Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Yi Edzi Nàlé Be Na Subɔsubɔdɔ, Si Nèlɔ̃ Xɔ Le Aƒetɔ La Me”

“Yi Edzi Nàlé Be Na Subɔsubɔdɔ, Si Nèlɔ̃ Xɔ Le Aƒetɔ La Me”

“Yi Edzi Nàlé Be Na Subɔsubɔdɔ, Si Nèlɔ̃ Xɔ Le Aƒetɔ La Me”

“Yi edzi nàlé be na subɔsubɔdɔ, si nèlɔ̃ xɔ le Aƒetɔ la me la, be nàwɔe ade goe.”—KOL. 4:17.

1, 2. Agba kae le Kristotɔwo dzi le ameƒomea gome?

AGBA gã aɖe le mía dzi le ame siwo dome míele la gome. Woƒe agbetsitsi alo tsɔtsrɔ̃ le “xaxa gã la” me nɔ te ɖe nyametsotso siwo woawɔ fifia dzi. (Nyaɖ. 7:14) Ame si gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Lododowo ƒe agbalẽa la gblɔ be: ‘Xɔ na ame siwo wokplɔ yina wuwu ge, eye ɖe ame siwo woyina nu da gee la.’ Ŋkubiãnya ye nya sia nye vavã! Ne míetsɔa agba si le mía dzi be, míaxlɔ̃ nu amewo tso tiatia siwo dze ŋgɔ wo ŋu o la, míate ŋu aɖi ʋufɔ le wo gome. Mawunyakpukpui ma yi edzi be: ‘Ne ègblɔ be: “Míenyae o” la, kpɔ ɖa, ame si da dziwo kpɔna la, adze sii, eye ame si ɖea ŋku ɖe wò luʋɔ la, anyae, eye wòaɖo eteƒe na amegbetɔ le eƒe nuwɔwɔ nu.’ Eya ta eme kɔ ƒãa be, Yehowa subɔlawo mate ŋu agblɔ be ‘yewomenya’ nu tso afɔku si amewo dze ŋgɔe la ŋu o.—Lod. 24:11, 12.

2 Yehowa dea asixɔxɔ agbe ŋu. Exlɔ̃a nu esubɔlawo be woadze agbagba ɖe sia ɖe akpe ɖe ame ale si nu woate ŋui la ŋu be woatsi agbe. Ele be Mawu subɔla ɖe sia ɖe nagblɔ xɔxɔ ŋuti gbedeasi si le Mawu ƒe Nyaa me la na amewo. Míaƒe dɔdeasia sɔ kple gbetakpɔla si ƒe dɔe wònye be wòana nyanya amewo tso afɔku aɖe si lili ŋu la tɔ. Míedi be ame siwo le tsɔtsrɔ̃mɔ dzi la ƒe ʋu nanɔ míaƒe ta dzi o. (Xez. 33:1-7) Ekema ɖe mehiã vevie ŋutɔ be, míado vevie nu ‘ahaɖe gbeƒã nya la’ oa?—Xlẽ 2 Timoteo 4:1, 2, 5.

3. Nya kawo mee míadzro le nyati sia kple eve siwo kplɔe ɖo me?

3 Nyati sia adzro nu si akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxi siwo míedoa goe le agbeɖeɖedɔ sia wɔwɔ me la nu, kple ale si míate ŋu akpe ɖe ame geɖe wu ŋu, la me. Nyati si kplɔe ɖo la adzro ale si míawɔ atu nufiafiaɖaŋu ɖo le nyateƒenya veviwo fiafia mee la me. Nusɔsrɔ̃nyati etɔ̃lia ana nyatakaka dedziƒoname aɖewo tso nu siwo do tso Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe dɔa wɔwɔ le xexea me godoo me la ŋuti. Gake hafi míadzro nya siawo me la, anyo be míalé ŋku ɖe nu siwo tututu tae míaƒe ɣeyiɣiawo me nɔnɔ sesẽ la ŋu.

Nu Si Tae Mɔkpɔkpɔ Mele Ame Geɖewo Si O

4, 5. Nu kawo me tomee ameƒomea le, eye dɔ kae wòwɔna ɖe ame geɖe dzi?

