Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele Be Mawu Ƒe Amewo Nalɔ̃ Dɔmenyowɔwɔ

Ele Be Mawu Ƒe Amewo Nalɔ̃ Dɔmenyowɔwɔ

Ele Be Mawu Ƒe Amewo Nalɔ̃ Dɔmenyowɔwɔ

“Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”​—MIXA 6:8.

1, 2. (a) Nukatae mele be wòawɔ nuku na mí o be Yehowa di tso eƒe amewo si be woanyo dɔme? (b) Nyabiabia siwo ku ɖe dɔmenyonyo ŋu kawo mee wòle be míadzro?

MAWU si nyoa dɔmee Yehowa nye. (Romatɔwo 2:4; 11:22) Aleke gbegbe atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, anya kpɔ ŋudzedze ɖe esia ŋui enye esi! Mawu ƒe nuwɔwɔ siwo wokpɔna, siwo doa dzidzɔ na amegbetɔwo, henye kpeɖodzi be Mawu nyo dɔme na wo lae ƒo xlã wo le Eden-bɔa me. Eye Mawu yi edzi le dɔme nyom na amewo katã, na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã.

2 Esi Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔ amegbetɔwo ɖo ta la, woate ŋu aɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo afia. (Mose I, 1:26) Eyata mewɔ nuku o be Yehowa di tso mía si be míanyo dɔme. Abe alesi wòdze le Mixa 6:8 ene la, ele be Mawu ƒe amewo “nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ.” Gake nukae nye dɔmenyonyo? Ƒomedodo kae le esia kple Mawu ƒe nɔnɔme bubuwo dome? Esi amegbetɔwo te ŋu nyoa dɔme ta la, nukatae dzimesesẽ kple ŋutasẽnuwɔwɔ yɔ xexeame alea? Nukatae wòle be mí Kristotɔwo míadze agbagba anyo dɔme na amewo?

Nukae Nye Dɔmenyonyo?

3. Aleke nàɖe dɔmenyonyo gɔmee?

3 Míeɖea dɔmenyonyo fiana ne míetsɔa ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo me vevie. Míewɔa esia ne míewɔa nusi akpe ɖe amewo ŋu hegblɔa nya siwo fia be míebua wo ŋu. Be woanyo dɔme fia be woawɔ nu nyui ke menye nusi agblẽ nu le ame ŋu o. Dɔmenyola ɖea xɔlɔ̃wɔwɔ fiana, efaa tu, esea veve ɖe ame nu, eye wòkɔa dɔme ɖe ame ŋu. Eʋua asime, eye wòbua ame ŋu. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” (Kolosetɔwo 3:12) Eyata eme kɔ be dɔmenyonyo nye Kristotɔ vavãwo ƒe kpɔɖeŋuwu aɖe si wodona.

4. Aleke Yehowa xɔ ŋgɔ le dɔmenyonyo na ameƒomea mee?

4 Yehowa Mawue nye amesi nyo dɔme na mí gbã. Abe alesi Paulo gblɔe ene la, ‘Mawu, mía xɔla, ɖe dɔmenyonyo kple amelɔlɔ̃ fia’ ale be ‘wòxɔ mí ɖe agbe to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeyewɔwɔ la me.’ (Tito 3:4, 5) Mawu ‘léa tsi’ na Kristotɔ amesiaminawo, alo kɔa wo ŋu, le Yesu ƒe ʋu la me, si fia be ezãa Kristo ƒe tafevɔsa la wòɖea vi na wo. Wowɔ wo yeyee to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi hã, ale be wova zu “nuwɔwɔ yeye” henye Mawu ƒe vi siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii. (Korintotɔwo II, 5:17) Gawu la, Mawu nyo dɔme na “ameha gã” aɖe hã, amesiwo “[nyã] woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.”—Nyaɖeɖefia 7:9, 14; Yohanes I, 2:1, 2.

5. Nukatae wòle be amesiwo Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe la nanyo dɔme na amewo?

5 Dɔmenyonyo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo dɔwɔŋusẽ, ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. Paulo gblɔ be: “Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu; nenem nusiawo la se la metsi tre ɖe wo ŋu o.” (Galatiatɔwo 5:22, 23) Le esia ta, ɖe mele be amesiwo Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔe la nanyo dɔme na amewo oa?

Menye Gbɔdzɔgbɔdzɔe Dɔmenyonyo Vavãtɔ Nye O

6. Ɣekaɣie dɔmenyonyo nye gbɔdzɔgbɔdzɔ, eye nukatae?

