Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Mose ƒe Sea gblɔ be vidzinuwo ƒe dɔwɔwɔ aɖewo ana ‘ame ŋu makɔ o’?

Mawu wɔ vidzinuwo be woato wo dzi adzi vi, eye be wo zazã nado dzidzɔ na srɔ̃tɔwo. (Mose I, 1:28; Lododowo 5:15-18) Gake míekpɔ se aɖewo le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ƒe ta 12 lia kple 15 lia me siwo gblɔ be ŋutsu ƒe tsinyenye, nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ, kple vidzidzi, na ame ŋu mekɔ o. (Mose III, 12:1-6; 15:16-24) Se siawo siwo wotsɔ na Israel-viwo la na wonɔ lãmesẽ me, wodo agbenyuinɔnɔ ɖe ŋgɔ, eye wona wokpɔe be ʋu nye nu kɔkɔe, eye be ehiã be woalé avu ɖe yewoƒe nuvɔ̃wo ta.

Mɔ geɖe siwo nu Mose ƒe Sea me nudidi siwo ku ɖe vidzinuwo ŋu, kpe ɖe Israel-viwo ŋu le la dometɔ ɖekae nye be ena wonɔ lãmesẽ me. Agbalẽ si nye The Bible and Modern Medicine (Biblia Kple Egbegbe Atikeŋutinunya) gblɔ be: “Se si wode be woagadɔ nyɔnu si kpɔ dzinu gbɔ o la kpɔ wo ta tso gbɔdɔdɔ me dɔxɔleameŋu aɖewo me . . . eye enye mɔnu nyui aɖe si dzi woato axe mɔ ɖe vidzidɔ me kansa nu.” Se siawo kpɔ Mawu ƒe amewo ta tso dɔléle siwo ɖewohĩ womenya alo dea dzesii o kura gɔ̃ hã me. Esi dukɔ sia me tɔwo lé be na woƒe vidzinuwo nyuie ta la, wodzi ɖe edzi abe alesi Mawu do ŋugbe be yeana woasɔ gbɔ eye nu adze dzi na wo la ene. (Mose I, 15:5; 22:17) Se siawo ku ɖe Mawu ƒe amewo ƒe seselelãmenyawo hã ŋu. To se siawo dzi wɔwɔ me la, srɔ̃tɔwo srɔ̃ alesi woaɖu wo ɖokui dzi le gbɔdɔnyawo me.

Gake nusi koŋ nana ame ŋu mekɔna o le vidzinuwo ƒe dɔwɔwɔ mee nye ʋu ƒe sisi le ame ŋu. Menye ʋu ƒe nukɔkɔenyenye dzi koe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe ʋu ŋu la hea Israel-viwo ƒe susu yinae o, ehea woƒe susu yia dɔ vevi siwo wozãna ʋu tsɔ wɔna le Yehowa subɔsubɔ me, siwo nye vɔsawo kple avuléle ɖe nuvɔ̃ ta hã dzi.—Mose III, 17:11; Mose V, 12:23, 24, 27.

Eyata nudidi siwo le Sea me le vidzinuwo ŋu la ku ɖe amegbetɔ ƒe blibomademade ŋu tẽ. Israel-viwo nya be esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ ta la, womagate ŋu adzi vi siwo de blibo o. Woƒe dzidzimeviwo katã akpɔ nuvɔ̃ ƒe nu gbegblẽ me tsonuwo—blibomademade kple ku. (Romatɔwo 5:12) Togbɔ be ɖe wowɔ vidzinuwo le gɔmedzedzea me be srɔ̃tɔwo nato wo dzi adzi vi deblibowo hã la, nuvɔ̃ me tsonuwo wɔe be nuvɔ̃me madeblibowo koe woate ŋu adzi.

Eyata menye nuvɔ̃ si dome Israel-viwo nyi la dzi koe nudidi siwo le Sea me ku ɖe wo ɖokui ŋu kɔkɔ ŋu ɖoa ŋkui na wo o, enana wokpɔnɛ hã be yewohiã tafe si alé avu ɖe yewoƒe nuvɔ̃wo ta ahana ameƒomea nagade blibo ake. Gake lãwo ƒe vɔsa siwo wowɔ la mete ŋu wɔ nu ma o. (Hebritɔwo 10:3, 4) Taɖodzinu si nɔ Mose ƒe Sea ŋue nye be wòana woanɔ mɔ kpɔm na Kristo ahakpe ɖe wo ŋu woakpɔe adze sii be Yesu ƒe agbe deblibo si wòtsɔ na la dzi koe woato atsɔ nuvɔ̃wo ake ŋutɔŋutɔ ahana mɔnukpɔkpɔ nasu nuteƒewɔlawo si be woakpɔ agbe mavɔ.—Galatiatɔwo 3:24; Hebritɔwo 9:13, 14.