Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Marko Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Marko Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Marko Ƒe Agbalẽa Me

MARKO ƒe Nya Nyui Gbalẽae nye kpuitɔ le Nya Nyui Gbalẽ eneawo dome. Yohanes Marko ye ŋlɔe le ƒe 30 aɖewo le Yesu Kristo ƒe ku kple eƒe tsitretsitsi megbe. Nu wɔdɔɖeamedzi siwo dzɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ si xɔ ƒe etɔ̃ kple afã me lae woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me.

Edze ƒãa be ame siwo menye Yudatɔwo o, vevietɔ Romatɔwo, ye woŋlɔ Marko ƒe agbalẽa na. Agbalẽ sia ƒo nu tso Yesu ŋu be enye Mawu ƒe Vi nukunuwɔla si wɔ gbeƒãɖeɖedɔa moveviɖoɖotɔe. Nu siwo Yesu wɔ dzie wòte gbe ɖo ke menye eƒe nufiafiawo o. Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa me nyawo tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ana be ale si míexɔ Mesia la dzi see la me nagasẽ ɖe edzi wu, eye esia aʋã mí be míazu ame siwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe gbedeasia dzonɔamemetɔe le ɖaseɖiɖidɔa me.—Heb. 4:12.

SUBƆSUBƆDƆ ÐEDZESI SI WOWƆ LE GALILEA

(Marko 1:1–9:50)

Esi Marko ƒo nu tso dɔ siwo Yohanes Amenyrɔɖetsimela wɔ kple ŋkeke 40 siwo Yesu tsɔ nɔ gbea dzi ŋu le kpukpui 14 pɛ ko me vɔ la, ete nuƒoƒo tso subɔsubɔdɔ si Yesu wɔ le Galilea la ŋu le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu. Nya “enumake” zazã edziedzi le nuŋlɔɖia me na nuwɔwɔ kpata ƒe susu dze le eme.—Mar. 1:10, 12.

Yesu ɖe gbeƒã kpe Galilea dua ɖo zi etɔ̃ sɔŋ le ƒe eve kple ɣleti aɖewo ko me. Ðoɖo si nu nuawo dzɔ ɖo koŋ nue Marko ŋlɔ nudzɔdzɔawo ɖo. Meŋlɔ nu tso Yesu ƒe Todzimawunya kple eƒe nuƒo legbe geɖewo ŋu o.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:15—Nu ka ƒe “ɣeyiɣi ɖoɖi” ye de? Yesu nɔ gbɔgblɔm be ɣeyiɣi ɖoɖi la de na ye be yeadze yeƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Mawu ƒe Fiaɖuƒe la gogo le susua nu be eƒe Fia si wotia la nɔ anyi ɣemaɣi. Eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ate ŋu aʋã ame siwo si dzi dzɔdzɔe nɔ la, eye woaɖe afɔ siwo ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.

1:44; 3:12; 7:36—Nu ka tae Yesu medi be woado boblo yeƒe nukunuwo o? Yesu di be amewo ŋutɔ nakpɔe be yee nye Kristo la eye woawo ŋutɔwo nanɔ te ɖe kpeɖodzi sia dzi aƒo nya ta tsɔ wu be woanɔ te ɖe nyatakaka siwo woɖe ami ɖe alo nyatakaka totrowo dzi atso nya me. (Yes. 42:1-4; Mat. 8:4; 9:30; 12:15-21; 16:20; Luka 5:14) Gake Yesu gblɔ na ŋutsu si me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ tsã le Gerasatɔwo ƒe anyigba dzi la be wòayi aɖaka nu siwo katã wowɔ nɛ la ta na eƒe ƒometɔwo. Amewo ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ, si awɔe be mɔnukpɔkpɔ sue aɖe koe asu esi be wòaƒo nu na nuto ma me tɔwo alo ɖeke kura masu esi o. Ŋutsu si ŋu Yesu da gbe le ƒe afi ma nɔnɔ anye ɖaseɖiɖi si axe mɔ na nya vɔ̃ ɖe sia ɖe si woakaka le eŋu le ha siwo tsrɔ̃ la ta.—Mar. 5:1-20; Luka 8:26-39.

