Mateo 13:23) Eya ta menye ame agbɔsɔsɔ si ŋu míekpe ɖo woxɔ nyɔnyrɔ lae afia be míekpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa me o. Le nyateƒe me la, le Yehowa gbɔ la, menye ale si amewo wɔa nu ɖe míaƒe nufiafia ŋue ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze o. Ke boŋ míaƒe veviedodonu nuteƒewɔwɔtɔe ŋue wòdea asixɔxɔe.Mixlẽ Luka 10:17-20; 1 Korintotɔwo 3:8.

Le Yehowa gbɔ la, menye ale si amewo wɔa nu ɖe míaƒe nufiafia ŋue ɖenɛ fiana be míekpɔ dzidzedze o

8 Etɔ̃lia, menye ɣesiaɣie míate ŋu anya tɔtrɔ siwo wɔm ame aɖe le le eƒe dzi me o. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe siwo dutanyanyuigblɔla aɖe nɔ nu srɔ̃m kplii la gblɔ nɛ be yewodi be yewoazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Egblɔ na wo be ele be woadzudzɔ atamanono gbɔ. Esi wogblɔ na dutanyanyuigblɔlaa be yewodzudzɔ atamanono ɣleti aɖewoe nye ema la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ. Atsu kple asia kpɔe dze sii be ne yewono atama le adzame gɔ̃ hã la, Yehowa, si lé fu alakpanuwɔwɔ la, akpɔ yewo. Eya ta wotso nya me ale: yewoano atama le dutanyanyuigblɔlaa ŋkume loo, alo yewoadzudzɔ enono keŋkeŋ. Togbɔ be dutanyanyuigblɔlaa menya tɔtrɔ gã si atsu kple asi sia wɔ o hã la, woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa si nɔ tsitsim la kpe ɖe wo ŋu wowɔ nu si sɔ.

ÐƆ LA

9. Nu kae kpɔɖeŋu si ku ɖe ɖɔa ŋu la fia?

9 Mixlẽ Mateo 13:47-50. Nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe ɖɔa ŋu la fia? Yesu gblɔ be gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia le abe ɖɔ gã aɖe si woɖi ɖe ƒu me ene. Abe ale si ko ɖɔ gã ɖea “tɔmelã ɖe sia ɖe ƒomevi” ene la, míaƒe  gbeƒãɖeɖedɔa hã hea ame ƒomevi vovovo miliɔn geɖe vanɛ. (Yesaya 60:5) Ame gbogbo siwo vaa míaƒe takpekpewo kple Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe la ɖo kpe esia dzi. Ame siawo dometɔ aɖewo le abe tɔmelã “nyuiawo” ene, eye wova nyea Kristo hamea me tɔwo. Ame bubuwo hã le abe tɔmelã “manyomanyoawo” ene, eye Yehowa mexɔa wo o.

Ne èxlẽ Mateo 13:47-50 vɔ la . . .

10. Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu si ku ɖe ɖɔa ŋu?

10 Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia? Tɔmelãwo me tiatia le kpɔɖeŋu sia me meku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛtɔ si le ŋgɔ gbɔna le xaxa gã la me ŋu o. Ke boŋ, efia nane si adzɔ le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Yesu ɖee fia be menye ame sia ame si kpɔ dzidzɔ ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu lae adi be yeava zu Yehowa subɔla o. Ame siwo de míaƒe kpekpeawo kple ame siwo míesrɔ̃ Biblia kplii la dometɔ geɖe medi be yewoatsɔ yewoƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa o. (1 Fiawo 18:21) Wo dometɔ aɖewo dzudzɔ kpekpeawo dede gɔ̃ hã. Sɔhɛ aɖewo siwo dzilawo nye Kristotɔwo la he wo le nyateƒea me, ke hã woawo ŋutɔwo mesrɔ̃ ale si woalɔ̃ Yehowae o. Yesu te gbe ɖe edzi be ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe natso nya me na eɖokui. Ne míewɔ nyametsotso nyuitɔ la, Yehowa abu mí be míenye yeƒe ‘nu vevitɔwo,’ alo ame siwo ŋu yekpɔ ŋudzedze ɖo.Xagai 2:7.

