Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Mateo Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Mateo Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Mateo Ƒe Agbalẽa Me

AME gbãtɔ si ŋlɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋuti nuŋlɔɖi lédziname aɖe ɖi lae nye Mateo—si de ha kple Yesu Kristo kplikplikpli, eye wònye nudzɔla tsã. Mateo wu eƒe Nya Nyui Gbalẽa, si wòŋlɔ ɖe Hebrigbe me gbã, eye emegbe wòva ɖe egɔme ɖe Helagbe me la, nu le ƒe 41 M.Ŋ. me lɔƒo, eye eyae nye agbalẽ si de nu Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me.

Edze abe Yudatɔwo koŋ ye woŋlɔ Nya Nyui Gbalẽ ʋãme vevi sia na ene, eye wòƒo nu tso Yesu ŋu be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo, Mawu ƒe Vi la. Toléle ɖe Nya Nyui Gbalẽ sia me nyawo ŋu ana míaƒe Mawu vavã la, Via, kple Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se me nasẽ ɖe edzi.—Heb. 4:12.

“DZIƑOFIAÐUƑE LA GOGO”

(Mat. 1:1–20:34)

Mateo he susu yi Fiaɖuƒe la kple Yesu ƒe nufiafiawo dzi, togbɔ be esia wɔwɔ na eƒe nyawo mele ɖoɖo si nu tututu nuawo dzɔ ɖo la nu o hã. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso Todzimawunya la ŋu le agbalẽa ƒe gɔmedzedze, togbɔ be Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe domedome lɔƒoe wògblɔe hã.

Esime Yesu nɔ subɔsubɔdɔa wɔm le Galilea la, ewɔ nukunuwo, na mɔfiamewo eƒe apostolo 12-awo tso subɔsubɔdɔa ŋu, klo nu le Farisitɔwo ƒe nuwɔna gbegblẽwo ŋu, eye wòwɔ kpɔɖeŋu geɖe tso Fiaɖuƒea ŋu. Azɔ edzo le Galilea, eye wòva “Yudea ƒe liƒowo dzi le Yordan godo.” (Mat. 19:1) Esime wonɔ mɔa dzi la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Míeyina Yerusalem, eye woatso kufia na Amegbetɔvi la, eye woafɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃agbe.’—Mat. 20:18, 19.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

3:16—Gɔmesese ka nu ye “dziƒowo nu ʋu” le le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi? Ðewohĩ esia fia be, Yesu ɖo ŋku edzi be, yenɔ agbe le dziƒo kpɔ hafi va anyigba dzi.

5:21, 22—Ðe dzikuɖeɖefia vɔ̃ɖi wu eléle ɖe dɔ mea? Yesu xlɔ̃ nu be, ame si léa dziku ɖe dɔ me ɖe nɔvia ŋu la le nu vɔ̃ gã aɖe wɔm. Ke hã, dzikuɖeɖefia to gbɔɖiamenya aɖe gbɔgblɔ me ya gavɔ̃ɖi wu, eye esia ate ŋu ana woahe ame ayi ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ.

5:48—Ðe wòanya wɔ nyateƒe be ‘míanɔ blibo, abe ale si mía Fofo si le dziƒo la le bliboe’ enea? Ɛ̃, le mɔ aɖe nu. Lɔlɔ̃ ƒe nya gblɔmee Yesu nɔ le afi sia, eye egblɔ na eƒe nyaselawo be woasrɔ̃ Mawu ahanɔ blibo le lɔlɔ̃ɖeɖefia me. (Mat. 5:43-47) Aleke woawɔe? Eyae nye be, woaɖee afia woƒe futɔwo hã.

7:16—‘Kutsetse’ kawoe wokpɔna le subɔsubɔha vavãtɔ me nɔlawo ŋu? Menye míaƒe agbenɔnɔ koe ɖea kutsetse siawo fiana o. Míaƒe dzixɔsewo hãe—siwo nye nufiafia siwo dzi míewɔna ɖo.

10:34-38—Ŋɔŋlɔawo me gbedeasia ye hea mamawo vaa ƒomewo mea? Ao, menye nenemae o. Ke boŋ ƒomea me tɔ siwo menye Kristotɔ vavãwo o ƒe nuwɔnawo ye hea mamawo vanɛ. Ðewohĩ woagbe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo dzi xɔxɔ se alo atsi tsitre ɖe wo ŋu, eye esiae hea mamawo vaa ƒomea me.—Luka 12:51-53.