4 Xexea me nudzɔdzɔwo ɖee fia be, míele “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi,” eye be nuwuwua gogo. Ameƒomea le nudzɔdzɔ kple nɔnɔme siwo Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be woaɖe dzesi le “ŋkeke mamlɛawo me” la me tom. Nu siwo nye “fuɖuame ƒe gɔmedzedze,” siwo le fu wɔm ameƒomea la dometɔ aɖewoe nye aʋawɔwɔwo, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋuwo, kple dzɔgbevɔ̃e bubuwo. Sedzimawɔmawɔ, ɖokuitɔdidi, kple mawumavɔmavɔ̃ nuwɔnawo bɔ. Ame siwo le agbagba dzem be yewoanɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu kura gɔ̃ hã kpɔe be, ɣeyiɣi siawo nye “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.”—Mat. 24:3, 6-8, 12; 2 Tim. 3:1-5.

5 Gake ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ menya nu si tututu ta nu siawo le dzɔdzɔm le xexea me o. Esia wɔe be, ame geɖewo tsi dzi ɖe woa ŋutɔwo kple woƒe ƒomewo ƒe dedienɔnɔ ŋu. Ame geɖe hã tɔtɔ le woƒe ame veviwo ƒe ku kple afɔku siwo dzɔ ɖe woa ŋutɔwo dzi ta. Esi ame siawo menya nu si tututu ta nu siawo le dzɔdzɔm, kple ale si tututu woawɔ akpɔ wo gbɔ o ta la, mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si o.—Ef. 2:12.

6. Nu ka tae “Babilon Gã la” mete ŋu kpe ɖe eyomedzelawo ŋu o?

6 “Babilon Gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, mehe akɔfafa gobii aɖeke vae na ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ o. Ke boŋ ena ame akpe geɖe no eƒe “agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe wain la” mu hele yiyim sagasaga, eye wotɔtɔ le gbɔgbɔ me. Gawu la, abe gbolo ene la, alakpasubɔsubɔ ble “anyigba dzi fiawo” hekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi, eye wòto alakpanufiafia kple gbɔgbɔyɔyɔnuwɔnawo dzi na ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ kplɔ dziɖuɖuwo ɖo tamemabumabutɔe. Ale ŋusẽ su alakpasubɔsubɔhawo si, gake wogblẽ Biblia me nyateƒea ya ɖi keŋkeŋ.—Nyaɖ. 17:1, 2, 5; 18:23.

7. Afɔku ƒe nɔnɔme ka mee ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ le, gake aleke míate ŋu akpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋui?

7 Yesu gblɔ be ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ le zɔzɔm le mɔ gbadza si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la dzi. (Mat. 7:13, 14) Ame aɖewo le mɔ gbadza ma dzi le esi woa ŋutɔwo ɖoe koŋ gbe nu si Biblia fia la ta, gake ame bubu geɖewo le edzi yina le esi woble wo ta, alo le esi womenya nu si tututu Yehowa di tso wo si o ta. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo atrɔ woƒe agbenɔnɔ ne wozã Ŋɔŋlɔawo tsɔ fia nu si ta wòhiã be woatrɔ la wo. Gake ame siwo akpɔtɔ anɔ Babilon Gã la me, kple ame siwo yi edzi gbe Biblia me dzidzenuwo la, matsi agbe le “xaxa gã” la me o.—Nyaɖ. 7:14.

Yi Gbeƒãɖeɖedɔa Dzi “Madzudzɔmadzudzɔe”

8, 9. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ nui esime wodo go tsitretsiɖeŋu, eye nu ka tae?

8 Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia, eye woawɔ nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20) Eya ta Kristotɔ vavãwo bua woƒe gbeƒãɖeɖedɔa be, enye mɔ si dzi yewotona ɖea yewoƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu fiana, eye enye nu vevi siwo dzi wotu woƒe xɔse ɖo la dometɔ ɖeka. Eya ta Yesu yomedzela gbãtɔwo yi edzi wɔ gbeƒãɖeɖedɔa, togbɔ be wodo go tsitretsiɖeŋu hã. Woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ado ŋusẽ yewo, eye wodo gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoayi edzi “agblɔ [eƒe] nya la kple dzideƒo katã.” Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋu, eye wòna gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo taŋ, eye wogblɔ Mawu ƒe nya la dzinɔameƒotɔe.—Dɔw. 4:18, 29, 31.

