Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia ƒe Dzidzenuwo Dzi Wɔwɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖe Dzi Ði

Biblia ƒe Dzidzenuwo Dzi Wɔwɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖe Dzi Ði

Biblia ƒe Dzidzenuwo Dzi Wɔwɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖe Dzi Ði

ÐIKEKE mele eme o be èkpɔ dadi aɖe wòmlɔ anyi dziɖeɖitɔe kpɔ. Anyo ŋutɔ ne míawo hã míate ŋu aɖe dzi ɖi nenema! Gake ame akpa gãtɔ mekpɔa dziɖeɖi le agbe me o, eye ne wokpɔe hã la, menɔa anyi didina o. Nukatae wòle nenema?

Esi míenye ame madeblibowo, míewɔa vodada, eye ele be míanɔ te ɖe ame bubuwo hã ƒe blibomademade nu tae. Gawu la, míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛawo,” siwo me ‘nɔnɔ sesẽ’ la me. (Timoteo II, 3:1-5) Togbɔ be míetsia dzi ɖe naneke ŋu esi míenye ɖeviwo o hã, fifia ya mía dometɔ akpa gãtɔ le fu kpem vevie le ‘ɣeyiɣi siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ ta. Ðe wòanya wɔ be míaɖe dzi ɖi le ɣeyiɣi siawo mea?

De dzesii be Ŋɔŋlɔawo megblɔ be ɣeyiɣi siawo me manya nɔ o, ke boŋ be wo me nɔnɔ asesẽ. Míate ŋu ato wo me ne míewɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Ðewohĩ míate ŋu akpɔ míaƒe kuxiawo gbɔ ɣesiaɣi ya o, gake míate ŋu aɖe dzi ɖi vaseɖe afi aɖe ya teti. Mina míadzro gɔmeɖose siawo dometɔ etɔ̃ me akpɔ.

Nya Amesi Nènye Nyuie

Be míakpɔ dziɖeɖi la, ele be míanya mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, egblɔ be: “Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe gɔme sese sesẽna na mí ŋutɔ. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye nyateƒenya tẽ sia si le Mose I, 1:31, be: “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” Ɣesiaɣi si Yehowa tiae be yeaɖo ŋku nusiwo yewɔ dzi la, ate ŋu agblɔ be “wonyo ŋutɔ.” Gake amegbetɔ aɖeke ya mate ŋu agblɔ be nusianu si yewɔna la nyo ŋutɔ o. Míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyanya ye nye nu gbãtɔ si akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzi ɖi. Gake nu bubu aɖe hã hiã. Ehiã be míase alesi Yehowa bua míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe gɔme eye míalɔ̃ ɖe edzi.

Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nuvɔ̃” fia be “woada ƒu le nane me.” Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be ame aɖe di be yeaxɔ nunana aɖe, eye ebia be wòada aŋutrɔ wòatɔ nane hafi axɔ nunanaa. Aŋutrɔ etɔ̃ le esi. Eda gbãtɔa, gake afisi aŋutrɔa tɔ la didi tso nua gbɔ meta ɖeka. Edidi aŋutrɔ evelia nyuie hafi dae, gake afisi eya hã dze la didi sentimeta 30 tso nua gbɔ. Egbugbɔ didi aŋutrɔ mamlɛa nyuie wu hedae, gake eya hã dze teƒe si didi sentimeta 2 pɛ ko tso nua gbɔ. Etɔe kloe, gake esi metɔe o koa, metɔe o.

Mí katã míele abe aŋutrɔdala léblanui ma si ƒe mo da tu la ene. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔna na mí be míeda ƒu le nu geɖe me. Ɣebubuɣiwo la, míedzea agbagba vevie, gake míegadana ƒuna koe. Esi wònye míedzea agbagba vevie, gake gbeɖegbeɖea koe ta la, dzi ɖena le mía ƒo. Azɔ mina míagatrɔ ɖe aŋutrɔdalaa ƒe kpɔɖeŋua ŋu.

Esi eƒe asi mesu nunanaa dzi o ta la, etrɔ kpoo dziɖeleameƒotɔe. Kasia amesi le wɔnaa dzi kpɔm la yɔe hetsɔ nunana aɖe nɛ, hegblɔ nɛ be: “Mele nunana sia tsɔm na wò elabena melɔ̃ wò, eye mekpɔ alesi nèku kutrii.” Dzidzɔ va aƒe!

