Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia La Gɔme Sese Nukae Akpe Ðe Ŋuwò?

Biblia La Gɔme Sese Nukae Akpe Ðe Ŋuwò?

Biblia La Gɔme Sese​—Nukae Akpe Ðe Ŋuwò?

“ÈTSƆ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩwo.” (Luka 10:21) Yesu ƒe nya siawo, siwo wògblɔ na Fofoa si le dziƒo la, ɖee fia be hafi míase Biblia la gɔme la, ele be nɔnɔme nyui nanɔ mía si. Alesi amesiwo bɔbɔa wo ɖokui helɔ̃na be woafia nu yewo koe sea agbalẽ si Yehowa na gɔme la ɖe eƒe nunya fia.

Mele bɔbɔe na mía dometɔ akpa gãtɔ be míabɔbɔ mía ɖokui o. Dada ƒe nɔnɔme aɖe le mí katã me tso dzɔdzɔ me. Hekpe ɖe eŋu la, míele “ŋkeke mamlɛawo” me, le “ɖokuilɔ̃lawo, . . . ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo” dome. (Timoteo II, 3:1-4) Nɔnɔme siawo xea mɔ na mí be míesea Mawu ƒe Nya la gɔme o. Nublanuitɔe la, amesiwo dome míele la kpɔa ŋusẽ ɖe mí katã dzi le mɔ aɖe nu. Ekema aleke nàwɔ be nɔnɔme si hiã hena Biblia la gɔme sese nasu asiwò?

Míaƒe Dzi Kple Susu Dzadzra Ðo

Ezra, si nye Mawu ƒe dukɔa kplɔlawo dometɔ ɖeka le blema, la ‘dzra eƒe dzi ɖo ɖe Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu.’ (Ezra 7:10) Ðe mɔ aɖe li si dzi míato adzra míaƒe dzi ɖoa? Ẽ. Nu gbãtɔ si míawɔe nye be míana nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ na ehati Kristotɔwo be: “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã . . . ene.” (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Togbɔ be amewoe wozã le Biblia la ŋɔŋlɔ me hã la, Yehowa gbɔe nusi woŋlɔ la tso. Ne míeda asi ɖe nyateƒenya vevi sia dzi la, ana míalɔ̃ ɖe nusi míexlẽna le Biblia me dzi.—Timoteo II, 3:16.

Nu bubu si míawɔ atsɔ adzra míaƒe dzi ɖoe nye gbe dodo ɖa. Gbɔgbɔ kɔkɔea ye ʋã amewo woŋlɔ Biblia la; eyata gbɔgbɔ ma kee akpe ɖe mía ŋu míase nya si le eme la gɔme. Ele be míado gbe ɖa abia eƒe kpekpeɖeŋu. Se alesi hakpala aɖe kpɔe be yehiã kpekpeɖeŋu mae ɖa, si na wòŋlɔ be: “Na gɔmesesem, ne malé ŋku ɖe wò se la ŋu, eye malé eme ɖe asi tso dzi blibo me.” (Psalmo 119:34) Menye ɖekoe míado gbe ɖa be woakpe ɖe mía ŋu míase nusi woŋlɔ la gɔme ko o, ele be míabia be woana dzi si ana míalɔ̃ ɖe nusi wògblɔ dzi hã mí. Hafi míase Biblia gɔme la, ehiã be míalɔ̃ ɖe nusi nye nyateƒe la dzi.

Ne èle ŋugble dem tso nusi nàwɔ be nɔnɔme nyui nanɔ asiwò ŋu la, bu alesi Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le esia mee hã ŋu. Susu nyui geɖe li si tae wòle be míaxlẽ Mawu ƒe Nya la ɖo, gake susu vevitɔ enye be ekpena ɖe mía ŋu be míate ɖe Mawu ŋu. (Yakobo 4:8) Ne míexlẽ nu tso alesi Yehowa wɔa nui ɖe nɔnɔme vovovowo ŋui, alesi wòbua amesiwo lɔ̃nɛ la ame veviwoe, kple alesi wòwɔa nu ɖe amesiwo trɔ ɖa le eyome ŋu la, míanya amesi ƒomevi wònye. Ele be susu si koŋ ta míaxlẽ Biblia ɖo nanye be wòana míanya Mawu nyuie wu, si awɔe be mía kplii dome nava nɔ kplikplikpli wu.