6 Ame aɖewo bua dɔmenyonyo be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi. Ewɔna na wo be ele be ame ƒe nya me nasẽ, wòada gbe ɖe ame gbɔ ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã, ale be amewo nanyae be ŋusẽ le ye ŋu. Gake le nyateƒe me la, ebia agbagbadzedze vevie hafi ame nanye dɔmenyola vavã ahatsri dɔmenyonyo si mesɔ o. Esi Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖee dɔmenyonyo vavã nye ta la, mele be wòanye nuwɔwɔ kple amewo afãafã si me woŋea aɖaba ƒua amewo ƒe nuwɔna gbegblẽwo dzi le o. Le go bubu me la, dɔmenyonyo si mesɔ o la nye gbɔdzɔgbɔdzɔ si naa wodea nugbegblẽwɔwɔ dzi.

7. (a) Aleke Eli wɔ alɔgblɔdɔ le tohehe na viaŋutsuwo gomee? (b) Nukatae wòle be hamemegãwo nakpɔ nyuie be woaganyo dɔme na amewo madzemadzee o?

7 Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso Israel nunɔlagã Eli ŋu kpɔ. Ewɔ alɔgblɔdɔ le tohehe na viaŋutsu Xofni kple Pinexas me, amesiwo nye nunɔlawo le avɔgbadɔa me. Esi vɔsa la ƒe akpa si Mawu ƒe Sea gblɔ be enye wo tɔ medze wo ŋu o ta la, wonaa subɔvi aɖe xɔa lã mumu tso amesi le vɔa sam gbɔ hafi wotɔa dzo vɔsa la ƒe amia le vɔsamlekpuia dzi. Eli viŋutsuawo nɔ agbegbegblẽ hã kple nyɔnu siwo nɔ subɔsubɔm le avɔgbadɔa ƒe mɔnu. Gake le esi Eli naxɔ dɔ le Xofni kple Pinexas si teƒe la, ɖeko wògbe nya na wo kple gbe blewu ko. (Samuel I, 2:12-29) Eyata mewɔ nuku o be, “ɣemaɣi la Yehowa meƒoa nu enuenu o”! (Samuel I, 3:1) Ele be Kristotɔ hamemegãwo nakpɔ nyuie be woagaɖe mɔ dɔmenyonyo na nugbegblẽwɔlawo le mɔ madzemadze nu, si ate ŋu agblẽ nu le hamea ƒe gbɔgbɔmenyenye ŋu, la naɖu wo dzi o. Dɔmenyo vavãtɔ menaa woŋea aɖaba ƒua nya kple nuwɔna vɔ̃ɖi siwo nye dada le Mawu ƒe dzidzenuwo dzi la dzi o.

8. Aleke Yesu ɖe dɔmenyonyo vavãtɔ fiae?

8 Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu Kristo, menyo dɔme madzemadzee gbeɖe o. Dɔmenyonyo vavãtɔe yɔ eyama fũ. Le kpɔɖeŋu me, ‘ese veve ɖe amewo nu elabena wowɔ fu wo heka wo hlẽ abe alẽ siwo kplɔla meli na o ene.’ Dzianukwaretɔwo tena ɖe Yesu ŋu faa, eye wokplɔa wo viwo gɔ̃ hã vaa egbɔe. Wò ya bu dɔmenyonyo kple veveseɖeamenu si wòɖe fia esi ‘wòlé ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu heyra wo’ ŋu kpɔ. (Mateo 9:36; Marko 10:13-16) Togbɔ be Yesu nye dɔmenyola hã la, enɔ te sesĩe eye metrɔ ɖa le nusi sɔ le Fofoa si le dziƒo ŋkume la wɔwɔ yome o. Yesu meŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃ɖiwɔwɔ dzi gbeɖe o, etsɔ ŋusẽ si Mawu nae la bu fɔ subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔlawo. Abe alesi wòdze le Mateo 23:13-26 ene la, egblɔ fɔbuamenya sia zi geɖe, be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo.”

Dɔmenyonyo Kple Mawu ƒe Gbɔgbɔa ƒe Nɔnɔme Bubuwo

9. Ƒomedodo kae le dɔmenyonyo kple dzigbɔgbɔ blewu dome, eye ƒomedodo kae le dɔmenyonyo kple nyuiwɔwɔ dome?

