Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Wò Ame Vevi aɖe Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ

Ne Wò Ame Vevi aɖe Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ

Ne Wò Ame Vevi aɖe Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ

MARK kple Louise wonye Yehowa Ðasefowo. * Wotsɔ lɔlɔ̃ kple beléle fia Ŋɔŋlɔawo wo viwo, abe alesi Biblia xlɔ̃ nu dzila Kristotɔwo be woawɔ ene. (Lododowo 22:6; Timoteo II, 3:15) Nublanuitɔe la, menye wo viwo katãe yi edzi subɔ Yehowa esi wova tsi o. Louise gblɔ be: “Dzi ɖuam le vinye siwo tra mɔ la ta. Nukatae manɔ ɖokuinye lém gbesiagbe abe ɖe mele veyem o ene? Ne amewo le nu ƒom tso wo viwo ŋu la, nye veme xena eye ele nam be mazi ɖokuinye dzi be nyemagafa avi o.”

Nyateƒee, ne ame aɖe tiae be yemagasubɔ Yehowa o, eye wòdzudzɔ agbenɔnɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo nu la, enyea vevesese gã aɖe na eƒe ƒometɔ siwo kpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Irene gblɔ be: “Melɔ̃ nɔvinyenyɔnua vevie ŋutɔ. Ne gbɔnyee wòatso la, mawɔ nusianu be wòatrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ!” Maria, amesi nɔviŋutsu ʋu le Yehowa yome henɔ agbegbegblẽ nɔm la, gblɔ be: “Esia tsɔtsɔ sesẽ nam ŋutɔ, elabena le go bubu ɖesiaɖe me la, nɔviŋutsu nyui aɖe ŋutɔ wònye nam. Mesusu nɛ ŋutɔ, vevietɔ le míaƒe ƒomea ƒe ƒuƒoƒo gã siwo me megakpɔa gome le o me.”

Nukatae Wòvena Alea Gbegbe Ðo?

Nukatae wòvena alea gbegbe ne Kristotɔ aɖe ƒe vi alo eƒe ƒometɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ? Elabena wonya be Ŋɔŋlɔawo do agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe ŋugbe na amesiwo ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. (Psalmo 37:29; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Wokpɔa mɔ be yewoakpɔ gome le yayra siawo me le ɖekawɔwɔ me kple yewo srɔ̃wo, yewo viwo, yewo dzilawo, yewo nɔviwo, kpakple yewo tɔgbuiyɔvi kple mamayɔviwo. Kpɔ alesi gbegbe wòate ɖe wo dzii be yewoƒe ame vevi siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ makpɔ gome kpli yewo le yayra mawo me o ɖa! Le fifigbenɔnɔ gome kura gɔ̃ hã la, Kristotɔwo nyae be Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ɖea vi na yewo. Eyata egbãa dzi na Kristotɔwo be woakpɔe be yewoƒe ame veviwo le nu ƒãm le mɔ si awɔe be woava ŋe nuxaxa la nu.—Yesaya 48:17, 18; Galatiatɔwo 6:7, 8.

Asesẽ na amesiwo dzi nusia medzɔ ɖo kpɔ o be woanya alesi gbegbe wògbãa dzi na ame ne ame ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ekpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ bliboa katã kloe dzi. Louise gblɔ be, “Ɣesiaɣi si mele Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, esesẽna nam ne mekpɔ dzilawo kple wo viwo le nu kom hele dze ɖom. Meléa blanui le dzidzɔɣeyiɣi ɖesiaɖe me le vinye siwo dzo le nyateƒea me ta.” Kristotɔ hamemegã aɖe ɖo ŋku ƒe ene siwo srɔ̃a ƒe vinyɔnu dzudzɔ hadede kple hamea dzi. Egblɔ be: “Zi geɖe la, míexaa nu le ‘dzidzɔɣeyiɣiwo’ kura gɔ̃ hã me. Ne mena nane srɔ̃nye alo kplɔe yi teƒe nyui aɖe le kwasiɖanuwuwu aɖe la, ɖeko wòluluna hefaa avi, elabena eɖoa ŋkui be ye vinyɔnua mekpɔ gome kpli mí le míaƒe dzidzɔkpɔkpɔa me o.”