Ẽ, dzidzɔ va aƒe! Amesiame si axɔ ‘nunana’ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le blibodede me la ase le eɖokui me abe aŋutrɔdala sia ene. (Romatɔwo 6:23) Ema megbe la, nusianu si woawɔ la anyo—‘womagada aƒu’ azɔ o. Woaɖe dzi ɖi bliboe. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míate ŋu aɖe dzi ɖi ne nukpɔsusu nyui ma le mía si ɖe mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu.

Dzitsitsi Mele Agbea Ŋu O

Nyateƒee wònye be nusianu xɔa ɣeyiɣi. Gake ɖe mèkpɔe be esesẽna be ame naɖe dzi ɖi ne edze abe nane si wòle mɔ kpɔm na mele vavam kaba o ene, alo ne ele nɔnɔme madeamedzi aɖe me tom wòxɔ ɣeyiɣi wu alesi wòsusui oa? Ke hã, ame aɖewo te ŋu ɖe dzi ɖi le nɔnɔme siawo tɔgbe me. Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.

Hafi Yesu nava anyigba dzi la, eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le toɖoɖo me. Gake anyigba dzi afisiae “wòsrɔ̃ toɖoɖo le.” Le mɔ ka nu? “Le fu, siwo wòkpe la me.” Do ŋgɔ na eƒe anyigba dzi vava la, ekpɔ amewo wonɔ fu kpem, gake eya ŋutɔ mekpe fu kpɔ o. Esime wònɔ anyigba dzi la, eto nɔnɔme sesẽ geɖe me, vevietɔ tso eƒe nyɔnyrɔxɔɣi le Yordan-tɔsisia me vaseɖe eƒe ku me le Golgata. Míenya nusianu tso alesi ‘wowɔ Yesu bliboe’ le go sia me ŋu o, gake míenya ya be exɔ ɣeyiɣi.—Hebritɔwo 5:8, 9.

Yesu kpɔ dzidzedze elabena eƒe susu nɔ “dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ,” si nye eƒe nuteƒewɔwɔ teƒe ɖoɖo, la ŋu. (Hebritɔwo 12:2) Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, etsɔ “kukuɖeɖewo . . . ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo” do gbe ɖae. (Hebritɔwo 5:7) Ate ŋu adzɔ be míawo hã míado gbe ɖa nenema ɣeaɖewoɣi. Aleke Yehowa bua esia? Mawunyakpukpui ma ke gblɔ be Yehowa ɖo to se Yesu ƒe gbedodoɖaa. Mawu ase míawo hã míaƒe gbedodoɖawo. Aleke míewɔ nya?

Esi Yehowa nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye wòkpena ɖe mía ŋu tae. Mía dometɔ ɖesiaɖe kple afisi wòate ŋu ado dzi ase ɖo. Benintɔwo doa lo be: “Ne tɔ ɖɔ akpa la, ate ŋu alé akpɔkplɔwo kura gɔ̃ hã.” Yehowa nya afisi míate ŋu ado dzi ase ɖo wu mía ŋutɔwo gɔ̃ hã. Ekpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe hekpɔa nublanui na mí eye wòvea mía nu “hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.” (Hebritɔwo 4:16) Ekpe ɖe Yesu ŋu alea, eye ewɔe na ame gbogbo aɖewo hã. De ŋugble tso alesi Mawu kpe ɖe Monika ŋu le go sia mee ŋu kpɔ.

Esi Monika nɔ tsitsim la, kuxi aɖeke meɖea fu nɛ o, eye wònye dzidzɔme si nɔ lãmesẽ me. Le ƒe 1968, esime mekpɔ xɔ ƒe 25 haɖe o la, elulu ŋutɔ esi wokpɔe be ʋukamexexedɔ le eŋu, si ana eƒe akpa ɖeka natu mlɔeba. Esia na eƒe agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ, si na wòva hiã be wòawɔ tɔtrɔ geɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si wɔm wònɔ ŋu. Monika nyae be dɔa ava nɔ nyanyram ɖe edzi vivivi. Egblɔ le ƒe 16 megbe be: “Womekpɔ kpɔ atike na nye dɔlélea o, eye ɖewohĩ womakpɔ atike nɛ o vaseɖe esime Mawu nawɔ nuwo katã yeyee.” Elɔ̃ ɖe edzi be mele bɔbɔe kura o. Egblɔ be: “Togbɔ be xɔ̃nyewo gblɔna be mekpɔtɔ nye dzidzɔme abe alesi menɔ tsã ene hã la, . . . xɔ̃nye kplikplikpliwo ya nya be ɣeaɖewoɣi la, metsɔnɛ na avi hehehe.”

