Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒe Ðeka Le “Anyigba Nyui La” Dzi

Ƒe Ðeka Le “Anyigba Nyui La” Dzi

Ƒe Ðeka Le “Anyigba Nyui La” Dzi

LE ƑE 1908 me la, wofɔ nu wɔnuku aɖe le Gezer, du si nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi, si le ƒutanyigba gbadza si le Yerusalem ƒe ɣetoɖoƒe gome la lɔƒo: akalokpe sue aɖe si dzi woŋlɔ nu ɖo; wosusu be ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. mee wokpae. Woŋlɔ nu si wobu be enye agbledeɣi siwo le ƒe ɖeka me, kple dɔ vovovo siwo wowɔna le wo me la ɖe edzi le blema Hebrigbe me. Wova yɔa nuŋlɔɖikpe sia be Gezer Ɣletigbalẽ.

Wokpɔ ŋkɔ sia le nuŋlɔɖikpea te: Abiya. Ame geɖe bui be enye sukuvi aɖe ƒe dɔdeasi si wòŋlɔ ɖe hakpanyawo me, togbɔ be menye blematomenukulawo katãe lɔ̃ ɖe esia dzi o hã. * Àdi be yeakpɔ ale si azãgbewo trɔnɛ le susu me abe ɖevi aɖe si nɔ anyi ɣemaɣi la enea? Ewɔwɔ alea akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku Biblia me nudzɔdzɔ aɖewo dzi.

Nukuwo Nuƒoƒoƒu Ɣleti Eve

Ɣletigbalẽ sia ŋlɔla dze egɔme kple nukuwo nuƒoƒoƒu. Togbɔ be eyae nye nu gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le ɣletigbalẽ sia dzi hã la, àte ŋu ase nu si tae Israel viwo bua nukuwo nuƒoƒoƒu sia be enye agbledeɣi vevi siwo le ƒea me la ƒe taƒoƒo gɔme. Ɣleti si woyɔna be Etanim (si wova yɔ emegbe be Tishri) sɔ kple September/October le ɣletigbalẽ si míezãna egbea dzi. Esi wowua nuŋeŋe akpa gãtɔ nu le ɣeyiɣi sia me ta la, esia nye dzidzɔɣi tɔxɛ aɖe si me Abiya ɖevi la hã anya kpɔ gome le. Kpɔ ale si dzi anɔ edzɔmee ne ele kpekpem ɖe fofoa ŋu wole agbadɔ si me woanɔ kwasiɖa ɖeka sɔŋ atsɔ dzidzɔ ada akpe na Yehowa ɖe ale si woƒe agblemenukuwo wɔ la tae ɖa!—Mose V, 16:13-15.

Le ɣeyiɣi sia me la, esusɔ vie ko amititsetsewo naɖi bene Abiya ƒe ƒomea nagbe wo to atiawo ƒoƒo me, eye dɔ sia wɔwɔ anya sesẽ akpa na Abiya ɖevi la, gake ekpɔkpɔ avivi enu. (Mose V, 24:20) Emegbe woafɔ amititsetseawo, eye woatsɔ wo ayi aɖafiã ami le té si te ɖe wo ŋu me. Alo ƒomea ate ŋu ato mɔ bɔbɔetɔ dzi akpɔ amia—si nye be woatsɔ amititsetse si wozi alo woto la akɔ ɖe tsi me, emegbe woakpa amia le tsia ŋgɔ. Ke hã, menye nuɖuɖu koe wokpɔna tso ami sia me o. Wozãnɛ hã abe akaɖimemi ene, eye wotsɔnɛ sisina ɖe ŋutilã ƒe akpa siwo bebe alo xɔ abi, abe esiwo Abiya ɖevi la ate ŋu axɔ ne ele fefem la ene.

Nuƒaƒã Ɣleti Eve

Ne tsi ɖe nu la, tsi fafɛ si nyɔna ɖe Abiya ŋu anya vivi enu ŋutɔ. Ðewohĩ fofoa gblɔ ale si gbegbe anyigba hiã tsidzadza vevie la nɛ. (Mose V, 11:14) Anyigba si ŋdɔ ɖu wòƒu kplakplakpla ɣleti aɖewoe nye ema la, abɔbɔ eye wòanyo hena ŋɔŋlɔ. Blema agbleŋlɔla bibi afia mɔ lã si le anyigbadzobonu, si wowɔ kple ati eye ɖewohĩ eƒe nugbɔ nye ga, hem la. Taɖodzinuae nye be woadzobo anyigba ɖe fli dzɔdzɔe dzi. Asixɔxɔ gã aɖe nɔ anyigba ŋu, eya ta Israel vi agbledelawo dea agble ɖe anyigba suetɔ kekeake dzi, ɖe anyigba ɖiabuwo gɔ̃ hã dzi. Gake le afi siawo la, ele be woazã kodzi kple yiwo.