Ðe Kristotɔ siawo ƒe nuwɔna gbɔ emea? Mefia nenema kokoko o. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe nɔnɔme aɖewoe nye ma ɖem fia wole, amesi ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo. (Mose I, 1:26, 27) Nukae nya sia fia? Aleke Yehowa se le eɖokui me esime eƒe dukɔ Israel dze aglã ɖe eŋu? Míesrɔ̃e le Psalmo 78:38-41 be, eku dzi na Yehowa eye wòvee ŋutɔ. Ke hã, exlɔ̃ nu wo le dzigbɔɖeanyi me, eye ehe to na wo, hetsɔ woƒe vodadawo ke wo zi gbɔ zi geɖe ne wonya trɔ dzime ko. Edze ƒã be, Yehowa lɔ̃ eƒe nuwɔwɔ, siwo nye ‘eƒe asinudɔwɔwɔwo,’ vevie ŋutɔ, eye meɖea asi le wo ŋu bɔbɔe o. (Hiob 14:15; Yona 4:10, 11) Ede ŋutete amegbetɔwo me be woaɖe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ma ke afia. Gakpe ɖe eŋu la, ƒomekadodowo me te ŋu sẽna etɔxɛe. Eyata mewɔ nuku o be, amegbetɔwo sea veve ŋutɔ ne woƒe ƒometɔ si gbɔ womelɔ̃a nu le o dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

Le nyateƒe me la, tetekpɔ sesẽtɔ kekeake si vaa tadeagula vavãwo dzi dometɔ ɖekae nye, ne woƒe ƒometɔ si gbɔ womelɔ̃a nu le o dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (Dɔwɔwɔwo 14:22) Yesu gblɔ be yeƒe gbedasia xɔxɔ ahe mamã de ƒome aɖewo me. (Mateo 10:34-38) Esia mefia be Biblia me gbedasia ŋutɔe dea mamã ƒomea me o. Ke boŋ ƒomea me tɔ siwo mexɔ gbedasia o alo esiwo mewɔ nuteƒe o woe nana be mamã gena ɖe ƒomea me to Kristotɔwo ƒe mɔa gbegbe, asi ɖeɖe le eŋu, alo kura gɔ̃ hã to woƒe tsitretsitsi ɖe eŋu me. Gake ele be míada akpe be Yehowa megblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi kpekpeɖeŋu manamana wo le akɔ kpekpe kple tetekpɔ siwo vaa wo dzi me o. Ke ne èle nu xam le ɣeyiɣi siawo me le wò ame vevi aɖe ƒe dodo le nyateƒea me ŋu ɖe, Biblia me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le nɔnɔme sia me ahakpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm eye wò dzi nadze eme?

Te Nɔnɔ Ðe Enu

“Mitu mia ɖokui . . . ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.” (Yuda 20, 21) Le alesi wò nɔnɔmeawo le etɔxɛe nu la, anɔ eme be naneke meli nàwɔ le ɣeyiɣi sia me atsɔ akpe ɖe wò ƒometɔ si dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la ŋu o. Ke hã, àte ŋu atu ɖokuiwò kple ƒomea me tɔ siwo kpɔtɔ le nuteƒe wɔm la ɖo eye ele be nàwɔe hã. Veronica, amesi ƒe viŋutsu etɔ̃ gbe nyateƒea, gblɔ be: “Woɖo ŋku edzi na mía kple srɔ̃nye be ne míeyi edzi sẽŋu le gbɔgbɔ me la míanɔ dzadzraɖo ɖi nyuie be míaxɔ mía viŋutsuawo ne wogbugbɔ va wo ɖokui me. Afikae vi nudomegblẽlaa anɔ ne ɖe fofoa menɔ dzadzraɖo ɖi na exɔxɔ o?”

