Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” La Le To Ðom

“Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” La Le To Ðom

“Ame Siwo Si Dzi Ƒe Nɔnɔme Nyui Le” La Le To Ðom

“Ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la zu xɔsetɔwo.”—DƆW. 13:48.

1, 2. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖi be, woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba blibo la katã dzi la dzii?

WODZRA nuŋlɔɖi dodzidzɔname si ku ɖe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖi be, woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le anyigba blibo la katã dzi la, ɖo ɖe Biblia gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me. (Mat. 24:14) Gbeƒãɖela dovevienuwo ɖo kpɔɖeŋu ɖi na ame siwo katã ava va ɖe wo yome. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖi ɖase veviedodotɔe le Yerusalem ta la, ame akpe geɖe, siwo dome “nunɔlawo ƒe ha gã aɖe” hã le la, va zu ƒe alafa gbãtɔ me hamea me tɔwo.—Dɔw. 2:41; 4:4; 6:7.

2 Ƒe alafa gbãtɔ me duta nya nyui gblɔlawo kpe ɖe ame geɖe ŋu wozu Kristotɔwo. Le kpɔɖeŋu me, Filipo yi Samaria, afi si ameha gbogbo aɖewo lé to ɖe eƒe nyawo ŋu le. (Dɔw. 8:5-8) Paulo zɔ mɔ yi teƒe geɖe heɖe gbeƒã Kristo ŋuti gbedeasi le Kipro, Asia Sue, Makedonia, Hela, kple Italia, eye ame vovovowo zɔ mɔa kplii. Yudatɔ kple Helatɔ akpe geɖe va zu xɔsetɔwo le du siwo me wòɖe gbeƒã le la me. (Dɔw. 14:1; 16:5; 17:4) Tito yi subɔsubɔdɔ si gɔme wodze le Kreta la dzi. (Tito 1:5) Petro nɔ dɔ wɔm vevie le Babilon, eye kaka eƒe agbalẽ gbãtɔ ŋlɔɣi naɖo, si nye ƒe 62-64 M.Ŋ. la, wonya nu tso Kristotɔwo ƒe dɔa ŋu nyuie le Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia, kple Bitinia. (1 Pet. 1:1; 5:13) Dzi anya dzɔ wo ŋutɔ ɣemaɣi lo! Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo wɔ dɔ dzonɔamemetɔe ale gbegbe be, woƒe futɔwo gblɔ be “[wode] zi anyigba dzi tɔwo katã me.”—Dɔw. 17:6; 28:22.

3. Nu kawoe le dodom tso gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo le la me, eye aleke wònana nèsena le ɖokuiwò me?

3 Le egbeŋkekeawo hã me la, woyra Kristo hamea wòle dzidziɖedzi geɖe kpɔm. Ðe dzi meɖoa ƒowò ne èxlẽ Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe sia ƒe ŋuti akɔntabubu la, eye nèkpɔ nu siwo do tso woƒe dɔa me le xexea me godoo oa? Ðe dzi medzɔa wò ŋutɔ be nànya be, Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ miliɔn ade kple edzivɔ le ƒe 2007 subɔsubɔƒea me oa? Hekpe ɖe eŋu la, ame siwo de Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe si va yi me la ƒe agbɔsɔsɔ ɖee fia be, ame miliɔn ewo kloe, siwo menye Yehowa Ðasefowo o la, tsɔ ɖe le nya nyuia me, si na wova wɔna vevi sia teƒe. Esia ɖee fia be, dɔ geɖe gali míawɔ.

4. Ame kawoe le to ɖom Fiaɖuƒe gbedeasia egbea?

4 Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” le to ɖom nyateƒe gbedeasia egbea hã. (Dɔw. 13:48) Yehowa le ame siawo tɔgbi hem va eƒe habɔbɔa me. (Xlẽ Xagai 2:7.) Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ sia ŋu, hafi míate ŋu awɔ nu aduadu kple mía nɔewo le amewo nu ƒoƒo ƒu dɔ sia wɔwɔ me?

Ðe Gbeƒã Ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe

5. Ame kawo ƒomevi ŋue Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo?

5 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo se egɔme be, “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” (Dɔw. 10:34, 35) Hafi ame kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la, ele be wòaɖee afia be yexɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se. (Yoh. 3:16, 36) Azɔ hã, Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ye nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Tim. 2:3, 4.

6. Nu kae mele be Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo nawɔ o, eye nu ka tae?

6 Masɔ kura be, nya nyui gbeƒãɖelawo nabu nazã ɖe amewo ŋu le woƒe ŋutigbalẽ, ɖoƒe, dzedzeme, subɔsubɔha si me wole, alo le nu bubu aɖeke ta o. Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe medzɔ dzi na wò ŋutɔ be, ame si ƒo nu tso nyateƒea ŋu na wò zi gbãtɔ la mebu nazã ɖe ŋuwò oa? Eya ta ɖe manyo be wò hã nàgblɔ nya nyui si naa agbe la na ame sia ame si ɖewohĩ adi be yeaɖo toe oa?—Xlẽ Mateo 7:12.