Ne wonya dzobo anyigba si bɔbɔ vɔ ko la, woate ŋu aƒã ƒo kple lu azɔ. Esɔ nyuie be nu si ŋu woƒo nu tsoe le Gezer Ɣletigbalẽa dzi kplɔe ɖoe nye ɣleti eve si wotsɔ ƒãa nu siawo tɔgbi. Agbledela anya lɔ nukuawo ɖe eƒe avɔ me eye wòanɔ asi nyẽm anɔ wo wum.

Nuƒaƒã Mamlɛa Ɣleti Eve

“Anyigba nyui la” medzudzɔa nuɖuɖu wɔwɔ gbeɖe o. (Mose V, 3:25) Tsidzadza nu sẽna le December me, eye anyigba la zua gbemumu. Ɣeyiɣia de na nuƒaƒã mamlɛtɔ si nye ayi vovovowo abe gbagbayi kple atidziyi ene ƒaƒã, kpakple amagbe bubuwo dodo. (Amos 7:1, 2) Abiya na ŋkɔ nuƒãɣi sia be “adamegbewo,” alo le gɔmeɖeɖe bubu nu la, “nudoɣi mamlɛtɔ,” ɣeyiɣi si me wotsɔa amagbe vovovowo ɖaa nu viviwoe.

Ne fafa dzi le ɖeɖem kpɔtɔ eye xexeme te dzoxɔxɔ la, aɖatsigoti si nye yevuziti ƒomevi aɖe la ƒoa se siwo ƒe amadede le ɣi kple dzĩ, eye esia nyea dzesi be adame ɖo vɔ. Esia ate ŋu adze egɔme ne dzoxɔxɔ vi aɖe koe li gɔ̃ hã, ate ŋu anye January ƒe gɔmedzedze.—Yeremya 1:11, 12.

Ðetitsotso Ɣleti Ðeka

Nu si Abiya yɔ kplɔe ɖoe nye ɖeti. Esia anya ɖo ŋku nane si dzɔ le Yudea togbɛwo ƒe ɣedzeƒe gome ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ na Abiya ŋɔli dzi na wò. Le Yerixo dua me la, Raxab ɣla ŋkutsala eve aɖewo “ɖe ɖetifu, siwo wòsia ɖe xɔta” be wòaƒu me. (Yosua 2:6) Ðeti wɔa akpa vevi aɖe le Israel viwo ƒe agbe me. Be woate ŋu aɖe ɖetika la, ele be ati si wotso la nanyunyɔ gbã. Etea ŋu nyunyɔna vivivi ne zãmu ƒoe, eye etsɔna wu ne wode ɖetia ta alo tɔʋu me. Ne wonya ɖe ɖetika ko la, wozãnɛ tsɔ wɔa aklala, eye emegbe wotsɔa aklala sia wɔa tɔdziʋu ƒe abalawo, avɔgbadɔwo, kpakple awuwo. Wozãa ɖetika tsɔ wɔa akaɖimeɖovuwo hã.

Ame aɖewo hea nya be womate ŋu ado ɖeti le Gezer nuto, afi si tsi vena le, me o. Ame bubuwo tea tɔ ɖe edzi be ƒea ƒe nuwuwu lɔƒo koe wodoa ɖeti. Eya tae ame aɖewo gblɔna be “ɖeti” si woyɔ le Gezer Ɣletigbalẽa dzi la anya nye ŋkɔ bubu si woyɔna na “gbe” si lãwo ɖuna.