Be nàyi edzi asẽ ŋu le gbɔgbɔ me la, ele be nàƒo ɖokuiwò ɖe gbɔgbɔmedɔwo me vevie. Esia alɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ deto ƒe ɖoɖowɔɖi me léle ɖe asi kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖe eme. Tsɔ ɖokuiwò na faa nàkpe ɖe hamea me tɔwo ŋu le alesi wò nɔnɔmeawo aɖe mɔe nu. Enye nyateƒe be, nusiawo wɔwɔ manɔ bɔbɔe na wò le gɔmedzedzea me o. Veronica ɖo ŋku edzi be: “Nusi va susu me nam enumake koe nye be maɖe ɖokuinye ɖe aga abe lã xɔabi aɖe ene. Gake srɔ̃nye gblɔ be ele vevie be míalé gbɔgbɔmedɔ siwo míewɔna xoxo la me ɖe asi. Ekpɔa egbɔ be míedea kpekpeawo. Esi ɣeyiɣi de be míade takpekpe aɖe la, mehiã dzideƒo geɖe be mate ŋu akpɔ nɔviwo ŋkume. Gake ɖoɖowɔɖia na míegate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Takpekpea do ŋusẽ mía viŋutsu si kpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la etɔxɛe.”

Maria si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la kpɔe be, ame ɖokui ƒoƒo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa me geɖe wu kpena ɖe ame ŋu vevie ŋutɔ, eye fifia Maria le kpekpem ɖe ame ene ŋu wole nu srɔ̃m tso Biblia ŋu. Nenema ke Laura gblɔ be: “Togbɔ be megafaa avi gbesiagbe hã la, medaa akpe na Yehowa be ne nyemekpɔ dzidzedze le viwo hehe me abe dzila aɖewo ene o hã la, Biblia me gbedasi deblibo si te ŋu kpena ɖe ƒomewo ŋu le nuwuɣi sia me la, le asinye.” Ken kple Eleanor, amesiwo ƒe vi tsitsiwo do le hamea me la, trɔ asi le woƒe nɔnɔmeawo ŋu heʋu yi ɖe nuto aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã vevie le la me eye woɖoe be yewoaminya ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Esia kpe ɖe wo ŋu woda sɔ le nuwo ŋu bubu me, si wɔe be womeɖe mɔ nuxaxa mi wo o.

Mègabu mɔkpɔkpɔ o. Lɔlɔ̃ ‘kpɔa mɔ na nuwo katã.’ (Korintotɔwo I, 13:7) Ken si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Esi mía viwo dzudzɔ nyateƒemɔa dzi zɔzɔ la, mebu be ɖe woku enye ema. Gake emegbe, esime nɔvinyenyɔnu ku la, nye nukpɔsusu trɔ. Meda akpe be menye ɖe vinyewo ku ŋutɔŋutɔ o, eye be Yehowa kpɔtɔ le wo kpem hele mɔ kpɔm be woatrɔ agbɔ.” Le nyateƒe me la, nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be, amesiwo dona le nyateƒea me la dometɔ geɖe trɔna gbɔna.—Luka 15:11-24.

Ƒo asa na fɔbubu ɖokuiwò. Ate ŋu adzɔ be ame naɖo ŋku alesi wòwɔ nui le nɔnɔme aɖewo me dzi, vevietɔ dzilawo, eye woabu fɔ wo ɖokui be anye ne yewokpɔ nyawo gbɔ bubui hafi. Gake susu vevi si dze le Xezekiel 18:20 me ye nye be, vodala la ŋutɔe Yehowa bua fɔe le tiatia si wòwɔ ta, ke menye edzilawo o. Enyo be míade dzesii be, togbɔ be Lododowo ƒe agbalẽa ƒo nu tso agbanɔamedzi si le dzilawo dzi be woahe wo viwo le mɔ nyuitɔ nu ŋuti hã la, eɖo aɖaŋu ma tɔgbe ke na ɖeviwo zi gbɔ zi ene wu ema be woaɖo to wo dzilawo ahawɔ ɖe woƒe nyawo dzi. Ẽ, enye ɖeviwo ƒe agbanɔamedzi be woaxɔ hehe si wo dzila madeblibowo nɔa te ɖe Biblia dzi nana wo la. Anɔ eme be nusi nàte ŋu awɔ ɣemaɣi koe nye ema nèwɔ. Ke hã, ne ègasena le ɖokuiwò me kokoko be yewɔ vodada aɖewo, eye ne le nyateƒe me wò ŋutɔ wò vodadae wònye hã la, esia mefia kokoko be wò vodadawoe na wò ame vevi la gbe nyateƒea o. Le wo katã me la, viɖe aɖeke mele eme be nànɔ gbɔgblɔm be “ne ɖe mènyaa . . . ” o. Srɔ̃ nu tso wò vodadawo me, eye nàɖoe kplikpaa be yemagawɔ wo ake o, eye nàdo gbe ɖa na Yehowa abia eƒe tsɔtsɔke. (Psalmo 103:8-14; Yesaya 55:7) Azɔ wò ŋku nenɔ etsɔ si gbɔna dzi, ke menye ɣeyiɣi siwo va yi dzi o.