9 Esi tsitretsiɖeŋulawo va te ŋutasesẽ le Yesu yomedzelawo ŋu la, ɖe woƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoayi gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzi me gbɔdzɔa? Kura o. Esi apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa na Yuda subɔsubɔha kplɔlawo do dziku ta la, wolé wo, do ŋɔdzi na wo, eye woƒo wo. Ke hã, apostoloawo “[yi] edzi nɔ nu fiam henɔ nya nyui la gblɔm le Kristo la, si nye Yesu, ŋu madzudzɔmadzudzɔe.” Wonyae kɔtɛ be, ele be “[yewoaɖo] to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔw. 5:28, 29, 40-42.

10. Tetekpɔ kawo me tomee Kristotɔwo le egbea, ke hã, nu kae ate ŋu ado tso woƒe agbenɔnɔ nyui la me?

10 Mawu subɔla siwo li egbea la dometɔ akpa gãtɔ metoa ƒoƒo kple gaxɔmenɔnɔ me le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta o. Ke hã, Kristotɔ vavãwo katã doa go dodokpɔwo kple tetekpɔ aɖewo ƒomevi godoo. Le kpɔɖeŋu me, esi nètsɔ Biblia na hehe wò dzitsinya ta la, ɖewohĩ wò agbenɔnɔ nye esi dzi ame geɖe meda asi ɖo o, alo na nèto vovo. Dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, alo aƒelikawo asusu be mèle nyuie o, le esi Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzie nètua wò nyametsotsowo ɖo ta. Ke hã, mele be woƒe numawɔmawɔ ɖe ŋuwò nyuie naɖe dzi le ƒowò o. Xexea le viviti me le gbɔgbɔ me, gake ele be Kristotɔwo ya ‘naklẽ abe akaɖiwo ene.’ (Fp. 2:15) Ðewohĩ ame aɖewo alé ŋku ɖe wò dɔwɔwɔ nyuiawo ŋu, eye wòaʋã wo be, woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa.—Xlẽ Mateo 5:16.

11. (a) Aleke ame aɖewo awɔ nu ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋui? (b) Tsitretsiɖeŋu ka ƒomevi mee apostolo Paulo to, eye aleke wòwɔ nui?

11 Ebia dzideƒo hafi míate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe gbedeasia. Ame geɖewo aɖu fewu le ŋuwò alo awɔ nu bubuwo atsɔ adi be yewoaɖe dzi le ƒowò; ate ŋu anye wò ƒometɔwo kura gɔ̃ hã. (Mat. 10:36) Woƒo apostolo Paulo zi geɖe le esi wòyi edzi wɔ subɔsubɔdɔa nuteƒewɔwɔtɔe ta. De dzesi ale si wòwɔ nu ɖe tsitretsiɖeŋu sia nui; egblɔ be: “Esi míekpe fu, eye woɖi gbɔ mí gbã . . . vɔ la, dzi ɖo mía ƒo to mía Mawu la dzi, be míagblɔ Mawu ƒe nya nyui la na mi le ʋiʋli geɖe me.” (1 Tes. 2:2) Nyateƒee, ebia dzideƒo hafi Paulo nayi edzi agblɔ nya nyuia esi wolée, ɖe awu le eŋu, ƒoe kple ati, hedee ga me megbe. (Dɔw. 16:19-24) Nu kae kpe ɖe eŋu dzi ɖo eƒo wòyi dɔa dzi? Didi vevi si nɔ eme be yeawɔ gbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de ye si la ade goe ye.—1 Kor. 9:16.

12, 13. Kuxi kawo me tomee mía dometɔ aɖewo le, eye aleke wole agbagba dzem be yewoakpɔ wo gbɔe?

12 Nenema kee wòate ŋu asesẽ na míawo hã be, míayi edzi ado vevie nu le anyigbamama siwo me míekena ɖe amewo ŋu le aƒewo me le o, alo le teƒe siwo ame geɖe meɖoa to Fiaɖuƒe gbedeasia le o. Nu kae míate ŋu awɔ le nɔnɔme mawo me? Ðewohĩ ahiã be míalé dzi ɖe ƒo geɖe wu, be míawɔ vomeɖaseɖiɖi. Alo ɖewohĩ ahiã be, míatrɔ asi le ɣeyiɣi siwo me míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa le hã ŋu, alo míadze agbagba aɖe gbeƒã le afi siwo míate ŋu ake ɖe ame geɖe ŋu le.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 4:7-15; Dɔwɔwɔwo 16:13; 17:17.

