Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yehowa, Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O

Srɔ̃ Yehowa, Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O

Srɔ̃ Yehowa, Mía Mawu Si Mekpɔa Ame Ŋkume O

“Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele Mawu gbɔ o.”​—ROMATƆWO 2:11.

1, 2. (a) Tame kae Yehowa ɖo ɖe Kanaan-dukɔa ŋu? (b) Nukae Yehowa wɔ, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te?

ISRAEL-VIWO nɔ to lém ɖe Mose ƒe nyawo ŋu nyuie esi woƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me. Nɔnɔme sesẽ aɖe adze ŋgɔ wo le Yordan-tɔsisia godo. Mose gblɔ tame si Yehowa ɖo be yeana Israel naɖu Kanaantɔwo ƒe du sesẽ adre siwo le Ŋugbedodonyigbaa dzi la dzi na wo. Aleke gbegbee Mose ƒe nyawo de dzi ƒo na woe nye si be: ‘Yehowa, wò Mawu, atsɔ wo ade asi na wò nàɖu wo dzi’! Mele be Israel nabla nu aɖeke kpli wo o, eye womedze na amenuveve aɖeke o.​—Mose V, 1:1; 7:1, 2.

2 Ke hã, Yehowa kpɔ ƒome ɖeka aɖe ta le du gbãtɔ si dzi Israel dze la me. Mawu kpɔ du ene bubu me tɔ aɖewo hã ta. Nukatae wòwɔ esia? Nukae nudzɔdzɔ ɖedzesi siawo siwo lɔ Kanaantɔ siawo ƒe agbetsitsi ɖe eme fia mí ku ɖe Yehowa ŋu? Eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eyamae?

Alesi Wowɔ Nu Ðe Yehowa ƒe Gãnyenye Ŋui

3, 4. Dɔ kae Israel-viwo ƒe aʋadziɖuɖuwo ŋutinya sese wɔ ɖe Kanaantɔwo dzi?

3 Yehowa kpɔ eƒe amewo ta hewɔ aʋa ɖe wo nu le ƒe 40 siwo Israel tsɔ nɔ gbeadzi hafi ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi me. Israel kpe aʋa kple Kanaantɔ, Arad-fia le Ŋugbedodonyigbaa ƒe anyiehe gome. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, Israel-viwo ɖu woa kple eƒe amewo dzi le Xorma. (Mose IV, 21:1-3) Emegbe Israel to Edom xa zɔ mɔ ɖo ta dziehe gome yi ɖe Ƒukukua ƒe dzieheɣedzeƒe gome. Amoritɔwoe va le nuto sia si Moab nɔ tsã la me. Amori-fia Sixon gbe be yemana Israel nato yeƒe nutoa me ayi o. Wokpe aʋa le Yaza, si anye Amon-tɔʋua ƒe dziehe gome, afisi Sixon tsi aʋa le. (Mose IV, 21:23, 24; Mose V, 2:30-33) Le dziehe gome ɖaa la, Og ye nɔ fia ɖum ɖe Amoritɔ bubuwo dzi le Basan. Togbɔ be Og nye ame dzɔatsu hã la, edzi ɖuɖu mesesẽ na Yehowa kura o. Wowu Og le Edrei. (Mose IV, 21:33-35; Mose V, 3:1-3, 11) Aʋadziɖuɖu siawo ŋuti nyatakakawo, tsɔ kpe ɖe Israel ƒe ʋuʋu tso Egipte ŋu, wɔ dɔ ɖe Kanaantɔwo dzi ale gbegbe. *

4 Zi gbãtɔ si Israel ɖo afɔ Kanaan le Yordan tsotso megbe la, woƒu asaɖa anyi le Gilgal. (Yosua 4:9-19) Yerixo du si woɖo gli ƒo xlãe la gbɔ medidi tso afima o. Nusi Kanaantɔ Raxab se ku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu ʋãe be wòawɔ nu le xɔse me. Esia wɔe be esi Yehowa tsrɔ̃ Yerixo la, eɖe woa kple eƒemetɔwo.—Yosua 2:1-13; 6:17, 18; Yakobo 2:25.