Gbɔ dzi ɖi na amewo. Ate ŋu asesẽ na ame aɖewo be woanya alesi tututu wòle be woade dzi ƒo alo afa akɔ na wò, vevietɔ ne nusia tɔgbe medzɔ ɖe wo dzi kpɔ o. Gawu la, amewo ƒe nukpɔsusu to vovo le nusi faa akɔ na ame alo nusi dea dzi ƒo na ame gome. Eyata ne ame aɖewo gblɔ nya si do dziku na wò la, wɔ apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Kolosetɔwo 3:13 ŋudɔ, afisi gblɔ be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti.”

De bubu tohehe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ ŋu. Ne hameae he to na wò ƒometɔ aɖe la, ɖo ŋku edzi be esia nye Yehowa ƒe ɖoɖo eye aɖe vi na amesiame, kple vodalaa ŋutɔ hã. (Hebritɔwo 12:11) Eyata, ƒo asa na vodada didi le hamemetsitsi siwo kpɔ gome le nyametsotsoa me ŋu alo le nyametsotso si wowɔ ŋu. Ðo ŋku edzi be viɖe nyuitɔ kekeakee dona tsoa nuwo wɔwɔ abe alesi Yehowa dii ene me, eye be dzigbãnya bubu koe tsitretsitsi ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu ahe vɛ.

Le Israel ɖeɖe tso Egipte megbe la, Mose drɔ̃a ʋɔnu na Israel-viwo edziedzi. (Mose II, 18:13-16) Esi wòate ŋu adzɔ be afiatsotso na ame aɖe anye fɔbubu ame bubu ta la, mewɔ nuku o be ame aɖewo mekpɔ dzidzɔ ɖe Mose ƒe nyametsotsowo ŋu o. Ðewohĩ vodada didi le Mose ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ŋu ɣeaɖewoɣi wɔ akpa aɖe le aglãdzedze ɖe eƒe ŋgɔxɔxɔ ŋu me. Gake Yehowae nɔ Mose zãm tsɔ nɔ eƒe dukɔa kplɔm, eyata ehe to na aglãdzelawo kple woƒe ƒometɔ siwo de wo dzi, ke menye na Mose o. (Mose IV, 16:31-35) Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe le esia me to agbagbadzedze vevie be míade bubu amesiwo le teokrasi tanyenyenɔƒewo ŋu me ahawɔ nu aduadu kpli wo le woƒe nyametsotsowo me.

Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, Delores ɖo ŋku alesi wòsesẽ na eyama be wòayi edzi ada asɔ esime woɖe vianyɔnu le hamea me dzi. Egblɔ be: “Nusi kpe ɖe ŋunyee nye be mexlẽa nyati siwo ƒo nu tso alesi nunya le Yehowa ƒe ɖoɖowo me ŋu la enuenu. Nuŋlɔɖigbalẽvi tɔxɛ aɖe le asinye si me meŋlɔa nya vevi siwo le nuƒowo kple nyati vovovowo me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋunye mado dzi ahayi edzi anɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la ɖe eme.” Esia kplɔ mí va mɔ vevi bubu si dzi míato anɔ te ɖe nɔnɔmea nu la gbɔ.

