Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖe li na ɖevi si ku le dadaa ƒe dɔ mea?

Ate ŋu asesẽ na ame siwo mebu wo viwo le mɔ siawo nu kpɔ o la be woase ale si gbegbe ame siwo fu gblẽ na alo wo viwo ku hafi wodzi wo la sena le wo ɖokuiwo me la gɔme. Dzila aɖewo siwo dzi esia dzɔ ɖo la xaa nu vevie. Vi atɔ̃ ku ɖe dɔ me na vidada aɖe hafi wòdzi wo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dzi dzɔe be yedzi viŋutsu eve siwo le lãmesẽ nyui me. Ke hã, eɖoa ŋku via siwo ku la dometɔ ɖe sia ɖe dzi. Le eƒe agbemeŋkekewo katã me la, enya ƒe siwo vi siwo ku hafi wòdzi kple fu siwo gblẽ nɛ la axɔ nenye be ɖe wotsi agbe. Ðe susu aɖewo li siwo tae Kristotɔ mawo akpɔ mɔ be woava fɔ vi mawo ɖe tsitre na yewoa?

Nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo kpui koe nye be, míenya o. Biblia meƒo nu tso vi siwo ku hafi wodzi la alo fu siwo gblẽ la ƒe tsitretsitsi ŋu tẽe o. Ke hã, gɔmeɖosewo le Mawu ƒe Nya la me siwo do ƒome kple nyabiase sia siwo ate ŋu ana akɔfafa aɖe si nu ame.

Na míadzro nyabiase eve aɖewo siwo do ƒome kple nya sia me kpɔ. Gbãtɔae nye: Le Yehowa ƒe nukpɔsusu nu la, ɣekaɣie amegbetɔ ƒe agbe dzea egɔme—le fufɔɣi loo alo le vidziɣi? Eveliae nye: Aleke Yehowa bua vi nɔdɔmee—ɖe wòbunɛ be enye ame le eɖokui si loo alo be enye lãmenugbagbeviwo ƒe ƒuƒoƒo dzro aɖe ko le nyɔnu ƒe vidzidɔ mea? Gɔmeɖosewo le Biblia me siwo na nyabiase eve siawo ƒe ŋuɖoɖo si me kɔ ƒãa.

Mose ƒe Sea ɖee fia kɔtɛ be menye vidziɣie amegbetɔ ƒe agbe dzea egɔme o, ke boŋ edzea egɔme ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na ema. Le mɔ ka nu? Sea fia be woate ŋu awu ame aɖe si na vi nɔdɔme ku la. De dzesi se sia: “Nàna luʋɔ ɖe luʋɔ teƒe.” * (2 Mose 21:22, 23, NW) Esia fia be nu gbagbee vi nɔdɔme nye, eye wònye luʋɔ gbagbe. Nyateƒe matrɔmatrɔ sia gɔme sese kpe ɖe Kristotɔ miliɔn geɖewo ŋu wogbe nu le fuɖeɖe gbɔ esi wobunɛ be enye nu vɔ̃ gã aɖe wɔwɔ ɖe Mawu ŋu ta.

Enye nyateƒe be ame gbagbee vi nɔdɔme nye, gake asixɔxɔ kae Yehowa dea agbe ma ŋu? Se si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la bia be woawu ame tsitsi si na vi nɔdɔme ku la. Eya ta edze kɔtɛ be vi nɔdɔme la xɔ asi le Mawu ŋkume ŋutɔ. Gawu la, nya geɖe le Ŋɔŋlɔawo me siwo ɖee fia be Yehowa bua vi nɔdɔme be enye ame le eɖokui si. Le kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ ʋã Fia David wògblɔ tso Yehowa ŋu be: “[Èkpɔ] tanye le danye ƒe dɔme. . . . Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe . . . ɖe wò agbalẽ me.”—Ps. 139:13-16; Hiob 31:14, 15.

Yehowa kpɔnɛ hã be nɔnɔme aɖewo koŋ nɔa vi nɔdɔme ɖe sia ɖe si, eye ŋutete geɖe nɔa esi siwo ŋu dɔ wòate ŋu ava wɔ le etsɔme. Esi venɔviwo ƒe fu nɔ Isak srɔ̃ Rebeka ƒo la, Yehowa gblɔ nya ɖi ku ɖe ŋutsuvi eve siwo nɔ avu wɔm le eƒe dɔ me la ŋu, si ɖee fia be ekpɔ nɔnɔme aɖewo le wo ŋu xoxo siwo ava kpɔ ŋusẽ ɖe dzidzime geɖewo dzi emegbe.—1 Mose 25:22, 23; Rom. 9:10-13.

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa ƒe ŋutinya la hã ɖe dzesi ŋutɔ. Nya Nyui Gbalẽa gblɔ be: “Esi Elisabet se Maria ƒe gbedonamea la, vidzĩ si le eƒe dɔ me la ti kpo; eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũu.” (Luka 1:41) Esi atikewɔla Luka nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔ sia ŋu la, ezã Helagbe me nya aɖe si ate ŋu afia vi nɔdɔme alo vidzĩ kokoe. Ezã nya ma ke esi wònɔ nu ƒom tso Yesu vidzĩ, si wotsɔ mlɔ lãnuɖunu me, la ŋu.—Luka 2:12, 16; 18:15.