. . . kpɔ ale si wòle eme vam egbea ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa

11, 12. (a) Aleke kpɔɖeŋu si ku ɖe ɖɔa ŋu aɖe vi na mí? (b) Nu kae esia fia mí tso Yehowa kple Yesu ŋu?

11 Aleke kpɔɖeŋu si ku ɖe ɖɔa ŋu aɖe vi na mí? Nufiame si le kpɔɖeŋu sia me gɔme sese akpe ɖe mía ŋu be míagalé blanui alo dzi naɖe le mía ƒo ne míaƒe Biblia nusrɔ̃vi alo mía viwo dometɔ aɖe medi be yeasubɔ Yehowa o. Anɔ eme be míewɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míakpe ɖe wo ŋu hafi. Ame mezua Yehowa xɔlɔ̃ kokoko le esi wòlɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kplii alo esi wohee le nyateƒea me ta o. Ne mele didim be yeabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe se te o la, mate ŋu anye Mawu subɔlawo dometɔ ɖeka o.

Ame siwo nyateƒea do dzidzɔ na la dometɔ aɖewo ava Yehowa ƒe akpa dzi (Kpɔ memama 9-12)

12 Ðe esia fia be womaɖe mɔ na ame siwo dzo le nyateƒea me la be woagatrɔ ava hamea me gbeɖe oa?  Alo ɖe wòfia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame si metsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa haɖe o la oa? Ao, mɔnukpɔkpɔ li be woava zu Yehowa xɔlɔ̃wo hafi xaxa gã la nadze egɔme. Yehowa le wo yɔm be: “Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” (Maleaxi 3:7) Esia dze kɔtɛ le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu la me.Mixlẽ Luka 15:11-32.

VI NUDOMEGBLẼLAA

13. Nu kae kpɔɖeŋu si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu la fia?

13 Nu kae Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu la fia? Le kpɔɖeŋua me la, vifofo si ƒe dɔme trɔ ɖe via ŋu la tsi tre ɖi na Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la. Via si gblẽ eƒe domenyinu xɔasia dome la le tsitre ɖi na ame siwo dzona le Kristo hamea me. Wova zua Satana ƒe xexea, si wotsɔ sɔ kple “dukɔ didi” aɖe la me tɔwo, elabena wote ɖa xaa tso Yehowa gbɔ. (Efesotɔwo 4:18; Kolosetɔwo 1:21) Emegbe ame siawo dometɔ aɖewo va dea dzesii be yewoda vo gã aɖe ɖe Yehowa ŋu, eye wogatrɔna vaa egbɔ. Esia bia agbagbadzedze, gake esi wobɔbɔa wo ɖokui eye wosea veve ɖe nu si wowɔ ŋu ta la, Yehowa tsɔnɛ kea wo eye wòxɔa wo alɔ evee.Yesaya 44:22; 1 Petro 2:25.

Yehowa di vevie be ame siwo gbe ye la nagatrɔ ava ye gbɔ

14. Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu?

14 Nu ka tae Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia? Yesu nɔ eɖem fia be Yehowa di vevie be ame siwo gbe ye la nagatrɔ ava ye gbɔ. Vifofo si le kpɔɖeŋua me la yi edzi nɔ mɔ kpɔm vevie be ye via atrɔ agbɔ. Esi wòkpɔ via wòle “mɔ dzi gbɔna ɖaa” la, eƒu du yi ɖakpee. Vifofo la di be ye via nanyae be yexɔe atuu. Ele be kpɔɖeŋu sia naʋã ame siwo dzo le nyateƒea me la be woatrɔ ava Yehowa gbɔ enumake. Ðewohĩ wo kple Yehowa dome ƒomedodoa me megasẽ o, woate ŋu anɔ ŋu kpem, eye tɔtrɔ gbɔ  ate ŋu asesẽ na wo, gake nu nyuiwo ado tso woƒe agbagbadzedzea me! Ne wotrɔ gbɔ la, Yehowa, Yesu kple mawudɔlawo akpɔ dzidzɔ ŋutɔ.Luka 15:7.