13 Kuxi bubu siwo me tom mía dometɔ geɖe le ye nye tsitsi kple lãmesẽkuxiwo, si wɔe be, ɖewohĩ womegate nu wɔa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o. Ne aleae wòle le gowòme la, dzi megaɖe le ƒowò o. Yehowa nya afi si wò ŋutetewo se ɖo, eye ekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo nète ŋu wɔna ŋu. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 8:12.) Nɔnɔme sesẽ ka ke me tomee nèle o—eɖanye tsitretsiɖeŋu, ɖekematsɔleme, alo lãmegbegblẽ o—wɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe le nya nyuia gbɔgblɔ na amewo me, le ale si wò nɔnɔmeawo aɖe mɔ na wòe nu.—Lod. 3:27; tsɔe sɔ kple Marko 12:41-44.

Yi Edzi Nàlé Be Na Wò Subɔsubɔdɔ La’

14. Kpɔɖeŋu kae apostolo Paulo ɖo na ehati Kristotɔwo, eye aɖaŋu kae wòɖo?

14 Apostolo Paulo tsɔ eƒe subɔsubɔdɔa dɔ vevii, eye wòde dzi ƒo na haxɔsetɔwo be woawo hã woawɔe nenema ke. (Dɔw. 20:20, 21; 1 Kor. 11:1) Wo dometɔ ɖeka si Paulo de dzi ƒo na etɔxɛe ye nye ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Arxipo. Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo me la, eŋlɔ be: “Migblɔ na Arxipo be: ‘Yi edzi nàlé be na subɔsubɔdɔ, si nèlɔ̃ xɔ le Aƒetɔ la me la, be nàwɔe ade goe.’” (Kol. 4:17) Míenya ame si Arxipo nye o, eye míenya nɔnɔme siwo me wònɔ hã o, gake edze ƒãa be, elɔ̃ xɔ subɔsubɔdɔ aɖe be yeawɔ. Ne Kristotɔ ɖeadzɔgbee nènye la, ekema wò hã èlɔ̃ xɔ subɔsubɔdɔ aɖe be yeawɔ. Ðe nèyi edzi le be lém na subɔsubɔdɔ sia, be nàwɔe ade goea?

15. Nu kae Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe bia, eye biabia kawoe wòfɔ ɖe te?

15 Hafi míava xɔ nyɔnyrɔ la, míedo gbe ɖa na Yehowa tso dzi me hetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe nɛ. Esia fia be, míeɖoe kplikpaa be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Eya ta anyo be míabia mía ɖokui fifia be, ‘Ðe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye nu vevitɔ kekeake nam le agbe me vavã?’ Agbanɔamedzi vovovowo le mía dzi, eye Yehowa kpɔa mɔ be, míatsɔ wo—le kpɔɖeŋu me, abe míaƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ ene. (1 Tim. 5:8) Gake ne míekpɔ agbanɔamedzi siawo gbɔ vɔ ɖe, aleke míezãa ɣeyiɣi kple ŋusẽ si susɔ na mí la? Nu kawoe le vevie na mí wu le agbe me?—Xlẽ 2 Korintotɔwo 5:14, 15.

16, 17. Mɔnukpɔkpɔ kawo ŋue sɔhɛ Kristotɔwo alo ame siwo dzi agbanɔamedzi gã aɖeke mele o la ate ŋu abu?

16 Sɔhɛ Kristotɔ ɖeadzɔgbe ye nènye, eye nèxɔ abe ƒe 18 ene hewu suku nu, alo esusɔ vie nàwu enua? Ƒomegbanɔamedzi gã aɖeke manya le dziwò haɖe o. Ekema nu kae nèɖo be yeawɔ le agbe me? Nyametsotso kawoe wòle be nàwɔ, siwo akpe ɖe ŋuwò nyuie wu be, nàwɔ ŋugbe si nèdo na Yehowa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la dzi bliboe? Ame geɖe wɔ woƒe ɖoɖowo le mɔ si akpe ɖe wo ŋu woawɔ mɔɖeɖedɔa nu, eye esia he dzidzɔ kple dzidzeme geɖe vae na wo.—Ps. 110:3; Nyagb. 12:1.