Nusiwo Xea Mɔ na Nɔnɔme Nyui ƒe Amesinɔnɔ

Nukae ate ŋu axe mɔ na mí be míase Mawu ƒe Nya la gɔme o? Mɔxenu ɖekae nye amewo ŋu dzedze. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àlé ame aɖewo siwo ŋu nèdea bubui la ƒe dzixɔsewo kple nukpɔsusuwo me ɖe asi sesĩe. Gake ne amesiawo medea asixɔxɔ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ŋu boo o ɖe? Le nɔnɔme siawo me la, nusi tututu Biblia fia la gɔme sese ate ŋu asesẽ na wò. Eyata Biblia de dzi ƒo na mí be míado nusiwo míesrɔ̃ la kpɔ nyuie.—Tesalonikatɔwo I, 5:21

Yesu dada, Maria, do go kuxi sia kpɔ. Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ mee wonyii le. Eléa Mose ƒe Sea me ɖe asi pɛpɛpɛ, eye ɖikekemanɔmee la, edea woƒe ƒuƒoƒewo ɣesiaɣi. Eva de dzesii emegbe be subɔsubɔ si edzilawo fiae la megava dzea Mawu ŋu o. Esia ta, Maria lɔ̃ ɖe Yesu ƒe nufiafia dzi, eye enɔ Kristo-hamea me tɔ gbãtɔawo dome. (Dɔwɔwɔwo 1:13, 14) Ema mefia be enɔ aglã dzem ɖe edzilawo alo woƒe kɔnuwo ŋu o; ema nye lɔlɔ̃ si le esi na Mawu la ɖeɖefia boŋ. Ne míedi be míakpɔ viɖe tso Biblia me la, ele be Mawu ŋudzedze nanɔ vevie na mí wu amegbetɔ ɖesiaɖe ŋudzedze, abe alesi Maria wɔe ene.

Nublanuitɔe la, ame geɖe medea asixɔxɔ gobii aɖeke Biblia me nyateƒea ŋu o. Edzɔa dzi na ame aɖewo be yewoadze subɔsubɔ kɔnyinyiwo yome, evɔ womenye nyateƒe o. Ame bubuwo ƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be wogbe nyateƒea. Biblia me nyateƒea xɔxɔ biaa be woatsɔ nanewo asa vɔe: Ate ŋu ana be xɔ̃wòwo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo, kple wò ƒometɔwo kura gɔ̃ hã malɔ̃ wò nya o. (Yohanes 17:14) Ke hã, nunyala Salomo ŋlɔ be: ‘Ƒle nyateƒe, eye mègatsɔe dzra o!’ (Lododowo 23:23) Ne èdea asixɔxɔ nyateƒea ŋu la, ekema Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia gɔme.

Nu bubu si axe mɔ na ame be mase Biblia me nyawo gɔme o ye nye gbegbe be yeawɔ nusi wògblɔ. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womena wo o. Elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ.” (Mateo 13:11, 15) Amesiwo Yesu ɖe gbeƒã na la dometɔ akpa gãtɔ gbe to ɖoɖo, womelɔ̃ be yewoawɔ tɔtrɔ o. Woƒe nuwɔna to vovo tso asitsala aɖe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le kpɔɖeŋu aɖe me la tɔ gbɔ kura! Esi asitsalaa ke ɖe dzonu xɔasi aɖe ŋu la, edzra nusiwo katã nɔ esi tsɔ ƒlee. Nenema kee wòle be Biblia me nyateƒea gɔmesese naxɔ asi na míi.—Mateo 13:45, 46.