2:28—Nu ka tae woyɔ Yesu be ‘sabat la ƒe Aƒetɔ’? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nu nyui siwo ava la ƒe vɔvɔli ye li na Se la.” (Heb. 10:1) Abe ale si Sea gblɔe ene la, woɖua Sabat la le dɔwɔŋkeke ade megbe, eye Yesu da dɔ na ame geɖewo le ŋkeke ma dzi. Esia nye vɔvɔli na gbɔdzɔe kple ŋutifafa kpakple yayra bubu siwo ameƒomea akpɔ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ne woɖe Satana ƒe ŋutasẽdziɖuɖua ɖa megbe. Eya ta Fiaɖuƒe ma ƒe Fia la nye ‘Sabat ƒe Aƒetɔ’ hã.—Mat. 12:8; Luka 6:5.

3:5; 7:34; 8:12—Aleke Marko wɔ nya nu tso ale si Yesu se le eɖokui me le nɔnɔme vovowo me ŋu? Menye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka alo Yesu ƒe zɔhɛ kplikplikpli ye Marko nye o. Le blema xotutuwo nu la, Marko xɔlɔ̃ vevi si nye apostolo Petro gbɔe Marko xɔ eƒe nyatakaka geɖe tsoe.—1 Pet. 5:13.

6:51, 52—Gɔmesese kae le ‘abolo siwo nusrɔ̃lawo mete ŋu se nu si wofia gɔme o’ la ŋu? Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe nye ema va yi esi Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve nyi ŋutsu 5,000 tsɔ kpe ɖe nyɔnuwo kple ɖevi geɖewo ŋu. “Nu si aboloawo fia” si gɔme wòle be nudzɔdzɔ ma nakpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋuti woase lae nye be Yehowa Mawu na ŋusẽ Yesu be wòawɔ nukunuwo. (Mar. 6:41-44) Ne ɖe wode dzesi ŋusẽ si gbegbe wona Yesu la, anye ne mawɔ nuku na wo nenema gbegbe esi wokpɔe wònɔ tsi dzi zɔm nukutɔe la o.

8:22-26—Nu ka tae Yesu meʋu ŋku na ŋutsu ŋkuagbãtɔ la zi ɖeka o? Anye be esi Yesu bu ŋutsua ŋu tae. Ŋkuʋuʋu na ŋutsu si nɔ viviti me hena ƒe geɖe la vivivi anya kpe ɖe eŋu be wòtrɔ ɖe ŋdɔ ƒe keklẽ si nu sẽ la ŋuti.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

2:18; 7:11; 12:18; 13:3. Marko na numeɖeɖe ku ɖe dekɔnu, nyagbɔgblɔ, dzixɔse, kple teƒe siwo ŋu ame siwo menye Yudatɔwo o manya nu tso o la ŋu. Egblɔe eme kɔ be, Farisitɔwo “tsia nu dɔna,” kɔrban gɔmee nye “nunana si wotsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu,” Zadukitɔwo gblɔna “be tsitretsitsi aɖeke meli o,” eye gbedoxɔa “dze ŋgɔ” “Amitoa.” Esi wònye be Yudatɔwo koŋ ye Mesia la ƒe dzidzimeŋutinya anɔ vevie na ta la, meƒo nu tso eŋu kura o. Marko to esia dzi ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí. Ele be míabu afi si míaƒe nyaselawo tso kple nu siwo wonya ŋu ne míele gome kpɔm le ɖaseɖiɖidɔa me alo le dɔdeasiwo wɔm le hamea me.

3:21. Yesu ƒe ƒometɔwo nye dzimaxɔsetɔwo. Esia ta esea veve ɖe ame siwo ƒe ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋu alo koa wo le woƒe xɔse ta la nu.

3:31-35. Esime wonyrɔ Yesu la, ezu Mawu ƒe Gbɔgbɔmevi, eye “dziƒo Yerusalem” nye dadaa. (Gal. 4:26) Tso ekema dzi la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va nɔ kplikplikpli eye wonɔ vevie nɛ wu eƒe ƒometɔ ŋutɔŋutɔwo. Esia fia mí be ele be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Mat. 12:46-50; Luka 8:19-21.

8:32-34. Ele be míade dzesi amewo ƒe dɔmenyonuwɔna siwo medze o la kaba, eye míagbe wo. Ele be Kristo yomedzela nasu te be ‘yeagbe nu le ye ɖokui gbɔ,’ si fia be wòate ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo eɖokui ahatsri nu gã didi. Ele be wòalɔ̃ faa ‘atsɔ eƒe fuwɔameti’—si fia be wòakpe fu ne ehiã, alo woado ŋukpee alo woati eyome alo woawui gɔ̃ hã le esi wònye Kristotɔ ta. Eye ‘wòadze Yesu yome ɖaa’ ahanɔ agbe abe ale si Yesu nɔ agbee ene. Nusrɔ̃lanyenye bia be míatu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ Kristo Yesu me la ɖo ahalé eme ɖe asi.—Mat. 16:21-25; Luka 9:22, 23.