17 Ðewohĩ sɔhɛ aɖe si megale edzilawo ƒe dzikpɔkpɔ te o ye nènye. Èwɔa ŋutilãmedɔ ɣeyiɣiawo katã, gake agbanɔamedzi boo aɖeke mele dziwò o, negbe ɖokuiwò dzi kpɔkpɔ ko. Ðikekemanɔmee la, èkpɔa gome le hamea me dɔwo wɔwɔ me le ale si wò ɖoɖowɔɖia ɖe mɔ na wò nu. Gake ɖe wòanya wɔ be nàkpɔ dzidzɔ geɖe wua? Èbu ale si nàwɔ adzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi ŋu kpɔa? (Ps. 34:9; Lod. 10:22) Le anyigbamama aɖewo me la, dɔ geɖe gali woawɔ hafi xɔxɔgbedeasia nate ŋu aɖo ame sia ame gbɔ. Ðe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ le wò agbenɔnɔ ŋu, be nàwɔ subɔsubɔdɔa le afi si Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo le wua?—Xlẽ 1 Timoteo 6:6-8.

18. Asitɔtrɔ kae atsu kple asi aɖe wɔ, eye nu kae do tso eme?

18 Bu Kevin kple Elena, siwo tso Amerika, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. * Abe ale si srɔ̃tɔ yeyewo wɔna le wo gbɔ ene la, wosusui be, ele be yewoaƒle aƒe. Wo ame evea wowɔa ŋutilãmedɔ ɣeyiɣiawo katã, eya ta woate ŋu ayi edzi anɔ agbe dziɖeɖitɔe. Ke hã, woƒe ŋutilãmedɔa kple dɔ siwo hiã le aƒea ŋu wɔe be, womekpɔa ɣeyiɣi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu tututu o. Wova de dzesii be, yewole yewoƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã zãm ɖe yewoƒe nunɔamesiwo boŋ ŋu. Ke hã, esime Kevin kple Elena kpɔe be atsu kple asi mɔɖela aɖe le agbe tsɛ, gake wokpɔa dzidzɔ la, woɖoe be yewoatrɔ nu siwo yewobuna nu veviwoe le agbe me la. Wodo gbe ɖa na Yehowa bia eƒe kpekpeɖeŋu, eye wodzra woƒe aƒea heʋu yi ɖahaya xɔ. Elena tso gaƒoƒo siwo wòtsɔ wɔa ŋutilãmedɔe la dzi, eye wòzu mɔɖela. Esi nuteƒekpɔkpɔ siwo su Elena si le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la de dzi ƒo na srɔ̃a ta la, eɖe asi le ŋutilãmedɔ si wòwɔna ɣeyiɣiawo katã la ŋu, eye wòdze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woʋu yi Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me, afi si Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo le wu. Kevin gblɔ be: “Dzidzɔ nɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me tsã, gake esi mí ame evea míedze agbagba ɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ la, míaƒe dzidzɔkpɔkpɔa dzi ɖe edzi.”—Xlẽ Mateo 6:19-22.

19, 20. Nu ka tae gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ kekeake egbea?

19 Gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ kekeake si wɔm míele le anyigba dzi egbea. (Nyaɖ. 14:6, 7) Enye mɔ siwo dzi míetona kɔa Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu la dometɔ ɖeka. (Mat. 6:9) Biblia me gbedeasia kpena ɖe ame akpe geɖe siwo xɔnɛ ƒe sia ƒe la ŋu wotrɔa asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu, eye esia ate ŋu ana woakpɔ agbe. Ke hã, apostolo Paulo bia be: “Aleke woawɔ asee, ne ame aɖeke meɖea gbeƒã o?” (Rom. 10:14, 15) Nyateƒee, aleke woawɔ asee? Ðe manyo be nàɖoe kplikpaa awɔ wò ŋutete ɖe sia ɖe be nàwɔ wò subɔsubɔdɔa ade goe oa?

20 Mɔ bubu si nu nàte ŋu akpe ɖe amewo ŋu le woase ale si ɣeyiɣi sesẽ siawo hiã nuwɔwɔ kpata, kple nyametsotso siwo wowɔna la me tsonuwo gɔme, ye nye be nàna wò nufiafia ƒe ŋutete nanyo ɖe edzi wu. Míadzro ale si nàte ŋu awɔ esiae la me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Míetrɔ ŋkɔawo.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Agba kae le Kristotɔwo dzi le ameƒomea gome?

• Aleke míawɔ anɔ te ɖe kuxi siwo míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me nu?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ subɔsubɔdɔ si míelɔ̃ xɔ la ade goe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ebia dzideƒo hafi míayi edzi aɖe gbeƒã ne wotsi tsitre ɖe mía ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nu kae míate ŋu awɔ ne míeɖea gbeƒã le anyigbamama siwo me míekena ɖe amewo ŋu le aƒewo me le o?