Ðe wò seselelãmewo gblɔ. Àkpɔe be akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ ne ègblɔ wò seselelãmewo na xɔwò siwo ase nu gɔme na wò dometɔ ɖeka alo eve siwo dzi nèka ɖo. Le esia wɔwɔ me la, tia xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi ada sɔ le nɔnɔme siwo nèɖena fiana me. Aɖe vi geɖe wu ne ‘ètrɔ wò dzi ƒo ɖe’ Yehowa ŋkume le gbedodoɖa me. * (Psalmo 62:8, 9) Nukatae? Elabena esea alesi gbegbe nèsena le ɖokuiwò me la gɔme bliboe. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ase le ɖokuiwò me be mesɔ be yeanɔ nuxaxa sia gbegbe me tom o. Aleke kee wòɖale o, menye wòe gbe Yehowa o. Ðe wò seselelãmewo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me, eye nàbiae be wòakpe ɖe ye ŋu yeabu nɔnɔmea ŋu le mɔ si mate ɖe ye dzi akpa o nu.—Psalmo 37:5.

Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, àva su te nyuie le wò seselelãmewo dzi ɖuɖu me. Gake fifia la, mègana ta le agbagba si dzem nèle be yeadze Fofowò si le dziƒo la ŋu me o, eye mègabui gbeɖe hã be esia wɔwɔ nye nu dzodzro o. (Galatiatɔwo 6:9) Ðo ŋku edzi be, ne míegblẽ Yehowa ɖi hã la, kuxiwo aganɔ mía ŋu kokoko. Le go bubu me la, ne míewɔ nuteƒe nɛ la, akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe tetekpɔwo nu. Ka ɖe edzi azɔ be, Yehowa sea alesi gbegbe wò nɔnɔmea sesẽe gɔme eye ana ŋusẽ si hiã le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la wò.—Korintotɔwo II, 4:7; Filipitɔwo 4:13; Hebritɔwo 4:16.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 19 Kpɔ December 1, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 30-1, ku ɖe gbe dodo ɖa ɖe ƒometɔ si woɖe le hamea me ta ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Alesi Nànɔ Te Ðe Enui

◆ “Mitu mia ɖokui . . . ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.”—Yuda 20, 21.

◆ Mègabu mɔkpɔkpɔ o.—Korintotɔwo I, 13:7.

◆ Ƒo asa na fɔbubu ɖokuiwò.—Xezekiel 18:20.

◆ Gbɔ dzi ɖi na amewo.—Kolosetɔwo 3:13.

◆ De bubu tohehe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ ŋu.—Hebritɔwo 12:11.

◆ Ðe wò seselelãmewo gblɔ.—Psalmo 62:8, 9.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ðe Nègblẽ Yehowa Ðia?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ne nenemae la, nuka ke gbɔe wòɖatso o, mia kple Yehowa dome ƒomedodo kple wò etsɔme mavɔ siaa le afɔku me. Ðewohĩ èɖoe be yeatrɔ va Yehowa gbɔ. Ðe nèle agbagba dzem vevie le esia ŋu fifia? Alo nèle esia wɔwɔ hem ɖe megbe vaseɖe “ɣeyiɣi si sɔ” na wò dzia? Ðo ŋku edzi be, Harmagedon ƒe ahomyawo le aƒe tum kabakaba ŋutɔ. Gakpe ɖe eŋu la, agbenɔnɔ le nuɖoanyi sia me le kpuie eye kakaɖedzi mele eŋu hã o. Màte ŋu anya ne ànɔ agbe le etsɔ ƒe ŋu si ake kura gɔ̃ hã me o. (Psalmo 102:4; Yakobo 4:13, 14) Ŋutsu aɖe si wodo kpɔ hekpɔe be edze dɔ si awui godoo la, gblɔ be: “Dɔ sia dze dzinye le ɣeyiɣi si me mele Yehowa subɔm ɣeyiɣiawo katã, eye nyemewɔ nuvɔ̃ aɖeke tsɔ ɣla si tae matsi dzi ɖo o. Eye esiae nye seselelãme si wòle be wòanɔ ame si le nɔnɔme sia me.” Bu alesi wòase le eɖokui mee ne ɖe dɔa dze edzi le esime wòyi edzi nɔ gbɔgblɔm be, “Magatrɔ va Yehowa gbɔ gbeɖeka!” ŋu kpɔ. Ne ègblẽ Yehowa ɖi la, fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si wòle be nàtrɔ agbɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðokuiwò ƒoƒo ɖe gbɔgbɔmedɔwo me vevie ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàda asɔ