9:24. Mele be ŋu nakpe mí be míaʋu míaƒe xɔse me alo ado gbe ɖa abia xɔse geɖe wu o.—Luka 17:5.

ƔLETI MAMLƐTƆ

(Marko 10:1–16:8)

Le ƒe 32 M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo me la, Yesu va “Yudea ƒe liƒowo dzi kple Yordan godo” eye amehawo gava egbɔ le afi ma. (Mar. 10:1) Esi wòɖe gbeƒã le afi ma vɔ la, edze mɔ ɖo ta Yerusalem.

Le Nisan 8 lia dzi la, Yesu nɔ Betania. Enɔ nu ɖum le kplɔ̃ ŋu esime nyɔnu aɖe ge ɖe eme hekɔ ami ʋeʋĩ ɖe ta nɛ. Wogblɔ nudzɔdzɔ siwo yi edzi tso esime Yesu yi ɖe Yerusalem abe aʋadziɖula ene va se ɖe eƒe tsitretsitsi dzi ɖe ɖoɖo si nu wodzɔ ɖo la nu.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

10:17, 18—Nu ka tae Yesu ɖɔ ŋutsu aɖe si yɔe be “Nufiala Nyui” la ɖo? Esi Yesu gbe be woagayɔ bubuŋkɔ sia na ye o la, enɔ bubua tsɔm na Yehowa, eye wòɖee fia be Mawu vavã lae nye nu nyuiwo katã dzɔtsoƒe. Gawu la, Yesu he susu yi nyateƒenya vevi sia dzi be Yehowa Mawu, ame si nye nuwo katã Wɔla la, ɖeka koe kpɔ mɔ aɖo nyui kple vɔ̃ ŋuti dzidzenuwo.—Mat. 19:16, 17; Luka 18:18, 19.

14:25—Nu kae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒewo be: “Nyemegale waintsetse me tsi no ge akpɔ o va se ɖe ŋkeke ma dzi, esime manoe yeyee le Mawu fiaɖuƒe la me”? Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be wain ŋutɔŋutɔ le dziƒo o. Ke hã, esi wònye be wotsɔa wain wɔa dzidzɔkpɔkpɔ ƒe kpɔɖeŋui ta la, Yesu nɔ nu ƒom tso dzidzɔ si wòakpɔ ne woa kple eyomedzela amesiamina siwo woafɔ ɖe tsitre la va nɔ anyi ɖekae le eƒe Fiaɖuƒea me ŋu.—Ps. 104:15; Mat. 26:29.

14:51, 52—Ðekakpui kae si “dzo awumadomadoe”? Marko ɖeka koe ƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu, eya ta míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be enɔ nu ƒom tso eya ŋutɔ ɖokui ŋu.

15:34—Ðe nya siwo Yesu gblɔ be, “nye Mawu, nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?” fia be xɔse menɔ esi oa? Ao. Togbɔ be míate ŋu anya nu si tututu ʋã Yesu wògblɔ nya mawo o hã la, Yesu ƒe nyawo ate ŋu afia be ede dzesii be Yehowa ɖe Eƒe ametakpɔkpɔ ɖa bene woate ŋu ado ye si nye Via ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ bliboe. Ate ŋu anɔ eme hã be Yesu gblɔ esia le esi wòdi be yeana nya siwo wogblɔ ɖi le Psalmo 22:2 ku ɖe ye ŋu nava eme ta.—Mat. 27:46.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

10:6-9. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be srɔ̃tɔwo naku ɖe wo nɔewo ŋu. Eya ta mele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu natsɔ dzitsitsi be yewoagbe yewo nɔewo o, ke boŋ woadze agbagba atsɔ Biblia me gɔmeɖosewo akpɔ kuxi sesẽ ɖe sia ɖe si ado mo ɖa le woƒe srɔ̃ɖeɖea me la gbɔ.—Mat. 19:4-6.

12:41-44. Ahosi dahe la ƒe kpɔɖeŋua fia mí be ele be míado alɔ tadedeagu vavãtɔ la ɖokuitɔmadimaditɔe.

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nu ka tae Yesu gblɔ na ŋutsu sia be wòayi aɖaka nu siwo wowɔ nɛ la ta na eƒe ƒometɔwo?