Gake egblɔ be: “Mesrɔ̃ alesi magbɔ dzi ɖi, eye ne ɖekoe nye dɔa ka ɖe eme vie ko gɔ̃ hã la, mekpɔa dzidzɔ. Esi meva kpɔe dze sii be amegbetɔwo mate ŋu awɔ naneke le dɔléle siwo vaa wo dzi ŋu o ta la, mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu. Yehowa ɖeka koe ate ŋu ayɔ dɔ mí keŋkeŋ.” Yehowa kpe ɖe Monika ŋu wòkpɔtɔ ɖe dzi ɖi hele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 40 sɔŋ enye esia.

Ele eme baa be mele bɔbɔe be ame nato nɔnɔme siwo le abe Monika tɔ ene me o ya. Gake kakaɖedzi le eŋu be ne ènyae be nuwo ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe wu alesi nèsusui la, ana nàɖe dzi ɖi. Wò hã àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò “le hiahiãgbe.”

Mègatsɔ Ðokuiwò Nɔ Sɔsɔm Kple Ame Bubuwo O—Ðo Taɖodzinu Siwo Gbɔ Nàte Ŋu Aɖo

Amesiame to vovo tso nɔvia gbɔ. Ame aɖeke meli si sɔ kpli wò pɛpɛpɛ o. Wodoa lo be: “Asibidewo katã mesɔ o.” Movidzɔdzɔe wòanye be woatsɔ asibide aɖe asɔ kple nɔvia. Màdi be Yehowa nàtsɔ ye asɔ kple ame bubu o, eye mawɔ nu ma gbeɖe hã o. Gake amegbetɔwo ya dina be yewoatsɔ yewo ɖokui asɔ kple ame bubuwo, eye esia ana woatsi dzimaɖi. Kpɔ alesi Yesu wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee ɖa, abe alesi wòdze le Mateo 20:1-16 ene.

Yesu gblɔ “aƒetɔ” aɖe si hiã dɔwɔlawo le eƒe weinbɔ me la ŋu nya. Aƒetɔa kpɔ ŋutsu aɖewo siwo si dɔ aɖeke menɔ o, eye wòxɔ wo “ŋdikanya,” ɖewohĩ ŋdi ga 6, be woawɔ dɔ na ye. Woa kple aƒetɔa wolɔ̃ ɖe edzi be ne wowɔ dɔ gaƒoƒo 12 la, wòaxe denario ɖeka na wo. Ðikeke mele eme o be dzi dzɔ ŋutsuawo be yewokpɔ dɔ, eye be woaxe ŋkeke ɖeka ƒe ga na yewo. Emegbe aƒetɔa kpɔ ŋutsu bubu siwo hã menɔ dɔ aɖeke wɔm o la hexɔ wo be woawɔ dɔ na ye, ɖewo ŋdi ga 9, ɖewo ŋdɔ ga 12, ɖewo hã ɣetrɔ ga 3, eye exɔ ame bubuwo ɣetrɔ ga 5 kura gɔ̃ hã. Ame mamlɛ siawo dometɔ aɖeke mawɔ dɔ gaƒoƒo 12 o. Aƒetɔa do ŋugbe na dɔwɔla siawo be “nusi ke anyo” lae yeana wo, eye wolɔ̃ ɖe edzi.

Esi wokpã la, aƒetɔa gblɔ na eƒe dɔla si kpɔa ga dzi be wòaxe fe na dɔwɔlaawo. Egblɔ nɛ be wòayɔ dɔwɔlawo katã eye wòaxe fe na amesiwo va mamlɛa gbã. Gaƒoƒo ɖeka koe amesiawo wɔ dɔ, gake nukutɔe la, woxe ŋkeke blibo ƒe fe na wo. Míate ŋu abu dze si ɖom dɔwɔlaawo anɔ le wo nɔewo dome ŋu. Amesiwo wɔ dɔ gaƒoƒo 12 la susu be yewoƒe fetu asɔ gbɔ sã wu wo tɔ. Gake fetu ma ke koe woawo hã woxɔ.