Alesi Wòsesẽna be Ame Nalɔ̃ Woafia Nui

Nusi koŋ xea mɔ na ame le Biblia gɔme sese mee nye alesi wòsesẽ na be ame nalɔ̃ woafia nui. Ate ŋu asesẽ na ame be wòalɔ̃ be amesi wòbu ame tsɛ la nafia nui. Gake Yesu Kristo ƒe apostolowo nye ‘ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.’ (Dɔwɔwɔwo 4:13) Esi Paulo nɔ nusitae wònye amesiawoe wòtia me ɖem la, eŋlɔ be: “Nɔviwo, mikpɔ mia yɔyɔ la ɖa bena, menye nunyala geɖewo le ŋutilã nu o, menye ŋusẽtɔ geɖewo o, menye bubume geɖewo o; hafi Mawu tia xexeame bometsinuwo, bene wòado ŋukpe nunyalawo.” (Korintotɔwo I, 1:26, 27) Ne eɖea fu na wò be ame tsɛ nafia nu wò la, ekema ɖo ŋku edzi be ɖeko Mawu to edzi le nu fiam wò. Ðe mɔnukpɔkpɔ bubu aɖe li, si lolo wu esia be Yehowa, míaƒe ‘Nufiala Gãtɔ’ la nafia nu mía?—Yesaya 30:20; 54:13.

Esesẽ na Siriatɔwo ƒe aʋafia Naeman be wòaxɔ mɔfiame tso ame tsɛ aɖe gbɔ. Esi wòdi be woada yeƒe anyidɔ na ye ta la, eyi Yehowa ƒe nyagblɔɖila Elisa gbɔ. Gake subɔvi aɖe dzie woto Mawu ƒe mɔfiame hena dɔyɔyɔa ɖo Naeman gbɔ. Nya si wova gblɔ na Naeman kple amesi wodɔ ɖe egbɔ la na wòsesẽ nɛ be wòabɔbɔ eɖokui, eyata gbã la, egbe nusi Mawu ƒe nyagblɔɖilaa gblɔ nɛ la wɔwɔ. Gake Naeman va trɔ nɔnɔme emegbe, eye wòkpɔ dɔyɔyɔ. (Fiawo II, 5:9-14) Kuxi ma tɔgbe aɖe dzea ŋgɔ míawo hã ne míesrɔ̃ nu yeye aɖe le Biblia me. Ðewohĩ míeva srɔ̃e be hafi míaƒe subɔsubɔ kple agbenɔnɔ nadze Mawu ŋu la, ele be míatrɔ míaƒe nuwɔnawo. Ðe míabɔbɔ mía ɖokui ahaɖe mɔ be ame aɖe nafia nusi wòle be míawɔ la mía? Amesiwo lɔ̃na be woafia nu yewo koe ate ŋu ase Biblia gɔme.

Etiopia fianyɔnu Kandake ƒe aƒedzikpɔla ɖe nɔnɔme nyui aɖe fia. Enɔ eƒe tasiaɖam me tso teƒe aɖe trɔ yina Afrika esime nusrɔ̃la Filipo ƒu du yi egbɔ. Filipo biae be enɔ nusi xlẽm wòle la gɔme sem hã. Aƒedzikpɔlaa bɔbɔ eɖokui ɖo eŋu be: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Esi ŋutsu ma se Mawu ƒe Nya la gɔme la, Filipo nyrɔe ɖe tsi me. Le ema megbe la, “edze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ.”—Dɔwɔwɔwo 8:27-39.

Ame tsɛwoe Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe nye. Kwasiɖa sia kwasiɖa la, wosrɔ̃a Biblia kple amesiwo wu miliɔn ade le woƒe aƒewo me. Esi wònye Bibliae fia mɔ nyuitɔ kekeake si nu míanɔ agbe ɖo, gblɔ mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia si li na ameƒomea, eye wògblɔ alesi míawɔ anya Mawu nyuie ta la, ame miliɔn geɖe kpɔe be Biblia la sɔsrɔ̃ kple nya siwo wògblɔ gɔme sese he dzidzɔ gã aɖe vɛ na yewo. Ate ŋu ahe dzidzɔ vɛ na wò hã.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Esesẽ na Naeman be wòaxɔ mɔfiame tso subɔvi tsɛ aɖe gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia la gɔme sese hea dzidzɔ vanɛ na ame