15, 16. (a) Nu kawoe míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu me? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo. (b) Nu kae esia fia mí tso Yehowa kple Yesu ŋu?

15 Aleke kpɔɖeŋu si ku ɖe vi nudomegblẽlaa ŋu aɖe vi na mí? Ele be míasrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋua. Ne ame aɖe gatrɔ va hamea me la, mele be míawɔ “nu dzɔdzɔe vivivo” ahagbe exɔxɔ atuu o. Esia agblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu. (Nyagblɔla 7:16) Nu bubu si míate ŋu asrɔ̃ tso emee nye be míabu ame si dzo le hamea me la be enye “alẽ búbu” si agate ŋu atrɔ agbɔ. (Psalmo 119:176) Eye ne míeke ɖe ame aɖe si dzo le hamea me ŋu la, ɖe míawɔ nu si míate ŋui akpe ɖe eŋu be wòatrɔ agbɔa? Ðe míana hamemetsitsiwo nanya enumake ale be woate ŋu akpe ɖe amea ŋua? Ne míese nufiame si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me gɔme vavã la, míawɔe nenema.

“Yehowa ƒe habɔbɔa me nɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o!”

16 Ame siwo trɔ gbɔ la daa akpe ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ kpakple kpekpeɖeŋu si hamea me tɔwo nana la ta ŋutɔ. Nɔviŋutsu aɖe si woɖe le haa me ƒe 25 la gblɔ be: “Dzidzɔ si kpɔm mele tso esime wogbugbɔ xɔm la le dzidzim ɖe edzi, le esi Yehowa na mele ‘dzidzemeɣiwo’ kpɔm ta. (Dɔwɔwɔwo 3:19) Nɔviawo katã lɔ̃m eye wodea dzi ƒo nam! Gbɔgbɔmeƒome nyui aɖe mee mele fifia.” Nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe si trɔ va hamea me ƒe atɔ̃ megbe la gblɔ be: “Ale si gbegbe hamea ɖe lɔlɔ̃ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe fiam la mele gbɔgblɔ me o. Yehowa ƒe habɔbɔa me nɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kplii o!”

17, 18. (a) Nu kawoe míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo me? (b) Nu kae míeɖoe kplikpaa be míawɔ?

17 Nu kawoe míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo me? Gbã la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míate ŋu ado tsɔtsɔe Biblia nusrɔ̃vi ƒe ŋgɔyiyi le nyateƒea me o. Míegblẽa ema ɖe Yehowa si me. Evelia, mele be míakpɔ mɔ be ame siwo katã de ha kpli mí alo míesrɔ̃ Biblia kplii la nasubɔ Yehowa o. Mlɔeba la, togbɔ be ame aɖewo agbe Yehowa hã la, míayi edzi anɔ mɔ kpɔm be woatrɔ ava gbe ɖeka. Ne wotrɔ gbɔ la, mina míaxɔ wo atuu abe ale si Yehowa hã lɔ̃ wo hexɔa woe ene.

18 Neva eme be mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi edzi adi sidzedze, gɔmesese kple nunya. Ne èle kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ me dzrom la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae kpɔɖeŋu sia fia? Nu ka tae woŋlɔe ɖe Biblia me ɖo? Aleke mate ŋu atsɔ nufiame siwo le wo me awɔ dɔe? Nu kae wofiam tso Yehowa kple Yesu ŋu?’ Ne míewɔ esia la, ke míele eɖem fia be míese Yesu ƒe nyawo gɔme nyuie.