Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tomenukuku Si Ðo Kpe Yesu Ƒe Anyinɔnɔ Dzie Wònye Vavãa?

Tomenukuku Si Ðo Kpe Yesu Ƒe Anyinɔnɔ Dzie Wònye Vavãa?

Tomenukuku Si Ðo Kpe Yesu Ƒe Anyinɔnɔ Dzie Wònye Vavãa?

“YESU ƒe Anyinɔnɔ Ŋuti Ðaseɖiɖi si Woɖe Ðe Kpe Dzi.” Nya siae woŋlɔ ɖe Biblical Archaeology Review (November/December 2002) ƒe akpaa dzi. Wota amekukuƒuɖaka aɖe si wotsɔ akalokpe wɔ, si wofɔ le Israel, ɖe akpaa dzi. Yudatɔwo zã amekukuƒuɖakawo ŋutɔ le ɣeyiɣi kpui si nye tso ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 70 M.Ŋ. me. Nusi na amekukuƒuɖaka sia ya ɖe dzesi koŋ enye Aramgbe me nuŋɔŋlɔ aɖe si le eƒe axa ɖeka dzi. Agbalẽnyalawo lɔ̃ ɖe edzi be exlẽ be: “Yakobo, Yosef vi, Yesu nɔviŋutsu.”

Biblia gblɔ be nɔviŋutsu aɖe nɔ Yesu Nazaretetɔ la si si woyɔ be Yakobo, amesi wonya be enye Yosef, Maria srɔ̃, ƒe viŋutsu. Esi Yesu Kristo nɔ nu fiam le wo de la, nyasela siwo ƒe mo wɔ ya la bia be: “Nenem me sia la menye atikpala ƒe vie o ɖe? Alo menye ɖe woyɔa dadaa be: Maria, eye nɔviaŋutsuwo be: Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda oa? Eye nɔvianyɔnuwo la menye wo katãe le mía dome o ɖe?”—Mateo 13:54-56; Luka 4:22; Yohanes 6:42.

Ẽ, nuŋɔŋlɔ si le amekukuƒuɖakaa ŋu la sɔ kple nya si wogblɔ tso Yesu Nazaretetɔ la ŋu. André Lemaire, amesi nye blemanuŋɔŋlɔwo ŋutinunyala kple amesi ŋlɔ nyati si míeyɔ do ŋgɔ le Biblical Archaeology Review me la, gblɔe kakaɖedzitɔe be ne Yakobo si woyɔ le nuŋɔŋlɔa me lae nye Yesu Kristo dadavi la, ekema azu “tomenukuku siwo ɖo kpe Yesu ƒe anyinɔnɔ dzi le Biblia megbe la ƒe xoxoetɔ kekeake.” Hershel Shanks, amesi nye magazinea tala, gblɔ be amekukuƒuɖaka la “nye kpeɖodzinu vevi aɖe si li wokpɔna si he susu yi ame vevitɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ dzi.”

Gake ŋkɔ etɔ̃ siwo katã wokpɔ xlẽ le amekukuƒuɖakaa dzi nuŋɔŋlɔa me la bɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Eyata ele bɔbɔe be ƒome aɖe si me tɔwo nye Yakobo, Yosef, kple Yesu aɖe anɔ anyi kpɔ si to vovo na Yesu Kristo ƒe ƒomea. Lemaire bu akɔnta be: “Le dzidzime eve siwo do ŋgɔ na ƒe 70 M.Ŋ. me la, ame 20 . . . lɔƒo nɔ Yerusalem siwo woate ŋu ayɔ be ‘Yakobo/Yakob, Yosef vi, Yesu nɔviŋutsu.’” Ke hã, ese le eɖokui me be mɔkpɔkpɔ be anɔ eme godoo be Yakobo si woŋlɔ ɖe amekukuƒuɖakaa dzi lae nye Yesu Kristo dadavi la anɔ 90 le alafa me.

Nu bubu aɖe hã li si na ame aɖewo xɔe se be Yakobo si le nuŋɔŋlɔa me lae nye Yesu Kristo dadavi la. Togbɔ be ebɔ be woŋlɔa ame kukua fofo ŋkɔ le nuŋɔŋlɔ siawo tɔgbe me hã la, ƒã hafi woŋlɔa nɔvia aɖe ŋkɔ. Eyata, agbalẽnyala aɖewo xɔe se be Yesu sia anya nye ame vevi aɖe, si na wobui be eyae nye Yesu Kristo, amesi ɖo Kristotɔnyenye anyi.

Ðe Amekukuƒuɖaka la Nye Kpeɖodzi si Ŋu Kakaɖedzi Lea?

Nukae nye amekukuƒuɖaka? Enye aɖaka aɖe si me wokɔa ame kuku ƒe ƒukotsowo ɖo ne ŋutilã la nyunyɔ ɖe yɔdoa me vɔ megbe. Wofi amekukuƒuɖaka geɖe le ameɖiƒe siwo le Yerusalem nutowo me la dzoe. Blemanuwo dzraƒe aɖee wokpɔ aɖaka si dzi Yakobo ƒe ŋkɔa le, ke menye afisi wokua tomenuwo le o. Wogblɔ be amesi tɔ amekukuƒuɖakaa nye la ƒlee dɔlar alafa ʋɛ aɖewo ko le ƒe 1970-awo me. Esia wɔe be womenya afisi tututu wokpɔ amekukuƒuɖakaa tsoe o. Nufialagã Bruce Chilton si le Bard ƒe Kɔledzi, le New York, gblɔ be: “Ne màte ŋu ayɔ afisi wofɔ blemasinudɔwɔwɔ aɖe le kple afisi wònɔ ƒe 2,000 kloe enye sia o la, ke màte ŋu akpɔ ƒomedodo si le woa kple amesiwo ƒe ŋkɔ le edzi la dome agblɔ o.”

Be woakpɔ tomenukuƒe si wofɔe tsoe ƒe nyaa gbɔ la, André Lemaire tsɔ aɖakaa yi Anyigbaŋutinumekuƒe si le Israel. Numekula siwo le afima la ɖo kpe edzi be akalokpee wotsɔ wɔ amekukuƒuɖaka lae le ƒe alafa gbãtɔ alo evelia M.Ŋ. me. Woka nya ta be “womekpɔ dzesi le eŋu be egbeŋkekea me dɔwɔnu aɖee wotsɔ wɔe o.” Ke hã, Biblia ŋunyala siwo The New York Times bia gbee gblɔ woƒe nukpɔsusu be “nusiwo dzi woate ŋu anɔ te ɖo agblɔ be edo ƒome kple Yesu la sɔ gbɔ, gake womeɖo kpe edzi tẽ o.”

Time magazine gblɔ be “agbalẽnyalawo katã kloe mekea ɖii egbea be Yesu nɔ anyi kpɔ o.” Ke hã, ame geɖe bunɛ be ele be Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋuti kpeɖodzi bubu aɖe nanɔ anyi kpe ɖe Biblia ŋu. Ðe wòle be blematomenukuku nanye nusi dzi ame nanɔ te ɖo axɔ Yesu Kristo dzi asea? Kpeɖodzi kae le mía si ku ɖe “ame vevitɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ” ŋu?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Miame, Yakobo ƒe amekukuƒuɖaka: AFP PHOTO/J.P. Moczulski; ɖusime, edzi nuŋɔŋlɔ la: AFP PHOTO/HO