7. Nu ka tae mele be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo míeɖea gbeƒã na la o?

7 Yesue Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃la; eya ta míawo míekpɔ mɔ adrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke o. Esia sɔ, elabena míele abe Yesu ene o, eya ta ‘míedrɔ̃a ʋɔnu ɖe nu si míaƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu,’ alo ɖe ‘nu si míaƒe to le sesem la nu,’ evɔ Yesu ya ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me, kple nu siwo ŋu bum wòle.—Yes. 11:1-5; 2 Tim. 4:1.

8, 9. (a) Ame ka ƒomevi ye Saul nye hafi va zu Kristotɔ? (b) Nu kae wòle be míasrɔ̃ tso Paulo ƒe nya sia me?

8 Ame ɖe sia ɖe ƒomevi tea ŋu va zua Yehowa subɔla. Esia ŋuti kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye Saul si tso Tarso, si wova yɔ emegbe be, apostolo Paulo. Saul nye Farisitɔ, eye wòti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe. Esi wòka ɖe edzi vevie be, Kristotɔwo tra mɔ ta la, eti Kristo hamea yome. (Gal. 1:13) Ame aɖeke mabui be ate ŋu ava zu Kristotɔ o. Ke hã, Yesu ya kpɔ nu nyui aɖe le Saul ƒe dzi me, eye wòtiae be wòawɔ dɔ tɔxɛ aɖe na ye. Ale Saul va zu ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea me tɔ dovevienu siwo wɔ dɔ wu la dometɔ ɖeka.

9 Nu kae míesrɔ̃ tso Paulo ƒe nya sia me? Le míaƒe anyigbamamaa me la, ɖewohĩ ame aɖewo meɖoa to gbedeasi si míetsɔ yina na wo la o. Togbɔ be adze abe wo dometɔ aɖeke mate ŋu ava zu Kristotɔ vavã o ene hã la, mele be míadzudzɔ numeɖeɖe na wo o. Ɣeaɖewoɣi la, ame siwo ŋu míebui ɖo o lae va ɖoa to nyaa. Dɔ si wode mía si ye nye be, míayi edzi aɖe gbeƒã na amewo katã “madzudzɔmadzudzɔe.”—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 5:42.

Yayrawo Le Ame Siwo Ðea Gbeƒã “Madzudzɔmadzudzɔe” La Lalam

10. Nu ka tae mele be míahe ɖe megbe le gbeƒãɖeɖe na ame siwo ƒe nɔnɔme ɖia vɔvɔ̃ na mí la ŋu o? Gblɔ mia gbɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖewo.

10 Gotagome dzedzeme tea ŋu flua ame. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple Ignacio * esime wònɔ gaxɔ me le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me. Amewo vɔ̃na nɛ le esi wòsea ŋuta ta. Le gaxɔa me la, gamenɔlawo wɔa nanewo dzrana na wo tɔwo, eye ne ame siwo ƒle nua mele ʋaʋãm ɖe fea xexe ŋu o la, wobiana tso Ignacio si be wòali fea na yewo. Ke hã, esi Ignacio nɔ ŋgɔyiyi wɔm le nusɔsrɔ̃a me hete nu siwo srɔ̃m wònɔ la dzi wɔwɔ la, ame sia, si nye ŋutasẽla tsã la, va zu ame fatu. Ignacio megalɔ̃na lia fe na ame aɖeke azɔ o, ke hã, edzɔ dzi nɛ be Biblia me nyateƒeawo kple Mawu ƒe gbɔgbɔa na yetrɔ yeƒe nɔnɔme. Edaa akpe na Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hã be womebu nazã ɖe ye ŋu o, ke boŋ wodze agbagba srɔ̃ nu kpli ye.

11. Nu ka tae míetrɔna yia amewo gbɔ ɖo?

11 Susu siwo ta míetrɔna yia ame siwo míegblɔ nya nyuia na va yi xoxo gbɔ la dometɔ ɖeka ye nye be, woƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ate ŋu atrɔ, eye wotrɔna hã. Le wo gbɔ yiyi zi mamlɛtɔ megbe la, ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo va dze dɔ vevie, dɔ ge le wo si, alo woƒe ame vevi aɖe ku. (Xlẽ Nyagblɔla 9:11.) Nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me hã ate ŋu ana amewo nabu tame vevie tso woƒe etsɔme ŋu. Nu siawo ate ŋu ana ame si metsɔ ɖeke le nya nyuia me tsã o—alo tsi tsitre ɖe mía ŋu kura gɔ̃ hã—la ava ɖo to azɔ. Eya ta mele be míahe ɖe megbe le nya nyuia gbɔgblɔ na amewo le mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe me ŋu o.