11:2-6—Esi wònye Yohanes see Mawu ŋutɔ ƒo nu gblɔ be Yesue nye Mesia si ŋu yekpɔ ŋudzedze ɖo xoxo ɖe, nu ka tae wògabia be Yesu ye nye “Ame Si Gbɔna” la hã? Ðewohĩ ɖe Yohanes di be Yesu ŋutɔ naɖo kpe nya sia dzi na ye. Hekpe ɖe eŋu la, Yohanes di be yeanya ne ‘ame bubu’ aɖe ava le Fiaɖuƒe ŋusẽ me, eye wòawɔ nu siwo katã Yudatɔwo le mɔ kpɔm na la na wo. Yesu ƒe ŋuɖoɖoa ɖee fia be, ame bubu aɖeke magava ɖe ye yome o.

19:28—Nu kae “Israel to wuieveawo,” siwo woadrɔ̃ ʋɔnui la, tsi tsitre ɖi na? Menye gbɔgbɔ me Israel to 12 lae wotsi tsitre ɖi na o. (Gal. 6:16; Nyaɖ. 7:4-8) Apostolo siwo Yesu nɔ nu ƒom na la ava nye gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo, ke menye woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo o. Yesu ‘bla nu kpli wo hena fiaɖuƒe aɖe,’ eye woanye ‘fiaɖuƒe kple nunɔlawo na Mawu.’ (Luka 22:28-30; Nyaɖ. 5:10) Gbɔgbɔ me Israel me tɔwo ye “adrɔ̃ ʋɔnu xexea.” (1 Kor. 6:2) Eya ta edze ƒãa be, “Israel to wuieveawo,” siwo ame siwo le fiazikpuiwo dzi le dziƒo adrɔ̃ ʋɔnui la, tsi tsitre ɖi na ameƒomea me tɔ siwo mele fiawo kple nunɔlawo ƒe ha ma me o, abe ale si wònɔna le to 12 siwo menye nunɔlawo ƒe towo o la gome le Avuléŋkekea dzi ene.—3 Mose, ta 16.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

4:1-10. Nuŋlɔɖi sia na míenya be, Satana li ŋutɔŋutɔ, ke menye vɔ̃ɖinyenye ƒe nɔnɔme si le ame me ye wònye o. Ezãa “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ” tsɔ tea mí kpɔ. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu.—1 Yoh. 2:16.

5:1–7:29. De dzesi wò gbɔgbɔ me nu hiahiãwo. Nye ŋutifafawɔla. Ðe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe susuwo ɖa le ta me. Wɔ nya si nègblɔ dzi. Ne èle gbe dom ɖa la, gbɔgbɔmenuwo nenɔ vevie na wò wu ŋutilãmenuwo. Nye kesinɔtɔ le Mawu gbɔ. Di Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbã. Mèganɔ ʋɔnu drɔ̃m hawòvi o. Wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Nusɔsrɔ̃ nyui kawo gbegbee nye esi le Todzimawunya la me!

9:37, 38. Ele be míawɔ nu wòasɔ ɖe gbe si míedona ɖa na Aƒetɔ la be “wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me” la nu, to gomekpɔkpɔ vevie le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me dzi.—Mat. 28:19, 20.

10:32, 33. Mele be míavɔ̃ ne ehiã be míaƒo nu tso míaƒe xɔse ŋu o.

13:51, 52. Fiaɖuƒe nyateƒe xɔasi siwo gɔme míese la da agba ɖe mía dzi be míafia nu amewo ahagblɔ wo ŋu nya na wo.

14:12, 13, 23. Hafi míate ŋu ade ŋugble nyuie la, ehiã be míanɔ teƒe aɖe si ame aɖeke mele o.—Mar. 6:46; Luka 6:12.

17:20. Xɔse hiã hafi míate ŋu aɖu nu siwo le abe towo ene, siwo doa kplamatsɛ míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la dzi, ahanɔ te ɖe kuxiwo nu. Ele be míaxɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi ase ahado ŋusẽ xɔse ma, eye míawɔe ɖewoɖewoe o.—Mar. 11:23; Luka 17:6.

18:1-4; 20:20-28. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe blibomademade kple subɔsubɔha si me wonɔ, si me wotea gbe ɖe ɖoƒe gã didi dzi le la, na wotsi dzi ɖe ɖoƒe gã nɔnɔ ŋu. Ele be míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ, anɔ ŋudzɔ ɖe nɔnɔme gbegblẽ siwo le mía me la ŋu, eye míana susu nyui nanɔ mía si ɖe hamea me mɔnukpɔkpɔwo kple agbanɔamedziwo ŋu.