5. Nukae ʋa Gibeontɔwo be woawɔ nu le aɖaŋudzedze me?

5 Emegbe Israel ʋu tso tɔʋua ƒe baliawo me lia yi nutoa ƒe tonyigbawo dzi. Le wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi me la, Yosua zã xadede ƒe aɖaŋu aɖe ɖe Ai-dugã la ŋu. (Yosua, ta 8) Aʋadziɖuɖua ŋutinya ƒoe ɖe Kanaan-fia geɖe nu be woakpe ta hena aʋawɔwɔ. (Yosua 9:1, 2) Gibeon, si nye Xiwitɔwo ƒe du si tsɔ afima gbɔ la, me nɔlawo wɔ nusi to vovo. Yosua 9:4 gblɔ be, ‘woawo hã wɔ nu le aɖaŋudzedze me.’ Abe Raxab ene la, wose nu tso alesi Yehowa ɖe eƒe amewoe le Mɔzɔzɔa me kpakple le Sixon kple Og dzi ɖuɖu me ŋu. (Yosua 9:6-10) Gibeontɔwo kpɔe dze sii be aʋahoho ɖe wo ŋu made yewo dzi o. Eyata Gibeon kple du etɔ̃—Kefira, Berot, kple Kiryat-Yearim—siwo te ɖe wo ŋu la dɔ ame aɖewo siwo dzra ɖo abe didiƒee wotso ene la ɖo ɖe Yosua le Gilgal. Ayedzedze sia dze edzi. Yosua bla nu kpli wo si ana be woakpɔ wo ta. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yosua kple Israel-viawo va kpɔe be ɖee woble yewo. Ke hã, woyɔ Yehowa tsɔ ka atam na wo eye le ema ta wowɔ ɖe edzi. (Yosua 9:16-19) Ðe Yehowa lɔ̃ ɖe edzia?

6. Aleke Yehowa wɔ nui ɖe nu si Yosua bla kple Gibeontɔwo la ŋu?

6 Woɖe mɔ na Gibeontɔawo be woazu nakefɔlawo kple tɔmedelawo na Israel-viawo kple na “Yehowa ƒe vɔsamlekpui” si le avɔgbadɔa me la gɔ̃ hã. (Yosua 9:21-27) Gawu la, esi Amori-fia atɔ̃ kple woƒe asrafowo do ŋɔdzi na Gibeontɔwo la, Yehowa xɔ na wo nukutɔe. Tsikpewo wu futɔawo wu esi Yosua ƒe asrafoha la wu. Yehowa ɖo to koko si Yosua ƒo nɛ be ɣe kple ɣleti natɔ ɖe wo teƒe ne yewoate ŋu aɖu aʋaa dzi keŋkeŋ la gɔ̃ hã. Yosua gblɔ be: “Eye ŋkeke aɖeke medo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu, esi Yehowa ɖo to amegbetɔ ƒe gbe o; elabena Yehowa wɔ aʋa na Israel.”—Yosua 10:1-14.

7. Nyateƒenya si dzi Petro lɔ̃ ɖo kae dze le afɔ si Kanaantɔ aɖewo ɖe me?

7 Kanaantɔ Raxab kple eƒe ƒometɔwo, kpakple Gibeontɔwo, vɔ̃ Yehowa eye wowɔ nu wòsɔ ɖe enu. Nusi dzɔ ɖe wo dzi la ɖe nyateƒenya aɖe si Kristotɔ apostolo Petro gblɔ emegbe la fia nyuie be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Alesi Yehowa Wɔ Nu Ðe Abraham Kple Israel Ŋui

8, 9. Alekee Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ dze le eƒe nuwɔwɔ ɖe Abraham kple Israel dukɔa ŋu me?