12. Aleke wòle be míabu ame siwo míeɖea gbeƒã na la, eye nu ka tae?

12 Enye amegbetɔ ƒe nɔnɔme be, wòabu nazã ɖe ame ƒomevi aɖewo koŋ ŋu ahadrɔ̃ ʋɔnu wo le woƒe nuwɔnawo nu. Ke hã, ale si ame sia ame le la, nenemae Yehowa ya kpɔnae. Ekpɔa nɔnɔme nyui si le ame sia ame me. (Xlẽ 1 Samuel 16:7, 8a.) Ele be míawo hã míadze agbagba awɔ nenema ke le subɔsubɔdɔa me. Nuteƒekpɔkpɔ geɖe li ɖo kpe edzi be, nu nyuiwo dona tso susu nyui bubu ɖe ame siwo katã míeɖea gbeƒã na la ŋu me.

13, 14. (a) Nu ka tae mɔɖela aɖe bu susu vɔ̃ ɖe nyɔnu aɖe si wòdo goe le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ŋu? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒekpɔkpɔ sia me?

13 Sandra nye mɔɖela, eye wònɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me le Carib ƒukpoa dzi esime wòdo go Ruth, si doa vivi ɖe dukɔa me azãɖuɖu si me wolɔa gbɔ le la ŋu vevie. Zi eve sɔŋ wotiae hadzila kple ɣeɖula nyuitɔ. Ale si wòtsɔ ɖe le nya si gblɔm Sandra nɔ nɛ me la tɔgbi mebɔ o, eya ta wowɔ ɖoɖo ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Sandra ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Esi mege ɖe xɔa me la, nu si nye ŋku kli gbã ye nye Ruth ƒe foto gã aɖe si me wòle eƒe azãɖuwuawo me le, kpakple nunana siwo wòxɔ. Mesusui gbã vodadatɔe be, ame xɔŋkɔ sia si doa vivi ɖe azãɖuɖu sia ŋu alea la ƒe ɖetsɔlemea manɔ anyi didi o. Eya ta medzudzɔ egbɔ yiyi.”

14 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ruth va do ɖe Fiaɖuƒe Akpata me, eye esi kpekpea wu enu la, ebia Sandra be: “Nu ka tae mègava srɔ̃a nu kplim o?” Sandra gblɔ nɛ be ye tɔ medzɔ o, eye wogbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Ruth wɔ ŋgɔyiyi kabakaba, ɖe eƒe fotoawo ɖa le xɔa me, te gomekpɔkpɔ le hamea me dɔwo katã me, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Sandra ŋutɔ hã va kpɔe be, ale si yesusu le eŋu gbã la mesɔ o.

15, 16. (a) Nu kae do tso eme esime gbeƒãɖela aɖe ɖi ɖase na eƒe ƒometɔ aɖe? (b) Nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo le ɖaseɖiɖi na míaƒe ƒometɔwo le nɔnɔme siwo le wo si ta o?

15 Nu nyui geɖe do tso ame siwo ɖi ɖase na woƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o hã ƒe agbagbadzedzewo me, ne edze abe ame siawo maɖo to o ene gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, bu Joyce, si nye nyɔnu Kristotɔ aɖe si le Amerika ƒe nyaa ŋu kpɔ. Wodea nyoa (alo akɔŋtaa) ga me edziedzi tso eƒe sɔhɛmenɔɣi ke. Joyce gblɔ be: “Amewo gblɔna be viɖe aɖeke mele eŋu le agbe me o, elabena ezãa atike muamewo, fiaa fi, hewɔa nu gbegblẽ bubu geɖewo. Togbɔ be ele nenema hã la, meyi edzi nɔ Biblia me nyateƒeawo gblɔm nɛ ƒe 37 sɔŋ.” Viɖe geɖe do tso agbagba siwo wòdze dzigbɔɖitɔe kpe ɖe eƒe ƒometɔ sia ŋu la me esime wòva te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo mlɔeba, eye wòwɔ tɔtrɔ vevi aɖewo le eƒe agbe me. Joyce ƒe ƒometɔ sia xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laa le nutome gã takpekpe aɖe me le California, Amerika, le eƒe ƒe 50 lia xɔxɔ me. Joyce gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe be aɖatsi ge le mo nam. Enye dzidzɔ gã aɖe nam be nyemedzudzɔ kpekpeɖeŋunanae o!”

