Yeremiya 1:1-19
1 Esiae nye Yeremiya,* Hilkiya, si nye nunɔla siwo nɔ Anatot+ le Benyamin-nyigba dzi la dometɔ ɖeka ƒe vi, ƒe nyawo.
2 Yehowa ƒe gbe va nɛ le Yuda-fia Yosiya,+ Amon+ vi, ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me.
3 Gbedeasia gava nɛ le Yuda-fia Yehoyakim,+ Yosiya vi, ŋɔli va se ɖe Yuda-fia Zedekiya,+ Yosiya vi, ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe nuwuwu heva se ɖe esime woɖe aboyo Yerusalem le ɣleti atɔ̃lia me.+
4 Yehowa ƒe gbe va nam be:
5 “Hafi mava mè wò ɖe dɔ me la, menya* wò,+Eye hafi woadzi wò* la, mekɔ ŋuwò.*+
Metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo.”
6 Ke megblɔ be: “Oo, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa!
Nyemenya nuƒoƒo o,+ elabena ŋutsuvi* dzaa ko menye.”+
7 Ke Yehowa gblɔ nam be:
“Mèganɔ gbɔgblɔm be, ‘Ŋutsuvi dzaa ko menye’ o.
Ke boŋ ame siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la, yi;Eye nàgblɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò la.+
8 Woƒe dzedzeme megaɖi vɔvɔ̃ na wò o,+Elabena ‘meli kpli wò be maɖe wò,’+ Yehowa ye gblɔe.”
9 Eye Yehowa do eƒe asi ɖa tɔ nu nam.+ Eye Yehowa gblɔ nam be: “Metsɔ nye nyawo de wò nu me.+
10 Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu egbe sia, ne nàho nu ahamu nu, nàtsrɔ̃ nu ahagbã nu, eye nàɖo nu te ahaƒã nu.”+
11 Yehowa ƒe gbe gava nam be: “Yeremiya, nu ka kpɔm nèle?” Eye meɖo eŋu be: “Yevuziti* ƒe alɔ kpɔm mele.”
12 Eye Yehowa gblɔ nam be: “Èkpɔe tututu, elabena mele ŋute ɖe nye nya la ŋu, ne mawɔe ade goe.”
13 Yehowa ƒe gbe gava nam zi evelia be: “Nu ka kpɔm nèle?” Eye megblɔ be: “Mele ze* aɖe si le fiefiem* la kpɔm, eye eƒe nugbɔ viã ɖa tso dziehe.”
14 Eye Yehowa gblɔ nam be:
“Vɔ̃ la atso ka tso dzieheAƒo ɖe anyigba la dzi nɔlawo katã dzi.+
15 Elabena ‘mele dziehefiaɖuƒewo ƒe ƒomewo katã yɔ ge,’ Yehowa ye gblɔe;+‘Eye woava; wo dometɔ ɖe sia ɖe ali eƒe fiazikpui anyiÐe Yerusalem ƒe agbowo nu,+Eye woava ɖe to ɖe eƒe gliwo katãKple Yuda duwo katã.+
16 Madrɔ̃ ʋɔnu wo eye mabu fɔ wo ɖe woƒe vɔɖivɔ̃ɖi ta,Elabena wogblẽm ɖi+Hele dzudzɔ dom na mawu bubuwo,+Eye wole ta dem agu na woƒe asinudɔwɔwɔwo.’+
17 Ke nɔ dzadzraɖo ɖi,*Eye nàtso aɖagblɔ nu siwo katã ƒe se dem mele na wò la na wo.
Womegadzi ŋɔ na wò o,+Ne menye nenema o la, mana ŋɔdzi nalé wò le wo ŋkume.
18 Elabena metsɔ wò wɔ du sesẽ,Gasɔti kple akɔbligli egbea ɖe anyigba blibo la nu,+Ðe Yuda-fiawo kple Yuda-megãwo,Eƒe nunɔlawo kple dukɔ la me tɔwo nu.+
19 Woawɔ avu kpli wò,Gake womanɔ te ɖe nuwò o,*Elabena ‘meli kpli wò+ be maɖe wò,’ Yehowa ye gblɔe.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Ðewohĩ egɔmee nye, “Yehowa Doa Ame Ðe Dzi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “hafi nàdo tso vidzidɔ me.”
^ Alo, “meɖe wò ɖe vovo.”
^ Alo, “metia.”
^ Alo, “ɖekakpui.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutenɔti.”
^ Alo, “nuɖaze si ƒe nu keke.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “gbɔm wole,” efia be wole dzo gbɔm ɖe ete.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “bla ali dzi.”
^ Alo, “womaɖu dziwò o.”