9 Dɔmenyonyo do ƒome kple Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe nɔnɔme bubuwo abe dzigbɔgbɔ blewu kple dɔmekɔkɔ alo nyuiwɔwɔ, ene. Le nyateƒe me la, amesi nyoa dɔme la gbɔa dzi blewu. Egbɔa dzi ɖi na amesiwo menyoa dɔme o gɔ̃ hã. Dɔmenyonyo do ƒome kple dɔmekɔkɔ alo nyuiwɔwɔ le mɔ sia nu be woɖenɛ fiana to nuwɔna siwo aɖe vi na ame bubuwo wɔwɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, wote ŋu ɖea Helagbe me nya si wozãna na “dɔmenyonyo” le Biblia me gɔme be “nyuiwɔwɔ.” Alesi Kristotɔ gbãtɔwo ɖe nɔnɔme sia fiae wɔ dɔ ɖe trɔ̃subɔlawo dzi ale gbegbe be, Tertullian gblɔ be woyɔ Yesu yomedzelawo be ‘amesiwo yɔ fũ kple dɔmenyonyo.’

10. Ƒomedodo kae le dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ dome?

10 Ƒomedodo aɖe le dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ dome. Yesu gblɔ ku ɖe eyomedzelawo ŋu be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Eye Paulo ŋlɔ tso lɔlɔ̃ sia ŋu be: “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona.” (Korintotɔwo I, 13:4) Ƒomedodo aɖe le dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ dome le nya “amenuveve” si wozãna zi geɖe le Ŋɔŋlɔawo me la me. Esiae nye dɔmenyonyo si woɖena fiana le nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ ta. Hebrigbe me ŋkɔnya si gɔme woɖe be “amenuveve” bia nu geɖe wu ɖetsɔtsɔ le eme na ame lɔlɔ̃tɔe ko. Enye dɔmenyonyo si nana wokuna ɖe nane ŋu lɔlɔ̃tɔe vaseɖe esime tameɖoɖo si le nua ŋu va eme. Yehowa ɖea amenuveve, alo nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, fiana le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, esia dzena le eƒe xɔname kple ametakpɔkpɔ me.—Psalmo 6:5; 40:12; 143:12.

11. Kakaɖedzi kae le mía si le esi Mawu vea ame nu ta?

11 Yehowa ƒe amenuveve naa amewo tena ɖe eŋu. (Yeremya 31:3) Ne Mawu subɔla wɔnuteƒewo hiã xɔname alo kpekpeɖeŋu la, wonyae be le nyateƒe me la, ave yewo nu lɔlɔ̃tɔe. Ave wo nu godoo. Eyata woate ŋu ado gbe ɖa le xɔse me, abe hakpala la ene, be: “Ke nyea mele ŋu ɖom ɖe wò amenuveve ŋu; nye dzi le aseye tsom le wò xɔname ŋuti.” (Psalmo 13:6) Esi Mawu ƒe lɔlɔ̃ nɔa anyi ɖaa ta la, esubɔlawo ate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Woka ɖe nya sia dzi be: “Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la ɖi o.”—Psalmo 94:14.

Nukatae Ŋutasesẽ Bɔ Ðe Xexeame Alea Gbegbe?

12. Ɣekaɣie ameteteɖeanyi dziɖuɖu dze egɔme, eye aleke?

12 Be míaɖo nya sia ŋu la, ele be míanya nusi dzɔ le Eden-bɔa me. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze teti ko la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si va zu ɖokuitɔdila kple ɖokuidoɖedzila la ɖoe be yeazu xexea dziɖula. Eƒe tameɖoɖo vɔ̃a na wòva zu “xexe sia me fia,” le nyateƒe me la, enye fia ameteɖeanyila aɖe. (Yohanes 12:31) Wova yɔe be Satana Abosam, Mawu kple amegbetɔwo ƒe tsitretsiɖeŋula gãtɔ kekeake. (Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:9) Le Xawa wɔwɔ megbe teti ko la, eɖe eƒe tameɖoɖo vɔ̃a be yeaɖo dziɖuɖu aɖe si anɔ abe Yehowa ƒe dziɖuɖu si me dɔmenyo le ene anyi la ɖe go. Alea wòdzɔe be dziɖuɖu manyomanyo dze egɔme esime Adam tiae be yeanɔ agbe Mawu ƒe dziɖuɖu manɔmee, hegbe Eƒe dɔmenyonyoa keŋkeŋ. (Mose I, 3:1-6) Le esi ablɔɖe vavã nasu Adam kple Xawa si teƒe la, wova nɔ Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si me ɖokuitɔdidi kple dada le la te, heva zu eƒe dziɖuɖua teviwo.