Aleke wowɔ nui? “Esi woxɔe la, woli liʋiliʋi le aƒetɔ la ŋuti gblɔ bena: Ame mlɔetɔ siawo wɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka ko, eye nèwɔ wo wosɔ kpli mí, amesiwo kpe hiã ŋkeke blibo la katã, eye ŋdɔkutsu ɖu mí la.”

Gake aƒetɔa ya mekpɔe nenema o. Egblɔ na wo be fetu si dzi yewolɔ̃ ɖo lae yexe na wo, yemeɖe ɖeke le edzi o. Eɖoe be yeaxe ŋkeke blibo ƒe fe na dɔwɔla bubuawo, evɔ womenɔ mɔ kpɔm nɛ nenema o. Le nyateƒe me la, womexe fe na ame aɖeke wòle sue wu esi dzi wolɔ̃ ɖo o; ame aɖewo xɔ wu esi wonɔ mɔ kpɔm na kura gɔ̃ hã. Eyata aƒetɔa bia be: “Alo ɖe mɔ mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti dɔ, alesi melɔ̃ o mahã?”

Azɔ tsɔe be woxe fe na amesiwo va dɔa me gbã, eye wodzo enumake. Woakpɔ dzidzɔ godoo. Esi wokpɔe be woxe fe sɔsɔe na yewo kple amesiwo mewɔ dɔ de yewo nu o la tae woli liʋiliʋia ɖo. Esia na wodo dziku heli liʋiliʋi le aƒetɔa ŋu, evɔ ne menye ɖe nuwo va yi alea o la, anye ne ɖe woada akpe geɖe nɛ be ena dɔ yewo hafi.

Kpɔɖeŋu sia ɖe nusi dzɔna ne míetsɔ mía ɖokui le sɔsɔm kple ame bubuwoe la fia. Ne èdea ŋugble le ƒomedodo si le mia kple Yehowa dome ŋu, eye nèdaa akpe ɖe yayra siwo wònana wò ta la, àɖe dzi ɖi. Mègatsɔ wò nɔnɔmea nɔ sɔsɔm kple ame bubuwo tɔ o. Ne ewɔ na wò be Yehowa yraa ame aɖewo wu wò la, kpɔ dzidzɔ kpli wo.

Gake Yehowa le nane dim tso asiwò? Nukae? Galatiatɔwo 6:4 gblɔ be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me.” Ne míagblɔe bubui la, ɖo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo la na ɖokuiwò. Ðo nusiwo nàte ŋu awɔ ŋutɔŋutɔ, eye nàwɔe hã. Ne taɖodzinua gbɔ anya ɖo, eye nète ŋu ɖo egbɔ la, ekema “[àkpɔ] nu aƒo adegbe.” Wò dzi adze eme.

Teƒeɖoɖowo Li Nàva Kpɔ

Gɔmeɖose etɔ̃ siwo me míedzro la ɖee fia be Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ ate ŋu ana nàɖe dzi ɖi togbɔ be míele ŋkeke mamlɛawo me eye míenye ame madeblibowo hã. Le wò gbesiagbe Biblia xexlẽ me la, ɖe manyo be nàdi gɔmeɖose siawo, woɖale tẽ alo wodze le ŋutinya alo kpɔɖeŋu aɖewo me oa?

Ne èkpɔ be yemegate ŋu va le dzi ɖem ɖi o la, dze agbagba nàdi nusi gbɔ wòtso. Emegbe di gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxia gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adzro agbalẽ si nye “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” * (“Toute Écriture est inspirée de Dieu et utile”) ƒe axa 110-11 me. Wodzro Lododowo ƒe agbalẽa me le afima, eye àkpɔ gɔmeɖose kple aɖaŋuɖoɖo gbogbo aɖewo siwo le tanya 12 te. Nyatakaka nyui geɖe le The Watch Tower Publications Index* kple Watchtower Library si le CD-ROM* dzi hã me. Ne èzãa wo edziedzi la, àva bi ɖe gɔmeɖosewo kpɔkpɔ me.

Ɣeyiɣi aɖe gbɔna si me Yehowa ana amesiwo dze la nakpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi le blibodede me. Wo katã woaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ ɣemaɣi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 30 Yehowa Ðasefowoe ta wo.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

“Wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” —Romatɔwo 3:23

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Yesu ‘srɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe la me.’—Hebritɔwo 5:8, 9

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

“Akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.”—Galatiatɔwo 6:4