8 Nusrɔ̃la Yakobo he susu yi alesi Mawu ve Abraham kple eƒe dzidzimeviwo nui le nuwɔwɔ kpli wo me dzi. Abraham ƒe xɔsee na wòzu ‘Yehowa xɔlɔ̃,’ ke menye du si me tɔ wònye ye o. (Yakobo 2:23) Abraham ƒe xɔse kpakple lɔlɔ̃ si nɔ esi na Yehowae he yayrawo vɛ na eƒe dzidzimeviwo. (Kronika II, 20:7) Yehowa do ŋugbe na Abraham be: “Mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene.” Gake de dzesi ŋugbedodo si le kpukpui si kplɔe ɖo me: “To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.”—Mose I, 22:17, 18; Romatɔwo 4:1-8.

9 To vovo kura na esi Yehowa nakpɔ ame ŋkume teƒe la, eto alesi wòwɔ nu ɖe Israel ŋui dzi ɖe nusi wòate ŋu awɔ na amesiwo ɖoa toe la fia. Nuwɔwɔ siawo nye kpɔɖeŋu na alesi Yehowa ɖea nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ fiaa esubɔla wɔnuteƒewo. Togbɔ be Israel nye Yehowa ‘tɔ koŋ’ hã la, esia mefia be mɔ aɖeke meli si Mawu nate ŋu anyo dɔme na ame bubuwo o. (Mose II, 19:5; Mose V, 7:6-8) Nyateƒee, Yehowa gbugbɔ Israel-viwo ƒle tso kluvinyenye me le Egipte eye wògblɔ be: “Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome.” Gake Yehowa to nyagblɔɖila Amos kple nyagblɔɖila bubuwo dzi do mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe ŋugbe na ‘dukɔwo katã.’—Amos 3:2; 9:11, 12; Yesaya 2:2-4.

Yesu, Nufiala Ameŋkumemakpɔla La

10. Aleke Yesu srɔ̃ Fofoa le ameŋkumemakpɔmakpɔ me?

10 Esi Yesu, amesi le abe Fofoa ene tututu, nɔ eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔm la, esrɔ̃ Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ. (Hebritɔwo 1:3) Nusi ŋu wòtsi dzi ɖo vevie ɣemaɣie nye be yeadi “Israel-ƒe me alẽ bubuwo.” Ke hã, mehe ɖe megbe le ɖaseɖiɖi na Samaria-nyɔnu aɖe le vudo aɖe to ŋu o. (Mateo 15:24; Yohanes 4:7-30) Ewɔ nukunu aɖe hã esime asrafomegã aɖe, si anɔ eme be menye Yudatɔe wònye o la, ɖe kuku nɛ. (Luka 7:1-10) Esiawo nye nusiwo wòwɔ tsɔ ɖe lɔlɔ̃ fia tsɔ kpe ɖe esi wòɖe fia Mawu ƒe amewo ŋu. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã ɖe gbeƒã de didiƒe ke. Eme va kɔ be menye du si me tɔ ame nye dzie woato axɔ Yehowa ƒe yayra o, ke boŋ amea ƒe nɔnɔmee. Ðokuibɔbɔla, dzianukwaretɔ siwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum, lae xɔ Fiaɖuƒenyanyuia. Gake dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo ya gbe Yesu kple eƒe gbedasia. Yesu gblɔ be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩwo; ẽ, Fofo, elabena nenemae nyoa ŋuwò.” (Luka 10:21) Ne míewɔ nu kple amewo le lɔlɔ̃ kple xɔse me la, míewɔa nu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, elabena míenya be esiae dzea Yehowa ŋu.