13-15. (a) Nusiwo do tso Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea gbegbe me dometɔ aɖewo ɖe? (b) Nukatae ŋutasesẽ bɔ ɖe xexeame alea gbegbe?

13 Mina míabu nusiwo do tso eme dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Wonya Adam kple Xawa ɖa le anyigba ƒe akpa si nye paradiso la dzi. Wodzo le aƒe si wodzra ɖo nyuie si me numiemie kple atikutsetse nyuiwo le me, yi va nɔ nɔnɔme sesẽwo me le Eden-bɔa godo. Mawu gblɔ na Adam be: “Esi nèse srɔ̃wò ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi àkpɔ nu aɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me. Ŋu kple aŋɔka amie na wò.” Fi si woƒo de anyigba fia be agbledede asesẽ ŋutɔ azɔ. Adam ƒe dzidzimeviwo kpe nusiwo ado tso fiƒoƒo de anyigba alea me, si nye ŋu kple aŋɔka ƒe miemie, ƒe fu ale gbegbe be Noa fofo Lamex ƒo nu tso ‘fukpekpewo le anyigba, si Yehowa ƒo fi de’ dzi ŋu.—Mose I, 3:17-19; 5:29.

14 Adam kple Xawa tsɔ tomefafa ɖɔli xaxa. Mawu gblɔ na Xawa be: “Mana nakpe fu geɖe le fufɔfɔ me, àlé ku hafi adzi vi, ke wò tame anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya anye gã ɖe dziwò.” Emegbe la, Kain, Adam kple Xawa ƒe vi gbãtɔ, wu nɔvia Habel ŋutasesẽtɔe.—Mose I, 3:16; 4:8.

15 Apostolo Yohanes gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Xexe si li egbea hã ɖea nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe nɔnɔme siwo dometɔ aɖewoe nye ɖokuitɔdidi kple dada fiana. Eyata mewɔ nuku o be dzimesesẽ kple ŋutasẽnuwɔwɔ bɔ ɖe eme alea! Gake manɔ anyi nenema ɖaa o. Yehowa akpɔ egbɔ be le eƒe Fiaɖuƒea me la, dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ axɔ ɖe dzimesesẽ kple ŋutasẽnuwɔwɔ teƒe.

Amewo Katã Anye Dɔmenyolawo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea Te

16. Nukatae dɔmenyonyo nye nusi ɖe dzesi le Mawu ƒe dziɖuɖu to Kristo Yesu dzi ŋu, eye nukae esia ƒo ɖe mía nu be míawɔ?

16 Yehowa kple Eƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia, Kristo Yesu, di be woadze si yewo teviwo be dɔmenyolawoe wonye. (Mixa 6:8) Yesu Kristo na míekpɔ alesi dɔmenyonyo axɔ aƒe ɖe dziɖuɖu si Fofoa tsɔ de esi mee la ƒe kpɔɖeŋu sue aɖe. (Hebritɔwo 1:3) Míate ŋu ade dzesi esia le Yesu ƒe nya siwo klo nu le alakpasubɔsubɔha kplɔla siwo tsɔ agba kpekpewo te amewo ɖe anyi ŋui la me. Egblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Kplɔla geɖe siwo le anyigba dzi, subɔsubɔhakplɔlawo kple bubuawo siaa, tsɔ se gbogbowo kple kluvidɔ geɖewo do agba kpekpe na amewo. Ke hã, nusi Yesu ya bia tso eyomedzelawo si la kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wonye nusiwo dzi woate ŋu awɔ ɖo. Kɔkuti ka tsɔtsɔ mee dɔmenyonyo dze le alea! Ðe meʋã mí be míadi be míanɔ abe eyama ene le dɔmenyonyo na amewo me oa?—Yohanes 13:15.

17, 18. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be amesiwo aɖu dzi kple Kristo le dziƒo kple eteƒenɔla siwo anɔ anyigba dzi la anyo dɔme na amewo?

17 Nya siwo Yesu gblɔ na eƒe apostolowo te gbe ɖe alesi Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu to vovo sasasã tso amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu gbɔe dzi. Biblia gblɔ be: “Ke dzre hã ɖo [nusrɔ̃lawo] dome bena, yewo dometɔ kae nye gãtɔ mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Dukɔwo ƒe fiawo ɖu aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amesiwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la, woyɔ wo bena amenuvelawo. Ke miawo la miganɔ nenema o; hafi boŋ amesi nye gãtɔ le mia dome la, nazu abe suetɔ ene; eye amesi nye amegã la, nazu abe subɔla ene. Elabena amekae nye gã, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa? Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.”—Luka 22:24-27.