Luŋeŋe Ɣleti Ðeka

Ƒe sia ƒe la, ne adame ƒe ɣeyiɣi si me ŋkeke kple zã ƒe didime sɔna le gogo la, Abiya léa ŋku ɖe liŋɔ mumu siwo nɔa lutiwo ŋu ŋuti, esiae nye nuku si kplɔe ɖo si ŋu wòƒo nu tsoe le eƒe ɣletigbalẽa dzi. Ɣleti si sɔ kplii le Hebrigbe mee nye Abib, si gɔmee nye “Liŋɔ Mumuwo,” ɖewohĩ esia fia ɣeyiɣi si liŋɔawo ʋã gake womekpɔ ƒu o. Yehowa de se be: “Wò ŋku nenɔ nuŋeɣleti la ŋu, eye nàɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa.” (Mose V, 16:1) Abib (si wova yɔ emegbe be Nisan) sɔ kple egbegbe ɣleti siwo nye March kple April ƒe akpa aɖewo. Ɣeyiɣi si me luawo ʋãna anya wɔ akpa vevi aɖe le dzesidede ɣleti sia ƒe gɔmedzedze me. Egbea gɔ̃ hã, Yudatɔ Karaitɔwo galéa ŋku ɖe luwo ƒe ʋaʋã ŋu tsɔ dea dzesi ɣeyiɣi si wòle be woadze woƒe ƒe yeyea gɔme. Aleke kee wòɖale o, wonyèa lubabla gbãtɔwo le Yehowa ŋkume le Abib 16 lia dzi.—Mose III, 23:10, 11.

Lu wɔa akpa vevi aɖe le Israel viwo ƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Lu ƒe asi bɔbɔ wu ƒo tɔ, eya ta wolɔ̃a etsɔtsɔ me aboloe, vevietɔ ame dahewo.—Xezekiel 4:12.

Nuŋeŋe Kple Nudzidzedzidze Ɣleti Ðeka

Ne ètsɔ susu yi Abiya ƒe ɣeyiɣia me la, àte ŋu akpɔe be le ŋdi kanya aɖe la anya de dzesii be alilikpo dodowo le bubum—tsi magadza o hena ɣeyiɣi aɖe. Zãmu koe nye tsi si ati siwo le anyigba nyui la dzi la akpɔ. (Mose I, 27:28; Zaxarya 8:12) Israel vi agbledelawo nyae be nuku siwo yewoxa le ɣleti siwo me ŋdɔ nu sẽ wu le le ƒea me la, dometɔ geɖe hiã ya si sɔ va se ɖe Pentekoste dzi. Ya si fa miamiamia si ƒona tso dziehe ate ŋu ana nukuwo nawɔ nyuie, gake agblẽ atikutsetsewo ya dome ne wonya ƒo se ko. Ya xɔdzo si me ƒu kplakplakpla si ƒona tso anyiehe naa seƒoƒowo kena eye wotsena.—Lododowo 25:23; Hawo ƒe Ha 4:16.

Yehowa ame si nye yame ƒe nɔnɔmewo ƒe Aƒetɔ ɖo anyigbadzinuwo ɖe ɖoɖo si sɔ nu pɛpɛpɛ. Le Abiya ƒe ŋkekea me la, Israel nye “anyigba, si dzi lu kple mɔli, weinkawo, gbotiwo kple yevuboɖatiwo le, anyigba, si dzi amitiwo kple anyitsi le” nyateƒe. (Mose V, 8:8) Abiya tɔgbui anya ƒo nu tso ɣeyiɣi tɔxɛ si me nuwo do agbogbo ɖo le nunyala Fia Salomo ƒe dziɖuɣi—si ɖo kpe edzi kɔte be Yehowa ƒe yayra nɔ wo dzi—la ŋu nɛ.—Fiawo I, 4:20.

Le nuƒoƒo tso nuŋeŋe ŋu vɔ la, wozã nya aɖe le ɣletigbalẽa dzi si gɔme ame aɖewo ɖe be “nudzidzedzidze.” Esia ate ŋu afia nukuwo dzidzedzidze ale be woatsɔ eƒe akpa aɖewo ana agbletɔawo, kple dɔwɔlawo, alo atsɔ axe adzɔe kura gɔ̃ hã. Gake agbalẽnyala aɖewo bui be Hebrigbe me nya sia fia “azãɖuɖu,” eye be Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui, si woɖuna le Siwan (May/June) me, ŋu nya gblɔmee wònɔ.—Mose II, 34:22.