“WOADE AMEGBETƆVI LA ASI”

(Mat. 21:1–28:20)

Yesu ‘bɔbɔ nɔ tedzi dzi’ va Yerusalem le Nisan 9, ƒe 33 M.Ŋ. me. (Mat. 21:5) Esi ŋu ke la, eva gbedoxɔa me henya nudzralawo le eme. Le Nisan 11 lia dzi la, efia nu le gbedoxɔa me, klo nu le agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe nuwɔna gbegblẽwo ŋu, eye emegbe wògblɔ “[eƒe] anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” na eƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 24:3) Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, egblɔ na wo be: “Mienya be esusɔ ŋkeke eve ne ŋutitoto la naɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi be woahee ɖe ati ŋu.”—Mat. 26:1, 2.

Nisan 14 lia ɖo azɔ. Esi Yesu ɖo eƒe ku, si gogo la, ƒe Ŋkuɖodzia anyi vɔ la, wodee asi, lée, drɔ̃ ʋɔnui, eye wohee ɖe ati ŋu. Le ŋkeke etɔ̃agbe la, wofɔe ɖe tsitre. Hafi Yesu nadzo ayi dziƒo la, ede se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.”—Mat. 28:19.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

22:3, 4, 9—Ɣekaɣie yɔyɔ etɔ̃awo ɖi be woakpe amewo va srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea? Yɔyɔ gbãtɔ be woaƒo ŋugbetɔ ƒe ha la me tɔwo nu ƒu la ɖi esime Yesu kple eyomedzelawo te gbeƒãɖeɖe le ƒe 29 M.Ŋ. me, eye wòyi edzi va se ɖe ƒe 33 M.Ŋ. me. Yɔyɔ evelia ɖi tso esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi va se ɖe ƒe 36 M.Ŋ. me. Yudatɔwo, trɔ̃subɔla siwo va zu Yudatɔwo, kple Samariatɔwo, koe yɔyɔ eve gbãtɔawo yi na. Ke hã, yɔyɔ etɔ̃lia ya yi na ame siwo le mɔdodowo dzi le dua godo, siwo nye Trɔ̃subɔla aʋamatsomatsotɔwo, tso ƒe 36 M.Ŋ. me, esime Roma ʋafia Kornelio zu Kristotɔ, eye wòyi edzi va ɖo míaƒe ŋkekea me.

23:15—Nu ka tae trɔ̃subɔla siwo ŋu Farisitɔwo kpe ɖo wova zu Yudatɔwo la ‘dzena na Gehena yiyi wu Farisitɔawo ŋutɔwo zi gbɔ zi eve’? Ame siwo ŋu Farisitɔwo kpe ɖo wova zu Yudatɔwo la dometɔ aɖewo anya wɔa nu vɔ̃ gãwo tsã. Gake esi wotrɔ va zu Farisitɔ nugbɔmewɔlawo la, woƒe nyaa gagblẽ ɖe edzi wu, eye ɖewohĩ woƒe nugbɔmewɔwɔa gava wu woƒe nufialawo, siwo hã wobu fɔe xoxo, la tɔ. Ale ne wotsɔ wo sɔ kple Yudatɔ Farisitɔwo la, “[wodzena] na Gehena yiyi wu” wo zi gbɔ zi eve.

27:3-5—Nu ka ƒe nue Yuda Iskariot xa? Naneke meɖee fia be, Yuda ƒe nuxaxaa nye dzimetɔtrɔ vavãtɔ ƒe dzesi o. Le esi teƒe be wòabia Mawu be wòatsɔ ake ye la, eyi ɖaʋu eƒe nu vɔ̃a me na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple amegãwo. Esi wònye Yuda wɔ “nu vɔ̃ si kplɔa ame yia ku me” ta la, esɔ be fɔbuameɖokui kple dziɖeleameƒoa wu tsɔtsɔ nɛ. (1 Yoh. 5:16) Mɔkpɔkpɔbuɖeame ye na wòxa nu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

21:28-31. Nu si koŋ le vevie na Yehowa Mawu ye nye be, míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Le kpɔɖeŋu me, ele be míakpɔ gome le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me veviedodotɔe.—Mat. 24:14; 28:19, 20.

22:37-39. Sedede gãtɔ eveawo na nu si Mawu dina tso ame siwo subɔnɛ si la me kɔ ƒãa, alo?

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Èle gome kpɔm le nuŋeŋedɔa me veviedodotɔea?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© 2003 BiblePlaces.com

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mateo he susu yi Fiaɖuƒea dzi