11. Aleke wowɔ nu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe le Kristo-hame gbãtɔa me?

11 Le Kristo-hame gbãtɔa me la, Yudatɔwo kple amesiwo menye Yudatɔwo o la siaa sɔ. Paulo ɖe nu me be: “Ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋutifafa woana amesiame, si le nu nyui wɔm la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã. Elabena ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele Mawu gbɔ o.” * (Romatɔwo 2:10, 11) Menye du si me tɔe wonye ye ɖenɛ fiana be Yehowa ave ame nu o, ke boŋ alesi wowɔa nui esi wose nu tso Yehowa kple mɔnukpɔkpɔ si Via, Yesu, ƒe tafevɔsaa ʋu ɖi ŋu lae. (Yohanes 3:16, 36) Paulo ŋlɔ bena: “Menye amesi ke nye Yudatɔ le gota la, enye Yudatɔ o, eye menye nusi ke le gota le ŋutilã nu, enye aʋatsotso o; hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me la, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o.” Emegbe Paulo zã nya “Yudatɔ” (si gɔmee nye “Si tso Yuda,” si fia amesi wokafuna alo amesi dzea ame ŋu) aɖaŋutɔe hegblɔ kpee be: ‘Amesia ƒe kafukafu metso amewo gbɔ o, ke tso Mawu gbɔ boŋ.’ (Romatɔwo 2:28, 29) Yehowa kafua ame ameŋkumemakpɔmakpɔe. Ðe míawo hã míewɔnɛ nenema?

12. Mɔnukpɔkpɔ kae Nyaɖeɖefia 7:9 na, eye na amekawo?

12 Emegbe, le ŋutega aɖe me la, apostolo Yohanes kpɔ woɖe Kristotɔ wɔnuteƒewo fia be wonye gbɔgbɔmedukɔ si me tɔwo nye ame 144,000, ‘siwo nu wotre le Israel-viwo ƒe toawo katã me.’ Le amesiawo megbe la, Yohanes kpɔ “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.” (Nyaɖeɖefia 7:4, 9) Esia fia be womeɖe gbe aɖe koŋ dolawo ɖa le Kristo-hame si li egbea me o. Mɔnukpɔkpɔ le ameƒomevi ɖesiaɖe si be wòatsi agbe le “xaxa gã” si gbɔna la me ahano “agbetsi dzidziwo” le xexeme yeyea me.—Nyaɖeɖefia 7:14-17.

Viɖe Siwo Tsoa Eme

13-15. (a) Aleke míate ŋu aɖu ameƒomevi kple dekɔnuwo ƒe vovototo dzi? (b) Gblɔ vi siwo xɔlɔ̃wɔwɔ ate ŋu aɖe la ƒe kpɔɖeŋuwo.

13 Yehowa nya mí nyuie, abe alesi fofo nyui nyaa viawoe ene. Nenema kee ne míeto ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe dekɔnuwo kple amesiwo ƒomevi wonye me va dze sii wo nyuie la, vovototo megava nyea nu vevitɔ o. Du bubu me tɔ nyenye ƒe vovototowo buna, eye xɔlɔ̃wɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nɔa anyi me sẽna ɖe edzi. Edoa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ. (Korintotɔwo I, 9:19-23) Esia dzena nyuie le dutanyanyuigblɔla siwo xɔa dutadɔdasiwo ƒe dɔwɔnawo me. Wotsɔa ɖe le amesiwo le afima me vevie, eye esia wɔnɛ be dutanyanyuigblɔlawo va kpɔnɛ be yewowɔa nu kple hame siwo le afima aduadu.—Filipitɔwo 2:4.