Atiwo Ŋu Ðeɖe Ɣleti Ðeka

Abiya ƒo nu tso ɣleti siwo me woɖea weinkawo ŋu la ŋu. Ðe wòanye be ekpena ɖe eƒe ƒomea ŋu woklia aŋgba gbogboawo le weinkawo ŋu bene ɣe nate ŋu aklẽ ɖe weintsetseawo dzia? (Yesaya 18:5) Emegbe ɣeyiɣi dena be woaƒo weintsetseawo nu ƒu, ɣeyiɣi sia nyea dzidzɔɣi na ɖevi siwo nɔ anyi ɣemaɣi. Aleke weintsetse gbãtɔwo mehevivinae o enye esi! Abiya anya se nu tso ŋkutsala 12 siwo Mose dɔ ɖo ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi ŋu. Woyi le weintsetse gbãtɔwo ɖiɣi be woakpɔ ale si gbegbe anyigba la nyoe la ɖa. Le nudzɔdzɔ ma me la, weinkpo ɖeka lolo ale gbegbe be ame evee te ŋu kɔe!—Mose IV, 13:20, 23.

Dzomeŋɔli Kutsetsewo Gbegbe Ɣleti Ðeka

Nu mamlɛtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Abiya ƒe ɣletigbalẽa dzie nye dzomeŋɔli ƒe atikutsetsewo. Le blema Titina Ɣedzeƒe dukɔwo me la, dzomeŋɔli nye agbledeɣi si me atikutsetsewo bɔna ɖo. Do ŋgɔ na Abiya ƒe ɣeyiɣia la, Yehowa zã nyagbe “kutsetse ɖiɖi kusi taŋ” tsɔ sɔ kple “Israel ɖiɣi,” wotsɔ Hebrigbe me nya “kutsetse ɖiɖi” tsɔ wɔ kpɔɖeŋui na Israel ƒe nuwuwu alo “Israel ɖiɣi.” (Amos 8:2) Ðe wòle be esia naɖo ŋku edzi na Israel vi mawɔnuteƒeawo be woƒe nuwuwu ɖo, eye be ɣeyiɣi si me Yehowa ahe to na wo la de hafi. Ðikeke mele eme o be, gbotsetsewo nɔ dzomeŋɔli kutsetse siwo ŋu Abiya ƒo nu tsoe dome. Wotea ŋu tsɔa gbotsetse mea aboloe, alo tsɔnɛ ɖoa ƒoƒoe.—Fiawo II, 20:7.

Gezer Ɣletigbalẽa Kple Wò

Edze abe Abiya ɖevi la kpɔa gome le dua ƒe agbledɔwo me tẽ ene. Agbledede xɔ aƒe ɖe Israel ɣemaɣi. Ne mèdea agble o gɔ̃ hã la, nu siwo le nuŋlɔɖikpe sia si wofɔ le Gezer dzi ana be wò Biblia xexlẽ naganyo ɖe edzi, eye wòawɔe be gɔmesese kple viɖe nanɔ eŋu wu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ale si woɖo ɣletiawoe le Gezer Ɣletigbalẽa dzi mesɔ kple ɖoɖo si nu wole le Biblia me la tututu o. Gawu la, ɣeyiɣi si me wowɔa agbledɔ aɖewo ate ŋu ato vovo vie le Ŋugbedodonyigbaa ƒe nuto vovowo me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

GEZER ƔLETIGBALẼA ƑE GƆMEÐEÐE AÐE:

“Weintsetse kple amititsetse xaɣi ƒe ɣletiwo;

nuƒaƒã ƒe ɣletiwo;

adamegbewo ƒe ɣletiwo;

ɖetitsotso ƒe ɣleti;

luŋeŋe ƒe ɣleti;

ƒoŋeŋe kple nudzidzedzidze ƒe ɣleti;

atiwo ŋu ɖeɖe ƒe ɣleti;

dzomeŋɔli kutsetsewo ƒe ɣleti.”

[ame si de asi ete:] Abiya *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 41 Wotui ɖe Textbook of Syrian Semitic Inscriptions, Babla 1, si John C. L. Gibson ta, le ƒe 1971 me dzi.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Istanbul ƒe Blematomenukukuwo Dzraɖoƒe

[Chart/​Pictures on page 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

NISAN (ABIB)

March​—April

IYYAR (ZIW)

April​—May

SIWAN

May​—June

TAMMUZ

June​—July

AB

July​—August

ELUL

August​—September

TISHRI (ETANIM)

September​—October

HESHVAN (BUL)

October​—November

CHISLEV

November​—December

TEBET

December​—January

SHEBAT

January​—February

ADAR

February​—March

VEADAR

March

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Agbledela: Garo Nalbandian

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Tomenukuku le Gezer

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© 2003 BiblePlaces.com

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Aɖatsigoti

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ðeti

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ðk. David Darom

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Lu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. Department of Agriculture