16 Ðewohĩ èle hehem ɖe megbe le Biblia me nyateƒeawo gbɔgblɔ na wò ƒometɔ aɖewo ŋu le nɔnɔme siwo le wo si ta. Ke hã, esia mena Joyce gbe nuƒoƒo na eƒe ƒometɔa o. Ðe ame aɖe ate ŋu anya nu si le ame bubu ƒe dzi mea? Ðewohĩ ame ma le nyateƒea ŋutɔŋutɔ dim vevie. Eya ta na mɔnukpɔkpɔe be wòake ɖe eŋu.—Xlẽ Lododowo 3:27.

Biblia Srɔ̃gbalẽ Nyui Aɖe

17, 18. (a) Nu kae nyatakaka siwo míexɔ tso xexea me godoo ɖe fia ku ɖe asixɔxɔ si le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa ŋu ŋuti? (b) Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname kawoe su asiwò le agbalẽ sia zazã me?

17 Nyatakaka siwo míexɔ tso dukɔ geɖewo me le xexea me godoo la ɖee fia be, dzi anukware tɔ geɖewo le dzidzɔ kpɔm ɖe Biblia srɔ̃gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? la ŋu. Penni, si nye nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe le Amerika la, zã agbalẽ sia tsɔ dze Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wɔwɔ gɔme. Wo dometɔ eve nye ame tsitsi siwo doa vevie nu le subɔsubɔha si me wole la me. Penni menya ale si woawɔ nui ɖe nyateƒenya siwo le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me ŋu o. Ke hã, eŋlɔ be: “Esi wònye agbalẽa me nyawo me kɔ, susu le wo me, eye wole tẽe ta la, wolɔ̃ ɖe edzi bɔbɔe be, nu si srɔ̃m yewole lae nye nyateƒea, nyaʋiʋli kple vevesese manɔmee.”

18 Pat nye gbeƒãɖela le Britain, eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple nyɔnu sitsoƒedila aɖe si tso Asia dukɔ aɖe me. Asrafo siwo tsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu la lé srɔ̃a kple viaŋutsuwo, eye megakpɔ wo gbeɖe o. Eƒe agbe ɖo afɔku me, wotɔ dzo eƒe aƒe, eye ame gbogbo aɖewo zi edzi dɔ egbɔ sesẽe. Mlɔeba la, eva hiã be wòasi adzo le dukɔa me. Esiawo katã na wòse le eɖokui me be, megahiã be yeanɔ agbe o, eye wòdi zi geɖe be yeawu ye ɖokui. Ke hã, Biblia nusɔsrɔ̃a na mɔkpɔkpɔ su esi. Pat ŋlɔ be: “Ale si numeɖeɖe kple kpɔɖeŋu siwo le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa me la gɔme sese le bɔbɔe la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe.” Nusrɔ̃via wɔ ŋgɔyiyi kabakaba, edze va zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ, eye wògblɔ be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ le takpekpe si woagawɔ me. Ðe medzɔa dzi na mí ŋutɔ ne míete ŋu kpe ɖe dzi nyui tɔwo ŋu wose mɔkpɔkpɔ si ŋu Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe la gɔme hede asixɔxɔ eŋu oa?

“Migana Míadzudzɔ Nu Si Nyo La Wɔwɔ O”

19. Nu ka tae gbeƒãɖeɖedɔa hiã nuwɔwɔ kpata alea gbegbe ɖo?

19 Esi ŋu le kekem, eye zã hã le dodom ko la, dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo la va le hiahiãm kpata wu. Ƒe sia ƒe la, ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la dometɔ akpe geɖe ɖoa to nya nyui si míele gbeƒã ɖemee la. Ke hã, “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe,” si fia be, ame siwo kpɔtɔ le gbɔgbɔ me viviti me la le ‘ya mum sagasaga yina wuwuƒe.’—Zef. 1:14; Lod. 24:11.

20. Nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Mɔnukpɔkpɔ gali be míakpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu. Gake hafi míate ŋu awɔ esia la, ele vevie be míasrɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo, ame siwo “[yi] edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm le Kristo la, si nye Yesu, ŋu madzudzɔmadzudzɔe” la, ƒe kpɔɖeŋu. (Dɔw. 5:42) Srɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu to kutrikuku ne èdo go nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me, to ŋkuléle ɖe wò “nufiafiaɖaŋu” ŋu me, kple gbeƒãɖeɖe na amewo katã ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe me! “Migana míadzudzɔ nu si nyo la wɔwɔ o,” elabena ne míedo dzi la, Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye wòayra mí geɖe.—2 Tim. 4:2; xlẽ Galatiatɔwo 6:9.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ame kawoe le to ɖom nya nyuia?

• Nu ka tae mele be míabu nazã ɖe ame siwo míeɖea gbeƒã na ŋu o?

• Viɖe kawoe do tso Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa zazã me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Dzi anukware tɔ akpe geɖe le to ɖom nya nyuia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso tɔtrɔ siwo apostolo Paulo wɔ la me?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nya nyuia ŋuti gbeƒãɖelawo mebua nazã ɖe amewo ŋu o