14 Ameŋkumemakpɔmakpɔ me viɖewo dze wokpɔ le dukɔ geɖe me. Aklilu, si tso Ethiopia, va kpɔ be yetsi akogo le Britain ƒe fiadu, London, me. Nusi na eƒe akogotsitsia nu gasẽ ɖe edzi enye alesi wòwɔna nɛ be amewo metena ɖe amesiwo tso dukɔ bubu me ŋu o, si nye nɔnɔme si bɔ ɖe egbegbe Europa dugã geɖe me. Ke hã, nu bubu ka teƒee nye si Aklilu kpɔ esime wòde Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me! Vavalawo do dzaa nɛ vividoɖeameŋutɔe, eye eteƒe medidi hafi wòɖe dzi ɖi o. Ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Wɔla la ŋu tutuɖo me. Eteƒe medidi o, edi mɔ siwo dzi wòato akpɔ gome le Fiaɖuƒenyanyuia kaka na ame bubu siwo le nuto ma me la me. Le nyateƒe me la, esi amesi nɔ zɔzɔm kple Aklilu le gbeadzi gbeɖeka bia gbee ku ɖe taɖodzinu siwo le esi azɔ le agbe me ŋu la, Aklilu ɖo eŋu enumake be yele mɔ kpɔm be yeava nɔ hame aɖe si doa yewo degbe, si nye Amharic me gbaɖegbe. Esi Eŋlisigbe hame si le afima ƒe hamemegãwo se nya sia la, wotsɔ dzidzɔ wɔ ɖoɖo be woaƒo Biblia me dutoƒonuƒo aɖe le gbe si Aklilu dona me. Amewo kpekpe wɔe be amedzrowo kple nutoa me tɔ gbogbo aɖewo va ƒo ƒu be yewoase dutoƒonuƒo gbãtɔ si woaƒo le Amharic gbe me le Britain. Egbea, Ethiopiatɔwo kple nutoa me tɔ bubuwo wɔ ɖeka le hame kpɔdzidzedze aɖe me. Afimatɔ geɖe va kpɔe be naneke mexe mɔ na yewo ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa kple Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ tsɔtsɔ ɖo kpe edzi o.—Dɔwɔwɔwo 8:26-36.

15 Nɔnɔmewo kple afisiwo míetso le vovovo. Womenye nusi dzi woanɔ te ɖo agblɔ be ame aɖe xɔ asi wu nɔvia o; vovototowo koe wonye. Esi Ðasefo siwo nɔ Malta ƒukpo dzi nɔ Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe yeyewo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe kpɔm nɔ dzidzɔ kpɔm la, amedzro siwo tso Britain hã nɔ dzidzɔvi fam. Maltatɔwo kple Britaintɔwo siaa ɖe woƒe seselelãmewo fia gake le mɔ vovovowo nu, eye lɔlɔ̃ sẽŋu si le wo si na Yehowa wɔe be Kristotɔwo ƒe hadede me sẽ ɖe edzi.—Psalmo 133:1; Kolosetɔwo 3:14.

Nazãbubu Dzi Ðuɖu

16-18. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe alesi woate ŋu aɖu nazãbubu dzi le Kristo-hamea me fia.

16 Ne míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa kple na mía nɔvi Kristotɔwo le dzidzim ɖe edzi la, míate ŋu asrɔ̃ Yehowa wu le alesi míebua ame bubuwoe me. Míate ŋu aɖu nazã ɖesiaɖe si míebuna tsã ɖe dukɔ, ameƒomevi, alo dekɔnu aɖe me tɔwo ŋu dzi. Le kpɔɖeŋu me, bu Albert, si nɔ Britain ƒe Asrafoha me le Xexemeʋa II me, amesi Japantɔwo lé esime woɖu Singapore dzi, le ƒe 1942 me, ŋu kpɔ. Emegbe ezã ƒe etɔ̃ tsɔ wɔ dɔ le “kuketekemɔ” la ŋu, le afisi wova yɔ emegbe be Kwai-tɔdzisasrã la gbɔ. Esi woɖe asi le eŋu le aʋaa megbe la, eƒe kpekpeme katã nɔ kilogram 32, eƒe glãƒu ŋe eye eƒe ŋɔti xɔ abi, eye mitsinyenyedɔ, zɔlĩ, kple asrã nɔ fu ɖem nɛ. Ehati gamenɔla akpe geɖe tɔ gasesẽ wu; wo dometɔ geɖe metsi agbe o. Le fuwɔame siwo katã teƒe Albert kpɔ kple esiwo me wòto ta la, egbɔ va aƒe kple vevesese le ƒe 1945 me, eye medi be yease nya aɖeke kura tso Mawu alo mawusubɔsubɔ ŋu o.

17 Albert srɔ̃, Irene, va zu Yehowa Ðasefo. Albert de Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le wo gbɔ la ƒe kpekpe ʋɛ aɖewo ko be yeatsɔ ado dzidzɔ na ye srɔ̃e. Ðekakpui Kristotɔ aɖe si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm si ŋkɔe nye Paul yi Albert gbɔ be yeaɖasrɔ̃ Biblia kplii. Eteƒe medidi o Albert va kpɔe dze sii be Yehowa bua amesiame le alesi eƒe dzi ƒe nɔnɔme le nu. Etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa eye wòxɔ nyɔnyrɔ.