Le wo katã me la, ɖe Biblia gblɔ nya aɖe si dzi míanɔ te ɖo agblɔ be vovototo gã aɖe le vi nɔdɔme kple vi si wodzi teti la domea? Medze nenema o. Eye ŋuɖoɖo sia wɔ ɖeka kple nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo le míaƒe ŋkekea me. Le kpɔɖeŋu me, numekulawo va kpɔe be vi nɔdɔme tea ŋu sea nu siwo le edzi yim le xexe la hewɔa nu ɖe enu. Eya ta mewɔ nuku o be kadodo kplikplikpli aɖe nɔa nyɔnu funɔ kple vi si le tsitsim le eƒe dɔ me la dome.

Ne fu tsi le nyɔnuwo ƒo mlɔeba la, woƒe vidziɣi menɔa ɣeyiɣi ɖeka dzi o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Vidada aɖe dzi vi aɖe si ƒe azã mede haɖe o, gake ɖevia ku ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe. Fu nɔ nyɔnu bubu aɖe ya ƒo va se ɖe esime ɖevia ƒe azã de, gake ɖevia ku teti hafi wòdzii. Ðe esia fia be mɔkpɔkpɔ anɔ vidada gbãtɔ ya si be woafɔ ye via ɖe tsitre le esi wòdzii hafi wòku ta evɔ eƒe azã mede hafi o, gake vidada evelia ya mɔkpɔkpɔ ma tɔgbi manɔ esi oa?

Kpuie ko la, Biblia ɖee fia kɔtɛ be agbe dzea egɔme le fufɔɣi, eye Yehowa bua vi nɔdɔme be enye ame le eɖokui si si ŋu asixɔxɔ le. Le Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe siawo ta la, ame aɖewo abui be masɔ be woagblɔ be womafɔ vi nɔdɔme siwo ku la ɖe tsitre o. Le nyateƒe me la, woagblɔ be nya mawo gbɔgblɔ atsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu si le mía si ku ɖe fuɖeɖe ŋu la ŋu, elabena nyateƒenya mawo tututu dzie wotu míaƒe nukpɔsusu sia hã ɖo.

Le ƒe siwo va yi me la, magazine sia fɔ nyabiase siwo me susu le la ɖe te siwo na wòdze abe womate ŋu afɔ ɖevi siwo ku hafi wodzi la ɖe tsitre o ene. Le kpɔɖeŋu me, wobia be, ɖe Mawu agbugbɔ fugboe si metsi tututu o la ade vidada la ƒe vidzidɔ me ake le Paradiso mea? Ke hã, numekuku yi ŋgɔ, gbedodoɖa kple ŋugbledede kpe ɖe Dziɖuha la ŋu be wòƒo nya ta be, le nyateƒe me la, nukpɔsusu mawo mekpɔa ŋusẽ ɖe tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi o. Yesu gblɔ be: “Le Mawu ya gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu.” (Mar. 10:27) Nu si me Yesu ŋutɔ hã to la ɖo kpe nya sia ƒe nyateƒenyenye dzi; wotsɔ eƒe agbe tso dziƒo va de ɖetugbui nɔaƒe aɖe ƒe vidzidɔ me—kakaɖedzitɔe la, le amegbetɔwo ƒe susu nu la esia manya wɔ gbeɖe o.

Ekema ɖe nya siawo katã fia be Biblia fia nu be woafɔ vi nɔdɔme siwo ku do ŋgɔ na wo dziɣi la ɖe tsitrea? Ele be míate gbe ɖe edzi be Biblia meɖo nya sia ŋu tẽe o, eya ta naneke meli si dzi amegbetɔwo anɔ te ɖo ate tɔ ɖe edzi be woafɔ wo ɖe tsitre o. Nya sia ate ŋu afɔ nyabiase gbogbo aɖewo ɖe te ya. Gake anyo wu be míaƒo asa na nususugblɔ ko. Nu si míenyae nye esi: Nya la le Yehowa, ame si si amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ ɖo la, si me. (Ps. 86:15) Ðikeke aɖeke mele eme o be eƒe dzimedidie nye be yeaɖe ku ɖa to tsitretsitsia dzi. (Hiob 14:14, 15) Míate ŋu aka ɖe edzi be ewɔa nu si le eteƒe ɣesiaɣi. Ayɔ dɔ abi geɖe siwo agbenɔnɔ le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me de mía ŋu la katã ne eto Via dzi “[gblẽ] Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.”—1 Yoh. 3:8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Woɖea Biblia ƒe akpa sia me ɣeaɖewoɣi wòfiana be vidada ƒe ku ta koe woawu ame ɖo. Ke hã, Hebrigbe me nuŋlɔɖi gbãtɔa ɖee fia be se la ƒo nu tso afɔku aɖe si adzɔ si ahe ku avae na vidada loo alo vi nɔdɔme la ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Yehowa ayɔ dɔ abi siwo katã míaƒe vevesesewo de mía ŋu la