18 Amegbetɔ dziɖulawo dina be yewoaɖe yewoƒe gãnyenye afia to ‘aƒetɔɖuɖu ɖe’ amewo dzi kple didi be dzesideŋkɔ gãwo nasu yewo si me, eye woxɔe se be dzesideŋkɔ siawo ana yewoakpɔ ŋusẽ wu amesiwo dzi ɖum yewole. Gake Yesu gblɔ be gãnyenye vavãtɔ tsoa amewo subɔsubɔ me—si nye kutrikuku vevie ɣesiaɣi be woasubɔ ame bubuwo. Ele be amesiwo katã aɖu dzi kple Kristo alo anye eteƒenɔlawo le anyigba dzi nadze agbagba be yewoasrɔ̃ eƒe ɖokuibɔbɔ kple dɔmenyonyo ƒe kpɔɖeŋua.

19, 20. (a) Aleke Yesu ɖe alesi gbegbe Yehowa ƒe dɔmenyonyo keke ta fiae? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le dɔmenyonyo ɖeɖefia me?

19 Mina míade ŋugble tso nuxlɔ̃ame bubu aɖe si me lɔlɔ̃ le si Yesu na ŋu kpɔ. Esi Yesu nɔ alesi gbegbe Yehowa ƒe dɔmenyonyo keke tae ɖem fia la, egblɔ be: ‘Ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, akpedada kae li na mi? Elabena nuvɔ̃wɔlawo hã lɔ̃a amesiwo lɔ̃a wo. Elabena ne miewɔa nu nyui na amesiwo wɔa nu nyui na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã wɔa nenema ke. Eye ne miedo nu na amesiwo miele mɔ kpɔm na be, woagaxee na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã doa nu na nuvɔ̃wɔlawo, be woagakpɔ nenema nu ke. Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ nu nyui, mido nu, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo. Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.’—Luka 6:32-36.

20 Amesi nyoa dɔme abe Mawu ene la media ye ŋutɔ tɔ o. Dɔmenyonyo sia ɖeɖefia mebiana be woaɖo eteƒe o. Dɔmenyotɔe la, Yehowa “nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:43-45; Dɔwɔwɔwo 14:16, 17) Ne míedi be míasrɔ̃ mía Fofo si le dziƒo la, menye ɖeko míatsri nusi agblẽ nu le ame madakpewo ŋu wɔwɔ ko o, ke boŋ míawɔ nu nyui na wo, na amesiwo wɔa nu ɖe mía ŋu abe futɔwo ene gɔ̃ hã. Ne míenyo dɔme na amewo la, míeɖenɛ fiana Yehowa kple Yesu be míedi be míanɔ agbe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te, esime dɔmenyonyo kple Mawu ƒe nɔnɔme bubuwo adze le amegbetɔwo dome ƒomedodowo katã me.

Nukatae Míaɖe Dɔmenyonyo Afia?

21, 22. Nukatae wòle be míanyo dɔme?

21 Kristotɔ vavãwo bua dɔmenyonyo ɖeɖefia nu vevii ŋutɔ. Enyea kpeɖodzi be Mawu ƒe gbɔgbɔa le mía dzi. Gawu la, ne míeɖe dɔmenyonyo vavãtɔ fia la, míele Yehowa Mawu kple Kristo Yesu srɔ̃m. Dɔmenyonyo nye nudidi aɖe si hã wodi tso amesiwo anye Mawu Fiaɖuƒea teviwo si. Eyata ele be míalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ ahasrɔ̃ alesi míaɖee afiae.

22 Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo nue míate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia le le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me? Nyati si kplɔe ɖo adzro nya sia me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae nye dɔmenyonyo?

• Nukatae ŋutasesẽ kple dzimesesẽ bɔ ɖe xexeame alea?

• Aleke míewɔ nya be amewo katã anye dɔmenyolawo le Mawu ƒe dziɖuɖua te?

• Nukatae dɔmenyonyo ɖeɖefia le vevie na amesiwo di be yewoanɔ agbe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Kristotɔ hamemegãwo dzea agbagba be yewoaɖe dɔmenyonyo afia le nuwɔwɔ kple alẽhaa me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yehowa mado kpo esubɔlawo nu veve le ɣeyiɣi sesẽwo me o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Yehowa naa ɣe dzena eye tsi dzana na amewo katã dɔmenyotɔe