18 Emegbe Paul ʋu yi London eye wòsrɔ̃ Japangbe, heva wɔ ɖeka kple Japangbedolawo ƒe hamea. Esi wòdo susua ɖa be yeakplɔ Ðasefo Japantɔ aɖewo siwo va srã hamea kpɔ ne yewoaɖakpɔ yeƒe hame xoxoa ɖa la, nɔvi siwo le hamea me ɖo ŋku nazãbubu sẽŋu si nɔ Albert me ɖe Japantɔwo ŋu la dzi. Tso esime Albert gbɔ va Britain la, megadina be yeakpɔ Japantɔ aɖeke kple ŋku o, eyata nɔviawo tsi dzi ɖe alesi wòle nu wɔgee ɖe amedzroawo ŋu la ŋu. Mehiã be woatsi dzi o—Albert xɔ amedzroawo kple nɔvilɔlɔ̃ si me ɖeklemiɖeɖe aɖeke mele o.—Petro I, 3:8, 9.

‘Keke Ðokuiwò’

19. Apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne ameŋkumekpɔkpɔ ƒomevi aɖe le mía me?

19 Nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena, ‘ameŋkumekpɔkpɔ menyo o.’ (Lododowo 28:21) Ele bɔbɔe be míate ɖe amesiwo míenya nyuie ŋu wu. Gake ɣeaɖewoɣi la, míetsɔa ɖe le eme na amesiwo míedze si tututu o la boo o. Ameŋkumekpɔkpɔ sia medze Yehowa subɔla o. Anyo be mí katã míadze agbagba awɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si me kɔ la dzi be ‘míakeke mía ɖokui’—ẽ, keke ɖokuiwò me le lɔlɔ̃ si le mía si na Kristotɔ siwo tso teƒe vovovowo me.—Korintotɔwo II, 6:13.

20. Agbenɔnɔ ƒe akpa kawo mee wòle be míasrɔ̃ Yehowa, mía Mawu si mekpɔa ame ŋkume o la le?

20 Míeɖanye amesiwo si dziƒoyiyi ƒe mɔnukpɔkpɔ su loo alo amesiwo si agbenɔnɔ le anyigba dzi tegbee ƒe mɔkpɔkpɔ le o, míaƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ wɔnɛ be míesea vivi le alẽha ɖeka si kplɔla ɖeka li na la me. (Efesotɔwo 4:4, 5, 16) Agbagbadzedze be míasrɔ̃ Yehowa, mía Mawu si mekpɔa ame ŋkume o la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, le míaƒe ƒomea me, kple le hamea me, ne míagblɔe tututu la, le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. Le mɔ ka nu? Nyati si kplɔe ɖo aɖe esia me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Yehowa ƒe gãnyenye va zu nyati si wotsɔ kpa ha kɔkɔewoe emegbe.—Psalmo 135:8-11; 136:11-20.

^ mm. 11 Le afisia la, nyagbɔgblɔ si nye “Helatɔwo” fia Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo katã.—Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, Babla 1, axa 1004.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Aleke Yehowa ɖe ameŋkumemakpɔmakpɔ fia Raxab kple Gibeontɔwoe?

Aleke Yesu ɖe ameŋkumemakpɔmakpɔ fiae le eƒe nufiafia me?

Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu dekɔnuwo kple ameƒomevinyenye ƒe nazãbubuwo dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Israel ƒe Kanaantɔwo dzi ɖuɖu dze egɔme

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yesu mehe ɖe megbe le ɖaseɖiɖi na Samaria nyɔnu aɖe ŋu o

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Amharic gbe me dutoƒo kpekpe aɖe si wowɔ le Britain

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Lɔlɔ̃ si le Albert si na Yehowa kpe ɖe eŋu wòɖu nazãbubu dzi